Miɖe Ðetsɔleme Kple Lɔlɔ̃ Fia “Tsyɔ̃eviwo”
1 Yehowae nye “tsyɔ̃eviwo fofo.” (Ps. 68:6) Alesi wòtsɔ ɖe le woƒe nyonyo me dze le se si wòde na blema Israel-dukɔa me be: “Migate ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe anyi o. Ne ète wo ɖe anyi, eye wodo ɣli yɔm la, ekema maɖo to woƒe ɣlidodo la.” (Mose II, 22:21, 22) Ðoɖo nɔ Mawu ƒe Sea me hã be woakpe ɖe ame mawo tɔgbe ŋu le woƒe ŋutilã me nuhiahiãwo me. (Mose V, 24:19-21) Le Kristotɔwo ƒe ɖoɖoa me la, woxlɔ̃ nu tadeagula vavãwo be “woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me.” (Yak. 1:27) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe ɖetsɔleme kple lɔlɔ̃ na amesiwo le dzilaɖekɛƒomewo me alo ƒome siwo me ma le subɔsubɔnyawo gomee?
2 Gbɔgbɔ me Hehenana: Ne dzilaɖekɛe nènye alo srɔ̃wò nye dzimaxɔsetɔ la, aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kple viwòwo edziedzi ate ŋu anye nu sesẽ. Gake be woatsi azu ame ɖɔʋuwo la, ebia be woanɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ si tsea ku wɔm kpli wo edziedzi. (Lod. 22:6) Dzeɖoɖo kpli wo gbesiagbe tso gbɔgbɔmenuwo ŋu hã le vevie. (Mose V, 6:6-9) Dzi ate ŋu aɖe le ƒowò ɣeaɖewoɣi, gake mègana ta o. Te ɖe Yehowa ŋu hena ŋusẽ kple mɔfiafia xɔxɔ esi nèyi edzi ‘le viwòwo nyim le Yehowa ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ me.’—Ef. 6:4.
3 Ne èhiã kpekpeɖeŋu aɖe le wò Ŋɔŋlɔawo me gbanɔamedziwo tsɔtsɔ me la, ke na hamemegãwo nanya wò hiahiãwo. Woate ŋu ana aɖaŋuɖoɖo siwo tututu nèhiã la wò alo woakpe ɖe ŋuwò be nàtu gbɔgbɔ me ɖoɖo nyui si dzi wò ƒomea azɔ ɖo gbesiagbe la ɖo.
4 Alesi Ame Bubuwo Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu: Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Timoteo va zu Yehowa subɔla si doa vevie nu togbɔ be enɔ aƒe si me ma le mawusubɔsubɔ gome hã. Ðikeke mele eme o be agbagba vevi si dadaa kple mamaa dze le ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo fiafiae me la wɔ akpa vevi aɖe le esia me. (Dɔw. 16:1, 2; Tim. II, 1:5; 3:15) Gake ekpɔ viɖe hã tso hadede kple Kristotɔ bubuwo me, siwo dometɔ ɖekae nye apostolo Paulo, amesi gblɔ tso eŋu be enye ‘vi lɔlɔ̃tɔ kple nuteƒewɔla’ na ye.—Kor. I, 4:17.
5 Nenema ke egbea hã aleke gbegbe wòɖea vii ne nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo tsi le gbɔgbɔ me tsɔ ɖe le eme lɔlɔ̃tɔe na tsyɔ̃eviwo le hamea me enye esi! Ðe nènya wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe ŋkɔa? Ðe nèɖoa dze kpli wo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me kple le ɣeyiɣi bubuwo mea? Kpe wo be woayi gbeadzi kpli wò. Ðewohĩ àte ŋu ana woa kple wo dzila ɖekɛ alo dzila si nye haxɔsetɔ nakpɔ gome le wò ƒome nusɔsrɔ̃ alo modzakaɖeɖe tuameɖo me. Ne ɖevi siawo bu wò be ènye yewo xɔlɔ̃ la, anɔ bɔbɔe na wo wu be woasrɔ̃ wò kpɔɖeŋu eye woaxɔ wò dzideƒonamenyawo ade dɔwɔna me.—Fil. 2:4.
6 Yehowa tsɔa ɖe le eme na tsyɔ̃eviwo vevie, eye ele yayram ɖe agbagba siwo dzem míele lɔlɔ̃tɔe be míakpe ɖe wo ŋu be woawɔ nyateƒea wo tɔe la dzi. Ame geɖe siwo tsi le dzilaɖekɛƒomewo me alo le aƒe siwo me ma le subɔsubɔnyawo gome xɔ dzideƒonamenya mawo, eye wozu mɔɖelawo, subɔsubɔdɔwɔlawo, hamemegãwo, dzikpɔla mɔzɔlawo, dutanyanyuigblɔlawo, alo Betel-ƒomea me tɔwo fifia. Neva eme be mí katã míadi mɔ siwo nu “miakeke mia ɖokui” ɖe enu le le míaƒe lɔlɔ̃ ɖeɖefia tsyɔ̃eviwo me, le mía Fofo si le dziƒo sɔsrɔ̃ me.—Kor. II, 6:11-13.