INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w94 3/1 axa 3-4
  • Hoʋiʋlie Nana Wokpɔa Dzidzedzea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Hoʋiʋlie Nana Wokpɔa Dzidzedzea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Hoʋiʋli Ðea Vi Vavãa?
  • Dziɖeɖi Le Xexe Si Me Hoʋiʋli Le Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Mèganɔ Ho Ʋlim Kple Nɔviwòwo O, Ke Boŋ Ti Ŋutifafa Yome
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Woɖe Wo, Menye To Dɔwɔwɔ Ko Dzi o, Ke To Amenuveve Hã Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Ðe Nètsɔa Ðokuiwò Sɔna Kple Ame Bubuwoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
w94 3/1 axa 3-4

Hoʋiʋlie Nana Wokpɔa Dzidzedzea?

“DZIÐUÐU enye nu vevitɔ kekeake, nu bubu aɖeke megade enu o.” Egbea ame geɖe nɔa agbe ɖe nya ma si wogblɔ be Amerikatɔwo ƒe bɔlƒoƒofiala, Vince Lombardi gblɔ la nu. Fifia, dukɔ siwo dzi Kɔmiunistɔwo ɖu tsã la va kpe ɖe dukɔ bubuwo ŋu wole ekafum be hoʋiʋli nyo. Wogblɔ be nusi ana yewoazu kesinɔtɔe nye be yewoaʋli ho le yewoƒe asitsatsawo me. Le Ɣedzeƒedukɔwo me la, dzila geɖewo dea hoʋiʋli wo viwo kple ame bubuwo dome eye woɖoa wo ɖe ame ŋutɔ ƒe suku siwo tsɔa ɣeyiɣi kpui aɖe fiaa nu geɖe kple ayemɔ siwo dzi woato akpɔ dzidzedze le suku kɔkɔ yiyi ƒe dodokpɔwo me la wo. Dzila siwo tsi dzi ɖe nya sia ŋu vevie la ka ɖe edzi be mɔ kpɔkpɔ ayi suku xɔŋkɔwoe ana nu nadze edzi na yewo viwo le etsɔ me.

Ame geɖewo xɔe se vevie be, hoʋiʋlie nana wokpɔa dzidzedze. Woƒe dzixɔsee nye be, hoʋiʋli kple ame nɔewo mee amegbetɔwo ato awɔ ŋgɔyiyi. Esi Ganyawo ƒe Ðekawɔhabɔbɔ si le Japan bia nya dɔwɔha gãwo ƒe akametiwo la, wo dometɔ 65.9 le alafa me ɖo eŋu be: “Dɔwɔha siwo le Japan ƒe hoʋiʋli be woayi ŋgɔe na be wogakpɔtɔ le te hele ta kekem.” Eye edze abe dɔwɔha siwo le Japan le dzidzedze kpɔm ɣeyiɣi didi aɖewoe nye sia ene. Gake, le nyateƒe me la, hoʋiʋlie nana wokpɔa dzidzedzea?

Ðe Hoʋiʋli Ðea Vi Vavãa?

Amesiwo ʋlia ho kple ame bubuwo ɖea ɖokuitɔdidi, si nye tɔnye-ko-nenyo ƒe nɔnɔme fiana. Edzɔa dzi na wo ne nu medze edzi na ame bubuwo o, eye wosusuna be ana yewoato wo ŋu. Le woa ŋutɔwo ƒe ɖokuitɔdidi ta la, woate ŋu ato ayemɔ siwo agblẽ nu le ame bubuwo ŋu la dzi. Nukae dzidzedzekpɔkpɔ didi to hoʋiʋli me ate ŋu ahe vɛ? Yasuo, amesi nyrɔ̃ eɖokui ɖe ame ŋkuta zuzu ƒe hoʋiʋli me, ɖo ŋku eƒe tsãgbenɔnɔ dzi hegblɔ be: “Esi hoʋiʋligbɔgbɔ kple ŋgɔyiyi didi ƒe susu yɔ menye fũ ta la, metsɔ ɖokuinye sɔ kple ame bubuwo hekpɔe be mele ŋgɔ na wo. Ne ame mawo xɔ ɖoƒe si kɔkɔ wu tɔnye la, vɔvɔ̃ ɖoam eye metoa nyatoƒoe gbesiagbe le dɔwɔƒea ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dɔwɔlawo ƒe kuxiwo gbɔ la ŋu. Le nyateƒe me, ne woagblɔe tututu la, xɔlɔ̃ aɖeke menɔ asinye o.”

Hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ hea ku kpata hã vanɛ. Alekee? Japantɔwo ƒe Mainichi Daily News gblɔ be karoshi, alo ku si wua ame le dɔwɔwɔ wòagbɔ eme akpa ta ate ŋu atso alesi wonɔa agbee gbɔ. Agbenɔnɔ si ƒomevi ŋu nya gblɔm wòlee nye dzitsitsi akpa be woazã ame ƒe ɣeyiɣiwo katã atsɔ awɔ dɔe, aʋli ho, kple alé fu. Amerikatɔ siwo nye dziŋutinunyalawo, Friedman kple Rosenman gblɔ be nɔnɔme sia naa ʋuka me xena eye wòhea dzidɔ vɛ. Vavãe, hoʋiʋligbɔgbɔ ate ŋu awu ame.

Hoʋiʋli le dɔwɔƒe ate ŋu ahe ŋutilã kple susu me ƒe dɔléle bubuwo hã vɛ. Kpɔɖeŋu ɖekae nye Keinosuke, amesi nye nudzralawo ƒe tatɔ le Japan-ʋusitsahabɔbɔ gã aɖe me. Edzra ʋu 1,250, si nye agbɔsɔsɔ si ame aɖeke mete ŋu dzra kpɔ o. Woɖe fotoe de ahuhɔ̃e me tsɔ ku dzi ɖe dɔtɔwo ƒe takpexɔ me le woƒe dɔwɔƒea ƒe ta. Togbɔ be medina gbeɖe be yeazã yeƒe dɔwɔhatiwo atsɔ akpɔ ŋgɔyiyii o hã la, dɔwɔƒea ƒoe ɖe enu be wòaʋli ho. Esia wɔe be le ƒe ɖeka me la, eƒe dɔme kple dɔkaviwo va wɔ abi. Le ƒe ma ke me la, eƒe dɔwɔƒea ƒe akameti 15 dze dɔ vevie woxɔ ɖe kɔdzi, eye ɖeka wu eɖokui.

Ne míeva aƒeme la, kutrikuku be woakpɔ kesinɔnu geɖe abe ame bubuwo ene ʋãa amewo be woatsɔ woƒe nunɔamesiwo aƒo adegbee le hoʋiʋli atraɖii me. (Yohanes I, 2:16) Asitsahabɔbɔwo koe esia ɖea vi na, esi nye ga wɔwɔ na anyigbadzisitsalawo.—Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 18:11.

Togbɔ be ɖikeke kple hoʋiʋligbɔgbɔ ate ŋu ana woawɔ dɔ nyuie hã la, mewɔ nuku o be Fia Salomo gblɔ be: “Mekpɔ agbagbadzedzewo katã kple aɖaŋudzedzewo katã ɖe dɔwɔwɔ ŋu be, ŋuʋaʋã wonye ɖe amehavi ŋu. Esia hã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wònye.” (Nyagblɔla 4:4) Ke aleke míawɔ aɖe dzi ɖi togbɔ be hoʋiʋli ƒe xexemee míele hã? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, mina míakpɔ afisi hoʋiʋli dze egɔme tsoe ɖa.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe