INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w94 3/1 axa 4-7
  • Dziɖeɖi Le Xexe Si Me Hoʋiʋli Le Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dziɖeɖi Le Xexe Si Me Hoʋiʋli Le Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Afisi Hoʋiʋligbɔgbɔ Dzɔ Tso
  • Dzidzedzekpɔkpɔ Hoʋiʋli Manɔmee
  • Alesi Míawɔ Anɔ Dziɖeɖi Me Ðaa
  • Hoʋiʋlie Nana Wokpɔa Dzidzedzea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Woɖe Wo, Menye To Dɔwɔwɔ Ko Dzi o, Ke To Amenuveve Hã Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Àyi Edzi ‘Anɔ Zɔzɔm Le Gbɔgbɔ Mea’?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Mèganɔ Ho Ʋlim Kple Nɔviwòwo O, Ke Boŋ Ti Ŋutifafa Yome
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
w94 3/1 axa 4-7

Dziɖeɖi Le Xexe Si Me Hoʋiʋli Le Me

YESU ɖo aɖaŋu na eƒe apostolowo be: “Ne ame aɖe di bena, yeanye gbãtɔ la, nenye wo katã ƒe mlɔetɔ kple wo katã ƒe subɔla.” Apostoloawo nɔ nya hem le amesi nye gãtɔ le wo dome la ŋu. Wonya be Yesu lé fu gbɔgbɔ ma ƒomevi. Mede hoʋiʋli eƒe apostolowo dome kpɔ be wòatsɔ ana woayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me o.—Marko 9:33-37.

Do ŋgɔ na Yesu ƒe anyigba dzi vava la, enɔ eme hafi wowɔ amegbetɔ gbãtɔ eveawo eye wònya woƒe wɔwɔme. (Kolosetɔwo 1:15, 16) Wowɔ ame gbãtɔ eveawo hetsɔ ŋutete na wo be woayi ŋgɔ si mahiã be woaʋli ho ŋutasesẽtɔe kple wo nɔewo hafi o. Mehiã be amegbetɔwo nawɔ avu kple wo nɔewo be woakpɔ amesi anye wo nunɔla o, nenema ke womeʋli ho kple lãwo kpɔ be amekae atsi agbe hã o.—Mose I, 1:26; 2:20-24; Korintotɔwo I, 11:3.

Afisi Hoʋiʋligbɔgbɔ Dzɔ Tso

Ekema aleke ŋutasesẽ ƒe hoʋiʋligbɔgbɔ wɔ va xɔ aƒe alea gbegbe ɖe amegbetɔwo dome? Amewunya gbãtɔ si dzɔ le amegbetɔ ƒe ŋutinya me la akpe ɖe mía ŋu míanya. Hoʋiʋligbɔgbɔ aɖe si ɖo Kain si nye srɔ̃tɔ gbãtɔwo ƒe ŋgɔgbevi mee he afɔkua vɛ. Kain wu nɔvia Habel elabena Habel ƒe vɔsa dze Mawu ŋu, ke Kain tɔ medze eŋu o. Eye Biblia gblɔ be Kain “tso vɔ̃ɖitɔ la me, eye wòwu nɔvia.”—Yohanes I, 3:12; Mose I, 4:4-8.

Vavãe, Satana Abosam si nye vɔ̃ɖitɔ lae to hoʋiʋligbɔgbɔ vɛ eye wòdonɛ ɖe ŋgɔ. Togbɔ be enye mawudɔla si si mɔnukpɔkpɔ geɖe le hã la, meɖi ƒo nɛ o. (Tsɔe sɔ kple Xezekiel 28:14, 15.) Eɖe ha eya ŋutɔ ƒe nudzodzrowo, esi wòble Xawa. Egblɔ be ne eɖu ati si ŋu wode se ɖo la, anɔ “abe Mawu ene” godoo. (Mose I, 3:4, 5) Le nyateƒe me la, Satana ŋutɔe di be yeanɔ abe Mawu ene, eye wòʋli ho kple Yehowa. Aglãdzedze ɖe Mawu ŋu ƒe gbɔgbɔe ʋãe be wòdze aglã.—Yakobo 1:14, 15.

Gbɔgbɔ sia te ŋu gena ɖe ame me bɔbɔe. Satana to eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi dzi gblẽ tomefafa si Mawu na wònɔ ƒomeɖoɖo gbãtɔ me la me. (Mose I, 3:6, 16) Tso esime Satana Abosam dze aglã ɖe Mawu ŋu ko la, eɖu ameƒomea dzi hede hoʋiʋligbɔgbɔ wo me, eye wòle ŋutsu kple nyɔnuwo gɔ̃ hã blem be woaxɔe se be hoʋiʋli ŋutasesẽtɔe nana wokpɔa dzidzedze. Gake Biblia gblɔ be: “Afisi ŋuʋaʋã kple dzrehehe le la, afima nu manyomanyo kple vɔ̃ɖi wɔwɔ sɔŋ nɔna.” (Yakobo 3:14-16) Satana to mɔ sia dzi gblẽ amegbetɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple dziɖeɖi me.

Dzidzedzekpɔkpɔ Hoʋiʋli Manɔmee

To vovo na Satana ƒe amenubeblea la, Biblia gblɔ amesiwo kpɔ dzidzedze togbɔ be womeʋli ho o ƒe kpɔɖeŋu. Esi ɖe dzesi wue nye Yesu tɔ. Togbɔ be Mawu ƒe nɔnɔmee wònɔ hã la, mebui kpɔ be yesɔ kple Mawu o ke boŋ ewɔ eɖokui abe dɔla ene heva anyigba dzi. Menye ema ɖeɖeko o, ke ebɔbɔ eɖokui eye wòɖo to ʋuu vaseɖe esime wòku le fuwɔameti ŋuti. Toɖoɖo ƒe nɔnɔme sia si me hoʋiʋli aɖeke menɔ o lae na be eƒe nu dze Mawu ŋu. “Esia ke ŋuti hã Mawu do eyama ɖe dzi kakaka, eye wòtsɔ ŋkɔ, si ƒo ŋkɔ sia ŋkɔ ta la kee.” (Filipitɔwo 2:5-9) Dzidzedzekpɔkpɔ kae galolo wu esia si nuwɔwɔ aɖe ate ŋu akpɔ? Edo dzidzɔ aɖe si tɔgbe nuwɔwɔ aɖeke mate ŋu ado na Fofoa o la nɛ, eye wòwɔ esia ɖikeke alo hoʋiʋligbɔgbɔ aɖeke manɔmee.—Lododowo 27:11.

Mawudɔla ɖianukware gbogbo siwo le dziƒo la ɖea nɔnɔme sia ke fiana. Togbɔ be woɖiɖi Yesu si nye mawudɔlawo ƒe tatɔ ɖe anyi vie wu wo esi wòva anyigba dzi hã la, wolɔ̃ faa wɔ eƒe didiwo dzi nɛ. Edze ƒã be menɔ susu me na wo be, yewoawɔ mɔnukpɔkpɔ ma ŋudɔ atsɔ axɔ eƒe ɖoƒe si nye Mawudɔla Gãtɔ la le esi o.—Mateo 4:11; Tesalonikatɔwo I, 4:16; Hebritɔwo 2:7.

Alesi wolé fu hoʋiʋli ƒe nɔnɔme kaɖikaɖii la gadze ƒã wu ne míede ŋugble le alesi wolɔ̃ ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo be yeado amegbetɔ madeblibo aɖewo ɖe dzi ne makumakunyenye ƒe agbenɔnɔ le gbɔgbɔ me nasu wo si, eye le nɔnɔme ma me la, woadrɔ̃ ʋɔnu “mawudɔlawo” la dzi ŋu. (Korintotɔwo I, 6:3) Yehowa subɔsubɔ ŋuti nuteƒekpɔkpɔ xɔasi le mawudɔlawo si eye nunyuiwɔwɔ ƒe ŋutete hã le wo ŋu sã wu amegbetɔ madeblibowo. Gake, mawudɔlawo gasubɔa amesiamina siwo le anyigba dzi la kokoko, eye womeʋã ŋu nusi amesiawo axɔ o. (Hebritɔwo 1:14) Woƒe homaʋlimaʋli ƒe nɔnɔme nyui sia wɔe be wogale subɔsubɔm ko le Yehowa Aƒetɔ Fiagã la ƒe fiazikpui ŋgɔ.

Azɔ gade ŋugble le Mawu subɔla ɖianukware siwo nɔ anyi le blema siwo woafɔ ɖe tsi tre va anyigba dzi la hã ŋu kpɔ. Abraham nye xɔse ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi eye woyɔe be “amesiwo katã xɔna sena [la Fofo.]” (Romatɔwo 4:9, 11) Hiob ɖo dzidodo ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. (Yakobo 5:11) Mose si “fa wu amesiwo katã le anyigba dzi” la kplɔ Israel-dukɔa yi ablɔɖe mee. (Mose IV, 12:3) Amegbetɔ madeblibo kawoe ɖo xɔse, dzidodo, kple tufafa ƒe kpɔɖeŋu si nyo wu ŋutsu siawo tɔ? Gake Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuƒe si nye anyigba la domee woanyi. (Mateo 25:34; Hebritɔwo 11:13-16) Woabu wo kple Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela siaa be wole sue wu “amesi nye suetɔ le dziƒofiaɖuƒe la me.” (Mateo 11:11) Ðe wòayi woƒe tame va ge gɔ̃ hã be woato nyatoƒoe, anɔ tɔ tem ɖe edzi be xɔse, dzidodo, alo tufafa si le yewo si la sɔ kple amesiwo wona dziƒogbenɔnɔe la tɔ alo be ede ŋgɔ wu wo tɔ le go aɖewo mea? Kakaɖedzi li be womasusui o! Woanye Mawu ƒe Fiaɖuƒea tevi kpɔdzidzɔ siwo anɔ anyigba dzi.

Egbea kura hã la, evivina be woanɔ anyi kple amesiwo me hoʋiʋli ƒe nɔnɔme mele o. Yasuo si míeyɔ le nyati si do ŋgɔ me la va nyi fe gbogbo aɖe esi wòtsɔ ga de sikasitsatsa me kple susu be eƒe asi ava yi dzi eye wòbu eƒe nunɔamesiwo katã. “Exɔlɔ̃wo” gblẽe ɖi. Esi wònye srɔ̃a dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo ta la, le vevesese ɖe fukpekpe si wòhe va ƒomea dzi ta la, Yasuo yi woƒe kpekpewo. Mlɔeba la, eɖe asi le hoʋiʋlinuwɔnawo ŋu eye wòva zu Yehowa Ðasefo. Fifia edzɔa dzi nɛ be xɔlɔ̃ Kristotɔ siwo lɔ̃ fã be woakpe ɖe ye ŋu le xaxaɣiwo la domee yele.

Alesi Míawɔ Anɔ Dziɖeɖi Me Ðaa

Mele bɔbɔe be woaɖe dzi ɖi ɣesiaɣi le xexe makpɔnublanui si me woʋlia ho le me o. Nunya anɔ eme na mí ne míede dzesii be Biblia bu fɔ “kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, mamãwo, kɔmamãwo, dɔmevevi” be wonye ‘ŋutilã ƒe dɔwɔwɔ’ siwo xea mɔ na amewo be woaganyi Mawu Fiaɖuƒea dome o. Nɔnɔme siawo katã zɔna aduadu kple hoʋiʋligbɔgbɔ. Mewɔ nuku o be apostolo Paulo de dzi ƒo na Galatia-nɔviwo be: “Migana míaƒe ŋku nabiã le bubu dzodzro ŋuti o, ne [míagade hoʋiʋli mía nɔewo dome], eye míaƒe nu nagave dɔme na mía nɔewo o.”—Galatiatɔwo 5:19-21, 26.

Le nya siawo me la, Paulo ƒe lɛta akpe ɖe mía ŋu be míatsri ɖokuitɔdidi ƒe hoʋiʋli. Egblɔ be: “Gbɔgbɔ ƒe kutsetse enye: Lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu; nenem nusiawo la se la metsi tre ɖe wo ŋu o.” (Galatiatɔwo 5:22, 23) Gbɔgbɔ ƒe kutsetsea kpena ɖe mía ŋu be míaɖe hoʋiʋli ƒe susuwo ɖa le míaƒe tame. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nɔnɔme si nye lɔlɔ̃ ŋuti kpɔ. Paulo ɖe eme be: “Lɔlɔ̃ meʋãa ŋu o, lɔlɔ̃ la meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzo o, mewɔa nusi medze o, media ye ŋutɔ tɔ o, mebia dzi o.” (Korintotɔwo I, 13:4-7) Ne míesrɔ̃ amelɔlɔ̃ la, míate ŋu aɖe ŋuʋaʋã si ʋãa ame be woaʋli ho la ɖa. Gbɔgbɔ ƒe kutsetse bubuawo hã akpe ɖe mía ŋu be míaklɔ ŋutasesẽ ƒe hoʋiʋligbɔgbɔ ƒe dzesi aɖe si aganɔ míaƒe dzi kple susuwo me la ɖa. To ɖokuidziɖuɖu me la, míate ŋu azi hoʋiʋli kple amewo be míaɖu dzi godo ƒe didi si anyɔ ɖe mía me la dzi!—Lododowo 17:27.

Gake hafi míate ŋu atse ku siawo la, ele be míaɖe mɔ na Mawu ƒe gbɔgbɔ be wòawɔ dɔ ɖe mía dzi. Míate ŋu ana gbɔgbɔ kɔkɔea nawɔ dɔ nyui sia ɖe mía dzi to veviedodo le gbedodoɖa me kple Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea biabia be wòado alɔ mí me. (Luka 11:13) Nukae Mawu atsɔ aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu na mí? Biblia la ɖo eŋu be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya míaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.”—Filipitɔwo 4:6, 7.

Esia nye nyateƒe le Yesu ƒe apostoloawo gome. Hafi Yesu naɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu anyi le zã mamletɔ si wònɔ anyi kple wo me gɔ̃ hã la, woganɔ nya ʋlim le amesi nye gãtɔ le wo dome ŋu. (Luka 22:24-27) Yesu dze agbagba le ɣeyiɣi vovovo me va yi be yeaɖɔ woƒe tamesusu ɖo, gake hoʋiʋli ƒe nɔnɔme sia xɔ aƒe ɖe wo me vevie. (Marko 9:34-37; 10:35-45; Yohanes 13:12-17) Gake esi wonya xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea le ŋkeke 50 le dzrehehe ma vɔ megbe ko la, woƒe nɔnɔme trɔ. Womeʋli nya le amesi anɔ wo teƒe aƒo nu na ameha siwo va kpe ta eye wodi be yewoanya nusi nɔ dzɔdzɔm la le Pentekoste-ŋkeke ma dzi o.—Dɔwɔwɔwo 2:14-21.

Amegbetɔ aɖeke mekpɔ mɔ aɖo tɔ ɖe Kristo-hamea nu o. Esi wòva hiã be woakpɔ aʋatsotso ƒe nya aɖe gbɔ la, Yakobo si mezu nusrɔ̃la gɔ̃ hã le Yesu ƒe kuɣi o lae nɔ zi me na kpekpe vevi ma. Naneke mefia be wohe nya le amesi axɔ ŋgɔ le kpekpe ma si Kristo-hamea ƒe dziɖuha wɔ la ŋu o. Esia to vovo ale gbegbe tso ɣeyiɣi si me hoʋiʋligbɔgbɔ gblẽ apostoloawo dome la gbɔ! Gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe wo ŋu be woɖo ŋku Yesu ƒe nufiafiawo dzi eye wova nɔ eƒe nyawo gɔme sem.—Yohanes 14:26.

Ate ŋu ava eme nenema ke na míawo hã. Gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖu nɔnɔme aɖe si anɔ eƒom ɖe mía nu be míaʋli ho kple ame bubuwo, eye míadi woƒe anyidzedze be míato ema me ayi ŋgɔ la dzi. Ke boŋ, ŋutifafa si ƒo gɔmesesewo katã ta la asu mía si. Biblia ka ɖe edzi na mí be eteƒe madidi o woade Satana Abosam si gbɔ ŋutasesẽ ƒe hoʋiʋli tso la aʋli me ahaxɔ ŋusẽ le esi. (Nyaɖeɖefia 20:1-3) Aƒelikawo dome hoʋiʋli maganɔ anyi o. Ðe esia ana wòanye xexe si me womawɔ ŋgɔyiyi le oa? Kura o! Amegbetɔwo ayi ŋgɔ aɖo blibodede gbɔ, menye to wo nɔewo dome hoʋiʋli aɖeke dzi o, ke boŋ to Yesu ƒe tafevɔsa si woazã hena woƒe viɖe la dzi.—Yohanes 2:1, 2.

Nu va te Keinosuke si míeyɔ va yi, amesi kpɔ xexeame nudzedziname ƒe kafukafu va yi to ʋu agbɔsɔsɔ gbogbotɔ dzadzra me la ŋu, gake eva ɖe asi le eƒe dɔa ŋu mlɔeba. Egblɔ be: “Fifia, dzidzɔ vavãtɔ sɔŋ ko mekpɔna le agbe me.” Eva kpɔ nusita dzidzedze vavãtɔ nɔ Yesu ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa me. Fifia ekpɔa dzidzeme le nusi ko wòate ŋu awɔ le Mawu ƒe xexeame katã ƒe hamea me. Esia le edzram ɖo hena xexe yeye si me hoʋiʋli mele o la me yiyi. Wò hã ate ŋu akpɔ alesi nuwo anɔ le xexe yeye ma me ne èɖi tsa yi Fiaɖuƒe Akpata siwo le míaƒe nutoa me la dometɔ ɖeka me eye nède ha kple Yehowa Ðasefowo.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ameƒomea ase vivi le ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ me le Mawu ƒe xexe yeyea me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe