Ðe Nèle Avu Wɔm Kple Xexeame Ƒe Gbɔgbɔa?
“Míexɔ xexeme ƒe gbɔgbɔ la o, hafi gbɔgbɔ, si tso Mawu gbɔ la boŋ míexɔ.”—KORINTOTƆWO I, 2:12.
1, 2. Aɖiya ƒe afɔku wɔnublanui kae dzɔ le Bhopal, India, gake ‘aɖiya’ bubu si vɔ̃ɖi wu ka gbɔm amewo le le xexeame katã?
LE DECEMBER 1984 ƒe fiẽ fafɛ aɖe me la, nu dovoɖiname aɖe dzɔ le Bhopal, India. Atikeɖaƒe gã aɖe le du ma me, eye le December ƒe fiẽ ma me la, gago siwo me aɖiya le la dometɔ ɖeka nu ʋu. Kasia aɖiya si woyɔna be methyl isocyanate do xɔ yame katã. Esi yaƒoƒo lɔ aɖiya sia ɖe enu ta la, eva kaka ge ɖe aƒewo me eye wòbla ƒome siwo nɔ alɔ̃ dɔm. Amesiwo ku la de ame akpe geɖe, eye ame bubu geɖe hã zu wɔametɔwo. Emae nye mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe ƒe afɔku vɔ̃ɖitɔ kekeake si dzɔ kpɔ va de asi na ɣemaɣi.
2 Amewo xa nu esi wose nusi dzɔ le Bhopal. Gake togbɔ be ewu ame geɖe hã la, amesiwo aɖiya ma wu la le ʋee ne wotsɔe sɔ kple amesiwo “aɖiya” si amesiwo le xexeame katã gbɔna gbesiagbe wuna le gbɔgbɔ me la tɔ. Biblia yɔe be ‘xexeame ƒe gbɔgbɔ.’ Eyae nye ya wuame si apostolo Paulo gblɔ be eto vovo na gbɔgbɔ si tso Mawu gbɔ, esi wògblɔ be: “Míexɔ xexeme ƒe gbɔgbɔ la o, hafi gbɔgbɔ, si tso Mawu gbɔ la boŋ míexɔ, bene míate ŋu anya nusi Mawu na mí la.”—Korintotɔwo I, 2:12.
3. Nukae nye “xexeme ƒe gbɔgbɔ”?
3 Nuka tututue nye ‘xexeame ƒe gbɔgbɔ’ la? The New Thayer’s Greek English Lexicon of the New Testament gblɔ be gɔmesese gbadza si le nya “gbɔgbɔ” (Helagbe, pneuʹma) ŋue nye “nɔnɔme alo ŋusẽkpɔɖeamedzi si yɔa amesiame ƒe luʋɔ me heɖua edzi.” Gbɔgbɔ alo nɔnɔme nyui alo gbegblẽa ate ŋu anɔ ame si. (Psalmo 51:12; Timoteo II, 4:22) Gbɔgbɔ alo nɔnɔme vevi aɖe ate ŋu anɔ amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si. Apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe exɔlɔ̃ Filemon be: “Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔ la!” (Filemon 25) Nenema ke wòle—nɔnɔme vevi aɖe bɔ ɖe xexeame katã—gake esia de ŋgɔ wu, eyae nye “xexeme ƒe gbɔgbɔ” si Paulo wɔnɛ. Vincent ƒe Word Studies in the New Testament gblɔ be “nya la gɔmee nye nuvɔ̃ ƒe gɔmeɖose si ʋãa xexe si sẽ dzime la.” Eyae nye vɔ̃wɔwɔ ƒe didi si xɔ aƒe ɖe xexe sia ƒe tamesusu me si kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe amewo ƒe nuwɔna dzi.
4. Ameka gbɔe xexeame ƒe gbɔgbɔ dzɔ tso, eye ŋusẽ ka kpɔm gbɔgbɔ sia le ɖe ameƒomea dzi?
4 Gbɔgbɔ sia nye aɖi. Nukatae? Elabena Satana si nye “xexe sia me fia” la gbɔe wòtso. Nyateƒee, woyɔe be “yameŋusẽ ƒe fia, si nye gbɔgbɔ, si le ŋu sẽm azɔ le vi sẽtowo me.” (Yohanes 12:31; Efesotɔwo 2:2) Sisi le “ya” sia alo “gbɔgbɔ, si le ŋu sẽm azɔ le vi sẽtowo me” nu la sesẽ. Ele amewo katã dome le afisiafi. Ne míegbɔe ko la, eƒe nuwɔnawo kple taɖodzinuwo va tsia mía si. Xexeame ƒe gbɔgbɔ dea dzi ƒo be ‘woanɔ agbe le ŋutilã nu,’ si fia be míanɔ agbe ɖe míaƒe nuvɔ̃ ƒe blibomademade nu. Ewua ame, “elabena ne mianɔ agbe le ŋutilã nu la, miele kuku ge.”—Romatɔwo 8:13.
Xexe Sia Me ƒe Gbɔgbɔ Tsitsri
5. Aleke Ðasefo aɖe wɔ nu nunyatɔe le Bhopal-fɔkua mee?
5 Le Bhopal-fɔkua me la, ɣlidodo kple aɖiyaa ƒe ʋeʋẽ nyɔ Yehowa Ðasefo aɖe tso alɔ̃ me. Ewɔ kaba nyɔ eƒe ƒomea tso alɔ̃ me eye woƒu du yi ablɔdzi. Esi wòtɔ vie kpɔ afisi yaƒoƒoa ɖo tae vɔ la, eʋli to ameha gbogbo siwo tɔtɔ la dome eye wòkplɔ eƒe ƒomea yi togbɛ aɖe si le dua godo la dzi. Wote ŋu gbɔ ya fafɛ nyui si ƒo tso ta aɖe si tsɔ afima gbɔ la me ɖe woƒe dzitodzitowo me.
6. Afikae míate ŋu ayi be míasi le xexeame ƒe gbɔgbɔ nu?
6 Ðe togbɛ aɖe li si dzi míate ŋu asi tso xexe sia me ƒe ‘aɖiya’ la nu ayia? Biblia gblɔ be ɖe li. Esi nyagblɔɖila Yesaya nɔ míaƒe ŋkekea kpɔm ɖa ʋĩ la, eŋlɔ be: “Ava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu. Eye dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: Mina míayi Yehowa ƒe to la, Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mɔwo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo. Elabena nufiame atso Zion, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem.” (Yesaya 2:2, 3) Tadeaguƒe vavãtɔ si wodo ɖe dzi si nye “Yehowa ƒe aƒe ƒe to” si wokɔ ɖe dzi la koe nye teƒe ɖeka kolia si le anyigba sia katã dzi, afisi xexe sia me ƒe aɖiya si naa gbɔgbɔtsixe tsia amewo ƒo mele o. Afimae Yehowa ƒe gbɔgbɔ wɔa dɔ le faa le Kristotɔ nuteƒewɔlawo dome.
7. Aleke wole ame geɖewo ta kpɔm tso xexeame ƒe gbɔgbɔ mee?
7 Ame geɖe siwo gbɔ xexe sia me ƒe ya tsã la kpɔ gbɔdzɔe si ɖi esi Ðasefo ma si le Bhopal kpɔ. Esi apostolo Paulo ƒo nu tso “vi sẽto” siwo gbɔa xexe sia me ƒe ya alo gbɔgbɔ ŋu vɔ megbe la, egblɔ be: “Amesiwo dome mí katã hã míezɔna le tsã le míaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo me, esime míewɔ ŋutilã kple tame ƒe lɔlɔ̃nuwo la, eye míenye dziku ƒe viwo tso dzɔdzɔ me abe ame mlɔeawo hã ene.—Ke Mawu, amesi nye kesinɔtɔ le nublanuikpɔkpɔ me la, le eƒe lɔlɔ̃ geɖe, si wòtsɔ lɔ̃ mí la ŋuti, egbɔ agbe mí amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo me la, kple Kristo.” (Efesotɔwo 2:3-5) Amesiwo megbɔa ya aɖeke tsɔ wu nuɖoanyi sia ƒe aɖiya o la ku le gbɔgbɔ me. Gake Yehowa wɔe be ame miliɔn geɖe le sisim yi ɖe gbɔgbɔ me togbɛa dzi egbea, eye wole asa ƒom na nɔnɔme wuame ma.
Mɔ Siwo dzi ‘Xexeame ƒe Gbɔgbɔ’ Dzena Le
8, 9. (a) Nukae ɖee fia be ele be míanɔ ŋudzɔ ɣesiaɣi ɖe xexeame ƒe gbɔgbɔ ŋu? (b) Aleke Satana ƒe gbɔgbɔ ate ŋu agblẽ míi?
8 Satana ƒe aɖiya la gale ƒoƒom ƒo xlã mí kokoko. Ele be míanɔ ŋudzɔ be míagaɖiɖi tso tadedeagu dzadzɛ ƒe toa dzi ava xexeame gbeɖe, ɖewohĩ be gbɔgbɔtsixe natsi mía ƒo le gbɔgbɔ me o. Esia bia be míanɔ ŋudzɔ ɣeawokatãɣi. (Luka 21:36; Korintotɔwo I, 16:13) Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nyateƒe sia ŋu kpɔ. Kristotɔwo katã nya Yehowa ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo nyuie eye womalɔ̃ akpɔ be nuwɔna makɔmakɔ siawo abe ahasiwɔwɔ, matrewɔwɔ, kple vidzinuɖekatɔwo ƒe gbɔdɔdɔ nyo o. Gake woɖea ame 40,000 le Yehowa ƒe habɔbɔa me ƒe sia ƒe. Nukatae? Le go geɖe me la, nuwɔna makɔmakɔ siawo siwo míeyɔ va yi ke gbɔe wòtsona. Aleke esia adzɔe?
9 Esi mí katã míenye ame madeblibowo tae. Ŋutilã la gbɔdzɔ, eye ele be míate kame kple dzodzro vɔ̃ siwo age ɖe míaƒe dzime la ɣesiaɣi. (Nyagblɔla 7:20; Yeremya 17:9) Gake xexeame ƒe gbɔgbɔe dea dzodzro vɔ̃ mawo ƒe dzi ƒo. Ame geɖe le xexe sia me mekpɔ be naneke gblẽ le agbegbegblẽnɔnɔ ŋu o, eye ebubu be nusianu nyo la nye Satana ƒe nuɖoanyia ƒe tamesusu ƒe akpa aɖe. Ne míeɖe mɔ susu siawo ge ɖe mía me la, adzɔ kokoko be míava nɔ tame bum abe xexeame ene. Eteƒe madidi o tamesusu makɔmakɔ mawo adzi dzodzro vɔ̃ siwo akplɔ ame ayi nuvɔ̃ gã mee. (Yakobo 1:14, 15) Míatra mɔ tso Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛ ƒe to la gbɔ ayi Satana ƒe xexeame ƒe ʋe si me aɖi le la me. Amesiame si aɖoe atsi afima la makpɔ agbe mavɔ o.—Efesotɔwo 5:3-5, 7.
10. Nukae nye mɔ siwo nu Satana ƒe gbɔgbɔ dzena le dometɔ ɖeka, eye nukatae wòle be Kristotɔwo natsrii?
10 Xexeame ƒe gbɔgbɔ si ƒo xlã mí la dzena ƒã. Le kpɔɖeŋu me, bubumadeameŋu kple fewuɖuɖu ƒe nɔnɔme siwo ame geɖe ɖena fiana le agbe me la bɔ. Esi dunyahela gblẽku madzemadzewo kple subɔsubɔhaŋgɔnɔla agbegbegblẽnɔla ŋuklẽlawo na dzi ɖe le amewo ƒo ta la, woƒoa nu le nu gãwo gɔ̃ hã ŋu amemabumabutɔe. Kristotɔwo tsria nɔnɔme sia tɔgbe. Togbɔ be fefewɔwɔ ƒe nɔnɔme nyui anɔ mía si hã la, míetsɔa bubumadeameŋu ƒe fewuɖugbɔgbɔ vaa hamea mee o. Kristotɔ ƒe nuƒoƒo ɖea Yehowa vɔvɔ̃ kple dzadza le dzime fiana. (Yakobo 3:10, 11; tsɔe sɔ kple Lododowo 6:14.) Míeɖanye ɖeviwo alo ame tsitsiwo o, ele be “amenuveve kple dze nanɔ” míaƒe nuƒoƒo me ɣesiaɣi “bena [míanya] alesi wòdze be, [míaɖo] nya ŋuti na amesiame.”—Kolosetɔwo 4:6.
11. (a) Nukae nye xexeame ƒe gbɔgbɔ ƒe akpa evelia? (b) Nukatae Kristotɔwo to vovo na amesiwo ɖea nɔnɔme sia fiana?
11 Fulélee nye nɔnɔme bubu si bɔ si me xexe sia me ƒe gbɔgbɔ dzena le. Fulélewo kple dzre sesẽ siwo tso ŋutigbalẽ, ameƒomevinyenye, dukɔmevinyenye, kple nugɔmemasemase na ame nɔewo gɔ̃ hã gbɔ la mã xexeame. Aleke gbegbe nuwo nyona wue nye si le afisi Mawu ƒe gbɔgbɔ le dɔ wɔm le! Apostolo Paulo ŋlɔe be: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o, miaƒe tamesusuwo nanɔ nu nyuiwo yome le amewo katã ƒe ŋku me; ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me! Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mɔ na dziku la boŋ, elabena woŋlɔ ɖi bena: ‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, [Yehowa ye] gblɔe.’ Eyata ne dɔ le wò futɔ wum la, na nuɖuɖui, ne tsikɔ le ewum la, na tsii; elabena ne èwɔ esia la, àƒo dzoka xɔxɔwo nu ƒu ɖe eƒe ta dzi. Megana nu vɔ̃ɖi la naɖu dziwò o, ke tsɔ nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi boŋ.”—Romatɔwo 12:17-21.
12. Nukatae Kristotɔwo tsria ŋutilãmenudidi?
12 Xexe sia me ƒe gbɔgbɔ dea ŋutilãmenudidiwo hã ƒe dzi ƒo. Esi asitsaxexeame dea dzi ƒo na amewo ta la, ame geɖe na didi si nye be mɔ̃ yeyetɔ, atsyã, kple ʋu yeye si gato nasu yewo si la yɔ woƒe susuwo me. “Ŋkuwo ƒe ŋubiabiã” wɔ wo kluviwoe. (Yohanes I, 2:16) Ame akpa gãtɔ tsɔa woƒe aƒe ƒe lolome alo ga si le gadzraɖoƒe na wo la dzidzea woƒe dzidzedzekpɔkpɔ le agbe mee. Kristotɔ siwo le gbɔgbɔmeya nyui si le Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛ ƒe to kɔkɔa dzi gbɔm la tsria nɔnɔme sia. Wonyae be ŋutilãmenudidi vivivo ate ŋu ade ame afɔku me. (Timoteo I, 6:9, 10) Yesu ɖo ŋku edzi na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.”—Luka 12:15.
13. Mɔ bubu kawo hã nue xexeame ƒe gbɔgbɔ dzena le?
13 Xexe sia me ƒe “ya” manyomanyo la gadzena le mɔ bubuwo hã nu. Ðekae nye aglãdzegbɔgbɔ. (Timoteo II, 3:1-3) Ðe nède dzesii be ame geɖe megawɔa ɖeka kple dziɖuɖuwo oa? Ðe nèkpɔa nɔnɔme si nye alesi amewo mewɔa dɔ o negbe ɖe ame aɖe le afima le wo kpɔm hafi la hã le wò dɔwɔƒea? Ame nenie nènya be woda le se dzi—ɖewohĩ woŋe woƒe adzɔwo ɖe eme alo wofi fi le dɔwɔƒe? Ne ègale suku dem la, ɖe woɖe dzi le ƒowò kpɔ be màgawɔ tɔwò sinua o le esi wò sukuhatiwo ɖua fewu le amesiwo kpɔa dzidzedze le sukunusɔsrɔ̃ me ŋu taa? Esiawo katã nye xexeame ƒe gbɔgbɔ ɖeɖefia siwo wòle be Kristotɔwo natsri.
Alesi Míawɔ Avu Kple Xexe Sia Me ƒe Gbɔgbɔ Lae
14. Mɔ kawo nue Kristotɔwo to vovo na amesiwo menye Kristotɔwo o le?
14 Gake aleke míawɔ avu kple xexeame ƒe gbɔgbɔ lae esi wònye míegakpɔtɔ le xexeame? Ele be míaɖo ŋku edzi be afika kee míele le ŋutilã me o, míenye xexeame ƒe akpa aɖeke le gbɔgbɔ me o. (Yohanes 17:15, 16) Menye xexe sia me ƒe taɖodzinuwoe le mía si o. Míaƒe nukpɔsusuwo le nuwo ŋu to vovo. Gbɔgbɔmemewo míenye eye “míetsɔa nya, siwo amewo ƒe nunya fia mí la” ƒoa nui hebua tamee o, “hafi míetsɔa nya, siwo gbɔgbɔ la fia mí la boŋ, eye míetsɔa gbɔgbɔmenuwo heɖoa gbɔgbɔmenuwo ŋuti.”—Korintotɔwo I, 2:13.
15. Aleke míawɔ avu kple xexeame ƒe gbɔgbɔ lae?
15 Nukae woate ŋu awɔ ne ame aɖe kpɔe be yele afisi aɖiya gblẽ la? Ate ŋu aɖɔ motsyɔnu si ŋu ya nyui si wòagbɔ kpe ɖo alo wòadzo le teƒe ma. Mɔnu siawo hã le esiwo dzi míato aƒo asa na Satana ƒe ya la dome. Míedzea agbagba alesi míate ŋui be míaɖe mía ɖokui ɖa le nusianu si ana xexe sia me ƒe gbɔgbɔ nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamesusu dzi la gbɔ. Eyata míedea ha vɔ̃wo o, eye míeƒoa mía ɖokui ɖe modzakaɖeɖe ɖesiaɖe ƒomevi si nyɔa nuvlowɔwɔ, agbegbegblẽnɔnɔ, gbɔgbɔyɔyɔ, aglãdzedze ɖe ame me, alo ŋutilã ƒe dɔwɔwɔ bubu aɖeke me o. (Galatiatɔwo 5:19-21) Gake esi míele xexeame ta la, míate ŋu axe mɔ ɖe gododo nusiawo nu o. Eyata anye nunyanu míawɔ ne míegbɔa ya tso gbɔgbɔmeya nyui xɔƒe. Míegbɔa ya ɖe míaƒe gbɔgbɔ me dzitodzitowo me wòsua mí nyuie to kpekpewo yiyi edziedzi, ɖokuisinusɔsrɔ̃, Kristotɔwo ƒe dɔwɔwɔ kple hadedewo, kpakple gbedodoɖa me. Ne míewɔe alea la, ne Satana ƒe ya aɖe ƒo dzaa va ge ɖe míaƒe gbɔgbɔ me dzitodzitowo me hã la, Mawu ƒe gbɔgbɔ ado ŋusẽ mí be míagbee.—Psalmo 17:1-3; Lododowo 9:9; 13:20; 19:20; 22:17.
16. Aleke míeɖenɛ fiana be Mawu ƒe gbɔgbɔ le dɔ wɔm le mía me?
16 Mawu ƒe gbɔgbɔ la trɔa Kristotɔ wòzua amesi to vovo na amesiwo nye xexeame ƒe akpa aɖe la sã. (Romatɔwo 12:1, 2) Paulo gblɔ be: “Gbɔgbɔ ƒe kutsetse enye: Lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu; nenem nusiawo la se la metsi tre ɖe wo ŋu o.” (Galatiatɔwo 5:22, 23) Mawu ƒe gbɔgbɔa nana Kristotɔ sea nuwo gɔme ɖe edzi nyuie hã. Paulo gblɔ be: “Ame aɖeke menya [Mawu ƒe nuwo] o, negbe Mawu ƒe gbɔgbɔ la ɖeɖekoe.” (Korintotɔwo I, 2:11) Ne míagblɔe gbadzaa la, ‘Mawu ƒe nuwo’ ƒe akpa aɖee nye nyateƒe siawo abe tafevɔsa la, Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Yesu Kristo te, agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ, kple xexeme vɔ̃ɖi sia ɖeɖeɖa si gogo la. Mawu ƒe gbɔgbɔa kpe ɖe Kristotɔwo ŋu wonya nusiawo eye wolɔ̃ ɖe edzi be wonye nyateƒe, eye esiae na woƒe nukpɔsusu le agbe ŋu to vovo na xexemetɔwo tɔ. Edzea wo ŋu be yewoakpɔ dzidzɔ le Yehowa subɔsubɔ me fifia, eye wole mɔ kpɔm be yewoasubɔe ayi ɖe mavɔmavɔ me.
17. Amekae ɖo kpɔɖeŋu gãtɔ kekeake le avuwɔwɔ kple xexeame ƒe gbɔgbɔ me, eye aleke wòwɔe?
17 Yesue ɖo kpɔɖeŋu gãtɔ kekeake ɖi na amesiwo wɔa avu kple xexe sia me ƒe gbɔgbɔ. Esi Yesu xɔ nyɔnyrɔ̃ vɔ megbe teti la, Satana to tetekpɔ etɔ̃ dzi dze agbagba be yeana wòadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. (Mateo 4:1-11) Mlɔetɔa ate ŋu aʋu mɔ na Yesu be wòanye xexeame katã ƒe dziɖula ne ede ta agu na Satana zi ɖeka pɛ ko. Yesu ate ŋu abui be: ‘Enyo, made ta agu nɛ, eye emegbe ne xexeame ƒe dziɖulanyenye su asinye ko la, matrɔ dzime agasubɔ Yehowa. Ne menye xexeame ƒe dziɖula la, mɔnukpɔkpɔ asu asinye be makpe ɖe ameƒomea ŋu tsɔ wu Nazaretetɔ atikpala si menye fifia.’ Yesu mebui nenema o. Elɔ̃ faa be yealala vaseɖe esime Yehowa natsɔ xexeame ƒe dziɖulanyenye ade ye si. (Psalmo 2:8) Le nudzɔdzɔ ma kple eƒe agbemenudzɔdzɔ bubuwo katã me la, ewɔ avu kple Satana ƒe aɖiya ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi la. Eyata eɖu xexeme sia si aɖi si le gbɔgbɔ me la dzi.—Yohanes 16:33.
18. Aleke míaƒe avuwɔwɔ kple xexeame ƒe gbɔgbɔ kafua Mawui?
18 Apostolo Petro gblɔ na mí be míadze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome tututu. (Petro I, 2:21) Kpɔɖeŋu nyui kae agate ŋu anɔ mía si wu esia? Esi xexeame ƒe gbɔgbɔ le ŋusẽ kpɔm ɖe amegbetɔwo dzi le ŋkeke mamle siawo me ta la, nyɔnyrɔ̃m ko wole ɖe gbegblẽ ƒe ʋe la me. Nu wɔnuku kae nye si wònye be le xexe si le alea me hã la, Yehowa ƒe tadeaguƒe si wodo ɖe dzi la kpɔtɔ le dzadzɛ hele kɔkɔe! (Mixa 4:1, 2) Kakaɖedzitɔe la, míekpɔa Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe ŋusẽ elabena ame miliɔn geɖewo le zi ƒom ɖe Mawu ƒe tadeaguƒe la ŋu, wole avu wɔm kple xexe sia me ƒe gbɔgbɔ si kaka ɖe afisiafi la eye wole bubu kple kafukafu tsɔm na Yehowa! (Petro I, 2:11, 12) Mina mí katã míaɖoe kplikpaa anɔ togbɛ ma dzi vaseɖe esime Yehowa ƒe Fia si wòsi ami na la naɖe xexe vɔ̃ɖi sia ɖa eye wòalé Satana Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ade aʋli me. (Nyaɖeɖefia 19:19–20:3) Ekema xexe sia me ƒe gbɔgbɔ la maganɔ anyi azɔ o. Yayraɣeyiɣi nyui kae nye esi wòanye!
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
◻ Nukae nye xexeme ƒe gbɔgbɔ la?
◻ Ŋusẽ kae xexe sia me ƒe gbɔgbɔ kpɔna ɖe amewo dzi ɖekaɖeka?
◻ Nukawoe nye mɔ siwo nu xexeame ƒe gbɔgbɔ dzena le la dometɔ aɖewo, eye aleke míawɔ aƒo asa nɛ?
◻ Aleke míeɖenɛ fiana be Mawu ƒe gbɔgbɔ le dɔ wɔm le mía me?
◻ Yayra kawoe amesiwo wɔa avu kple xexeame ƒe gbɔgbɔa kpɔna?
[Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]
Satana gbɔe xexeame ƒe gbɔgbɔ tso
Be màgagbɔ xexeame ƒe gbɔgbɔ la o la, si yi Yehowa ƒe tadeaguƒe ƒe togbɛ la dzi