INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 1/1 axa 20-23
  • Kesinɔnu Xɔasi Aɖe Mamã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kesinɔnu Xɔasi Aɖe Mamã
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Danye ƒe Kpɔɖeŋu Wɔdɔɖeamedzi La
  • Míaƒe Kesinɔnua Mamã Ɣeyiɣiawo Katã
  • Taɖodzinu aɖe Gbɔ Ðoɖo
  • Malta Kple Libya
  • Dɔdasi Yeye Aɖe
  • Anyidzelawo Nɔƒe
  • Kesinɔnu la Lé Mí Ðe Te
  • Yehowa Fia Eƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nye Ŋku Kple Dzi Le Fetua Dzi Ɣesiaɣi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Meɖoe Kplikpaa Be Mayi Edzi Asubɔ Wɔnyela
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Ale Si “Mezu Nuwo Katã Na Amewo Katã Ƒomevi”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 1/1 axa 20-23

Kesinɔnu Xɔasi Aɖe Mamã

ABE ALESI GLORIA MALASPINA GBLƆE ENE

Esime Sicily-ƒuta bu ɖe eme la, mía kple srɔ̃nye ƒe susu va nɔ Malta si nye Mediterranean-ƒukpo si dzi míeyina la ŋu. Mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname kae nye si! Esi meli la nɔ ƒua tsom la, míebu apostolo Paulo ƒe nuteƒekpɔkpɔ le Malta le ƒe alafa gbãtɔ me ŋu.​—DƆWƆWƆWO 28:1-10.

EDZƆ le ƒe 1953 me, eye womede Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔwɔ agbalẽ me le se nu le Malta ɣemaɣi o. Míedo le Gbetakpɔxɔ Biblia Gilead Suku le ƒe si do ŋgɔ me eye woɖo mí ɖe Italia. Esi míetsɔ ɣeyiɣi kpui aɖe srɔ̃ Italiagbe megbe la, míedi vevie be míakpɔ nusi nɔ mía lalam le Malta.

Aleke nye, ɖetugbi, mewɔ va zu dutanyanyuigblɔla? Mina maɖe eme na mi.

Danye ƒe Kpɔɖeŋu Wɔdɔɖeamedzi La

Le ƒe 1926 me esime míaƒe ƒomea nɔ Fort Frances le Ontario, Canada la, danye xɔ agbalẽvi si nye Millions Now Living Will Never Die tso Biblia Nusrɔ̃vi aɖe (abe alesi woyɔna Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi ene) gbɔ. Exlẽe vevie kple ɖetsɔleme, eye le kwasiɖa ma ke me la, ede ƒuƒoƒo ƒe Biblia nusɔsrɔ̃ aɖe si me wosrɔ̃ Gbetakpɔxɔ ƒe magazinea le. Danye doa vevie Biblia xexlẽ, eye exɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti gbedasia abe kesinɔnu si dim wònɔ ene. (Mateo 6:33; 13:44) Togbɔ be Fofonye tsi tre ɖe eŋu vevie, eye nyɔnuvi etɔ̃ siwo dzi wòle be wòakpɔ nɔ esi hã la, eku ɖe nusi srɔ̃m wònɔ ŋu sesĩe.

Xɔse like si Danye ɖe fia le ƒe 20 siwo kplɔe ɖo me la na mía kple nɔvinyenyɔnu tsitsitɔ eve, Thelma kple Viola, míeva nya agbe mavɔ nɔnɔ le dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeye me ƒe mɔkpɔkpɔ wɔnuku la. (Petro II, 3:13) Edo go tetekpɔ sesẽ geɖe, gake míeke ɖi tiatia si wòwɔ ƒe nyonyo gbeɖe o.

Le ƒe 1931 esime mexɔ ƒe ewo ko la, míeʋu yi agble aɖe dzi le Minnesota, U.S.A., ƒe anyiehe gome. Le afima la, míegate ŋu dea ha kple Yehowa Ðasefowo edziedzi o, gake Danye yi edzi fia nu mí tso Biblia me. Eƒe ɖokuitsɔtsɔna ƒe subɔsubɔ abe mɔɖela, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla ene la ʋãm medi be mawɔ dɔ ma kplii. Le ƒe 1938 me la, mía kple nɔvinyenyɔnu eveawo míetsɔ nyɔnyrɔ̃xɔxɔ wɔ míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe kpɔɖeŋui le takpekpe aɖe me le Duluth, Minnesota.

Esi medo le suku kɔkɔ le ƒe 1938 me megbe la, Danye de dzi ƒo nam be made dɔsrɔ̃suku ale be mate ŋu akpɔ ɖokuinye dzi le mɔɖeɖedɔa me. Aɖaŋuɖoɖo sia va de dzinye vevietɔ le esi Fofonye va gblẽ mí ɖi be mía ŋutɔ míakpɔ mía ɖokui dzi ta.

Míaƒe Kesinɔnua Mamã Ɣeyiɣiawo Katã

Emegbe meʋu yi California, eye medze mɔɖeɖedɔa gɔme le San Francisco le ƒe 1947 me. Esi meyi dɔ wɔ ge do ŋgɔ na “Dukɔwo Katã Kekeɖenu” Takpekpe le Los Angeles la, medo go Francis Malaspina. Dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe taɖodzinu ɖeka si nɔ mía si la na míedze lɔlɔ̃ƒomedodo aɖe gɔme. Míeɖe mía nɔewo le ƒe 1949 me.

Le September 1951 me la, womia asi mía kple Francis be míava de Gilead suku ƒe klass 18 lia. Le sukunuwugbe si nye February 10, 1952 dzi, si nye ɣleti atɔ̃ ƒe hehexɔxɔ vevie megbe la, sukua ƒe zimenɔla, Nathan H. Knorr, yɔ dukɔ siwo me woaɖo mí ɖo la ɖe ŋɔŋlɔdzesiwo ƒe ɖoɖo nu. Esime wògblɔ be, “Italia, Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Malaspina” la, enumake míenɔ mɔzɔzɔa kpɔm le susu me ɖaa!

Le kwasiɖa ʋee aɖewo megbe la, míeɖo meli le New York hena ŋkeke ewo ƒe ƒudzimɔzɔzɔ ayi Genoa, Italy. Giovanni DeCecca kple Max Larson siwo tso dɔwɔƒea ƒe ta le Brooklyn la va melidzeƒea va do hede nyuie na mí. Dutanyanyuigblɔla siwo nya alesi gege ɖe dukɔa me sesẽe la va do go mí le Genoa.

Míekpɔ dzidzɔ ɖe nusianu si míekpɔ ŋu, eye míeɖo keteke yi Bologna. Esi míeva ɖo la, nusi míekpɔe nye du si me Xexemeʋa II me bɔmb siwo woda ƒe nu gbegblẽwo gale. Gake nu dodzidzɔname geɖe hã nɔ anyi, abe kɔfe tɔtɔe ƒe ʋeʋe lilili si xɔa yame le ŋdi me, kple nuɖuɖu vovovowo ƒe detsi siwo ʋẽna nyuie la ene.

Taɖodzinu aɖe Gbɔ Ðoɖo

Dzeɖonya si míesrɔ̃ ɖe tamee míetsɔ dze subɔsubɔdɔa gɔmee, eye míegbugbɔ gblɔnɛ ʋuu vaseɖe esime woaxɔ gbedasia alo woado ʋɔtrua. Didi be míaɖe mía ɖokui nu ʋã mí míetsɔ dzo ɖe gbea sɔsrɔ̃ ŋu. Le ɣleti ene megbe la, woɖo mí ɖe dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe yeye aɖe me le Naples.

Nu dzeaniwo bɔ ɖe du gã sia me ŋutɔ. Míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ le afima vivi mía nu, gake le ɣleti ene bubu megbe la, wode dɔ asi na srɔ̃nye be wòawɔ nutome sue dzikpɔdɔ, alo mɔzɔzɔdɔ, anɔ hamewo srãm kpɔ tso Roma vaseɖe Sicily. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, míede Malta hã kple Libya gɔ̃ hã le Anyiehe Afrika.

Keteke ɖoɖo tso Naples yi Sicily le ƒe mawo me nye ŋutilãmedzidodo ƒe dodokpɔ. Míeɖoa keteke si yɔna eye míenɔa tsitre ɖe zikpui siwo dome amewo yɔ fũ la gaƒoƒo ade vaseɖe enyi ɣeaɖewoɣi. Gake ena mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe mí míesrɔ̃ nu tso amesiwo dome míenɔ la ŋu. Zi geɖe la, amesiwo tsɔa adzafi siwo me wodea wo gbɔ ahae la nɔa wo dzi abe zikpui ene, eye wokua ɖe nona ne tsikɔ le wo wum le mɔ didi la zɔzɔ me. Mɔzɔla lɔ̃amewo nana woƒe abolo kple lã ƒe ɖe mí zi geɖe, si nye amedzrowɔwɔ lédziname si ŋu míekpɔ ŋudzedze ɖo ŋutɔ.

Ne míeɖo Sicily la, nɔviwo va doa go mí hetsɔa míaƒe akplowo heliaa to si lialia xɔa gaƒoƒo etɔ̃ kple afã la heyia hame si le toa tame gbɔ. Dzonɔameme si mía nɔvi Kristotɔwo tsɔ xɔa míi la na míeŋlɔa míaƒe ɖeɖiteameŋu be. Míedoa tedzi siwo dzi woka ɖo be womedaa afɔ o, gake míete ŋu fia ŋku kpɔa aga si me míage adze ne tedzia da afɔ zi ɖeka ko la me gbeɖe o. Alesi mía nɔviwo ku ɖe Biblia me nyateƒea ŋu sesĩe togbɔ be wole nɔnɔme sesẽwo me tom hã la do ŋusẽ mí, eye lɔlɔ̃ si woɖe fia mí na wo gbɔ nɔnɔ vivi mía nu.

Malta Kple Libya

Mía nɔvi siwo le Sicily ƒe nyawo nɔ míaƒe susu me míetsɔ tso ƒu yi Malta. Apostolo Paulo ke ɖe dɔmenyotɔwo ŋu le afima, eye míawo hã míeke ɖe ɖewo ŋu. Ahom aɖe si tu le St. Paul Adɔ̃ me na míekpɔ afɔku si dze ŋgɔ ʋu suewo le ƒe alafa gbãtɔ me. (Dɔwɔwɔwo 27:39–28:10) Afisi míegadee nye Libya. Aleke nuwo anɔ na mí le Afrika-dukɔ sia si woɖo asi míaƒe dɔa dzi le la me?

Míegakpɔ amewo ƒe nɔnɔme si to vovo sã le afisia hã. Nye susu nɔ nusiwo mekpɔ kple gbeɖiɖi siwo mese le Tripoli esi míenɔ mɔdodo siwo ŋu wotu sɔtiwo ɖo dzi tom le dua ƒe akpa aɖe la ŋu. Amewo doa tedzifuwuwo tsɔ kpɔa wo ɖokui ta tso Sahara Dzogbe ƒe dzoxɔxɔ le ŋkeke me kple yame ƒe fafa le zã me nu. Míeva kpɔ alesi amewo trɔna ɖe yame ƒe nɔnɔmewo ŋu le afisi wole la ŋu hede bubu eŋu.

Nɔviwo ƒe dzonɔameme ŋuɖɔɖotɔe fia nu geɖe mí le ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe kple amesiwo bi ɖe gbeƒãɖeɖe le nɔnɔme sia tɔgbe me ƒe mɔfiafia dzi wɔwɔ me. Dukɔ vovovo me tɔwoe mía nɔvi Kristotɔwo nye; gake wowɔ dɔ ɖekae le woƒe Yehowa subɔsubɔ me.

Dɔdasi Yeye Aɖe

Le alesi wotsi tre ɖe míaƒe dɔa ŋu ta la, eva hiã be míadzo le Italia, gake míetsɔ dzidzɔ xɔ gbeƒãɖeɖedɔdasi yeye le Brazil le ƒe 1957 me. Mía kple Francis míetrɔ ɖe agbenɔnɔ kple kɔnuwo ŋu, eye le ɣleti enyi megbe la, wokpe Francis be wòawɔ nutome sue dzikpɔdɔ. Míeɖoa bɔsu kple yameʋu le mɔzɔzɔ me, eye míetoa afɔ hã. Dukɔ gã dzeani sia me tsatsa nɔ abe anyigbaŋunusɔsrɔ̃ ene.

Hame ewo siwo le São Paulo kple duvi ewo siwo le nutotroe me kple São Paulo ƒe dzieheƒutanutome lae nɔ nuto gbãtɔ si me míesubɔ le la me. Hamewo menɔ du mawo me ɣemaɣi o. Míedia nɔƒe, eye ne míekpɔ dzeƒe la, míetsɔa Fiaɖuƒegbedasia yina tso aƒeme yi aƒeme. Míegblẽa Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe sinima ɖeɖe si míetsɔ fiaa nu amewo la ŋuti amekpegbalẽviwo hã ɖe amewo gbɔ.

Sinimafotowo, sinimaɖemɔ̃, eletrikŋusẽhemɔ̃, lɛtadzraɖoƒewo, agbalẽwo, amekpegbalẽviwo, kple nusi míetsɔ ŋlɔa afisi míaɖe sinima le ɖe amekpegbalẽviawo dzi la tsɔtsɔ ɖo bɔsu menye dɔ feŋu kura o. Mɔzɔkplo si me míaƒe nudodowo nɔ melolo kura o, ne míetsɔe sɔ kple nu bubuawo. Ele be míatsɔ sinemaɖemɔ̃ la aɖo ata dzi ale be maʋuʋu agbã le mɔzɔzɔ le mɔ manyomanyowo dzi me o.

Ne míekpɔ teƒe si míaɖe sinima le la, míeyina tso aƒeme yi aƒeme hetsɔa amekpegbalẽviwo naa amewo. Ɣeaɖewoɣi la, míebiaa mɔ ɖea sinima la le nuɖuƒe alo amedzrodzeƒe. Ɣebubuɣiwo la, míetsia avɔ ɖe ati eve dome le gbagbagbe. Nyasela ŋudzedzekpɔla siwo dometɔ geɖe mekpɔ nɔnɔmetata siwo me nuwo ʋãna le kpɔ o la tsia tre heɖoa to nyuie ne Francis le emenyawo xlẽm. Emegbe míemãa Biblia-srɔ̃gbalẽwo.

Bɔsu ye míeɖona yia kɔƒewo me. Womesrã tɔsisiawo dometɔ aɖewo dzi o, eyata wotsɔa bɔsu la ɖoa tɔdzitikpo dzi tsoa tɔ lae. Woxlɔ̃ nu mí be míaganɔ bɔsu la me o eye ne míekpɔ be bɔsu la ɖiɖi yina tɔsisia me la, míadzo adze atikpoa ƒe akpe keme be míaganyrɔ̃ ɖe tsia me o. Dzidzɔtɔe la, míaƒe bɔsu mege ɖe tɔsisia me kpɔ o—ede mía dzi ŋutɔ, vevietɔ esi wogblɔ be akpa aɖewo siwo ɖua ame le tɔa me ta!

Esi míede dukɔwo dome takpekpe le New York le ƒe 1958 megbe la, míetrɔ yi Brazil, afisi eteƒe medidi o míegadze mɔzɔzɔdɔa gɔme le. Míaƒe nutome gã dzikpɔdɔa kplɔ mí yi Uruguay-dea dzi le Brazil ƒe dziehe, Paraguay le ɣetoɖoƒe, Pernambuco le anyiehe, kple Atlantic Ƒugã la gbɔ le Brazil ƒe ɣedzeƒekpa dzi.

Anyidzelawo Nɔƒe

Le ƒe 1960 ƒeawo me la, míewɔ ɖe amekpekpe aɖe dzi be míava ɖe Habɔbɔa ƒe sinimawo dometɔ ɖeka le anyidzelawo nɔƒe aɖe. Magblɔ be mevɔ̃ vie. Míenya nu tso anyidɔ ŋu gobii o, negbe nusi míexlẽ tso eŋu le Biblia me la koe. Esi míege ɖe teƒea si wosi akalo na la, wokplɔ mí yi takpexɔ gã aɖe mee. Wotsi ka tsɔ ƒo xlã xɔa titina be mía kple míaƒe dɔwɔnuwo míanɔ afima.

Elektrikŋudɔwɔla si nɔ kpekpem ɖe mía ŋu la nɔ afima ƒe 40 sɔŋ. Eƒe asiwo nyi vaseɖe eƒe alɔnu eye ametia ƒe akpa bubuwo hã nyi hegblẽ nu le eŋu vevie. Meɖi vo le gɔmedzedzea me, gake nukomoe si wòɖo kple aɖaŋu si wòtsɔ wɔ eƒe dɔae na nye dzi dze eme. Eteƒe medidi o hafi míenɔ dze ɖom le nu geɖe ŋu esi míewu dzadzraɖo siwo hiã nu. Le ame akpe ɖeka siwo ŋu dɔa le siwo le teƒea dome la, ame alafa eve kple edzivɔ va. Esi wonɔ tɔtɔm nɔ gegem ɖe xɔa me la, míede dzesi nu vovovo siwo dɔlélea gblẽ le wo ŋu. Nuteƒekpɔkpɔ wɔdɔɖeamedzi kae nye si wònye na mí!

Míebu nya si Yesu gblɔ na anyidzela si ɖe kuku nɛ be, “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ ko la, àte ŋu ana ŋutinye nakɔ” la ŋu. Yesu ka asi ŋutsua ŋu heka ɖe edzi nɛ be, “Melɔ̃, ŋutiwò nekɔ!” (Mateo 8:2, 3) Esi wɔna la wu enu la, wo dometɔ geɖe va da akpe na mí ɖe míaƒe vava ta, eye woƒe ŋutilã si ŋu nu gblẽ le la ɖo kpe ameƒomea ƒe fukpekpe gã la dzi vevie. Emegbe afima Ðasefowo va srɔ̃ Biblia kple amesiwo di be yewoasrɔ̃ nu ayi ŋgɔ.

Le ƒe 1967 me la, míetrɔ yi United States be míava da dɔ sesẽ aɖewo. Esi míenɔ esiawo gbɔ kpɔm la, mɔnukpɔkpɔ gasu mía si míesubɔ le nutome sue dzikpɔdɔa me. Le ƒe 20 siwo kplɔe ɖo me la, mía kple Francis míewɔ mɔzɔzɔdɔa le United States. Efia nu le Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku hã le ɣeyiɣi sia me.

Dzideƒo kae nye si wònye nam be srɔ̃ŋutsu lɔlɔ̃tɔ kple zɔhɛ anukwareɖila si wɔ dɔ sia dɔ si wode asi nɛ la nɔ asinye! Mɔnukpɔkpɔ su mí ame evea si be míemã Biblia me nyateƒea ƒe kesinɔnu la le anyigbagã ene ƒe akpa aɖewo.

Kesinɔnu la Lé Mí Ðe Te

Le ƒe 1950 me la, Danye ɖe David Easter, nɔviŋutsu anukwareɖila si xɔ nyɔnyrɔ̃ le ƒe 1924 me. Wotsɔ ƒe geɖe subɔ ɖekae le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Gake le Danye ƒe agbemeŋkeke mamlewo me la, Alzheimer-dɔ dze edzi. Eva hiã beléle tɔxɛ le esi dɔlélea gblẽ eƒe susu ta. Nɔvinyenyɔnu siwo na kpekpeɖeŋu kple David wotsɔ edzikpɔkpɔ ƒe agbanɔamedzi gã la, le esi womedi be míaɖe asi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛawo ŋu o ta. Anukwareɖiɖi ƒe kpɔɖeŋu si Danye ɖo vaseɖe eƒe ku me le ƒe 1987 me la kpe ɖe mía ŋu geɖe le ɖoɖowɔwɔ ɖe míaƒe agbenɔnɔ ŋu me, eye dziƒofetu ƒe mɔkpɔkpɔ si nɔ esi la faa akɔ na mí.

Le ƒe 1989 me la, mekpɔe be Francis megasesẽ abe tsã ene o. Míekpɔe be asrã sesẽ si nye dɔléle nyanyɛ le xexeame ƒe akpa geɖe la nɔ nu gblẽm le eŋu o. Le ƒe 1990 me la, futɔ manata sia ɖu edzi, eye mebu nye kpeɖeŋutɔ lɔlɔ̃ si metsɔ ƒe 40 wɔ dɔ kple le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me la.

Tɔtrɔwɔwɔ nye agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe. Ðewo nya wɔna, eye ɖewo hã wɔwɔ sesẽ. Gake Yehowa, Biblia me nyateƒe ƒe nu xɔasia Nala la, to eƒe habɔbɔa kple ƒonyemetɔwo ƒe lɔlɔ̃ kple dzideƒo dzi lém ɖe te. Nye dzi gadze eme kokoko esi mele mɔ kpɔm na Yehowa ƒe ŋugbedodo siwo mada ƒu o la katã me vava.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Esime mía kple srɔ̃nye míenye dutanyanyuigblɔlawo le Italia

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe