INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 1/1 axa 10-19
  • Dukɔ Si Léa Nuteƒewɔwɔ Me Ðe Asi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dukɔ Si Léa Nuteƒewɔwɔ Me Ðe Asi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wodzi Dukɔ La
  • Gbeƒãɖelawo ƒe Agbɔsɔsɔ Yeye
  • ‘Minɔ Esia Wɔwɔ Dzi’
  • ‘Mígagblẽ Ƒuƒoƒo Kple Mía Nɔewo Ði O’
  • ‘Tso ɖe Eŋu Kpla’
  • Lé Nuteƒewɔwɔ Me Ðe Asi Yiɖaseɖe Nuwuwu
  • Nye Veviedola le Nu Nyui Wɔwɔ Me!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • “Azɔ La, Mienye Mawu Ƒe Dukɔ”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 1/1 axa 10-19

Dukɔ Si Léa Nuteƒewɔwɔ Me Ðe Asi

“Miʋu agboawo, ne dukɔ dzɔdzɔe, si dzraa nyateƒe ɖo la, nage ɖe eme.”—YESAYA 26:2.

1. Nukatae nya si Yesaya gblɔ tso “dukɔ dzɔdzɔe” ŋu la wɔ nuku?

EGBEA dukɔ ɖesiaɖe ƒomevi li. Ðewo nye amehawo ƒe dziɖuɖu, bubuwo nye dzizizidziɖuɖuwo. Ðewo nye kesinɔtɔwo, bubuwo nye dukɔ dahewo. Nu ɖeka li si le wo katã ŋu: Wo katã wonye xexeme si ƒe mawue nye Satana la ƒe akpa aɖe. (Korintotɔwo II, 4:4) Le esia ta Yesaya ƒe nyawo awɔ nuku na ame aɖewo esi wògblɔ be: “Miʋu agboawo, ne dukɔ dzɔdzɔe, si dzraa nyateƒe ɖo la, nage ɖe eme.” (Yesaya 26:2) Dukɔ dzɔdzɔea? Ẽ, dukɔ dzɔdzɔe li elabena nyagblɔɖia fia asi eƒe anyinɔnɔ le míaƒe ŋkekea me. Aleke míawɔ anya dukɔ dzɔdzɔe sia?

2. Dukɔ kae nye “dukɔ dzɔdzɔe” sia? Aleke míewɔ nya?

2 Le alesi woɖe Yesaya 26:2 mee le New World Translation me nu la, wogblɔ be dukɔ ma “léa nuteƒewɔwɔgbenɔnɔ me ɖe asi.” King James Version (ƒe axadzinuŋɔŋlɔ) ɖe kpukpui sia me be “dukɔ dzɔdzɔe si léa nyateƒeawo me ɖe asi.” Gɔmeɖeɖe evea siaa sɔ. Le nyateƒe me la, dukɔ dzɔdzɔe sia kpɔkpɔ dze sii le bɔbɔe elabena eya koe nye anyigba dzi dukɔ si bɔbɔa eɖokui ɖe Kristo Fia la te, eye esia wɔe be womenye Satana ƒe xexeame ƒe akpa aɖeke o. (Yohanes 17:16) Eyata wonya emeviwo be ‘woléa agbenɔnɔ nyui me ɖe asi le dukɔwo dome.’ Wonɔa agbe si kɔa Mawu ŋu. (Petro I, 2:12) Gawu la, le afisiafi si wole le xexeame la, wonye “Mawu gbagbe la ƒe hame kple nyateƒe ƒe gɔmeɖoɖoanyi sesĩ la ƒe sɔti.” (Timoteo I, 3:15) Esi wonye nyateƒe la ƒe gɔmeɖoɖoanyi ta la, wogbea trɔ̃subɔsubɔ me nufiafia siwo Kristodukɔa fiana, eye woʋlia “gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ”—Mawu ƒe Nya Biblia la ta. (Petro I, 2:2) Wotsɔa dzonɔameme ɖea gbeƒã Fiaɖuƒe nyanyuia le “nuwɔwɔ siwo katã le dziƒo te” me hã. (Kolosetɔwo 1:23) Ðe ame aɖe ake ɖi be menye “Mawu ƒe Israel” ƒe ame susɔeawo, Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame lae nye dukɔ sia oa? Kura o!—Galatiatɔwo 6:16

Wodzi Dukɔ La

3. Ƒo nu tso “dukɔ dzɔdzɔe” sia ƒe dzɔdzɔ ŋu.

3 Ɣekaɣie “dukɔ dzɔdzɔe” sia dzɔ? Woƒo nu tso alesi wòdze egɔmee ŋu le Yesaya ƒe agbalẽa me. Míexlẽ le Yesaya 66:7, 8 be: “[Zion adzi vi] hafi woava lé ku, woadzi ŋutsuvi, hafi fu nava ɖu wo. . . . Zion ya lé ku, eye wodzi viawo zi ɖeka.” Le mɔ si wɔ nuku wu nu la, Zion, Mawu ƒe dziƒohabɔbɔ la, dzi “ŋutsuvi” hafi va lé ku. Wodzi Mesia Fiaɖuƒea le dziƒo le ƒe 1914 me. (Nyaɖeɖefia 12:5) Le ema megbe la, dukɔ bubu geɖe gade nu xexemeʋa gbãtɔa me, eye Kristotɔ amesiaminawo to fukpekpe gã aɖe kple yometiti me. Mlɔeba le ƒe 1919 me la, wodzi “ŋutsuvi” la ɖe anyigba dzi. Aleae Zion wɔ ‘dzi viawo’—“dukɔ dzɔdzɔe” la me tɔ siwo nye amesiaminawo—eye amesiawo wɔ ɖoɖo ɖe ɖaseɖiɖidɔ si le ta kekem ɖe edzi ɖaa la wɔwɔ ŋu.—Mateo 24:3, 7, 8, 14; Petro I, 2:9.

4. Nukatae wòhiã be Mawu ƒe dukɔ dzɔdzɔe la naʋli hafi awɔ nuteƒe?

4 Tso esime wonya dzi dukɔ sia teti ko la, wodo go nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔ sesẽwo. Nukatae? Esi wodzi dziƒo Fiaɖuƒea teti ko la, wonyã Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo tso dziƒo ɖo ɖe anyigba dzi. Gbe gã aɖe ɖe gbeƒãe be: “Azɔ xɔname kple ŋusẽ kpakple fiaɖuƒe la zu mía Mawu la tɔ, eye ŋusẽ la zu eƒe Kristo la tɔ; elabena wotsɔ mía nɔviwo nutsola, si nɔa wo nu tsom le Mawu ƒe ŋku me zã kple keli la, ƒu gbe. Eye woɖu edzi to alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi ƒe nya la me, eye womelɔ̃ woƒe agbe o vaseɖe ku me.” Satana kpɔ dziku gã aɖe ɖe alesi nuwo trɔe alea la ŋu eye “wòdzo yi aʋa wɔ ge kple nyɔnua ƒe ƒome, siwo susɔ, amesiwo léa Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si la.” Esi Satana dze Kristotɔ amesiaminawo dzi la, wonɔ te sesĩe. Va de asi na egbegbe la, Mawu ƒe dukɔ dzɔdzɔe la me vi siwo me dzo le yia edzi ɖea Yesu ƒe ʋu si xɔna na ame la dzixɔse fiana eye wotsɔa woƒe nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi na Yehowa ɖoa nya ŋu na alɔmeɖela gãtɔ “vaseɖe ku me” ke hã.—Nyaɖeɖefia 12:1, 5, 9-12, 17; Lododowo 27:11.

5. Míaƒe ɣeyiɣia me Ðasefowo ƒe nɔnɔme nyui kae kpe ɖe wo ŋu wowɔ nuteƒe?

5 Le ƒe 1919 me, esime Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti ɖaseɖiɖi egbegbe tɔa dze egɔme la, Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi la, mede ha o gake xɔse sesẽ nɔ wo si. Wozu ‘du sesẽ si wotsɔ xɔname wɔ gli kple ʋewoe na’ la ƒe gɔmeɖoanyi. Woƒe ŋuɖoɖeŋu nɔ ‘Yah, Yehowa si nye Agakpe tegbee’ la ŋu. (Yesaya 26:1, 3, 4) Abe Mose si nɔ anyi le blema ene la, woɖe gbeƒãe be: “Mele Yehowa ƒe ŋkɔ kafu ge, mide bubu Yehowa, mia Mawu la ŋu! Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.”—Mose V, 32:3, 4.

6. Mɔ ka nue Yehowa yra eƒe amewo le le ŋkeke mamle siawo me?

6 Tso ɣemaɣi ke la, ɖoɖo si Mawu Fiaɖuƒea wɔ la ƒe agbowo le ʋuʋu ɖi gbadzaa esi woƒo Kristotɔ amesiamina 144,000 la ƒe ame susɔeawo nu ƒu eye fifia ‘alẽ bubuawo’ le kpekpem ɖe wo ŋu le gbeƒãɖeɖe tso Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ƒe tameɖoɖowo ŋu me. (Yohanes 10:16) Eyata woate ŋu aɖe gbeƒãe dzidzɔtɔe be: “Èna dukɔ la dzi ɖe dzi, Yehowa, èna dukɔ la dzi ɖe edzi, ède bubu ɖokuiwò ŋu, eye nèkeke anyigba ƒe liƒowo katã ɖe nu.” (Yesaya 26:15) Ne míelé ŋku ɖe xexeame katã ƒe agblea dzi egbea la, míekpɔa alesi gbegbe nya mawo nye nyateƒee! Le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽ me la, woɖe gbeƒã le Kristo ƒe Fiaɖuƒe si wodzi yeyee ŋu “vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔwɔwɔwo 1:8) Míate ŋu akpɔ afisi takeke ma ɖo le Yehowa Ðasefo Siwo Le Xexeame Katã ƒe Ƒe 1994 Subɔsubɔƒea ƒe Akɔntabubu si dze le axa 12 vaseɖe 15 me.

Gbeƒãɖelawo ƒe Agbɔsɔsɔ Yeye

7, 8. (a) Kpeɖodzi kawoe li be Mawu ƒe amewo ‘didi woƒe avɔgbadɔkawo ɖe enu’? (b) Ne èlé ŋku ɖe Ƒe 1994 Subɔsubɔƒea ƒe Akɔntabubua ŋu la, afikawoe nèkpɔ be wole ‘liƒowo kekem ɖe enu’ wòɖe dzesi le?

7 Lé ŋku ɖe akɔntabubu sia me nu vevi aɖewo ŋu. Fiaɖuƒe gbeƒãɖela siwo le gbeadzi ƒe agbɔsɔsɔ gãtɔ ɖo 4,914,094! Dzidzɔ gã kae nye si wònyena be míakpɔ woanɔ “ameha gã si . . . tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me, [siwo do] awu ʋlaya ɣiwo” la nu ƒom ƒu! Ẽ, amesiawo hã nye nuteƒewɔlawo. “Wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me,” wobu dzɔdzɔenyenye na wo le esi wotsɔ Yesu ƒe tafevɔsa la dzixɔse wɔ dɔe ta.—Nyaɖeɖefia 7:9, 14.

8 Vevietɔ tso ƒe 1919 me heyina la, amekpekpea yi na Yehowa ƒe habɔbɔa be: “Keke wò agbadɔ ƒe nɔƒe ɖe nu, eye nahe wò agbadɔvɔ me, megahe asi ɖe megbe o! Didi wò kawo ɖe nu, eye naƒo wò tsyotiwo ɖe to!” (Yesaya 54:2) Esi woxɔ amekpekpe sia la, woyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi kple ŋusẽ blibo, le Yukon, du si me sno sɔŋ xɔ, si le Alaska ƒe liƒo dzi, afisi mɔɖelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe le si dɔa dzi le nɔnɔme sesẽwo me le afisi xexeme fana miamiamia ɖoa dzeside -45° vaseɖe -50° C. wòdea kwasiɖa geɖe ɣeaɖewoɣi. Le nyitsɔ laa ƒe ƒe siawo me la, ameha gbogbo aɖe le zi ƒom kabakaba ɖe Yehowa ƒe dukɔ si léa nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la ŋu. Wogaʋu agboa wòkeke ɖe dzi be wòaxɔ amesiawo tso Asia-nyigba siwo dzi Kristodukɔa meɖu o dzi, tso anyigba siwo dzi Kɔmiunisttɔwo ƒe asi sẽ ɖo dzi, tso Afrika-dukɔ geɖewo me, tso dukɔ siwo me Katolikotɔwo xɔ aƒe ɖo, abe Italia, Spania, Portugal, kple Dziehe Amerika ene. Amesiwo wonyã de gbe tso wo de hã va zu dɔwɔƒe bubu. Le kpɔɖeŋu me, le England la, Ðasefowo le dutagbe 13 dolawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔm.

‘Minɔ Esia Wɔwɔ Dzi’

9. (a) Nukae ƒe 1994 Ŋkuɖodzia ɖuƒe valawo ƒe agbɔsɔsɔ la fia? (b) Dukɔ siwo me Ŋkuɖodzia ɖuƒe valawo ƒe agbɔsɔsɔ yi ŋgɔ le etɔxɛe dometɔ aɖewo ɖe?

9 Nu ɖedzesi bubu le ƒea ƒe akɔntabubua mee nye Ŋkuɖodzia ɖuƒe valawo. Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, eɖo ŋkuɖodzi si woatsɔ anɔ ŋku ɖom eƒe ku dzii anyi eye wògblɔ na eyomedzelawo be: “Miwɔ esia ne miatsɔe aɖo ŋku dzinye.” (Korintotɔwo I, 11:24) Enye dzidzɔ be le ƒe 1994 me míekpɔ ame 12,288,917—si sɔ gbɔ zi gbɔ zi eve wu gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme—wova kpe ta le wɔwɔ ɖe sedede ma dzi me, abe eɖulawo alo eteƒekpɔlawo ene. Le dukɔ aɖewo me la, ne womã ŋkuɖodzia valawo ɖe gbeƒãɖelawo nu la, vavalawo ƒe xexlẽmea gayi dzi wu ema kura. Enye dzidzɔ na gbeƒãɖela 4,049 siwo le Estonia, Latvia, kple Lithuania be ame 12,876 va Ŋkuɖodzia ɖuƒe, esi wu woƒe gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ ƒe teƒe etɔ̃. Eye ame 16,786 siwo va Ŋkuɖodzia ɖuƒe le Benin la nye woƒe gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme ƒe teƒe atɔ̃ kloe. Ame 831 ye va le hame aɖe si me gbeƒãɖela 45 le me!

10. (a) Agba kae Ŋkuɖodzia ɖuƒe valawo ƒe agbɔsɔsɔ gã la da ɖe mía dzi? (b) Ƒo nu tso nusi ate ŋu adzɔ ne wokpe ɖe Ŋkuɖodzia ɖuƒe valawo ŋu yi ŋgɔe ŋu.

10 Enye dzidzɔ na Yehowa Ðasefowo be ɖetsɔlemetɔ geɖe va kpe ɖe yewo ŋu le wɔna tɔxɛ sia wɔƒe. Fifia wodi be yewoakpe ɖe amesiawo ŋu be woayi ŋgɔ le woƒe nugɔmesese kple nyateƒea lɔlɔ̃ me. Wo dometɔ aɖewo awɔ nu abe Alla si le Russia ene. Alla nɔ nu srɔ̃m kple nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe gake menɔ ŋgɔ yim tututu o, eyata wotɔ te nua sɔsrɔ̃. Gake esi wokpe Alla va Ŋkuɖodzia ɖuƒe la, elɔ̃ va. Kpekpe ma si ŋu asixɔxɔ tɔxɛ le wɔ dɔ ɖe edzi vevie. Esi wògbɔ va aƒeme la, etsɔ eƒe legbawo katã ƒu gbe eye wòdo gbe ɖa na Yehowa be nekpe ɖe ye ŋu. Le ŋkeke eve megbe la, nɔvinyɔnu mɔɖela la trɔ va be yeakpɔ alesi Alla se vivi na Ŋkuɖodziae ɖa. Woɖo dze si ɖe vi ŋutɔ. Wogadze Alla ƒe nusɔsrɔ̃a gɔme ake. Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi wòdze ɖaseɖiɖidɔa gɔme o. Nuteƒekpɔkpɔ sia fia alesi gbegbe tɔtrɔ yi amesiwo va Ŋkuɖodzia ɖuƒe le vevie. Ame geɖe awɔ nu abe Alla ene.

‘Mígagblẽ Ƒuƒoƒo Kple Mía Nɔewo Ði O’

11-13. (a) Nukae nye dukɔ dzɔdzɔe la ƒe nuteƒewɔwɔgbenɔnɔ ƒe akpa aɖe? (b) Nukata wòhiã be nyateƒe Kristotɔwo nade kpekpewo?

11 Ŋkuɖodziae nye kpekpe vevitɔ na Yehowa Ðasefowo, gake menye eya koe nye kpekpe si le wo si o. Yehowa Ðasefowo kpea ta kwasiɖa sia kwasiɖa le wɔwɔ ɖe apostolo Paulo ƒe nyawo dzi me be: “Míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi ame aɖewo wɔna ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.” (Hebritɔwo 10:24, 25) Wodea ha kple Yehowa ƒe dukɔ dzɔdzɔe la si ƒe nuteƒewɔwɔgbenɔnɔ dzena le eŋu. Nuteƒewɔwɔgbenɔnɔ ƒe akpa aɖee nye kpekpewo dede nuteƒewɔwɔtɔe.

12 Ðaseɖiɖiwo ɖo kpe edzi be wose esia gɔme nyuie le Philippines, afisi amesiwo dea kpekpewo le dukɔa me godoo nye gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ ƒe dzidziɖedzi 125 le alafa me. Ðasefowo kple ɖetsɔlemetɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si le Argentina hã se eme nyuie. Afisi wole kple Fiaɖuƒe Akpataa dome ƒe didime ade kilometa 20. Gake nutome sue dzikpɔla la ka nya ta be kpekpe metoa wo ŋu gbeɖegbeɖe o negbe dɔe wo dometɔ aɖe dze. Wonɔa keke siwo sɔ tena me alo wodoa sɔ gaƒoƒo geɖe tsɔ yinae, eye le vuvɔŋɔli la, wozɔa mɔ zã esi viviti do.

13 Esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum kabakaba la, sesẽm ɖe edzi koe agbea le, kuxiwo le dzidzim ɖe edzi, eye kpekpewo dede edziedzi ate ŋu anye dɔ blibo. Gake le nɔnɔme siawo me la, míehiã gbɔgbɔmenuɖuɖu kple vividodoɖeameŋu ƒe hadede si míakpɔ le kpekpe siawo me wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe.

‘Tso ɖe Eŋu Kpla’

14. Nukatae Yehowa Ðasefowo tsɔa hiahiã kpata ƒe vevienyenye wɔa woƒe subɔsubɔdɔ lae, eye akɔntabubu kawoe ɖo kpe esia dzi?

14 Le ƒe si va yi me la, Katolikoha si le Italia la gblɔ tso Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa ŋu be enye “dzimetɔtrɔ na amewo akpasesẽtɔe.” Gake le nyateƒe me la, Ðasefowo ƒe nuwɔna aɖeke menye akpasesẽnu o. Ðe woƒe subɔsubɔdɔa nye lɔlɔ̃ deto si le wo me na wo haviwo la ɖeɖefia boŋ. Egaɖo kpe edzi hã be wowɔna ɖe Paulo ƒe nya siawo dzi be: “Ðe gbeƒã nya la, nɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o.” (Timoteo II, 4:2) Hiahiã kpata ƒe seselelãme ʋãa Yehowa Ðasefowo be wowɔa woƒe subɔsubɔdɔa kple dzo, abe alesi nàte ŋu akpɔe le gaƒoƒowo ƒe agbɔsɔsɔ si nye 1,096,065,354 siwo wozã le ƒe 1994 me le gbeƒãɖeɖe na wo haviwo, tɔtrɔyiwo wɔwɔ, kple Biblia-nusɔsrɔ̃ 4,701,357 wɔwɔ kwasiɖa sia kwasiɖa me ene. Ame geɖe te ŋu ge ɖe mɔɖeɖedɔa me, si fia be mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ nu gasẽ le wo me kokoko. Mɔɖelawo ƒe mamã dedie si nye 636,202 le xexeame katã nye esia ƒe kpeɖodzi.

15, 16. (a) Aleke mía dometɔ ɖesiaɖe, míeɖanye ame tsitsiwo alo ɖeviwo o, ate ŋu aɖe mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ afiae? (b) Ne èlé ŋku ɖe dukɔwo ŋu ɖekaɖekae le Ƒe 1994 Subɔsubɔƒea ƒe Akɔntabubu me la, afikae nèkpɔ be mɔɖelawo bɔ ɖo ŋutɔ?

15 Mɔɖela siawo dometɔ geɖe nye sɔhɛwo. Le United States la, gbesiagbe mɔɖela aɖewo nye amesiwo le suku kɔkɔ eye wobua woƒe sukuhatiwo woƒe anyigbamamãe. Sɔhɛ siawo kpɔe be mɔɖeɖedɔae nye mɔ nyuitɔ kekeake si nu yewoato atɔ kpɔ ɖe yewo ɖokui ŋu tso atike vɔ̃ɖiwo zazã, agbegbegblẽnɔnɔ, kple ŋutasesẽnuwɔwɔ siwo bɔ ɖe suku geɖe me le dukɔ ma me la si me. Sɔhɛ bubu geɖe hã ɖoe wònye woƒe taɖodzinu be yewoawɔ mɔɖeɖedɔa ne yewowu suku nu. Irina si le Ukraine wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le eƒe suku kɔkɔ deɣi katã be yeatsɔ adzra ɖo ɖe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu ne yewu suku nu. Esi wòwu sukua nu la, eƒe ƒomea ɖoe be yewoana ŋutilã me kpekpeɖeŋui be wòawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa ɖe yewo teƒe. Ganyawo mebɔbɔ le Ukraine o. Gake Irina gblɔ be: “Menya be dɔ si anye agbe na amesiwo meɖea gbeƒã na ke menye na nye ɖeɖeko o wɔm mele.” Le nyateƒe me la, enyea dzidzɔ gã aɖe be nàkpɔ sɔhɛ gbogbo siawo gbegbe woƒe susu nasɔ kple Irina tɔ. Mɔ kae gali si nyo wu si nu ‘woaɖo ŋku wo Wɔla Wɔnuku la dzi le le woƒe ɖekakpui alo ɖetugbi me ŋkekewo me’ wu esia?—Nyagblɔla 12:1.

16 Mɔɖelawo dometɔ geɖewo zu ame tsitsiwo. Nyɔnu aɖe ka nya ta be le xexemeʋa evelia me la, wowu ye fofo kple ye nɔviŋutsu le aʋagbedzi, eye wowu ye dada kple ye nɔvinyɔnu le afisi wosika wo ɖo. Emegbe nyɔnu sia ƒe viŋutsuvi hã va ku. Fifia esi wòzu ame tsitsi eye lãme megale esi o la, Yehowa na ƒome si lolo wu esi nɔ esi tsã lae le Kristo-hamea me. Eye dzi dzɔnɛ le kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu me le gbesiagbe mɔɖeɖedɔa me.

17, 18. Aleke mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu aɖe mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ afiae, míeɖanye mɔɖelawo alo míenyee o?

17 Enye nyateƒe be menye amesiamee ate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa ya o. Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe nu ewolia blibo la katã ŋu, esi nye nu nyuitɔ kekeake si míate ŋu ana, eɖanye nɔnɔme ka ke mee míeɖale o. (Maleaxi 3:10) Le nyateƒe me la, mí katã míate ŋu atu mɔɖela dzonɔamemetɔ siawo ƒe gbɔgbɔ ɖo eye míawɔ nusianu si ŋu míaƒe nɔnɔme ɖe mɔ ɖo be míatsɔ ado gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe nyanyuia ɖe ŋgɔ.

18 Le kpɔɖeŋu me le Australia la, woɖo ƒe si va yi ƒe April 16 ɖi be wòanye ablɔdziɖaseɖiŋkeke tɔxɛ. Mɔɖelawo kple gbeƒãɖelawo wɔ ɖe edzi, abe alesi wòdze le gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si nye 58,780 si wokpɔ dzinu ma me ene. Hekpe ɖe eŋu la, womã magazine 90,000 wu esi wona le ƒe si do ŋgɔ ƒe dzinu ma ke me. Le ŋkeke tɔxɛ ma dzi la, nɔvinyɔnu aɖe na magazine ŋutsu aɖe, eye esi wòxɔ eƒe ŋkɔ kple adrɛs be yeagatrɔ ayi egbɔ la, ekpɔ be yeƒe ƒometɔe! Nɔgã-nɔɖe-vi siwo megakpɔ wo nɔewo kpɔ o ƒe 30 ye nye mae wonye. Ðikekemanɔmee la, ena wose vivi geɖe le tɔtrɔyiwɔwɔawo me!

Lé Nuteƒewɔwɔ Me Ðe Asi Yiɖaseɖe Nuwuwu

19. Nukatae wòhiã kpata be Yehowa ƒe dukɔ dzɔdzɔe la nalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi halase nuwuwu ke?

19 Ehiã vevie be Mawu ƒe dukɔ dzɔdzɔe la me tɔwo katã nalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi esime Satana ƒe xexeame ɖo kudo nu. Magadidi hafi Yehowa ƒe dukɔ kɔkɔe la nase yɔyɔ sia o be: “Nye dukɔ, yi ɖe wò xɔgã me, eye nado ʋɔ ɖe ɖokuiwò nu, ɣla ɖokuiwò vie, vaseɖe esime dziku la nu nava yi.” Mawu adrɔ̃ ʋɔnu xexeme ɖiʋufɔ sia godoo. “Elabena Yehowa ado tso enɔƒe, ne wòaxe anyigbadzitɔwo ƒe vodada ŋu fe na wo, anyigba aklo nu le eƒe ʋu dzi, eye magatsyɔ nu amesiwo wowu ɖe edzi la dzi o.” (Yesaya 26:20, 21) Mina mía dometɔ ɖesiaɖe natsi tre sesĩe abe Kristotɔ nuteƒewɔla si le ha dem kple Yehowa ƒe dukɔ dzɔdzɔe la ene. Ekema dzi adzɔ mí be míaƒe asi asu dzidzɔ si nye agbe mavɔ kpɔkpɔ dzi le Kristo ƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖua te le anyigba dzi alo le dziƒo le dziɖuɖua me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

◻ Ɣekaɣie wodzi “dukɔ dzɔdzɔe” la?

◻ Nukatae wòhiã be Mawu ƒe amewo nado dzi le ŋkeke mamle siawo me?

◻ Nukae gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme gbogbo la kple gaƒoƒo si wozã si dze le ƒe 1994 Subɔsubɔƒea ƒe Akɔntabubua me ɖe fia?

◻ Nukatae kpekpewo dede le vevie ale gbegbe esime xexe sia ƒe nuwuwu le aƒe tum kabakaba?

◻ Nukatae wòle be amesiame si dea ha kple Mawu ƒe dukɔ dzɔdzɔe la nalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi?

[Nyaɖoɖo si le axa 12-15]

YEHOWA ÐASEFO SIWO LE XEXEA ME KATAÞ ƑE ƑE 1994 SUBƆSUBƆƑEA ƑE AKƆNTABUBU

(Àkpɔe le agbalẽa ŋutɔ me)

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Nuteƒewɔla siwo le Yehowa ƒe dukɔ dzɔdzɔea me akpɔ agbe mavɔ le blibodede me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe