INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 1/1 axa 31
  • Yehowa Sesẽ Wu Eƒe Futɔwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Sesẽ Wu Eƒe Futɔwo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dɔ Nyui Siwo Nyea Kafukafu Na Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 1/1 axa 31

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Yehowa Sesẽ Wu Eƒe Futɔwo

ABOSAM kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dze agbagba tso gbaɖegbe ke be yewoato alakpasubɔsubɔ kple gbɔgbɔyɔyɔ dzi axe mɔ na gbeƒãɖeɖe nyanyuia. Biblia ƒo nu tso tame vɔ̃ si Satana ɖo ŋu le Korintotɔwo II, 4:4, afisi wògblɔ le be “xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu . . . bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyui la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.”

Gake Yehowa Mawu sesẽ wu Satana. Naneke meli Yehowa ƒe futɔwo ate ŋu awɔ atsɔ ana Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si nye be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me” la nagbe emevava o. (Timoteo I, 2:4) Nyatakaka siwo gbɔna tso Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo gbɔ le Australia la ɖe esia fia.

◻ Nyɔnu aɖe gadze Biblia xexlẽ gɔme esi wòdzudzɔ mawusubɔsubɔ ƒe 20 megbe. Ðetsɔleme yeye sia si ɖo eme ɖe Biblia ŋu la na biabia geɖe nɔ esi, eyata edo gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu yeakpɔ ŋuɖoɖo na wo. Edi be yeadi nyateƒea, gake enya be tɔtrɔ yi yeƒe subɔsubɔha xoxoa me makpɔ kuxia gbɔ o. Eyata edze eƒe numekukua gɔme esi wòyi agbalẽ xoxowo dzraƒe aɖe va bia be mawunyagbalẽ aɖewo le wo si hã.

Fiasetɔa ɖo ŋku edzi be mawunyagbalẽ aɖe le ye si gake mele fiasea me o, ele aƒeme. Agbalẽa ŋkɔe nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi, si Yehowa Ðasefowo ta. Nyɔnua xlẽ agbalẽa vevie eye wòkpɔ ŋuɖoɖo na eƒe Biblia me biabia geɖe. Eva ke ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu mlɔeba esi wòdi wo le telefon xexlẽdzesigbalẽ me, eye wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme edziedzi kpli wo.

◻ Ðetugbi aɖe na wodo boblo atiblɛ si dzram wòle la ɖe wo gbɔ nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me. Wogblɔ tso eŋu le boblododoa me be enye ‘titinaɣeyiɣi me atiblɛ si ɖo ŋusẽ ŋutɔ.’ Yehowa Ðasefo aɖe kpɔ boblododoa. Eɖoe be yeazã telefon xexlẽdzesi si woyɔ la aƒo ka na nyɔnua agblɔ afisi ŋusẽ si wogblɔ be ele atiblɛa si tso la nɛ. Numedzodzro le Biblia ƒe nukpɔsusu le gbɔgbɔvɔ̃nuwɔnawo ŋu kplɔe ɖo. Ðetugbi si nye atiblɛtɔa ʋu eme be ŋkeke ɖeka ko do ŋgɔ la, yedo gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu le kuxi siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo he va ye dzi me. Ðasefoa wɔ ɖoɖo be yewoagadzro nu me le telefon dzi.

Ðetugbia menɔ aƒeme esi wòƒo ka o. Dadae tsɔ telefon la hegblɔ be: “Nyemenya nya si nègblɔ na vinyenyɔnua o, gake nukunue dzɔ!” Egblɔ be le kaƒoƒo gbãtɔ megbe la, ye via tsɔ satanasubɔsubɔ ƒe nɔnɔmetatawo kple eŋutigbalẽ siwo katã le esi la ƒu gbe hedze Biblia xexlẽ gɔme.

Wowɔ ɖoɖo emegbe kpuie be woava srã ɖetugbia kpɔ. Elɔ̃ enumake be yeasrɔ̃ Biblia edziedzi kple Yehowa Ðasefowo. Eva nɔ ha dem kple Ðasefoawo to woƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede me hã. Yehowa gaɖu gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi ake esi wòna Biblia me nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ klẽ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe