Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta
Dɔ Nyui Siwo Nyea Kafukafu Na Yehowa
YESU gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo le eƒe Todzimawunya me be: “Mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me, bena woakpɔ miaƒe nu nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo, si le dziƒo.” (Mateo 5:16) Nenema ke, Kristotɔ vavã siwo li egbea wɔa ‘dɔ nyui’ siwo hea kafukafu vɛ na Yehowa.
Nukawoe nye dɔ nyui siawo? Gbeƒãɖeɖe nyanyuia kpe ɖe eŋu, gake míaƒe agbenyuinɔnɔ hã nye eƒe akpa vevi aɖe. Zi geɖe la, míaƒe agbenyuinɔnɔe nye nusi hea amewo ƒe susu vaa Kristotɔwo ƒe hamea dzi zi gbãtɔ. Nuteƒekpɔkpɔ siwo gbɔna ɖe alesi Yehowa Ðasefo siwo le Martinique le nanam be ‘woƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me’ la fia.
◻ Yehowa Ðasefo aɖe yi nyɔnu Katolikotɔ aɖe gbɔ esi wònɔ aƒeme yi aƒeme gbeƒãɖeɖedɔa wɔm. Nyɔnu sia nɔ ŋutsu aɖe si menye srɔ̃a o la gbɔ ƒe 25 sɔŋ. Enya Yehowa Ðasefowo ƒe nufiafia le esi wòxɔ agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi le ƒe adre siwo va yi me ta.a Nyɔnua gblɔ na Ðasefoa be: “Subɔsubɔhawo sɔ gbɔ akpa. Nyemenya ka dzie maxɔ ase le tɔtɔ siawo katã me o.” Ðasefoa ɖe eme be Biblia me koe woate ŋu akpɔ nyateƒea le eye be hafi wòake eŋu la, ele be wòasrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo nyuie ahado gbe ɖa abia Mawu ƒe gbɔgbɔ kple mɔfiafia.
Hena ɣeyiɣi aɖe la, togbɔ be Biblia sɔsrɔ̃ dzɔa dzi na nyɔnua hã la, egbe Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede le Yehowa ƒe Fiaɖuƒe Akpata me esi wokpee zi geɖee. Nukatae? Enɔ ŋu kpem vevie. Gake esi wokpee va Kristo ƒe kua ƒe Ŋkuɖodzia ɖuƒe la, eɖu eƒe ŋukpea dzi eye wòde.
Nusi wɔ dɔ ɖe edzi wu le kpekpea mee nye lɔlɔ̃ si woɖe fia le Fiaɖuƒe Akpata la me. Mekpɔ xɔlɔ̃wɔwɔ vavã sia tɔgbe le eƒe sɔleme kpɔ o! Le kpekpe ma megbe la, edze kpekpe siwo katã Ðasefo siwo le afima wɔna la dede gɔme, eye eteƒe medidi o eya kple ŋutsu si gbɔ wòle la wowɔ srɔ̃ɖeɖea. Fifia enye hamea me tɔ si xɔ nyɔnyrɔ̃.
◻ Kutsetse nyuiwo do tso Ðasefo bubu aɖe ƒe dɔ nyui wɔwɔwo me. Nɔƒe kɔkɔ nɔ esi le dɔwɔƒe aɖe. Esi woxɔ ŋutsu aɖe si tso Réunio-ƒukpoa dzi ɖe dɔa me la, dɔwɔla aɖewo nɔ fewu ɖum le eŋu le esi wònye ame kpui ta. Eva zu alɔmeɖenu. Gake Ðasefoa ya kɔa dɔme ɖe ŋutsua ŋu eye wòdea bubu eŋu ɣesiaɣi. Medidi o edze egɔme nɔ biabiam nusita eya to vovo.
Ðasefoa ɖe eme be Biblia ƒe gɔmeɖose siwo yesrɔ̃ tso Yehowa Ðasefowo gbɔe wɔe be yedea bubu ame ŋu. Eyi edzi fiae nusi Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso Mawu ƒe tameɖoɖo kple xexeme yeye ƒe mɔkpɔkpɔ si li ŋu. Ŋutsua lɔ̃ be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli ye eye wòdze Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede gɔme, eye wòɖe nyɔnu si gbɔ wònɔ la.
Etrɔ yi Réunion mlɔeba. Do ŋgɔ la, eƒe ƒometɔwo, vevietɔ nyɔnua ƒe ƒometɔwo ɖea fu nɛ vevie. Gake fifia eƒe Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ wɔ dɔ ɖe wo dzi vevie. Ŋutsua xɔ nyɔnyrɔ eye fifia enye subɔsubɔdɔwɔla. Ƒomea me tɔ geɖe, hekpe ɖe srɔ̃a kple vianyɔnuvi eve ŋu, ha nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyui gbeƒãɖelawo le Kristo-hamea me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.