INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 1/15 axa 8-9
  • Yehowa Ðasefowo le Xexeame Katã Puerto Rico

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Ðasefowo le Xexeame Katã Puerto Rico
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dɔ Yeye Aɖe
  • Woʋu Yi Puerto Rico
    Nyɔ!—1993
  • De Asixɔxɔ Mía Nɔvi Tokunɔwo Ŋu!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Tokunɔwo Kafu Yehowa
    Nyɔ!—1997
  • Menaa Nu Kple Dzidzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 1/15 axa 8-9

Yehowa Ðasefowo le Xexeame Katã Puerto Rico

PUERTO RICO si nye ƒukpo wɔnu si le anyigba xɔdzo dzi la le Carib Ƒua kple Atlantik Ƒugã la dome. Christopher Columbus xɔe na Spania le ƒe 1493 me hena ŋkɔe be San Juan Bautista tsɔ ɖo ŋku Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela dzi. Woyɔna eƒe du gãtɔ tso gbaɖegbe ke be Puerto Rico, alo “Melidzeƒe si Kesinɔnuwo Bɔ Ðo.” Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, wova tsɔ ŋkɔ sia na ƒukpo bliboa katã eye wova yɔ dugã la be San Juan.

Puerto Rico nye melidzeƒe si kesinɔnuwo bɔ ɖo le go geɖe me. Wolɔ sika gbogbo aɖe tso afima esime Spaniatɔwo dze afima dzi ɖuɖu gɔme. Fifia ƒukpoa dzi tɔwo ɖoa foŋfoŋ, kɔfi, abladzo, kple aŋuti ɖe duta, togbɔ be nuwo wɔwɔ kple nuwo dzadzraɖo me koŋ wokpɔa ga tsoe egbea hã. Gake Puerto Rico nye melidzeƒe si kesinɔnuwo bɔ ɖo le gɔmesese si le vevie wu nu.

Wodze Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia gbɔgblɔ le afisia gɔme le ƒe 1930 ƒeawo me. Egbea la, nyanyui gbeƒãɖela 25,000 kple edzivɔwoe le Puerto Rico. Dɔwɔla siwo le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdze sia la ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi tso 23 va ɖo 100 le ƒe 1993 me. Dzidziɖedzi sia hiã ale be alɔdzea nate ŋu akpɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔmeɖeɖe ɖe Spaniagbe me dzi ahana agbalẽ siawo nasu Spaniagbedola siwo ade 350,000,000 le xexeame katã la si.

Dɔ Yeye Aɖe

Alɔdzedɔwɔƒea ka nya ta hã be: “Dɔ yeye aɖe wɔwɔ ƒe mɔ ʋu ɖi le Puerto Rico elabena míele agbagba dzem be míatsɔ Fiaɖuƒegbedasia ayi na tokunɔwo. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna: ‘Menɔ dɔ wɔm le tokunɔwo dome eye meyi ɖe nyɔnu aɖe si si ɖevi sue eve le gbɔ. Esi wòkpɔ be Ðasefoe menye la, enyam enumake elabena srɔ̃a si hã nye tokunɔ la melɔ̃ Yehowa Ðasefowo o.

“‘Le ɣleti aɖewo megbe la, nyɔnu sia yi ɖasrã exɔlɔ̃ aɖe si nɔ Biblia srɔ̃m kple Ðasefowo kpɔ. Ekpɔ gome le eme eye wòvivi enu ŋutɔ. Megayi nyɔnua gbɔ ake, eye egagblɔ be ye srɔ̃ melɔ̃ Ðasefowo o. Gake edi be yease Biblia me eye sɔleme si wòdena la ti kɔ nɛ, elabena womefiaa naneke wo o. Míezã trakt aɖe tsɔ dze nusɔsrɔ̃ gɔmee. Gbeɖeka egblɔ nam be matrɔ va Memleɖa elabena ye srɔ̃ anɔ anyi. Mebiae be: “Gake melɔ̃ míaƒe nya o ɖe?” Eɖo eŋu be: “Edi be yeanya nusi koŋ miefiana.”

“‘Le ŋufɔke la, wo ame evea va nɔ ʋɔ ƒom nam! Esi biabia geɖe nɔ srɔ̃ŋutsua si ta la, mekpe wo be woava tokunɔwo ƒe kpekpewo. Enɔ afima hafi mede eye tso ekema dzi la, kpekpe aɖeke meto eŋu kpɔ o. Ele gbeƒã ɖem na tokunɔ bubuwo, ede nutome sue takpekpe aɖe, eye ele mɔ kpɔm vevie be yeaxɔ nyɔnyrɔ̃.’”

Alɔdzea ƒe nyatakaka la yi edzi be: “Le nutome gã takpekpe si míewɔ ƒe sia me la, woƒo nuƒoawo katã le tokunɔwo ƒe dzesigbe me, eyata tokunɔ geɖe kple woƒe ƒomewo va. Nu wɔdɔɖeamedzi aɖe dzɔ le nuƒo mamletɔa me esi nuƒola la ƒo nu tso dɔ si wɔm wole le tokunɔwo dome ŋu eye wògblɔ be wo dometɔ 70 va takpekpea. Woƒo asikpe gã aɖe, gake abe alesi nuƒola la gblɔe ene la, tokunɔawo mesee o. Eyata egblɔ na tokunɔawo be woanɔ nyaselawo kpɔm eye wògabia nya sia be, ‘Ðe wòdzɔ dzi na mi be mia nɔvi tokunɔwo le mia dome le afisiaa?’ eye wòbia tso nyaselawo si be woaʋuʋu asi eveawo atsɔ asi akpee. Enye nukpɔkpɔ be nàkpɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu 11,000 siwo le asi ʋuʋum tsɔ le akpe simee. Mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tokunɔwo ƒe dzidzɔ gba go eye wokpɔe be yewonye nɔviwo ƒe habɔbɔ gã la me tɔwo. Wo dometɔ geɖe fa dzidzɔvi.”

Ðikeke mele eme o be esi Yehowa Ðasefowo le gome kpɔm le nuŋeŋedɔa me le Puerto Rico ta la, ayi edzi anye melidzeƒe si kesinɔnuwo bɔ ɖo. Mawu ƒe “alẽ,” siwo wòyɔna be “dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ” la ayi edzi anɔ vavam ale be ŋutikɔkɔe nayɔ Yehowa ƒe aƒea.—Yohanes 10:16; Xagai 2:7.

[Aɖaka si le axa 9]

Dukɔa Ƒe Akɔntabubu

Ƒe 1994 Subɔsubɔƒea

ÐASEÐILAWO ƑE AGBƆSƆSƆ: 25,428

ÐASEFO 1 NA AME: 139

ŊKUÐODZIVALAWO: 60,252

MƆÐELAWO ƑE MAMÃ DEDIE: 2,329

BIBLIA NUSƆSRƆ̃ ƑE MAMÃ DEDIE: 19,012

NYƆNYRƆ̃XƆLAWO: 919

HAMEWO ƑE AGBƆSƆSƆ: 312

ALƆDZEDƆWƆƑE: GUAYNABO

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe