INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 2/1 axa 4-7
  • Nukata Wòle Be Nàtso Nya Me Fifia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukata Wòle Be Nàtso Nya Me Fifia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusita Wogbe Israel Dukɔa
  • Kristodukɔa ƒe Xɔsegbegbe Gã La
  • Maganya Ðɔ Ðo Oa?
  • Fifiae Wòle Be ‘Woado Go tso Eme’
  • Woɖo Alakpafiaɖuƒe Aɖe Anyi
    “Wò Fiaɖuƒe Nava”
  • Mawu Vavã la Kple Wò Etsɔ Me
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Xɔsegbegbe la—Exe Mawu Didi ƒe Mɔ La
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Nusita Xexemesubɔsubɔ-Hawo Ava Nuwuwu Ðo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 2/1 axa 4-7

Nukata Wòle Be Nàtso Nya Me Fifia?

LE ƑE alafa 16 lia D.M.Ŋ. me la, Mawu tia Israel-viwo wozu “[etɔ] koŋ le dukɔwo katã dome, . . . dukɔ kɔkɔe.” (Mose II, 19:5, 6) Eteƒe medidi hafi wogblẽ woƒe kɔkɔenyenye kple woƒe subɔsubɔ ƒe dzadzɛnyenye me hena mɔ dukɔ siwo ƒo xlã wo ƒe trɔ̃subɔsubɔ kple nuwɔna gbegblẽwo ƒo ɖi wo o. Woto esia me ɖee fia be yewonye “dukɔ kɔlialiatɔ.” (Mose V, 9:6, 13; 10:16; Korintotɔwo I, 10:7-11) Le Yosua ƒe ku megbe ƒe siwo wu alafa etɔ̃ me la, Yehowa ɖo ʋɔnudrɔ̃la siwo nye kplɔla anukwaretɔwo siwo wòle be woatrɔ Israel-viwo ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu hafi. Gake dukɔa “[meɖe] asi le woƒe nuwɔwɔ kple tamesesẽ ŋu o.”—Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:17-19.

Le ema megbe la, Mawu ɖo fia kple nyagblɔɖila anukwareɖilawo ɖa be woade dzo dukɔa me ne woatrɔ ava tadedeagu vavãtɔ gbɔ. Nyagblɔɖila Azarya de dzi ƒo na Fia Asa kple eƒe dukɔmeviwo be woadi Yehowa: “Ne miedii la, ana be, miakpɔe; ke ne miegblẽe ɖi la, eya hã agblẽ mi ɖi.” Asa ɖɔ mawusubɔsubɔ ɖo le Yuda-fiaɖuƒea me. (Kronika II, 15:1-16) Emegbe eva hiã be Mawu nato eƒe nyagblɔɖila Yoel dzi agbugbɔ amekpekpe ma agblɔ. (Yoel 2:12, 13) Emegbe Zefanya gava xlɔ̃ nu Yuda-nɔlawo be ‘woadi Yehowa.’ Fia Yosiya si nye sɔhɛ la wɔe nenema le ɖɔɖɔɖodɔ si wòwɔ tsɔ ɖe trɔ̃subɔsubɔ kple nugbegblẽwɔwɔwo ɖa me.—Zefanya 2:3; Kronika II, 34:3-7.

Togbɔ be dukɔa trɔ dzime ɣeaɖewoɣi alea hã la, gbegblẽm ko woƒe mawusubɔsubɔ ƒe nɔnɔmewo nɔ ɖe edzi. (Yeremya 2:13; 44:4, 5) Yeremya bu fɔ subɔsubɔnuɖoanyi si trɔ̃subɔsubɔnuwɔnawo ƒo ɖii la, eye wògblɔ be womagate ŋu aɖɔe ɖo o: “Ne ame yibɔ ate ŋu atrɔ eƒe ŋutigbalẽ, eye lãkle atrɔ eƒe agbalẽ ŋɔtaŋɔta la, ekema mi, amesiwo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mã la hã, miate ŋu awɔ nu nyui.” (Yeremya 13:23) Esia ta Mawu he to na Yuda-fiaɖuƒea vevie. Wotsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa le ƒe 607 D.M.Ŋ. me, eye wolé amesiwo tsi agbe la kluviwoe yi Babilon, afisi wonɔ ƒe 70 sɔŋ.

Esi ɣeyiɣi ma va yi la, Mawu kpɔ nublanui na wo. Eʋã Fia Kores wòna ablɔɖe Israel-vi susɔeawo dometɔ aɖewo wotrɔ yi Yerusalem be woava gbugbɔ gbedoxɔa atu. Le esi teƒe be woasrɔ̃ nu tso nusiawo katã me la, wogatrɔ ɖa le tadedeagu vavãtɔ ŋu, hena Yehowa Mawu gbugbɔ eƒe amekpekpe la gblɔ ake be: “Mitrɔ ɖe ŋunye, ekema nye hã matrɔ ɖe mia ŋu.”—Maleaxi 3:7.

Nusita Wogbe Israel Dukɔa

Aleke Israel-viwo ƒe mawusubɔsubɔ nɔ le Yesu ŋɔli? Alakpasubɔsubɔhakplɔlawo nye ‘mɔfiala ŋkuagbãtɔ’ siwo fia “amewo ƒe sededewo.” ‘Wodaa Mawu ƒe se dzi le woƒe kɔawo ŋuti.’ Dukɔa tsɔ “nuyiwo” de bubu Mawu ŋu gake woƒe dzi te ɖa xaa tso egbɔ. (Mateo 15:3, 4, 8, 9, 14) Ðe woagana mɔnukpɔkpɔ dukɔ ma be wòagatrɔ dzimea? Ao. Yesu gblɔ be: “Woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ, si atse ku la.” Egblɔ kpee be: “Woagblẽ miaƒe aƒe,” si nye Yerusalem-gbedoxɔa “ɖi na mi.” (Mateo 21:43; 23:38) Woƒe vodadawo sɔ gbɔ akpa. Wogbe Yesu Mesia la hena wowui eye wotia Roma Kaisaro ameteɖeanyila be eyae nye yewoƒe fia.—Mateo 27:25; Yohanes 19:15.

Israel-viwo medi be yewoase egɔme be Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi nye ʋɔnudrɔ̃ɣi o. Yesu gblɔ na Yerusalem-nɔla anukwaremaɖilawo be: “Mèdze si wò kpɔkpɔɖaɣi o.”—Luka 19:44.

Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, Mawu ɖo dukɔ yeye aɖe si nye Via, Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la amesiaminawo anyi, si me tɔwo woatia tso ameƒomevi kple dukɔ ɖesiaɖe me. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; 15:14) Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe nɔ anyi be woaɖɔ Yuda-subɔsubɔnuɖoanyi la ɖo mlɔebaa? Roma-ʋakɔwo ɖo nya ma ŋu le ƒe 70 M.Ŋ. me esi wotsrɔ̃ Yerusalem gbidigbidi. Mawu gbe subɔsubɔnuɖoanyi ma keŋkeŋ.—Luka 21:5, 6.

Kristodukɔa ƒe Xɔsegbegbe Gã La

Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la hã zu “dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ.” (Petro I, 2:9; Galatiatɔwo 6:16) Gake Kristo-hame gbãtɔ la gɔ̃ hã mete ŋu lé eƒe mawusubɔsubɔ dzadzɛ la me ɖe asi eteƒe didi o.

Ŋɔŋlɔawo gblɔe ɖi be xɔsegbegbe, alo megbedede tso xɔse vavãtɔ gbɔ, ava. Yesu ƒe kpɔɖeŋu me gbe wuwlui siwo nye alakpa Kristotɔwo ate kpɔ be yewoavu tsyɔ kpɔɖeŋu ƒe lu, alo Kristotɔ vavã siwo wotsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ si ami na la dzi. Lododoa ɖee fia be alakpa Kristotɔnyenye si Mawu ƒe futɔ gãtɔ, Abosam, do ɖe ŋgɔ la ƒe takeke adze egɔme “esi amewo dɔ alɔ̃.” Esia va eme le Kristo ƒe apostolo anukwareɖilawo ƒe ku megbe esime esia he gbɔgbɔmelɔ̃dɔdɔ vɛ. (Mateo 13:24-30, 36-43; Tesalonikatɔwo II, 2:6-8) Abe alesi apostoloawo gblɔe ɖi ene la, alakpa Kristotɔ geɖe va tra ɖe ha la me. (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30; Timoteo I, 4:1-3; Timoteo II, 2:16-18; Petro II, 2:1-3) Yohanes ye nye apostolo mamletɔ si ku. Le ƒe 98 M.Ŋ. me lɔƒo la, eŋlɔe bena “ɣeyiɣi mamletɔ” si nye apostoloawo ƒe ɣeyiɣia ƒe akpa mamlea dze egɔme xoxo.—Yohanes I, 2:18, 19.

Esi Roma-fiagã Konstantino da asi ɖe mawusubɔsubɔ kple dunyahedziɖuɖu ƒe ɖekawɔwɔ dzi la, Kristodukɔa ƒe gbɔgbɔmenɔnɔme, nufiafia, kple agbenɔnɔ va gblẽ kura. Ŋutinyaŋlɔla geɖe lɔ̃ ɖe edzi be “Sɔlemeha la ƒe aʋadziɖuɖu le ƒe alafa enelia me” nye “afɔku” le Kristotɔwo ƒe nukpɔsusu nu. ‘Kristodukɔa bu eƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔ la’ hexɔ trɔ̃subɔsubɔnuwɔna kple xexemenunya geɖe, abe “tadedeagu na Maria” kple “ame kɔkɔewo” subɔsubɔ, kpakple Mawuɖekaetɔ̃nufiafia ene, de eme.

Le Kristodukɔa ƒe alakpaʋadziɖuɖua megbe la, eƒe nɔnɔme va gblẽ ɖe edzi. Papawo ƒe sededewo kple aɖaŋuɖotakpekpewo, tsɔ kpe ɖe Ŋutasẽʋɔnudɔdrɔ̃ la, Atitsogaʋawo, kple aʋa “kɔkɔe” siwo Katolikotɔwo wɔ kple Protestanttɔwo ŋu, na wòva zu subɔsubɔnuɖoanyi si womate ŋu aɖɔ ɖo o.

William Manchester ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ A World Lit Only by Fire me be: “Ƒe alafa wuiatɔ̃lia kple wuiadelia me papawo nɔ agbe abe Roma-fiagãwo ene. Woawoe nye kesinɔtɔ gãtɔwo le xexeame, eye wo kple woƒe papatenɔlawo gakpɔ viɖe geɖe to ɖoƒe kɔkɔewo dzadzra me.” Le xɔsegbegbe gã ƒe ɣeyiɣia me la, ƒuƒoƒo suewo alo ame ɖekaɖekawo di be yewoagbugbɔ Kristotɔnyenye vavãtɔ aɖo anyi eye woɖe kpɔɖeŋu ƒe lu ƒe nɔnɔmewo fia. Wotia wo yome vevie zi geɖe ɖe ema ta. Agbalẽ ma ke gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, edze abe ɖe Kristotɔnyenye ƒe ame kɔkɔe vavãwo, Protestanttɔwo kple Katolikotɔwo siaa, va zu xɔsetakukula siwo dzo fiã yibɔɔ ene.” Ame bubu siwo woyɔna be Ðɔɖɔɖowɔlawo, abe Martin Luther kple John Calvin ene te ŋu ɖo subɔsubɔnuɖoanyi siwo gali siwo mã ɖa tso Katoliko-ha la gbɔ gake wowɔa ɖeka kplii le eƒe nufiafia veviwo me la anyi. Wokpɔ gome le dunyahehe hã me vevie.

Le Protestanttɔwo gome la, wodze agbagba be yewoawɔ nusi woyɔ be dzogbugbɔde mawusubɔsubɔ me. Le kpɔɖeŋu me le ƒe alafa 18 kple 19 lia me la, agbagbadzedze siawo na wova wɔ dutamawunyadɔgbededɔ kple ŋkubiã. Gake egbea la, Protestanttɔwo ƒe kplɔlawo ŋutɔ lɔ̃ ɖe edzi be Protestanttɔwo ƒe alẽha la ƒe gbɔgbɔmenɔnɔme mede dzi ƒo kura o. Protestanttɔ mawunyaŋununyala Oscar Cullmann lɔ̃ ɖe edzi nyitsɔ laa be “xɔse ƒe kuxiwo le sɔlemehaawo ŋutɔ dome.”

Wowɔ ɖɔɖɔɖowo kple gbugbɔgaɖɔɖowo le Katoliko-ha la hã me. Tso ƒe alafa 11 lia vaseɖe 13 lia me la, togbɔ be nunɔlawo ƒe nugbegblẽwɔwɔ keke ta eye wokpɔ hotsui geɖe hã la, woɖo saɖagaxɔmenunɔlawo ƒe ha siwo ɖea ahedadadzɔgbe heléa eme ɖe asi vevie la anyi. Gake wolé ŋku ɖe amesiawo ŋu tsitotsito eye agbalẽnyalagãwo gblɔ be nunɔlawo te wo ɖe to. Emegbe le ƒe alafa 16 lia me la, Trent ƒe Aɖaŋuɖoha la wɔ Gbugbɔgaɖɔɖo si tsi tre ɖe ɖɔɖɔɖo gbãtɔ ŋu eye Protestanttɔwo ƒe Ðɔɖɔɖo la koŋue wòtɔ ŋkui.

Le ƒe alafa 19 lia ƒe afã gbãtɔ me esime wogbugbɔ nunɔlaha ɖo anyi la, Katoliko-ha la xɔ ɖoƒe sẽŋu aɖe hekpɔ eta. Gake míate ŋu agblɔ be wowɔ ɖɔɖɔɖo ŋutɔŋutɔ aɖe be woatsɔ agbugbɔ Kristotɔnyenye vavãtɔ aɖo anyi o. Ke boŋ esiawo nye agbagba siwo wodze be woatsɔ ado ŋusẽ nunɔlahawo ƒe ŋusẽ ɖe edzi esime xexeme ƒe mawusubɔsubɔ, dunyahehe, kple hadomegbenɔnɔ nɔ tɔtrɔm.

Nyitsɔ laa le ƒe 1960 ƒeawo me la, edze abe Katoliko-ha la di be yeawɔ tɔtrɔ veviwo le sɔlemehawo katã ƒe aɖaŋuɖotakpekpe si nye Vatikan II me ene. Gake papa yeyea ɖo asi nusi woyɔ be aɖaŋuɖoha ƒe ɖɔɖɔɖo la dzi kpata be yeatsɔ abu asi sɔlemeha me tɔ siwo le tɔtrɔwɔwɔ dim ƒe nuwɔna dzii. Katolikotɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe gblɔ be ɖoɖo sia si ame aɖewo yɔna be Wojtyła ƒe gbugbɔɖoanyi la nye “Konstantinotɔnyenye ƒomevi yeye aɖe.” Abe alesi wogblɔe le Yesutɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye La Civiltà Cattolica me ene la, “kuxi sesẽwo” dze ŋgɔ Katoliko-ha la le xexeame katã, abe subɔsubɔha bubuwo ke ene: enye kuxi sesẽ elabena xɔse dzɔtsoƒe kple Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋue wòku ɖo; ele xexeame katã elabena Kristotɔnyenye ƒe akpa sia akpa ƒe nyae wònye.”

Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo mewɔ ɖɔɖɔɖo ŋutɔŋutɔ aɖeke o, eye womate ŋu awɔe hã o, elabena “nuŋeɣi” la mee woagbugbɔ Kristotɔnyenye vavãtɔ aɖo anyi le eye woaƒo kpɔɖeŋu ƒe lu la nu ƒu ɖe hame dzadzɛ ɖeka me. (Mateo 13:30, 39) Nu vlo kple nuvɔ̃ gbogbo siwo wowɔ le subɔsubɔhawo ƒe ŋkɔ me, eɖanye Kristotɔwoe wogblɔ be yewonye alo menye eyae wonye o, ana míabia be, Ðe wòasɔ be míakpɔ mɔ be Kristodukɔa aɖɔ ɖo vavãa?

Maganya Ðɔ Ðo Oa?

Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽ, alo Apokalips, ƒo nu tso kpɔɖeŋugbolo gã aɖe si ŋu ŋkɔ ɣaɣla si nye Babilon Gã la le ŋu. (Nyaɖeɖefia 17:1, 5) Ƒe alafa geɖe enye sia si Biblia-xlẽlawo dze agbagba be yewoaɖe dzesi ɣaɣla sia me. Osɔfowo ƒe hotsuikpɔkpɔ kple nugbegblẽwɔwɔ nyɔ ŋu na ame geɖe. Ame aɖewo bu be “Babilon Gã la” tsi tre ɖi na osɔfohawo. Wo dometɔ aɖewoe nye Jan Hus si nye Bohemiatɔ Katoliko-nunɔla si wotɔ dzoe agbagbee le ƒe 1415 me, kple Aonio Paleario si nye Italiatɔ si srɔ̃ nu tso amewo ƒe agbenɔnɔ ŋuti si woklã ɖe ati ŋu hetɔ dzoe le ƒe 1570 me. Wo ame evea dze agbagba be yewoaɖɔ Katoliko-ha la ɖo hekpɔ mɔ be “bubu si nɔ eŋu tsã” nagasu esi.

Nyaɖeɖefia ta 17 kple 18 ɖe nu bubu fia be Babilon Gã la tsi tre ɖi na alakpasubɔsubɔ katã ƒe xexemefiaɖuƒe.a Ðɔɖɔɖo megale “gbolo gã” sia si me subɔsubɔha geɖe le la ŋu o elabena “eƒe nuvɔ̃wo kɔ yi ɖatɔ dziƒo.” Le nyateƒe me le ƒe alafa 20 lia sia me la, subɔsubɔhawo katã kloe, menye Kristodukɔa ɖeɖeko o, ɖi fɔ le aʋawɔwɔ si yi edzi le ʋu geɖe kɔm ɖi kple agbenyuinɔnɔ dome gbegblẽ si le fu wɔm ameƒomea la me. Eyata Mawu ɖoe be yeatsrɔ̃ “Babilon.”—Nyaɖeɖefia 18:5, 8.

Fifiae Wòle Be ‘Woado Go tso Eme’

Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me vava ɖee fia be míaƒe ŋkekea nye ‘nuɖoanyi’ vɔ̃ɖi sia ƒe ‘nuwuɣi.’ (Mateo 24:3) Amesiame si di be yeade ta agu na Mawu le anukwareɖiɖi me mate ŋu awɔ eya ŋutɔ ƒe susuwo kple didiwo dzi o. Ele be ‘wòadi Yehowa esi wògale kpuiƒe,’ ẽ, ele be wòawɔe fifi laa, elabena “xaxa gã” si Yesu gblɔ ɖi la gogo. (Yesaya 55:6; Mateo 24:21) Abe alesi wònɔ le Israel-dukɔa gome ene la, Mawu maɖe mɔ ɖe mawusubɔsubɔ me nugbegblẽwɔwɔ ŋu le esi wòtsɔa eƒe dzɔdzɔ tso blema ƒoa adegbee ta ko o. Le esi teƒe be amesiwo di be yewoƒe nu nadze Mawu ŋu eye yewoakpɔ ɖeɖe la nate kpɔ be yewoadzra tɔdziʋu si anyrɔ̃ godoo la ɖo la, ele be woawɔ ɖe sedede si tso gbɔgbɔ me si le Nyaɖeɖefia 18:4 la dzi kaba boŋ: “Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso [Babilon Gã la] me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o, eye bena miagaxɔ eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o.”

Gake afikae ‘woado go’ ayi? Afika hãe woagate ŋu akpɔ ɖeɖe le? Ðe afɔku mele eme be woadi sitsoƒe le teƒe gbegblẽ oa? Aleke míawɔ adze si subɔsubɔha ɖeka kolia si ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze ɖo la? Mawu ƒe Nya la me koe míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo siwo dzi míate ŋu aka ɖo la le. (Timoteo II, 3:16, 17) Yehowa Ðasefowo le kpewòm be nàdzro Biblia me nyuie wu. Àte ŋu anya amesiwo Mawu tia wonye eƒe ‘dukɔ hena eƒe ŋkɔ,’ amesiwo ta wòakpɔ le eƒe dzikudogbe si tu aƒe la dzi.—Dɔwɔwɔwo 15:14; Zefanya 2:3; Nyaɖeɖefia 16:14-16.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Be nàdze si kpɔɖeŋu ƒe Babilon Gã la le Ŋɔŋlɔawo ƒe mɔ nyuitɔ nu la, kpɔ agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia​—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta le ƒe 1991 me ƒe ta 33 vaseɖe 37.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ne wò subɔsubɔha ƒe tɔdziʋu le nyɔnyrɔ̃m la, ke do nàyi Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe tɔdziʋu si me nàkpɔ ɖeɖe le la me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe