INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 4/1 axa 26-29
  • Alesi Kristotɔwo Wɔa Nu Ðedutoƒovlodoame Ŋui

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Kristotɔwo Wɔa Nu Ðedutoƒovlodoame Ŋui
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔɖeŋu si Yome Wòle Be Kristotɔwo Nadze
  • Ðe Wòle Be Nàwɔ Nu ɖe Ðeklemiɖeɖe Nua?
  • Nya la Sese tso Dzɔtsoƒea
  • Mègana Tsitretsiɖeŋulawo Nado Ŋɔdzi Na Wò O
  • Míaƒe Xɔse Taʋiʋli
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Woléa Fu Wo Dzodzro
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Dzi Dzɔa Wo Evɔ Wotiaa Wo Yome
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meɖea Wo Ðokui Nu Le Nya Sia Nya Si Wotsɔ Ðe Wo Ŋu La Me O?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 4/1 axa 26-29

Alesi Kristotɔwo Wɔa Nu Ðedutoƒovlodoame Ŋui

ALEKE nèsena le ɖokuiwò me ne ame aɖe do vlo wò alo gblẽ ŋuwò? Godoo la, ave wò ŋutɔ. Nenemae wònɔna na Yehowa Ðasefowoe ne nyakakamɔnuwo gblɔ nya siwo mesɔ o alo alakpanyawo ɖe wo ŋuti. Gake abe alesi Yesu gblɔe le Mateo 5:11, 12 ene la, woate ŋu akpɔ dzidzɔ kokoko.

Le kpɔɖeŋu me, Katolikotɔwo ƒe agbalẽ aɖe si le Germania gblɔ be “wobia tso Ðasefo ɖesiaɖe si be wòadzɔ ga si wòkpɔna ƒe akpa 17 vaseɖe 28 le alafa me na kɔmamã la ƒe dɔwɔƒegã.” Gake menye kɔmamãe Yehowa Ðasefowo nye o, eye lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo koŋue wotsɔ doa alɔ woƒe dɔ lae. Aʋatsonya sia flu exlẽla geɖe, si vea Yehowa Ðasefowo ŋutɔ. Gake aleke wòle be Kristotɔwo nawɔ nu ɖe nyakakamɔnuwo ƒe vlodoamenyawo ŋui?

Kpɔɖeŋu si Yome Wòle Be Kristotɔwo Nadze

Mateo ta 23 ƒo nu tso alesi Yesu bu fɔ eƒe tsitretsiɖeŋula subɔsubɔnyahelawo ɖe woƒe alakpanuwɔwɔ kple amebeble ta la ŋu nyuie. Ðe esia nye kpɔɖeŋu na Kristotɔwo egbea le alesi woawɔ nu kple ɖeklemiɖelawoe mea? Kura o. Mawu ƒe Vi la bu fɔ subɔsubɔnyahela siwo tsi tre ɖe eŋu la le eƒe ŋusẽ kple sidzedze tɔxɛ ta, eye ewɔ esia le ameha siwo nɔ to ɖom la ƒe viɖe ta.

Mateo 15:1-11 gblɔ be woɖe ɖeklemi Yesu le esi wogblɔ be eƒe nusrɔ̃lawo da le Yudatɔwo ƒe kɔnuwo dzi ta. Aleke Yesu wɔ nui? Enɔ te sesĩe. Yesu he nya kple amesiwo ɖe ɖeklemii ɣeaɖewoɣi, eye wòbu fɔ woƒe nukpɔsusu gbegblẽwo. Ne míagblɔe gbadzaa la, menye vodada egbea be Kristotɔwo nadze agbagba be yewoaɖɔ aʋatsonya siwo wogblɔ le woƒe dɔa alo nufiafiawo ŋuti ɖo, eye woatsɔ nyateƒe si me nunya le aɖe nya la me o. Wowɔa esia be woakpe ɖe anukwaretɔwo ŋu woakpɔe adze sii be ɖeklemi si woɖea Yehowa Ðasefowo nye nya siwo ŋu kpeɖodzi mele o kple ŋukpedoame.

Gake de dzesi alesi Yesu wɔ nui emegbe kpuie esi eƒe nusrɔ̃lawo ɖee fiae be: “Ènyae bena, esi farisitɔwo se nyaa la, eɖia wo nu mahã?” Farisitɔ siawo kpɔ ‘nuɖiaɖia’—menye ɖeko nya la ve wo o gake wonye tsitretsiɖeŋula dzeaglã siwo Yesu gbe. Eyata eɖo eŋu be: “Miɖe asi le wo ŋu! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye.” Numedzodzro kple futɔ vɔ̃ɖi siawo nye dzodzro, maɖe vi na ame aɖeke o, eye nyaʋiʋli dzodzro ko wòahe vɛ. (Mateo 7:6; 15:12-14; tsɔe sɔ kple 27:11-14.) Ŋuɖoɖo siwo Yesu na la fia be “ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.”—Nyagblɔla 3:7.

Yehowa Ðasefowo mekpɔa mɔ be amesiame aƒo nu nyui le yewo ŋu o. Yesu ƒe nyawo nɔa woƒe susu me be: “Baba na mi, ne amewo katã aƒo nu nyui le mia ŋuti; elabena nenema ke wo fofowo wɔ na aʋatsonyagblɔɖilawo.” (Luka 6:26) Wobia C. T. Russell si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla gbãtɔ la kpɔ be nukata meʋlia eɖokui ta le vlodoamenyawo me o. Eɖo eŋu be: “Ne ètɔ ɖe avu ɖesiaɖe si awó ɖe tawò ŋu be yeatu afɔkpoe la, màɖo didiƒe akpɔ o.”

Eyata mele be míana tsitretsiɖeŋula siwo ɖoe kplikpaa la ƒe nyawo nahe míaƒe susu ɖa le míaƒe subɔsubɔ tsɔtsɔ na Mawu dzi o. (Psalmo 119:69) Mina míaƒe susu nanɔ Kristotɔ vavãwo ƒe dɔ si nye nyanyuigbɔgblɔ la dzi. Ava eme godoo be mɔnukpɔkpɔwo asu mía si be míaɖo biabiawo ŋu eye míaƒo nu tso míaƒe dɔa ƒe vevienyenye ŋu be enaa ame nɔa agbe nyuie wu eye wòfiaa Mawu ƒe Nya lae.—Mateo 24:14; 28:19, 20.

Ðe Wòle Be Nàwɔ Nu ɖe Ðeklemiɖeɖe Nua?

Yesu gblɔ le eyomedzelawo ŋu be: “Mietso xexeame o . . . eyaŋuti xexeame le fu lém mi ɖo.” (Yohanes 15:19) Nyakakamɔnuwo ƒe nya siwo li kɔ vlodoamenyawo ɖe Yehowa Ðasefowo dzi nye fuléle sia ɖeɖefia, eye ele be míaŋe aɖaba aƒu nya siawo dzi. Gake ɣeaɖewoɣi la, nyakakamɔnuwo agblɔ nya siwo ana wòadze be womenya nu tso Ðasefowo ŋu o alo esiwo gblẽa wo ŋu alo womagblɔ wo ŋu nyateƒenyawo o. Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖewo atsɔ nya tso amesiwo bua nazã ɖe mía ŋu ƒe nyawo me. Ne míaŋe aɖaba aƒu nyakakamɔnuwo ƒe aʋatsonyawo dzi loo alo míato mɔ si sɔ nu aʋli nyateƒea ta la nɔ te ɖe nɔnɔmeawo, ɖeklemiɖela la, kple eƒe taɖodzinu dzi.

Ɣeaɖewoɣi la, woate ŋu aŋlɔ lɛta si sɔ na nuŋɔŋlɔmetola la ne wota lɛta la me nyawo katã. Gake lɛta sia ate ŋu agblẽ nya la kura. Alekee? Ame geɖe wu ava nya nu tso aʋatso xoxoa ŋu, alo agana mɔnukpɔkpɔ tsitretsiɖeŋulawo be woagata aʋatsonyawo alo dzunya bubuwo. Zi geɖe la, enyo be woagblẽ lɛta si woaŋlɔ na nuŋɔŋlɔmetola la ɖe hamemegã siwo ŋu nya la ku ɖo si me. Ne nyakakamɔnuwo ƒe nya gbegblẽ aɖe he nazãbubu vɛ la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzea ate ŋu ana hamewo nanya nu tso nya la ŋuti nyateƒenyawo ŋu, eye wòana gbeƒãɖelawo katã nate ŋu aɖe nu me nyuie na amesiwo abia nya wo.

Ðe wòle vevie be wò ŋutɔ nàkpɔ gome le nyahehe totro siawo mea? Edze ƒã be futɔwo ƒe hatsotso sia ŋue Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye “miɖe asi le wo ŋu,” migade nu eme na wo o, la ku ɖo. Susu siwo tso Biblia me le Kristotɔ nuteƒewɔlawo si be woagbe xɔsegbelawo kple woƒe nukpɔsusuwo. (Korintotɔwo I, 5:11-13; Tito 3:10, 11; Yohanes I, 2:19; Yohanes II, 10, 11) Ne anukwaretɔ aɖe di be yeanya ne nya si wotsɔ le ɖeklemi ɖem Ðasefowo nye nyateƒe loo alo nya kpakpa la, zi geɖe la wò ŋutɔ àte ŋu azã wò sidzedze nyui la aɖo nya ŋu nɛ.—Kpɔ Gbetakpɔxɔ September 1, 1986, axa 13 kple 14.

Ne wotsɔ nyakakamɔnuwo ƒe aʋatsonya aɖe tu wò la, tsɔ aɖaŋuɖoɖo si le Lododowo 14:15 la de dzi me: “Amebebewu xɔa nya sia nya dzi sena; ke nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.” Le Switzerland la, eve dɔme na ame geɖe esi nyakakamɔnu aɖe gblɔ nya wɔnublanui aɖe be nyɔnuvi Ðasefo aɖe ku le esi eƒe ƒometɔwo gbe be yewomaɖe mɔ ɖɔktawo nado ʋu nɛ o ta. Gake nenemae wòdzɔe nyateƒea? Ao. Dɔnɔa nɔ te ɖe mawusubɔsubɔdzixɔsewo dzi gbe ʋudodo, gake elɔ̃ be woada dɔ na ye ʋumadomadoe. Woate ŋu adze esia wɔwɔ gɔme ɣeyiɣimagblẽmagblẽe eye anɔ eme be ana wòatsi agbe hafi. Gake kɔdzidɔwɔlaawo he dɔwɔwɔ nɛ ɖe megbe si mehiã hafi o, vaseɖe esime wòtsi megbe akpa. Nyakakamɔnua megblɔ nyateƒenya siawo o.

Eyata da nya siawo tɔgbe kpɔ nyuie be nyateƒe kawoe le wo me hã. Míate ŋu agblɔ na nugɔmebialawo be míaƒe hamemegãwo kpɔa nya siawo tɔgbe gbɔ le lɔlɔ̃ me wòwɔa ɖeka kple Biblia ƒe mɔfiafiawo. Kuku ɖe gɔmeɖosewo ŋu le nyaŋuɖoɖo me mana míaƒo nya ta kaba o.—Lododowo 18:13.

Nya la Sese tso Dzɔtsoƒea

Le ƒe alafa gbãtɔ me la, amewo kaka aʋatsonyawo ɖi le Yesu Kristo ŋu be yewoatsɔ agblẽ eƒe ŋkɔ ŋu, eye ame aɖewo gblɔ gɔ̃ hã be enye dugbãla. (Luka 7:34; 23:2; tsɔe sɔ kple Mateo 22:21.) Emegbe Kristo-hame si woɖo yeyee la do go tsitretsiɖeŋu geɖe tso subɔsubɔhawo kple dziɖuɖuwo gbɔ. Esi “Mawu tia xexeame bometsinuwo” ta la, ame geɖe doa vlo esubɔlawo. (Korintotɔwo I, 1:22-29) Ele be Kristotɔ vavãwo nabu vlodoame si nye yometiti ƒomevi aɖe la ŋu egbea.—Yohanes 15:20.

Gake edzɔa dzi na Yehowa Ðasefowo ne amesi wole dze ɖom na medea akpa aɖeke dzi o eye wòɖea nɔnɔme si Paul ƒe amedzrowo ɖe fia le Roma la tɔgbe fiana, amesiwo gblɔ be: “Míele didim bena, míase nusi susum nèle la, atso nuwò; elabena míese bena, wogblɔ nya ɖe kɔmamã sia ŋuti le afisiafi.”—Dɔwɔwɔwo 28:22.

Ðo nya ŋu na amesiwo womegblɔ mía ŋuti nyateƒenyawo na o le tufafa me. (Romatɔwo 12:14; tsɔe sɔ kple Timoteo II, 2:25.) Gblɔ na wo be woadi Yehowa Ðasefowo ŋuti nyatakakawo tso woa ŋutɔwo gbɔ, si na wodea dzesi alakpanutsotsowo. Àte ŋu azã nya siwo Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ta siwo ƒo nu tso habɔbɔa, eƒe ŋutinya, kple eƒe nufiafiawo ŋu tsitotsito hã.a Filipo ɖo nya ŋu na Natanael ɣeaɖeɣi esi wògblɔ ko be: “Va kpɔ.” (Yohanes 1:46) Míate ŋu awɔ nenema ke. Woaxɔ amesiame si di be yeayi wo gbɔ Fiaɖuƒe Akpata me be ye ŋutɔ yeava kpɔ amesiwo ƒomevi Yehowa Ðasefowo nye ahanya woƒe dzixɔsewo la atuu.

Mègana Tsitretsiɖeŋulawo Nado Ŋɔdzi Na Wò O

Aleke gbegbe wòdea dzi ƒo na mí enye si be míanya be vlodoame menaa amewo gbea Ðasefowo zuzu o! Le television dzi numedzodzro aɖe me le Germania la, xɔsegbelawo gblɔ aʋatsonya geɖe ɖe Ðasefowo ŋu. Ekpɔla aɖe de dzesi xɔsegbelawo ƒe nyaawo be wonye nususukpɔ eye eʋãe wògadze eƒe Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Ðasefowo. Ẽ, nu nyuiwo dona tsoa dutoƒovlodoame me ɣeaɖewoɣi!—Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 1:12, 13.

Apostolo Paulo nya be ame aɖewo aɖo to “gliwo” wu nyateƒea. Eyata eŋlɔ bena: “Nɔ mo xexi le nuwo katã me, do dzi le fukpekpewo me, wɔ nyanyuigblɔla ƒe dɔ, eye nawu wò subɔsubɔdɔ la nu blibo.” (Timoteo II, 4:3-5) Eyata megaɖe mɔ woahe wò susu o, eye ‘megana’ amesiwo tsia tre ɖe ŋuwò ‘nado ŋɔdzi na wò le go aɖeke me o.’ (Filipitɔwo 1:28) Lé ɖokuiwò kpoo eye mègatsi dzi o, tsɔ dzidzɔ ɖe gbeƒã nyanyui lae, eye àkpe akɔ kple dutoƒovlodoame dzideƒotɔe. Ẽ, ɖo ŋku Yesu ƒe ŋugbedodo la dzi: “Woayra mi, ne woadzu mi, eye woati mia yome, eye woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ bubu ƒomeviwo katã ɖe mia ŋuti le tanye. Dzi nadzɔ mi, eye mitso aseye; elabena miaƒe fetu sɔ gbɔ le dziƒo; elabena nenema ke woti nyagblɔɖila, siwo dze mia ŋgɔ la yomee.”—Mateo 5:11, 12.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ agbalẽ siwo nye Yehowa Ðasefowo—Wole Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Ðekae le Xexeame Katã, Jehovah’s Witnesses in the Twentieth Century, kple Jehovah’s Witnesses—​Proclaimers of God’s Kingdom.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 27]

Esi Yesu dze ŋgɔ tsitretsiɖeŋulawo la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miɖe asi le wo ŋu.” Nuka fiam wònɔ?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]

“Woayra mi, ne woadzu mi, eye woati mia yome, eye woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ bubu ƒomeviwo katã ɖe mia ŋuti le tanye.”—Mateo 5:11

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe