INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 12/1 axa 13-18
  • Míaƒe Xɔse Taʋiʋli

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míaƒe Xɔse Taʋiʋli
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Mina Amewo Katã Nanyae be Mienye Nugɔmeselawo”
  • Ðoɖoeziɣi Kple Nuƒoɣi
  • Ne Nyadzɔdzɔgblɔlawo Gblẽ Mía Ŋu Ðe?
  • Nyanyuia Taʋiʋli le Se Nu
  • Alesi Kristotɔwo Wɔa Nu Ðedutoƒovlodoame Ŋui
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Wolé Fu Wo Ðe Woƒe xɔse ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meɖea Wo Ðokui Nu Le Nya Sia Nya Si Wotsɔ Ðe Wo Ŋu La Me O?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Ðe Yehowa Ðasefowo Nye Vivimehaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 12/1 axa 13-18

Míaƒe Xɔse Taʋiʋli

“Mikɔ Aƒetɔ Kristo la ŋu le miaƒe dziwo me, eye misu te ɖaasi, bene miana ŋuɖoɖo amesiame, si abia nya aɖe mi le mɔkpɔkpɔ, si le mia me la ŋuti.”—PETRO I, 3:15.

1, 2. Nukatae tsitretsiɖeŋu mewɔa mo yaa na Yehowa Ðasefowo o, gake nukae womedina o?

LE DUKƆ akpa gãtɔ me la, wonya Yehowa Ðasefowo katã be wonye anukwareɖilawo kple agbenyuinɔlawo. Ame geɖe bua wo be wonye aƒelika nyui siwo meɖea fu na ame o. Gake ewɔ mo yaa be wotia Kristotɔ ŋutifafalɔ̃la siawo yome madzemadzee—le aʋaŋɔliwo kple ŋutifafaɣeyiɣiwo me. Mewɔa mo yaa na wo be wotsia tre ɖe yewo ŋu nenema o. Le nyateƒe me la, wokpɔa mɔ nɛ. Elabena wonya be ‘wolé’ Kristotɔ wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la ‘ɖe ke me,’ eyata nukatae amesiwo le agbagba dzem be yewoanye Kristo yomedzela vavãwo egbea nasusu be yewo tɔ ato vovo? (Mateo 10:22) Azɔ hã Biblia gblɔ be: “Amesiwo katã dina be, yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.”—Timoteo II, 3:12.

2 Yehowa Ðasefowo media yometiti o, eye menye ɖe wokpɔa dzidzɔ ɖe fukpekpe—fedodo na wo, gamenɔnɔ, alo ŋlɔmiwɔwɔ—siwo wòate ŋu ahe vɛ ŋu hã o. Wodina be ‘yewoanɔ anyi kpoo le ŋutifafa me’ bene yewoate ŋu aɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia kplamatsemanɔmee. (Timoteo I, 2:1, 2) Edzɔa dzi na wo be subɔsubɔblɔɖe le yewo si le dukɔ akpa gãtɔ me be yewote ŋu dea ta agu, eye wotsɔa ŋuɖɔɖo blibo wɔa nusianu si woate ŋui be ‘yewoanɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me,’ eye kple dziɖuɖuwo hã. (Romatɔwo 12:18; 13:1-7) Ke nukatae ‘woléa wo ɖe ke me’?

3. Susu ɖeka ka tae woléa fu Yehowa Ðasefowo madzemadzee?

3 Kpuie ko la, susu siwo ta woti Kristotɔ gbãtɔwo yome la ke tae woléa fu Yehowa Ðasefowo madzemadzee ɖo. Gbã la, Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe woƒe subɔsubɔdzixɔsewo dzi ale gbegbe be woƒe nu medzɔa dzi na ame aɖewo o. Le kpɔɖeŋu me, wotsɔa dzonɔameme ɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia, gake zi geɖe amewo mesea woƒe dzonɔamemea gɔme o, ale be wobua woƒe gbeƒãɖeɖea be enye “dzimetɔtrɔ na ame akpasesẽtɔe.” (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 4:19, 20.) Azɔ hã womedea nu dukɔwo ƒe dunyahehewo kple aʋawɔwɔwo me o, eye ɣeaɖewoɣi wobunɛ vodadatɔe be Ðasefowo nye dumevi mawɔnuteƒewo.—Mixa 4:3, 4.

4, 5. (a) Aleke wotɔ ŋku Yehowa Ðasefowo hekaa aʋatso ɖe wo sii? (b) Zi geɖe la, amekawo koŋue nye ame vevitɔ siwo na wotia Yehowa subɔlawo yome?

4 Evelia, woɖonɛ koŋ tsɔa alakpanyawo ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu—wonyea alakpa ŋutɔŋutɔwo kpakple woƒe dzixɔsewo tɔtrɔ gboe. Ewɔe be wodzea wo dzi madzemadzee le dukɔ geɖe me. Gakpe ɖe eŋu la, le esi wodina be woawɔ atike na yewo ʋu mazãmazãe wònye didi be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe sedede be ‘woatsri ʋu’ dzi ta la, wotsɔ ŋkɔ na wo vodadatɔe be wonye “ɖevi wulawo” kple “ameɖokuiwulawo ƒe kɔmamã.” (Dɔwɔwɔwo 15:29) Gake nyateƒe lae nye be Yehowa Ðasefowo bua agbe nu vevii, eye wodina be woawɔ atike nyuitɔ kekeake si li na yewo kple yewo viwo. Kpeɖodzi aɖeke mele nutsotso si nye be Yehowa Ðasefowo ƒe vi gbogbo aɖewo kuna ƒe sia ƒe le ʋumadomado ta ŋu o. Hekpe ɖe eŋu la, le esi Biblia mekpɔa ŋusẽ ɖe amesiame dzi sɔsɔe o ta la, wotsoa Ðasefoawo nu hã be wole ƒomewo gbãm. Ke hã amesiwo nya Yehowa Ðasefowo la nya be wodea bubu gã ƒomegbenɔnɔ ŋu eye wodzea agbagba be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe sedede siwo nye be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nalɔ̃ wo nɔewo ahade bubu wo nɔewo ŋu eye be ɖeviwo nabu wo dzilawo woɖanye xɔsetɔwo alo womenyee o dzi.—Efesotɔwo 5:21–6:3.

5 Zi geɖe la, edzena be subɔsubɔha me tɔ tsitretsiɖeŋula siwo zãa ƒomedodo si le woa kple dziɖuɖumegãwo kple nyakakadɔwɔƒewo dome koŋue na wotia Yehowa subɔlawo yome kple susu be woate Ðasefoawo ƒe dɔwɔwɔwo ɖe to. Aleke wòle be mí Yehowa Ðasefowo míawɔ nu ɖe tsitretsiɖeŋu siawo ŋu—eɖanye le míaƒe dzixɔsewo kple nuwɔna loo alo le aʋatsonutsotsowo ta o?

“Mina Amewo Katã Nanyae be Mienye Nugɔmeselawo”

6. Nukatae wòle vevie be susu si da sɔ nanɔ mía si le amesiwo mele Kristo-hamea me o ŋu?

6 Gbã la, ele be nukpɔsusu nyuitɔ—Yehowa ƒe nukpɔsusu—nanɔ mía si le amesiwo mese míaƒe subɔsubɔdzixɔsewo gɔme o ŋu. Ne menye nenema o la, míana amewo nado adã ɖe mía ŋu alo ado vlo mí dzodzro. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Mina amewo katã nanyae be mienye nugɔmeselawo.” (Filipitɔwo 4:5, NW) Eyata Biblia le dzi dem ƒo na mí be susu si da sɔ nanɔ mía si ɖe amesiwo mele Kristo-hamea me o ŋu.

7. Nukae wòfia be ‘míadzra mía ɖokui ɖo ɖimaƒomaƒoe tso xexeame’?

7 Gake Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí kɔte be ‘míadzra mía ɖokui ɖo ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.’ (Yakobo 1:27; 4:4) Ameƒomea ƒe ƒuƒoƒo si le vovo na Kristotɔ vavãwo ŋue “xexeame” si wozã le afisia tsi tre ɖi na, abe alesi wòle le Biblia ƒe teƒe bubuwo ene. Ameha sia domee míele; míedoa go wo le dɔwɔƒe, le suku, kple le míaƒe nutowo me. (Yohanes 17:11, 15; Korintotɔwo I, 5:9, 10) Ke hã míedzraa mía ɖokui ɖo ɖimaƒomaƒoe tso xexeame gbɔ le mɔ sia nu esi míetsria nɔnɔme, nuƒoƒo, kple agbenɔnɔ siwo tsi tre ɖe Mawu ƒe mɔ dzɔdzɔewo ŋu. Ele vevie ŋutɔ hã be míade dzesi afɔku si le hadede kplikplikpli kple xexeme sia me, vevietɔ amesiwo mebua Yehowa ƒe dzidzenuwo ɖe naneke me kura o.—Lododowo 13:20.

8. Nukatae aɖaŋu si woɖo be míadzra mía ɖokui ɖo ɖimaƒomaƒoe tso xexeame mena ŋusẽ mí be míaɖi gbɔ ame bubuwo o?

8 Gake mele be míatsɔe be esi woɖo aɖaŋu na mí be míadzra mía ɖokui ɖo ɖimaƒomaƒoe tso xexeame ta míaɖi gbɔ amesiwo menye Yehowa Ðasefowo o la o. (Lododowo 8:13) Ðo ŋku Yuda-subɔsubɔhakplɔla siwo ŋu nya me míedzro le nyati si va yi me dzi. Subɔsubɔ si ƒomevi woɖo anyi la medze Yehowa ŋu o; eye mena ƒomedodo nyui nɔ woa kple amesiwo menye Yudatɔwo o dome o. (Mateo 21:43, 45) Le alesi zazɛ̃nyahela siawo dze wo ɖokui ŋui ta la, womebua Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔwo ɖe naneke me o. Míawo ya míeléa nukpɔsusu ɖeka ko me ɖe asi nenema hebua amesiwo menye Ðasefowo o be wonye ame ɖigbɔwo o. Abe alesi apostolo Paulo dii ene la, míawo hã míedi be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe amesiame si ase Biblia ƒe nyateƒegbedasia ŋu.—Dɔwɔwɔwo 26:29; Timoteo I 2:3, 4.

9. Aleke wòle be Ŋɔŋlɔawo me nukpɔsusu si da sɔ nakpɔ ŋusẽ ɖe alesi míeƒoa nu tso amesiwo ƒe dzixɔsewo mesɔ kple mía tɔ o ŋui dzi?

9 Ele be míaƒe nuƒoƒo le amesiwo menye Ðasefowo o ŋu nada asɔ eye wòasɔ kple Ŋɔŋlɔawo ƒe nukpɔsusu. Paulo gblɔ na Tito be wòaɖo ŋku edzi na Kristotɔ siwo nɔ Kreta-ƒukpo dzi be “woagagblɔ busunya ɖe ame aɖeke ŋuti o, woaganye dzrehelawo o, woanye ame senugɔmewo, woaɖe dɔmefafa blibo afia amewo katã.” (Tito 3:2, NW) De dzesii be wobe Kristotɔwo nagagblɔ busunya ɖe “ame aɖeke” ŋuti o—woagagblɔe ɖe amesiwo menye Kristotɔwo o le Kreta, amesiwo wonya aʋatsokaka, nutsuɖuɖu, kple kuviawɔwɔ na, gɔ̃ hã ŋu o. (Tito 1:12) Eyata masɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu be míazã gbɔɖiamenyawo ɖe amesiwo ƒe dzixɔsewo mesɔ kple mía tɔ o ŋu o. Ne míewɔa nu abe míawoe nyo wu la, mana Yehowa subɔsubɔ nadzro amewo o. Ke ne míaƒe nukpɔsusu ɖe ame bubuwo ŋu sɔ kple gɔmeɖose siwo me nugɔmesese dze le siwo le Yehowa ƒe Nya me eye míewɔ nu ɖe wo ŋu nenema la, ‘míaɖo atsyɔ̃ na Mawu ƒe nufiafia la.’—Tito 2:10.

Ðoɖoeziɣi Kple Nuƒoɣi

10, 11. Aleke Yesu ɖee fia be yenya ɣeyiɣi si nye (a) “ɖoɖoeziɣi”? (b) “nuƒoɣi”?

10 Nyagblɔla 3:7 gblɔ be: “Ðoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.” Ke afisiae kuxia le: be míanya ɣeyiɣi si me míazi kpi akpɔ tsitretsiɖeŋulawo kple esime míake nu aʋli míaƒe xɔse ta. Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso ame aɖe si de blibo le aɖaŋudzedze me ɣesiaɣi la ƒe kpɔɖeŋu me—eyae nye Yesu. (Petro I, 2:21) Enya ɣeyiɣi si nye “ɖoɖoeziɣi.” Le kpɔɖeŋu me, esime nunɔlagãwo kple dumegãwo ka aʋatso ɖe esi le Pilato ŋkume la, Yesu “meɖo nya aɖeke ŋu o.” (Mateo 27:11-14) Medi be yeagblɔ nya aɖeke si ado kplamatse Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si wòle be wòawɔ o. Edi boŋ be nusiwo yewɔ amesiame kpɔ la naɖi ɖase le ye ŋu. Enya be nyateƒea gɔ̃ hã mate ŋu atrɔ woƒe susu kple dzi siwo me yɔ kple dada o. Eyata eŋe aɖaba ƒu woƒe nutsotsoa dzi heɖoe koŋ be yemaƒo nu o.—Yesaya 53:7.

11 Gake Yesu nya ɣeyiɣi si nye “nuƒoɣi” hã. Ɣeaɖeɣi ehe nya sesĩe kple enutsolawo le dutoƒo, eye wòdo aʋatso woƒe alakpanutsotsoawo. Le kpɔɖeŋu me, esi agbalẽfialawo kple Farisitɔwo te kpɔ be yewoadae ɖe anyi le amewo ŋkume hegblɔ be Beelzebul dzi tom wònɔ nɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyãm la, Yesu mezi kpi be aʋatsonutsotsoawo nanɔ nenema o. Ezã nya wɔdɔɖeamedzi aɖewo siwo me susu le kple kpɔɖeŋu nyui aɖe tsɔ trɔ woƒe alakpanya la bu anyi. (Marko 3:20-30; kpɔ Mateo 15:1-11; 22:17-21; Yohanes 18:37 hã) Nenema ke esime wode Yesu asi eye wova lée hekplɔe yi Sanhedrin ŋkume la, Nunɔlagã Kayafa tsɔ ayedzedze biae be: “Metà Mawu gbagbe la na wò, be nagblɔe na mí, nenye wòe nye Kristo, Mawuvi la!” Ɣeyiɣi sia hã nye “nuƒoɣi,” elabena ne ezi kpi la, woase egɔme be egbe be menye yee nye Kristo la o. Eyata Yesu ɖo eŋu be: “Nyee!”—Mateo 26:63, 64; Marko 14:61, 62.

12. Nɔnɔme kawoe ʋã Paulo kple Barnaba be wotsɔ dzinɔameƒo ƒo nu le Ikonio?

12 Bu Paulo kple Barnaba ƒe kpɔɖeŋua hã ŋu kpɔ. Dɔwɔwɔwo 14:1, 2 gblɔ be: “[Eva] me le Ikonio bena, woa kple eve la woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me, eye woƒo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo dome ame geɖewo xɔe se. Eye Yudatɔ, siwo mexɔe se o la, de zi trɔ̃subɔlawo ƒe luʋɔwo me, eye wodo adã wo ɖe nɔviawo ŋu.” Edze le The New English Bible me be: “Gake Yudatɔ siwo gbe dzimetɔtrɔ la de zi Trɔ̃subɔlawo dome eye wogblẽ to na wo ɖe Kristotɔawo ŋu.” Esi gbedasia gbegbe meɖi ƒo na Yudatɔ tsitretsiɖeŋulaawo o la, ameŋugbegblẽ ŋue wotrɔ ɖo azɔ, nɔ agbagba dzem be yewoana Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔwo nabu nazã ɖe Kristotɔawo ŋu.a Aleke gbegbe woanya lé Kristotɔnyenye ɖe ke mee nye si! (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 10:28.) Paulo kple Barnaba kpɔe be ɣeyiɣi sia nye “nuƒoɣi,” ne menye nenema o la, amewo ƒe vlodoame ana dzi naɖe le nusrɔ̃la yeyeawo ƒo. ‘Eyata Paulo kple Barnaba wotsi afima ŋkeke geɖe hele nu ƒom kple dzideƒo’ to Yehowa, amesi na ŋusẽ wo wotsɔ wɔ nukunuwo ƒe ŋusẽ me, tsɔ ɖee fia be yekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. Nusia wɔe be ame aɖewo va “de Yudatɔwo dzi, eye bubuwo le apostolowo dzi.”—Dɔwɔwɔwo 14:3, 4.

13. Le vlodoamenyawo gbɔ kpɔkpɔ gome la, ɣekaɣie anye “ɖoɖoeziɣi” zi geɖe?

13 Ke aleke wòle be míawɔ nu ne wodo vlo mí? Nya la katã nɔ te ɖe nɔnɔmeawo dzi. Nɔnɔme aɖewo ana míazã gɔmeɖose si nye be “ɖoɖoeziɣi li.” Nenemae míawɔ nu vevietɔ ne tsitretsiɖeŋulawo ɖoe koŋ be yewoana míahe glãka gbɔlo. Mele be míaŋlɔe be o be ame aɖewo ya ɖoe koŋ be yewomedi be yewoase nyateƒea o. (Tesalonikatɔwo II, 2:9-12) Agbagbadzedze be míaɖe nu me na amesiwo tsɔ dada gbe be yewomaxɔ naneke dzi ase o la maɖe vi o. Gawu la, ne míevu ɖe amesiame si gblɔa alakpanya ɖe mía ŋu la ŋu be míahe glãka kplii la, ate ŋu ana míagblẽ dɔ si le vevie wu eye viɖe le eŋu wu ɖi—si nye kpekpe ɖe dzianukwaretɔ siwo dii ŋutɔŋutɔ be yewoanya Biblia ƒe nyateƒea ŋu. Eyata ne míedo go glãkahela siwo ɖoe be yewoaka aʋatso ɖe mía si la, aɖaŋuɖoɖo si tso gbɔgbɔ mee nye be: “Mite mia ɖokui ɖa tso wo gbɔ.”—Romatɔwo 16:17, 18; Mateo 7:6.

14. Mɔ kawo nue míate ŋu aʋli míaƒe xɔsea ta le amewo ŋkume le?

14 Gake nya sia mefia be mele be míaʋli míaƒe xɔse ta o. Elabena “nuƒoɣi [hã] li.” Esɔ be míatsi dzi ɖe anukwaretɔ siwo senɛ wogblɔa ɖeklemiɖenyawo tsɔ doa vlo mí la ŋu. Míelɔ̃ faa be míatso dzime aɖe míaƒe dzixɔsewo me na amewo; le nyateƒe me la, edzɔa dzi na mí ne míekpɔ asinu. Petro ŋlɔ be: “Mikɔ Aƒetɔ Kristo la ŋu le miaƒe dziwo me, eye misu te ɖaasi, bene miana ŋuɖoɖo amesiame, si abia nya aɖe mi le mɔkpɔkpɔ, si le mia me la ŋuti; gake miwɔe kple dɔmefafa kpakple [bubu deto].” (Petro I, 3:15) Ne amesiwo tsɔ ɖe le eme vavã bia kpeɖodziwo mí le dzixɔse siwo ŋu míeƒoa asi le o ŋu, ne wobia nya tso aʋatsonya siwo tsitretsiɖeŋulawo gblɔ ɖe mía ŋu ŋuti la, míaƒe agbanɔamedzie wònye be míaʋli míaƒe xɔse ta, eye míana ŋuɖoɖo nyuiwo tso Biblia me. Gakpe ɖe eŋu la, míaƒe agbe nyui nɔnɔ ate ŋu aɖi ɖase geɖe. Ne amesiwo medea akpa aɖeke dzi o de dzesii be míedzea agbagba vavã be míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo nu la, woate ŋu akpɔe enumake be nya siwo wotsɔ ɖe mía ŋu la nye aʋatso.—Petro I, 2:12-15.

Ne Nyadzɔdzɔgblɔlawo Gblẽ Mía Ŋu Ðe?

15. Alesi wotɔ ŋku Yehowa Ðasefowo gblɔa nya totrowo ɖe wo ŋu le nyakakamɔnuwo me ƒe kpɔɖeŋu ɖeka ɖe?

15 Ɣeaɖewoɣi wogblɔa nya totrowo ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo me. Le kpɔɖeŋu me le August 1, 1997 dzi la, Russia-nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ta ameŋugblẽnya aɖe si gblɔ nya geɖe siwo dometɔ aɖee nye be, Ðasefowo ƒe ha la bia tso hameviawo si be ‘woagbe wo srɔ̃nyɔnuwo, srɔ̃ŋutsuwo, kple wo dzilawo ne womese woƒe dzixɔsewo gɔme o eye ne womekpɔa gome kple wo le eme o.’ Amesiame si nya Yehowa Ðasefowo tututu la nya be nutsotso sia nye aʋatso. Biblia ɖee fia be ele be Kristotɔwo nalɔ̃ woƒe ƒometɔ siwo nye dzimaxɔsetɔwo ahade bubu wo ŋu, eye Ðasefowo dzea agbagba be yewoawɔ nenema. (Korintotɔwo I, 7:12-16; Petro I, 3:1-4) Ke hã wota nyatia, eye exlẽla geɖe xlẽ nya totroawo. Aleke míaɖe míaƒe xɔse nu ne wodo vlo mí?

16, 17, kple aɖaka si le axa 16. (a) Nukae Gbetakpɔxɔ gblɔ kpɔ le alesi míawɔ nu ɖe aʋatsonyatakaka siwo wogblɔ le nyakakamɔnuwo me ŋu? (b) Nɔnɔme kawo mee Yehowa Ðasefowo ate ŋu atso ɖe nyatakaka gbegblẽ siwo wogblɔ le nyakakamɔnuwo me ŋu?

16 Le go sia hã me la, “ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.” Gbetakpɔxɔ gblɔe ɣeaɖeɣi be: “Ne míaŋe aɖaba aƒu nyakakamɔnuwo ƒe aʋatsonyawo dzi loo alo míato mɔ si sɔ nu aʋli nyateƒea ta la nɔ te ɖe nɔnɔmeawo, ɖeklemiɖela la, kple eƒe taɖodzinu dzi.” Le nya aɖewo gome la, anyo wu be míaŋe aɖaba aƒu nyatakaka gbegblẽawo dzi, ale be aʋatsonya la nagaɖi hoo ɖe edzi o.

17 Le go bubuwo me la, ate ŋu anye “nuƒoɣi.” Ate ŋu anye be numevivinyawoe wogblɔ na nyadzɔdzɔŋlɔla alo nyadzɔdzɔtakala ɖɔʋu aɖe tso Yehowa Ðasefowo ŋu eye ɖewohĩ adzɔ dzi nɛ be yease nyateƒenya si ku ɖe mía ŋu. (Kpɔ aɖaka si nye “Ameŋugblẽnya aɖe Ðɔɖɔɖo.”) Ne nyatakaka gbegblẽ siwo wogblɔ le mía ŋu le nyakakamɔnuwo me na wobu nazã ɖe mía ŋu eye wòxe mɔ na míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒea teƒenɔlawo aɖe afɔ aʋli nyateƒea ta le mɔ si sɔ nu.b Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu aɖe hamemegã siwo dze bene woava gblɔ nyateƒe si le nyaa me, eye ate ŋu anye le television wɔna aɖe dzi, ne wòanye be ne míegbe yiyi afia be ŋuɖoɖo aɖeke mele Yehowa Ðasefowo si o. Nunya anɔ eme be Ðasefo ɖekaɖekawo nawɔ ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa kple eteƒenɔlawo ƒe mɔfiafia dzi le nya siawo me.—Hebritɔwo 13:17.

Nyanyuia Taʋiʋli le Se Nu

18. (a) Nukata mehiã be amegbetɔ dziɖuɖuwo naɖe mɔ na mí hafi míaɖe gbeƒã o? (b) Afɔɖoƒe kawo dzie míazɔ ɖo ne wogbe mɔ nana mí be míaɖe gbeƒã?

18 Dziƒoe míexɔ ŋusẽ tsoe be míaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia. Wotsɔ ‘ŋusẽwo katã le dziƒo kple anyigba dzi’ na Yesu, amesi de dɔ sia asi na mí. (Mateo 28:18-20; Filipitɔwo 2:9-11) Eyata mehiã be amegbetɔ dziɖuɖuwo naɖe mɔ na mí hafi míaɖe gbeƒã o. Togbɔ be ele alea hã la, míede dzesii be Fiaɖuƒegbedasia gbɔgblɔ anya wɔ ne subɔsubɔblɔɖe le mía si. Le dukɔ siwo me wona ablɔɖe mí be míade ta agu le la, míato se siwo li dzi akpɔ eta. Le teƒe siwo wogbe ablɔɖea nana mí le la, míato se siwo li dzi adze agbagba ana woana ablɔɖea mí. Menye hadomegbenɔnɔ tɔtrɔe le susu me na mí o, ke boŋ “nyanyuia taʋiʋli kpakple eɖoɖo anyi le se nu” ye.c—Filipitɔwo 1:7, NW.

19. (a) Nukae ate ŋu ado tso eme ne míebe ‘míatsɔ nusi nye Mawu tɔ la ana Mawu’? (b) Nukae míeɖo kplikpaa be míawɔ?

19 Mí Yehowa Ðasefowo míelɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye Xexeame Katã Dziɖulagã. Eƒe se ye ƒo ɖesiaɖe ta. Míetsɔa kutrikuku ɖoa to amegbetɔ dziɖuɖuwo, ale be wòanye be ‘míele nusi nye Kaisaro tɔ la tsɔm na Kaisaro.’ Gake míaɖe mɔ naneke nado kplamatsɛ míaƒe agbanɔamedzi si le vevie wu tsɔtsɔ o—si nye ‘nusi nye Mawu tɔ la tsɔtsɔ na Mawu.’ (Mateo 22:21) Míenya nyuie be nusia wɔwɔ ana dukɔwo ‘nalé mí ɖe ke me,’ gake míetsɔe be enye nusi nusrɔ̃lanyenye bia ƒe akpa aɖe. Senya siwo me Yehowa Ðasefowo to le ƒe alafa 20 lia sia me nye kpeɖodzi be míeɖoe kplikpaa be míaʋli míaƒe xɔse ta. Esi Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋu eye wòle megbe na mí ta la, míayi ‘nufiafia kple nyanyuia gbɔgblɔ dzi madzudzɔmadzudzɔe.’—Dɔwɔwɔwo 5:42.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Matthew Henry’s Commentary on the Whole Bible ɖe nu me be Yudatɔ tsitretsiɖeŋulaawo “tsɔe ɖo wo ɖokui dzi yia [Trɔ̃subɔla] ƒomevi ɖesiaɖe si wonya gbɔ, eye wogblɔa nya sia nya alo tame vɔ̃ ɖesiaɖe si woɖo la na wo, eye menye be woabu Kristotɔnyenye ha ɖigbɔe ko o ke be woabui ha vɔ̃ɖi hã.”

b Esi wota ameŋugblẽnyaa ɖe Russia-nyadzɔdzɔgbalẽa (si míegblɔ le memamã 15) me vɔ la, Yehowa Ðasefowo tsɔ nyaa yii na Russia Dukplɔha ƒe Nyadrɔ̃ƒe Wɔɖeka si Kpɔa Nyatakaka me Nyaʋiʋliwo Gbɔ heƒo koko na wo be woana woadzro alakpanutsotso siwo wota ɖe nyatia me la me. Nyitsɔ laa la, ʋɔnudrɔ̃ƒea wɔ nyametsotso aɖe si ka ŋkume na nyadzɔdzɔgbalẽa talawo ɖe ameŋugblẽnya mawo tata ta.—Kpɔ Nyɔ!, December 8, 1998, axa 12-13.

c Kpɔ nyati si nye “Nyanyuia Takpɔkpɔ le Se Nu,” si le axa 19-22.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

◻ Nukatae ‘woléa Yehowa Ðasefowo ɖe ke me’?

◻ Aleke wòle be míabu amesiwo melɔ̃ ɖe míaƒe subɔsubɔdzixɔsewo dzi o?

◻ Le nuwɔwɔ kple tsitretsiɖeŋulawo me la, kpɔɖeŋu si da sɔ kae Yesu ɖo ɖi?

◻ Ne wodo vlo mí la, aleke míazã gɔmeɖose si nye be “ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li”?

[Aɖaka si le axa 16]

Ameŋugblẽnya Aɖe Ðɔɖɔɖo

“Le Yacuiba, Bolivia la, nutoa me sɔlemeha aɖe wɔ ɖoɖo televisiondɔwɔƒe aɖe ɖe sinima si dze ƒã be xɔsegbelawoe wɔe. Le ŋusẽ gbegblẽ si wɔna ma kpɔ ɖe amewo dzi ta la, hamemegãwo ɖoe be yewoayi televisiondɔwɔƒe eve be yewoaxe fe na wo bene woaɖe video siwo nye Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name kple The Bible—A Book of Fact and Prophecy bene amesiame nakpɔ. Esi radiodɔwɔƒe aɖe ɖola kpɔ Habɔbɔa ƒe videoawo vɔ la, dzi kui ɖe ameŋugblẽnya si dze le xɔsegbelaawo ƒe wɔna la me ŋu eye wògblɔ be yeanɔ gbeƒã ɖem Yehowa Ðasefowo ƒe nutome gã takpekpe si nɔ ŋgɔ la le radio dzi wɔnawo ƒe dometsotso ɖesiaɖe me femaxee. Takpekpeayilawo sɔ gbɔ etɔgbe medzɔ kpɔ o, eye dzianukwaretɔ geɖe biaa nya vavãwo ne Ðasefoawo yi wo gbɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔ me.”—1997 Yearbook of Jehovah’s Witnesses, axa 61-2.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Ɣeaɖeɣi la, Yesu ɖe enutsolawo ƒe aʋatsonutsotsowo nu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe