Ðe Woate Ŋu Ake Ðe Mawusubɔsubɔ me Nyateƒe Ŋua?
ŊUTSU aɖe si kea ŋku ɖe gbɔgbɔmenyawo me le Sweden-du Uppsala si yunivɛsiti le ɖoe be yeaku subɔsubɔha vovovo siwo le wo dedua me ƒe dzixɔsewo me, eye eyia woƒe tadeaguƒewo gɔ̃ hã. Eɖoa to ne woƒe osɔfowo le mawunya gblɔm, eye ebia gbe hamevi aɖewo. Ede dzesii be Yehowa Ðasefowo koe ewɔ abe woka ɖe edzi be ‘yewokpɔ nyateƒea’ ene. Alesi wowɔ te ŋu ka ɖe edzi nenema la wɔ mo yaa nɛ, esi mawusubɔsubɔdzixɔse vovovowoe li ta.
Ðe wò hã nèsusu be anya wɔ be woake ɖe nusi nye nyateƒea le mawusubɔsubɔ me ŋua? Ðe wòanya wɔ gɔ̃ hã be nànya nusi woayɔ be nyateƒe matrɔmatrɔ laa?
Xexemenunya Kple Nyateƒe La
Xexemenunyasrɔ̃lawo buna be ameƒomea mate ŋu ake ɖe nyateƒea ŋutɔŋutɔ ŋu o. Ðewohĩ ènyae be woɖe xexemenunya gɔme be enye “dzɔdzɔmeŋutinunya si me wodzea agbagba le be woagblɔ afisi anyinɔnɔ kple agbe dzɔ tso.” Gake le nyateƒe me la, mete ŋu yi ŋgɔ nenema o. Swedentɔ agbalẽŋlɔla Alf Ahlberg ŋlɔ ɖe Filosofins Historia (Xexemenunya ƒe Ŋutinya) me be: “Xexemenunya ƒe biabia geɖe le ale gbegbe be womate ŋu aɖo wo ŋu tẽ o. . . . Ame geɖe buna be nusiwo gbɔ míaƒe susu mate ŋu aɖo o [le nuwo ƒe nɔnɔme ŋutɔŋutɔ ŋu] ƒe kuxiwo katã le . . . nya sia me.”
Eyata dzidzeme makpɔmakpɔ alo dzodzodzoetsitsi me koe amesiwo dzea agbagba be yewoato xexemenunya me akpɔ agbe ŋuti biabia veviwo ƒe ŋuɖoɖo la va wua enu ɖo zi geɖe. Swedentɔ nuŋlɔla Gunnar Aspelin gblɔ le eƒe agbalẽ Tankelinjer och trosformer (Susuwo Kple Mawusubɔsubɔdzixɔsewo) me be: “Nu ɖeka si míekpɔe nye be dzɔdzɔme metsɔ ɖeke le amegbetɔ me wu kpakpaluʋui kple mu o . . . Ŋusẽ mele mía ŋu o, ɖeke kura mele mía ŋu, le dzɔdzɔmeŋusẽ siwo wɔa dɔ le xexeame kple mía me la gbɔ o. Esiae nye agbe ŋuti nukpɔsusu si dzena le agbalẽwo me zi geɖe le ƒe alafa si ƒe nuwuwu amewo xɔ ŋgɔyiyi dzi se hebua etsɔ me si nyo wu ŋu.”
Ðe Wòhiã be Woaɖe Nyateƒea Afia Mía?
Edze ƒã be amegbetɔ ƒe agbagbadzedzewo ɖeɖeko mete ŋu na woke ɖe nyateƒe si ku ɖe agbe ŋuti ŋu o, eye edze be womate ŋu ake ɖe eŋu gbeɖe hã o. Eyata esɔ be míagblɔ be Mawu ƒe ɖeɖefia ƒomevi aɖe hiã mí. Nusi ame geɖe yɔna be dzɔdzɔme ƒe agbalẽ la ɖe nanewo fia mí. Ne megaƒo nu tso agbedzɔtsoƒe ŋu tsitotsito o hã la, eɖee fia ya teti be nane li si ana míakpɔ dzidzeme wu nusi amegbetɔ kpɔna tsɔtsɔ ɖe agbe gɔmee. Sɔgbe si tsina la wɔna ɖe se siwo to vovo na esiwo dzi agakpe siwo li kɔ ɖe do suesuewo me wɔna ɖo la dzi. Dzɔdzɔmenugbagbewo tua wo ɖokui ɖo hewɔa woƒe ɖoɖo le mɔ si nu nu kukuwo mate ŋu awɔ ɖo o nu. Eyata se kple mawusubɔsubɔ ŋuti nusrɔ̃la aɖe si wonya nyuie te ŋu ƒo nya ta be: “tso xexemewɔwɔ dzi la, ne wobua ta me le [Mawu ŋuti] la, wokpɔa eƒe numanyakpɔ . . . la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me.”—Romatɔwo 1:20.
Gake be míate ŋu anya amesi wɔ nuwo tutuɖo kple ɖoɖowɔwɔ siawo katã la, míehiã na ɖeɖefia bubu si yi ŋgɔ. Ðe mele be míakpɔ mɔ be ɖeɖefia sia li oa? Ðe mesɔ be míakpɔ mɔ be Amesi wɔ nugbagbewo da ɖe anyigba dzi la aɖe eɖokui afia eƒe nuwɔwɔwo oa?
Biblia la ɖee fia be yenye ɖeɖefia sia. Míegblɔa nya geɖe siwo ta wòsɔ be míalɔ̃ ɖe nya sia dzi la ɖe magazine sia me zi geɖe, eye ame butame geɖe lɔ̃ ɖe edzi hã. Nyateƒe si wonye be amesiwo ŋlɔ Biblia la di vevie be yewoaŋlɔe eme nakɔ ale be nusi yewoŋlɔ la menye yewo ŋutɔwo tɔ o la gɔ̃ hã nye nu ɖedzesi aɖe. Míekpɔe be Biblia me nyagblɔɖilawo zã nyagbɔgblɔ siawo abe “Ale Yehowa gblɔ esi” ene wu zi gbɔ zi 300 sɔŋ. (Yesaya 37:33; Yeremya 2:2; Naxum 1:12) Ðewohĩ ènya be ŋutsu kple nyɔnu siwo ŋlɔa agbalẽ alo nyatiwo dina vevie zi geɖe be yewoaŋlɔ yewoƒe ŋkɔwo ɖe nusi yewoŋlɔ te. Gake amesiwo ŋlɔ Biblia meɖe wo ɖokui fia o; ɣeaɖewoɣi la, esesẽna be míanya amesi ŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖewo.
Nu bubu si nàkpɔ be eɖe dzesi le Biblia ŋue nye ɖekawɔwɔ si le eƒe agbalẽwo me. Esia ɖe dzesi ŋutɔ ne míebu eŋu be ƒe 1,600 ye wotsɔ ŋlɔ Biblia-gbalẽ 66 mawoe. Tsɔe be èyi dutoƒogbalẽdzraɖoƒe aɖe eye nèɖe mawusubɔsubɔgbalẽ 66 siwo ŋɔŋlɔ xɔ ƒe alafa 16. Emegbe èbla agbalẽ ɖekaɖeka mawo wòzu babla ɖeka. Ðe nàkpɔ mɔ be tanya ɖeka anɔ babla ma si eye emenyawo nawɔ ɖeka? Kura o. Nukunu ko wòanye. Bu esia ŋu kpɔ: Tanya ɖekae le Biblia-gbalẽwo si, eye wowɔ ɖeka kple wo nɔewo. Esia fia be ame ɖeka si kpɔ ŋusẽ ɖe wo katã dzi, alo nuŋlɔla, aɖee fia nusi wòle be Biblia-ŋlɔlawo naŋlɔ ɖi.
Gake àgakpɔ nane si ɖo kpe edzi wu nusianu be Biblia tso Mawu gbɔ. Eyae nye nyagblɔɖiwo—nusiwo adzɔ le etsɔ me godoo siwo woŋlɔ ɖi do ŋgɔ. Biblia me ko nàkpɔ nyagbɔgblɔwo abe ‘Ava me le ɣemaɣi’ kple, “Ava me le ŋkeke mlɔeawo me” ene le. (Yesaya 2:2; 11:10, 11; 23:15; Xezekiel 38:18; Hosea 2:21-23; Zaxarya 13:2-4) Ƒe alafa geɖe hafi Yesu Kristo nava anyigba dzi la, Hebri Ŋɔŋlɔawo me nyagblɔɖiwo ƒo nu tso eƒe agbenɔnɔ ŋu—tso edziɣi vaseɖe eƒe ku dzi. Míate ŋu agblɔ nya bubu aɖeke o wu be Biblia mee nyateƒenya si ku ɖe agbe ŋu le. Yesu ŋutɔ tsɔ nya siawo ɖo kpe esia dzi be: “Wò nya la enye nyateƒe.”—Yohanes 17:17.
Mawusubɔsubɔ Kple Nyateƒe La
Amesiwo gblɔ be yewoxɔ Biblia dzi se dometɔ geɖe gɔ̃ hã xɔe se be nyateƒea ŋutɔŋutɔ gbɔ manya ɖo o. John S. Spong si nye osɔfo le United States gblɔ be: “Ele be . . . míadzudzɔ ebubu be míekpɔ nyateƒe la eye ele be amewo nalɔ̃ ɖe míaƒe nukpɔsusua dzi akpɔe be mí katã míate ŋu ake ɖe nyateƒea ŋutɔŋutɔ ŋu o.” Roma Katolikotɔ nuŋlɔla Christopher Derrick gblɔ nusiwo ta woagblɔ kakaɖedzimanɔamesinya siawo tɔgbe le nyateƒea kpɔkpɔ ŋu be: “Ne woƒo nu tso mawusubɔsubɔ me ‘nyateƒe’ ŋu la, afia le mɔ aɖe nu be ame aɖe ya be yenyae . . . Wò nyawo afia be ame bubu aɖe ya tɔ gblẽ; gake ame aɖeke malɔ̃ ɖe ema dzi gbeɖe o.”
Gake esi nèbua tame ta la, anyo be nàbu biabia vevi aɖewo ŋu kpɔ. Ne womate ŋu ake ɖe nyateƒea ŋu o la, ke nukata Yesu Kristo gblɔ be: “Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe”? Eye nukata Yesu ƒe apostolowo dometɔ ɖeka gblɔ be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me”? Nukatae nya si nye “nyateƒe” dze ku ɖe xɔse ŋu wòwu zi gbɔ zi alafa ɖeka le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me? Ẽ, nukatae, ne womate ŋu ake ɖe nyateƒea ŋu o?—Yohanes 8:32; Timoteo I, 2:3, 4.
Le nyateƒe me la, menye ɖeko Yesu gblɔ be woate ŋu ake ɖe nyateƒea ŋu ko o, ke eɖee fia hã be ele be míakpɔe hafi Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe subɔsubɔ ŋu. Esi Samaria-nyɔnu aɖe tsi vedomesi le nusi tadedeagu vavãtɔ nye ŋu—Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ le Yerusalem ye loo alo Samariatɔwo tɔ le Gerizim Toa dzi ye—la, Yesu meɖo eŋu gblɔ be womate ŋu ake ɖe nyateƒea ŋu o. Egblɔ boŋ be: “Nyateƒegbedoɖalawo ado gbe ɖa na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me; Elabena Fofo la dia gbedoɖala siawo tɔgbe. Mawue nye Gbɔgbɔ, eye amesiwo le gbe dom ɖa nɛ la, ele be, woado gbe ɖa le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.”—Yohanes 4:23, 24.
Ame geɖe gblɔna be, ‘Woate ŋu aɖe Biblia me le mɔ vovovowo nu, eyata manya wɔ be woaka ɖe nusi nyateƒe nye dzi o.’ Gake ɖe woŋlɔ Biblia emenyawo do viviti ale gbegbe be màte ŋu aka ɖe eƒe gɔmesese dzi oa? Enye nyateƒe be nyagblɔɖi kple kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ aɖewo gɔmesese asesẽ ya. Le kpɔɖeŋu me, Mawu gblɔ na nyagblɔɖila Daniel be womase eƒe agbalẽ si me nyagblɔɖi geɖe le la gɔme bliboe o vaseɖe “nuwuɣi” hafi. (Daniel 12:9) Eye edze ƒã be ele be woaɖe lododo kple kpɔɖeŋunu aɖewo gɔme.
Gake eme kɔ be Biblia gblɔ nyawo tẽ le Kristotɔwo ƒe nufiafia veviwo kple agbenyuinɔnɔse siwo hiã bene míade ta agu na Mawu le nyateƒe me la gome. Ena wo me kɔ nyuie ale be womate ŋu aɖe wo me vovovoe o. Le lɛta si woŋlɔ ɖo ɖe Efesotɔwo me la, woƒo nu tso Kristotɔwo ƒe xɔse ŋu be ele “ɖeka” si fia be mele be xɔse vovovowo nanɔ anyi o. (Efesotɔwo 4:4-6) Ðewohĩ àbia be, ‘Ne womate ŋu aɖe Biblia me le mɔ vovovowo nu wòasɔ o la, nukata “Kristotɔwo” ƒe sɔleme gbogbo aɖewo li?’ Míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖoa ne míehe susu yi Yesu ƒe apostolowo ƒe ku megbe kpuie esime Kristotɔwo ƒe xɔse vavãtɔ gbegbe do mo ɖa dzi.
‘Lu Kple Gbe Wuwluiawo’
Yesu gblɔ xɔsegbegbe sia ɖi le eƒe lododo ku ɖe lu kple gbe wuwluiawo ŋu me. Yesu ŋutɔ gblɔ be “lu” la tsi tre ɖi na Kristotɔ vavãwo; “gbe wuwluiawo” tsi tre ɖi na alakpa Kristotɔwo, alo xɔsegbelawo. Yesu ɖe eme be “esi amewo dɔ alɔ̃ la,” “futɔ” aɖe ava wu gbe wuwluiwo ɖe lugblea me. Nusia wuwu dze egɔme le apostoloawo ƒe alɔ̃dɔdɔ le ku me megbe. Lododoa ɖee fia be alakpa Kristotɔ siwo woatsɔ atɔtɔ vavãtɔwo alea la ayi edzi vaseɖe ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuɣi.’ Eyata le ƒe alafa siwo va yi me la, esesẽ be woade dzesi Kristotɔ vavãwo elabena amesiwo gblɔna ko be Kristotɔwoe yewonye la va sɔ gbɔ le mawusubɔsubɔ me. Gake tɔtrɔ aɖe ava le ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuɣi.’ “Amegbetɔvi la ladɔ eƒe dɔlawo ɖa” be woamã alakpa Kristotɔwo tso Kristotɔ vavãwo gbɔ. Esia fia be anɔ bɔbɔe be woade dzesi Kristo-hamea azɔ, wòaganɔ abe alesi wònɔ le apostoloawo ŋɔli ene.—Mateo 13:24-30, 36-43.
Wogblɔ tadeagula vavãwo nu gbugbɔƒoƒu “le ŋkeke mlɔeawo me” sia ɖi le Yesaya kple Mixa siaa ƒe nyagblɔɖiwo me. Yesaya gblɔ be: “Ava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu. Eye dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: Mina míayi Yehowa ƒe to la, Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mɔwo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo.” Ŋkuléle ɖe nuwo ŋu nyuie ɖee fia be Yesaya ƒe nyagblɔɖia le eme vam le míaƒe ɣeyiɣia me.—Yesaya 2:2, 3; Mixa 4:1-3.
Gake menye amegbetɔ ƒe agbagbadzedze mee Kristo-hamea to le tsitsim ɖe edzi o. Yesu gblɔe ɖi be ‘yeadɔ yeƒe dɔlawo ɖa’ woava wɔ amewo nu ƒoƒo ƒu ƒe dɔ aɖe. Eɖe nu tɔxɛ si ta woawɔ esia ɖo la hã fia be: “Tete ame dzɔdzɔeawo laklẽ abe ɣe ene le wo Fofo ƒe fiaɖuƒe la me.” (Mateo 13:43) Esia fia be Kristo-hamea awɔ numekɔkɔdɔ, alo hehenadɔ aɖe le xexeame katã.
Yehowa Ðasefowo kpɔa nyagblɔɖi siawo me vava le hehenadɔ si wɔm wole le dukɔ 232 me egbea la me. Ne amesiwo mebua nazã o tsɔ Ðasefowo ƒe dzixɔsewo, agbenɔnɔ ƒe dzidzenuwo, kple woƒe ɖoɖowɔwɔ sɔ kple Biblia la, wokpɔnɛ kɔte be esiawo wɔ ɖeka kple ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea tɔ. Ðasefowo gblɔna be yewoƒe xɔsee nye “nyateƒe la” gake menye le ɖokuidodoɖedzi ta o. Nusita wogblɔna nenema boŋue nye be wosrɔ̃ Mawu ƒe Nya, Biblia, nyuie eye wowɔna ɖe emenyawo dzi hebunɛ dzidzenu ɖeka kolia si woatsɔ adzidze mawusubɔsubɔe wòasɔ.
Kristotɔ gbãtɔwo bu woƒe xɔse la be eyae nye “nyateƒe la.” (Timoteo I, 3:15; Petro II, 2:2; Yohanes II, 1) Ele be nusi wobu nyateƒee la nanye nyateƒe na míawo hã egbea. Yehowa Ðasefowo le amesiame kpem be woa ŋutɔ woalé ŋku ɖe eŋu aka ɖe edzi to Biblia sɔsrɔ̃ me. Míele mɔ kpɔm be to esia wɔwɔ me la, menye ɖeko nàkpɔ dzidzɔ be yekpɔ subɔsubɔha si ƒo bubuawo ta ko o, ke be yekpɔ nyateƒea hã!
[Aɖaka si le axa 5]
XEXEMENUNYA AÐEWO KPLE NYATEƑE LA
KAKA ÐE NUSIWO WOKPƆNA DZI: Nukpɔsusu si nye be bometsinya siwo ŋu kpeɖodzi mele o ye mawusubɔsubɔ me dzixɔsewo katã nye eye be xexemenunya ƒe taɖodzinue nye be yeaƒo dzɔdzɔmenunya siwo ŋu kakaɖedzi le katã nu ƒu ɖekae.
AMEGBETƆ ƑE ANYINƆNƆ GƆMEKUKU: Xexemeʋa II me ŋɔdzinuwo kpɔ ŋusẽ ɖe amesiwo do nufiafia sia ɖa la dzi ŋutɔ eye le ema ta wova kpɔe be agbenɔnɔ agagblẽ ɖe edzi. Etea gbe ɖe amegbetɔ ƒe dzodzodzoetsitsi le ku kple agbenɔnɔ ƒe toflokonyenye ŋu dzi. Amegbetɔ ƒe anyinɔnɔ gɔmekula nuŋlɔla Jean-Paul Sartre gblɔ be, esi Mawu aɖeke meli o ta la, wogblẽ amegbetɔ ɖi ɖe ɖekematsɔleme blibo ƒe xexe me.
ÐIKEKE: Efia be manya wɔ be woato ŋkuléleɖenuŋu kple tamebubu me ake ɖe sidzedze si dzi amewo katã lɔ̃ ɖo—nyateƒe aɖeke—gbɔ le amegbetɔ ƒe anyinɔnɔ ŋu o.
NUSIWO AÐE VI NA AME KO DZIXƆXƆSE: Ebua míaƒe dzixɔsewo ƒe asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ ɖe alesi woɖea vi na amegbetɔ nu, abe le agbalẽsɔsrɔ̃, agbenyuinɔnɔ, kple dunyahehe gbugbɔɖɔɖowo me. Mebunɛ be asixɔxɔ le nyateƒea ŋutɔŋutɔ ŋu o.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]
Axa 3: Evelia tso miame: British Museum ƒe mɔɖeɖe nu; Dusime: Sung Kyun Kwan University, Seoul, Korea