Vaseɖe Ɣekaɣie Ame Dahewo Alala Ase Ðo?
“Ne dukɔ si me ablɔɖe le mate ŋu akpe ɖe ame dahe gbogboawo ŋu o la, ke mate ŋu akpɔ kesinɔtɔ ʋeeawo hã ta o.”—John F. Kennedy.
“MADI be etsɔ me nanyo na amesiame—ahedada naganɔ anyi o, ame aɖeke naganye aƒemanɔsitɔ o, wòanye paradiso!” Nenemae ŋutsuvi aɖe si xɔ ƒe 12 si tso São Paulo, Brazil, la gblɔ. Gake ɖe wòanya wɔ be woaɖe ahedada ɖa? Vaseɖe ɣekaɣie ame dahewo alala ava se ɖo?
Ame aɖewo bua wo ɖokui ame dahewoe le esi womete ŋu ƒlea nusi wodi o ta. Gake bu amesiwo da ahe ŋutɔŋutɔ ƒe nɔnɔme wɔnublanuia ŋu kpɔ. Ðe nàte ŋu akpɔ nɔnɔme sesẽ si gbɔ eme kple dzidzɔmakpɔmakpɔ si me amesiawo le la le susu mea? Ele na ame aɖewo be wo kple tsalɛ̃wo kpakple afiwo naka gbeɖuɖɔ me anɔ nuɖuɖu ham! Vaseɖe ɣekaɣie ahedada alea awɔ fu ameƒomea ase ɖo? Nya si Federico Mayor si nye UNESCO (Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Agbalẽsɔsrɔ̃, Dzɔdzɔmeŋutinunya, Kple Dekɔnuwo ƒe Habɔbɔ) ƒe amegã gblɔ la sɔ be: “Mina míaɖe asi le mɔɖeɖe ɖe nu ŋu ma si ŋu kakaɖedzi mele o si na míeɖea mɔ ɖe nusiwo ŋu mele be míaɖe mɔ ɖo o la ŋu—ahedada, dɔwuame kple ame miliɔn geɖe ƒe fukpekpe.”
Ðe wòate ŋu ava eme be nu nadze edzi na amesiamea? Mɔkpɔkpɔ kae li na ame dahewo?
Mɔnukpɔkpɔ Kawoe Li na Ame Dahewo?
Dziɖula siwo ɖoa tame nyuie la ɖonɛ be yewoana dɔwɔɖui geɖe nanɔ anyi, yewoada ɖe fetu dzi, yewoana hadomededienɔnɔ nanyo wu, eye agbledenyigba nasu amesiame si. Woanya wɔ ɖeka kple John F. Kennedy si nye United States dukplɔla tsã be: “Ne dukɔ si me ablɔɖe le mate ŋu akpe ɖe ame dahe gbogboawo ŋu o la, ke mate ŋu akpɔ kesinɔtɔ ʋeeawo hã ta o.” Gake tame nyui ɖoɖo ɖeɖe mate ŋu aɖe ahedada ɖa o. Le kpɔɖeŋu me, ɖe ganyawo ƒe nyonyo ate ŋu akpe ɖe ame dahewo katã ŋua? Menye kokoko o. Jawaharlal Nehru si nye India-dukplɔla tsã la gblɔ be: “Ne womelé ŋku ɖe dziɖuɖu si me amesiame te ŋu tsaa asi le eɖokui si faa le ŋu o la, ete ŋu naa kesinɔtɔwo gazua kesinɔtɔwo ɖe edzi eye ame dahewo gadaa ahe wu.” Gake tsɔ kpe ɖe nɔnɔme sesẽ kple nuhiahiãwo makpɔmakpɔ ŋu la, amegbɔlonyenye ƒe seselelãme hã naa ame dahewo ƒe agba gakpena ɖe edzi. Ðe amegbetɔ siwo nye kplɔlawo ate ŋu akpe ɖe ame dahewo ŋu woaɖu kpeɖeŋutɔmanɔamesi kple mɔkpɔkpɔbuɖeame ƒe seselelãmewo dzia?
Le nyateƒe me la, ame geɖe siwo da ahe kolikoli la srɔ̃ alesi woanɔ te ɖe ahedada kple wo ɖokui bubu ame gbɔlowoe nu le nɔnɔme sesẽtɔwo, abe nuwo ƒe asi si le dzi yim bobobo kple dɔmakpɔwɔe ene me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woaɖe dɔwuame, aƒemanɔamesi, kple fukpekpe ɖa keŋkeŋ godoo. Ðe esia wɔ mo yaa na wòa? Míekpe wò be nàxlẽ nyati si kplɔe ɖo: “Madidi O, Ame Aɖeke Magada Ahe O!”