INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 10/1 axa 24-28
  • Míaƒe Ƒomea Wɔ Ðeka Le Yehowa Subɔsubɔ me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míaƒe Ƒomea Wɔ Ðeka Le Yehowa Subɔsubɔ me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia me Nyateƒea Sɔsrɔ̃
  • Dzidzɔkpɔkpɔ le Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Me
  • Tɔtrɔ Siwo Va Nye Agbenɔnɔ me Ŋudɔwɔwɔ
  • Tiatia Siwo Mía Viwo Wɔ
  • Nusi Na Míekpɔ Dzidzedze
  • Ðe Esia Ate Ŋu Anye Agbemedɔ Nyuitɔ Kekeake na Wòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Wole Ame Sia Ame Kpem!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Kaka Ðe Yehowa Dzie Lém Ðe Te
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Dɔ Nyui Siwo Womaŋlɔ Be O
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 10/1 axa 24-28

Míaƒe Ƒomea Wɔ Ðeka Le Yehowa Subɔsubɔ me

ABE ALESI ANTONIO SANTOLERI GBLƆE ENE

Fofonye xɔ ƒe 17 esime wòdzo le Italia le ƒe 1919 me. Eʋu yi Brazil be agbenɔnɔ nadze edzi na ye wu. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eɖo takoƒe ɖe du sue aɖe me le São Paulo nutoa me ɖaa.

GBEÐEKA le ƒe 1938 me, esime mexɔ ƒe adre la, Papa xɔ Brasileira ƒe Biblia-gɔmeɖeɖe le ŋutsu aɖe si va to eƒe dɔwɔƒe la gbɔ. Ƒe eve megbe la, Dada va dze dɔ vevie eye wɔna vɔ le eŋu vaseɖe esime wòku. Papa hã va dze dɔ, eyata mí katã—mía kple Dada, Papa, kple nɔvinyenyɔnu Ana—míeyi ɖanɔ ƒometɔwo gbɔ le São Paulo dugã me.

Mexlẽa nu ŋutɔ esi menɔ suku dem le São Paulo, vevietɔ ŋutinyagbalẽwo. Ewɔa dɔ ɖe dzinye be woyɔa Biblia ŋkɔ le wo me ɣeaɖewoɣi. Nyakpakpagbalẽ aɖe si meɣe le São Paulo hahoogbalẽdzraɖoƒe la ƒo nu tso Todzimawunya ŋu zi geɖe. Ɣemaɣie meɖoe be madi Biblia ne nye ŋutɔ maxlẽ mawunya ma. Medi Biblia si Papa ƒle ƒe aɖewoe nye ema la eye mlɔeba meva kpɔe le gaɖaka aɖe si me wònɔ ƒe adre sɔŋ la me.

Katolikotɔwoe míaƒe ƒomea nye, eyata womede dzi ƒo nam kpɔ be maxlẽ Biblia o. Fifia nye ŋutɔ mesrɔ̃ alesi maʋu tawo kple kpukpuiawo. Menye Todzimawunya la ɖeɖeko xexlẽe do dzidzɔ nam o, ke mexlẽ Mateo ƒe agbalẽa katã kple Biblia-gbalẽ bubuwo hã. Nusi wɔ dɔ ɖe dzinye wue nye nyateƒe si dze le alesi wogblɔ Yesu ƒe nufiafiawo kple nukunuwoe me.

Esi mekpɔ be Katolikotɔwo ƒe nuwɔna to vovo na nusi mexlẽ le Biblia me la, mete Presbyteria Sɔleme dede eye Ana va kpe ɖe ŋunye. Gake megase le ɖokuinye me kokoko be nuwo mede o. Medi Mawu vevie ƒe geɖe. (Dɔwɔwɔwo 17:27) Gbeɖeka fiẽ si me dzinu nɔ ɖiɖim nyuie eye menɔ anyi kpoo nɔ tame bum la, mebia be, ‘Nukata mele afisia? Tameɖoɖo kae le agbe ŋu?’ Meɖe aga yi xɔa godo, dze klo hedo gbe ɖa be, ‘Aƒetɔ Mawu! Wòe nye ameka? Aleke mawɔ anya wò?’ Ŋuɖoɖoa va emegbe kpuie.

Biblia me Nyateƒea Sɔsrɔ̃

Gbeɖeka le ƒe 1949 me la, ɖetugbi aɖe ɖi le ʋu aɖe me te ɖe Papa ŋu. Etsɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo nɛ. Edɔ Gbetakpɔxɔ eye wògblɔ na ɖetugbia be vi eve le ye si siwo dea Presbyteria Sɔleme, eyata neva mía ƒeme. Esi nyɔnua va la, etsɔ agbalẽ si nye Children na Ana eye wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii. Emegbe nye hã medze esɔsrɔ̃ gɔme.

Le November 1950 me la, míede Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe zi gbãtɔ. Afimae woɖe agbalẽ si nye “Let God Be True” ɖe go le, eye míezã agbalẽ ma tsɔ yi míaƒe Biblia sɔsrɔ̃a dzii. Emegbe kpuie la, míekpɔe be míeke ɖe nyateƒea ŋu, eye míexɔ nyɔnyrɔ le April 1951 me tsɔ ɖo kpe míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzii. Papa hã ɖe adzɔgbe le ƒe aɖewo megbe eye wòwɔ nuteƒe na Mawu vaseɖe eƒe kugbe le ƒe 1982 me.

Dzidzɔkpɔkpɔ le Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Me

Le January 1954 me, esime mexɔ ƒe 22 ko la, woyɔm be mava wɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si woyɔna be Betel. Esi meɖo la, ewɔ nuku nam ŋutɔ be Richard Mucha si nye xoxo nam ƒe eve pɛ ko lae nye alɔdzea dzi kpɔla. Esi wohiã na nutome sue subɔlawo, abe alesi woyɔa dzikpɔla mɔzɔlawoe ɣemaɣi ene, le ƒe 1955 me la, menɔ ame atɔ̃ siwo wokpe be woawɔ subɔsubɔdɔ sia la dome.

Rio Grande do Sul ye wode dɔ asi nam le. Yehowa Ðasefowo ƒe hame 8 koe nɔ afima ɣemaɣi esime medze dɔa gɔme, gake le ɣleti 18 me la, míeɖo hame yeye 2 kple saɖagaƒuƒoƒo 20. Egbea la, Yehowa Ðasefowo ƒe nutome sue 15 si dometɔ ɖesiaɖe me hame 20 le lae le nuto sia me! Wogblɔ nam le ƒe 1956 ƒe nuwuwu be womã nye nutoa me ɖe akpa ene, eye nutome sue subɔla ene ye asubɔ wo. Ɣemaɣi wogayɔm be mava Betel na dɔ bubu aɖe wɔwɔ.

Ewɔ nuku nam gadzɔ dzi hã nam esi wode dɔ asi nam be manye nutome gã dzikpɔla, si nye subɔla mɔzɔla si subɔa hame xexlẽme aɖe, le dziehe Brazil. Subɔla Yehowa Ðasefo 12,000 ye nɔ Brazil ɣemaɣi eye nutome gã eve ye nɔ dukɔa me. Richard Wuttke subɔ le anyiehe eye menɔ dziehenutoa me. Wofia sinimaɖemɔ̃ zazã mí le Betel be míatsɔ aɖe sinima siwo Yehowa Ðasefowo wɔ, si nye Xexeme Yeye Habɔbɔa Le Dɔ Dzi kple Xexeme Yeye Habɔbɔa ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ, (siwo le Eŋlisigbe me).

Mɔzɔzɔ le ŋkeke mawo me to vovo kura. Ʋu menɔ Ðasefo aɖeke si o, eyata akro, aɖeʋu, keke, sɔ, tasiaɖam, kple agbakɔʋue meɖona, eye meɖo yameʋu hã zi ɖeka. Yameʋu me nɔnɔ to Amazon-vea tame ɖadze ɖe Santarém, si nye dugã le Belém si le Amazon-vea to kple Manaus, Amazon Nutoa ƒe fiadu, dome la vivi ŋutɔ. Ɣemaɣi la, nutome sue takpekpe ʋee aɖewo koe nutome gã dzikpɔlawo subɔna, eyata mezãa nye ɣeyiɣi ƒe akpa gãtɔ tsɔ nɔa Habɔbɔa ƒe sinimawo ɖem. Ame alafa geɖe vana le dugãwo me.

Amazon-nutoa mee wɔ dɔ ɖe dzinye wu le dziehe Brazil. Esi menɔ subɔsubɔm le afima le April 1957 me la, Amazon Tɔsisia kple eƒe alɔdzewo ɖɔ gbagba. Mɔnukpɔkpɔ su asinye meɖe sinima ɖeka le avea me, eye medi avɔ ɣi aɖe sa ɖe ati eve ŋu ɖee ɖe edzi. Mɔ̃ʋu aɖe si wode seke ɖe tɔsisi si tsɔ afima ƒe mɔ̃e míezã na sinimaɖemɔ̃a. Eyae nye sinima gbãtɔ si nukpɔlawo ƒe akpa gãtɔ kpɔ kpɔ.

Megatrɔ va subɔ le Betel le ema megbe kpuie, eye le ƒe si kplɔe ɖo me, si nye ƒe 1958 me la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mede Yehowa Ðasefowo ƒe “Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu” Dukɔwo Dome Takpekpe ɖedzesi la le New York City. Vavala siwo tso dukɔ 123 me nɔ ame 253,922 siwo yɔ Yankee Lãmesẽfefewɔƒea kple Polo Grounds si te ɖe eŋu le ŋkeke enyi ƒe takpekpe ƒe ŋkeke mamlɛa dzi la dome.

Tɔtrɔ Siwo Va Nye Agbenɔnɔ me Ŋudɔwɔwɔ

Esi metrɔ yi Betel sẽ la, medo go Clara Berndt, eye míeɖe mía nɔewo le March 1959 me. Woɖo mí ɖe nutome sue dɔa me le Bahia-nutome, eye míesubɔ le afima esusɔ vie wòade ƒe ɖeka. Mía kple Clara míegaɖoa ŋku nɔvi siwo le afima ƒe ɖokuibɔbɔ, amedzrowɔwɔ, dzonɔameme, kple lɔlɔ̃ dzi kokoko eye edzɔa dzi na mí ŋutɔ; woda ahe le ŋutilã me, gake wonye kesinɔtɔwo le Fiaɖuƒekuwo tsetse me. Emegbe woɖe mí yi São Paulo Nutome. Afimae srɔ̃nye fɔ fu le le ƒe 1960 me, eye wòhiã be míadzudzɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa.

Míetso nya me be míaʋu ayi teƒe aɖe le Santa Catarina nutome, afisi wodzi srɔ̃nye le. Mía viŋutsu, Gerson, ye nye mía vi atɔ̃awo ƒe ŋgɔgbea. Míedzi Gilson ɖe eyome le ƒe 1962 me, Talita le ƒe 1965 me, Tárcio le ƒe 1969 me, kple Janice le ƒe 1974 me. Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu kple nuxlɔ̃ame nyui siwo wòna la na míete ŋu nyi wo le “[Yehowa, NW] ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.”—Efesotɔwo 6:4.

Míebu mía vi ɖesiaɖe nu xɔasii. Hakpala la ɖe alesi míesena le mía ɖokui me gblɔ nyuie be: “Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ.” (Psalmo 127:3) Togbɔ be míedo go kuxiwo hã la, míelé be na mía viwo abe alesi míalé be na “domenyinu” ɖesiaɖe si “tso Yehowa gbɔ” ene, eye míeŋlɔ eƒe mɔfiame si le eƒe Nya me be o. Teƒeɖoɖoawo sɔ gbɔ. Míekpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe esi wo ame atɔ̃a katã dometɔ ɖesiaɖe ŋutɔ tso nya me le wo ɖokui si be yewoaxɔ nyɔnyrɔ atsɔ aɖo kpe yewoƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzii.—Nyagblɔla 12:1.

Tiatia Siwo Mía Viwo Wɔ

Esi Gerson wu kɔmpiuta sɔsrɔ̃ le suku nu vɔ eye wògblɔ be yedi be yeasubɔ le Betel, si na wòtia ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ɖe ŋutilãmedɔwɔɖui teƒe la, ena míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ. Gake agbenɔnɔ le Betel menɔ bɔbɔe na Gerson le gɔmedzedzea me o. Esi míeyi ɖasrãe kpɔ le eƒe Betel nɔnɔ ɣleti ene pɛ ko megbe la, alesi wòlé blanui esi míedzo yina la te ɖe dzinye vevie. Mekpɔe to míaƒe ʋua ƒe megbekpɔhuhɔ̃e me be enɔ mía yome kpɔm vaseɖe esime míebu ɖe eme. Aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi nam ale gbegbe be metɔ ɖe mɔto sẽ hafi gayi kilometa 700 mɔzɔzɔa dzi ɖo ta aƒeme.

Gake Betel nɔnɔ va vivi Gerson nu. Esi wònɔ afima ƒe ade kloe megbe la, eɖe Heidi Besser eye wo ame evea woganɔ Betel ƒe eve bubu. Heidi va fɔ fu eye wòhiã be woadzo. Wo vinyɔnu Cintia si xɔ ƒe ade fifia la kplɔa wo ɖo le woƒe Fiaɖuƒedɔwo wɔwɔ me.

Esi míeyi ɖasrã Gerson kpɔ le Betel zi gbãtɔ megbe kpuie la, Gilson, si eteƒe medidi o wòwu ƒe ɖeka nu le dɔdzikpɔkpɔ ŋuti nusɔsrɔ̃ me la, gblɔ be ye hã yedi be yeasubɔ le afima. Ðoɖo si wòwɔ enye be yeanɔ Betel ƒe ɖeka, emegbe yeagayi yeƒe dɔdzikpɔkpɔ ŋuti nusɔsrɔ̃a dzi. Gake ɖoɖo si wòwɔ la trɔ, eye egale subɔsubɔm le Betel. Eɖe Vivian Gonçalves si nye mɔɖela, si nye alesi woyɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawoe, le ƒe 1988 me. Wole subɔsubɔm ɖekae le Betel tso ɣemaɣi.

Míegakpɔ dzidzɔ geɖe esi mía vi etɔ̃lia, Talita, tiae be yeawɔ mɔɖeɖedɔa le ƒe 1986 me, esime wòsrɔ̃ xɔtata vɔ megbe. Ƒe etɔ̃ megbe la, wogamia asi eya hã yi Betel. Eɖe José Cozzi si le Betel ƒe ewo enye ma la le ƒe 1991 me. Wonye srɔ̃tɔwo le afima fifia.

Eganye dzidzɔ na mía kple srɔ̃nye esi Tárcio, si kplɔe ɖo, hã gblɔ nya si míese zi etɔ̃ va yi xoxo la be, “Papa, medi be mayi Betel.” Woxɔ eƒe dɔbiagbalẽa eye eya hã dze Betel-subɔsubɔdɔ gɔme le ƒe 1991 me, eye wònɔ afima vaseɖe ƒe 1995 me. Enye dzidzɔ na mí be ezã eƒe ɖekakpuimeŋusẽ tsɔ do Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ƒe nudidiwo ɖe ŋgɔ ƒe etɔ̃ kple edzivɔ.

Míaƒe dɔmlɔe, Janice, tso nya me be yeasubɔ Yehowa eye wòxɔ nyɔnyrɔ esime wòxɔ ƒe 13. Esime wònɔ suku dem la, ewɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ƒe ɖeka. Ke le September 1, 1993 dzi la, edze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme le míaƒe hamea me le Gaspar-dua me afisia.

Nusi Na Míekpɔ Dzidzedze

Nukae na míete ŋu nyi ƒome si wɔ ɖeka le Yehowa subɔsubɔ me? Nyemeka ɖe edzi be mɔnu tɔxɛ aɖeke li o. Yehowa ɖo aɖaŋu ɖe eƒe Nya la me na dzila Kristotɔwo be woawɔ edzi, eyata ele be dzidzedze nyui si míekpɔ ƒe kafukafuwo katã nayi nɛ. Eƒe mɔfiamewo dzi koe míedze agbagba zɔ ɖo. (Lododowo 22:6) Mía viwo katã nyi seselelãme si le Latintɔwo me ƒe dome tso gbɔnye kple nyametsotso wɔwɔ ƒe nɔnɔme si le Germaniatɔwo me tso wo dada gbɔ. Gake gbɔgbɔ me domenyinue nye nu vevitɔ kekeake si ƒe dome wonyi tso mía gbɔ.

Fiaɖuƒenudidiwo ŋue míaƒe aƒemegbenɔnɔ ku ɖo. Nudidi siawo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ menɔ bɔbɔe o. Le kpɔɖeŋu me, ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ɣesiaɣi menɔ bɔbɔe na mí o, gake míena ta gbeɖe o. Tso woƒe ɖevime ke la, míekplɔa wo dometɔ ɖesiaɖe dea Kristotɔwo ƒe kpekpewo kpakple takpekpe suewo kple gãwoe. Dɔdzedze alo nudzɔɖeamedzi kpata bubuwo koe na míetsia aƒe. Hekpe ɖe eŋu la, ɖeviawo kplɔa mí ɖo le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔa me tso woƒe ɖevime ke.

Ne woxɔ abe ƒe ewo ene la, wowɔa dɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Míekpena ɖe wo ŋu le woƒe dɔdasi gbãtɔwo dzadzraɖo me, eye míedea dzi ƒo na wo be woade dzesi nya veviwo ko tsɔ wu be woaŋlɔ nya sia nya ava xlẽ. Emegbe ɖesiaɖe dzraa eƒe nuƒo ɖo. Azɔ hã ne woxɔ ƒe 10 vaseɖe 12 la, ɖesiaɖe wɔa subɔsubɔdɔa ɣesiaɣi. Agbenɔnɔ sia koe wonya.

Srɔ̃nye, Clara, wɔ akpa vevi aɖe le mía viawo nyinyi me. Zã sia zã esime wonye ɖevi suewo ko—ɣeyiɣi si me nu tsia susu me na ɖeviwo—la, Clara xlẽa Biblia me ŋutinya aɖe na wo hedoa gbe ɖa kple wo dometɔ ɖesiaɖe. Ezã agbalẽ siwo nye Tso Paradiso si Bu me Yi Paradiso si Wogakpɔ Me, Toɖoɖo Nufiala Gã La, kple Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo nyuie.a Esi kasɛt kple video siwo Yehowa Ðasefowo wɔ do la, míezã woawo hã.

Nusi míekpɔ abe dzila Kristotɔwo ene la ɖo kpe edzi be ɖeviwo hiã ŋkuléɖeŋu gbesiagbe. Lɔlɔ̃ deto, ɖetsɔleme vevie, kple vovokpɔkpɔ ɖe wo ŋu nyuie le ɖeviwo ƒe nuhiahiã veviwo me. Menye ɖeko míekpɔe be enye mí dzilawo ƒe agba be míakpɔ nuhiahiã vevi siawo gbɔ alesi míate ŋui ko o, ke míekpɔ dzidzɔ geɖe le ewɔwɔ me hã.

Nyateƒee, enye dzidzɔ be nya siwo le Psalmo 127:3-5 nava eme na dzilawo be: “Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu. Alesi aŋutrɔwo le kalẽtɔ sii la, nenema nye ɖekakpui me viŋutsuwo. Woayra ŋutsu, si wole daku me na taŋ.” Le nyateƒe me la, ƒomea ƒe ɖekawɔwɔ le Yehowa subɔsubɔ me na míekpɔa dzidzɔ ŋutɔ!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye ta wo katã.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Antonio Santoleri kple eƒe ƒomea

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe