INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 6/15 axa 3-4
  • Ðe Fuléle Nu Ava Yi Gbaɖegbea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Fuléle Nu Ava Yi Gbaɖegbea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Fuléle ƒe Kuwo Ƒaƒã
  • Fuléle Metsonuwo
  • Nu Ka Tae Fuléle Bɔ Alea Gbegbe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
  • Míate Ŋu Aɖu Fuléle Dzi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
  • Nukata Fuléle Bɔ Alea Gbegbe?
    Nyɔ!—1997
  • Fuléle Nu Ayi Keŋkeŋ Gbe Ðeka!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 6/15 axa 3-4

Ðe Fuléle Nu Ava Yi Gbaɖegbea?

NE NUDZƆDZƆ ʋee aɖewo koe nèkpɔ le television dzi kpɔ gɔ̃ hã la, ànya nusi fuléle nye godoo. Fuléle gbɔe ʋukɔkɔɖi si ewɔ abe enye nusi dzɔna gbesiagbe kloe ene le xexe sia me la tsona. Tso Belfast yi Bosnia, tso Jerusalem vaseɖe Johannesburg la, wowua amewo dzɔgbevɔ̃etɔe.

Zi geɖe la, amedzidzelawo medzea si amesiwo dzi wodzena o. “Agɔ” si wodze koe nye be womele “yewoƒe akpa dzi” o. Le ame nɔewo wuwu dziŋɔ aɖe me la, ɖewohĩ hlɔ̃nu siwo wowɔ va yi alo “gbeɖekadolawo tsɔtsrɔ̃ alo wo nyanyã de gbe” ƒe wɔɖenu gbɔe ame mawo ƒe ku tso. Ŋutasesẽnu ɖesiaɖe wɔnɛ be ƒuƒoƒo siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ƒe fuléle gadoa gã ɖe dzi.

Fuléle ƒe nudzɔdzɔ matɔmatɔe vɔ̃ɖi siawo dze abe ɖe wole dzidzim ɖe edzi ene. Ƒomeɖekametsolawo ƒe dzre makemakewo le dzɔdzɔm ɖe towo, dukɔwo, kple gbeɖekadolawo alo subɔsubɔhawo dome. Ðe woate ŋu aɖe fuléle ɖa keŋkeŋ gbaɖegbea? Hafi míaɖo biabia sia ŋu la, ehiã be míanya nusiwo hea fuléle vɛ, elabena le dzɔdzɔme nu la, womedzi mí kple fuléle o.

Fuléle ƒe Kuwo Ƒaƒã

Zlata Filipovic, Bosnia nyɔnuvi aɖe si tso Sarajevo la mesrɔ̃ nusi fuléle nye haɖe o. Le eƒe nuŋlɔɖigbalẽ me la, eŋlɔ nu tso gbeɖekadolawo ƒe nuvlowɔwɔ ŋuti eme kɔ ƒã be: “Mebiana se ɣesiaɣi be, Nuka gbɔe wòtso? Susu ka tae? Amekae woabu fɔe? Mebiana gake nyemekpɔa ŋuɖoɖo nɛ o. . . . Le xɔ̃nyenyɔnuwo kple mía xɔlɔ̃wo dome, kpakple míaƒe ƒomea me la, Serbiatɔwo kple Croatiatɔwo kpakple Moslemtɔwo li. . . . Míedea ha kple ame nyuiwo ke menye kple ame gblẽkuwo o. Eye ame nyuiwo le Serbiatɔwo, Croatiatɔwo kple Moslemtɔwo dome abe alesi esiwo gblẽ ku hã li ene.”

Gake ame tsitsi geɖewo susua nuwo bubue. Woxɔ se be nu geɖe li siwo tae yewoalé fu amewo ɖo. Nukatae?

Madzɔmadzɔnyenye. Anye be nusi koŋ hea fuléle vɛ enye madzɔmadzɔnyenye kple ameteteɖeanyi. Abe alesi Biblia gblɔe ene la, ‘ameteteɖeanyi doa tsukunɔ nunyala.’ (Nyagblɔla 7:7) Ne wote amewo ɖe anyi alo sẽ ŋuta le wo ŋu la, enɔa bɔbɔe na wo be woalé fu amesiwo te wo ɖe anyi. Togbɔ be ɖewohĩ anye nusi me nunya mele o alo ‘tsukuku’ gɔ̃ hã la, zi geɖe ƒuƒoƒo aɖe me tɔwo katãe woléa fui.

Togbɔ be madzɔmadzɔnyenye ŋutɔŋutɔ alo esi wosusu ko gbɔ koŋ ye fuléle tsona hã la, menye eya ɖeka koe henɛ vɛ o. Nu bubu si hã henɛ vɛ ye nye nazãbubu.

Nazãbubu. Zi geɖe la, nazãbubu tso alesi womenya nu tso gbe aɖe dolawo alo dukɔ aɖe ŋuti o la gbɔ. Ame aɖewo nɔa te ɖe nyasegblɔwo, fuléle si li tso gbaɖegbe ke, alo ame ɖeka alo eve ƒe nu aɖe wɔwɔ ɖe wo ŋu dzi bua susu vɔ̃ ɖe ameƒomevi alo dukɔ blibo aɖe me tɔwo katã ŋu. Ne nazãbubu ƒo ke ɖe to la, ate ŋu agbã ŋku na amewo be womagaxɔ nyateƒe la o. Eŋlisiawo ƒe nuŋlɔla Charles Caleb Colton de dzesii be: “Míeléa fu ame aɖewo le esi míenya wo o ta; eye míanya wo hã o le esi míelé fu wo ta.”

Le go bubu me la, dunyahelawo kple ŋutinyaŋlɔlawo ate ŋu aɖoe aƒã nazãbubu ɖe amewo me le dunyahehe alo woƒe dukɔmevinyenye ta. Esia ƒe kpɔɖeŋu vevi aɖee nye Hitler. Georg, si nye Hitler ƒe Sɔhɛwo ƒe habɔbɔ me tɔ tsã gblɔ be: “Nu gbãtɔ si Nazitɔwo fia míe nye be míalé fu Yudatɔwo, emegbe Russiatɔwo, eye emegbe ‘Dziɖuɖua ƒe futɔwo katã.’ Esi menye ƒewuivi ta la, mexɔ nusi wogblɔ nam la dzi se. Emegbe hafi meva nya be ɖe woblem.” Abe alesi wònɔ le Nazi Germania kple teƒe bubuwo ene la, wonɔa te ɖe dukɔmevinyenye si ganye fuléle dzɔtsoƒe bubu dzi bunɛ be esɔ be woabu nazã ɖe ameƒomevi aɖewo alo gbe aɖe dolawo ŋu.

Dukɔmevinyenye, teƒe ɖeka tsotso, kple ŋutigbalẽ ƒe vovototo. Ŋutinyaŋlɔla Peter Gay gblɔ le eƒe agbalẽ si nye The Cultivation of Hatred me tso nusi dzɔ le xexemeʋa gbãtɔ ƒe dzɔdzɔ me la ŋuti be: “Le nusiwo woawɔ nuteƒe na dome ʋiʋli la me la, dukɔmevinyenyee va kpɔ ŋusẽ wu bubuwo katã. Lɔlɔ̃ na ame dedukɔ kple fuléle eƒe futɔwoe nye susu vevitɔ si wotsɔ ʋli ge si dukɔwo di le wo nɔewo ŋu le ƒe alafa wuiasiekelia me la ta.” Germaniatɔwo ƒe dukɔmevinyenye gbɔgbɔ wɔe be wokaka asrafowo ƒe ha si woyɔna be “Fuléle ƒe Hadzidzi.” Gay ɖe eme be fuléleŋutinyakakala siwo le Britania kple France kpa nya be Germania-srafowo dɔ nyɔnuwo gbɔ sesẽe eye wowu vidzĩwo. Siegfried Sassoon si nye Eŋlisiawo ƒe asrafo la ƒo nu tso nu vevitɔ si dze le Britaniatɔwo ƒe aʋawɔŋutinyatakakawo me ŋuti be: “Ewɔ abe ɖe wowɔ amegbetɔ be woaɖe Germaniatɔwo ƒe agbe ɖa ene.”

Abe dukɔmevinyenye ƒe gbɔgbɔ la ene la, gbeɖekadolawo alo ameƒomevi aɖe dodo ɖe dzi fũ akpa ate ŋu ana be woalé fu gbebubudolawo alo dukɔ bubuwo. Esime teƒe ɖeka tsotso gale ʋunyaʋunya hem vɛ kokoko le Afrika-dukɔ geɖewo me la, ameƒomevinyenye le fukpekpe geɖe hem va Ɣetoɖoƒe Europa kple Anyiehe Amerika. Nu bubu si ate ŋu akpe ɖe dukɔmevinyenye ŋu ahe mamã vɛ ye nye mawusubɔsubɔ.

Mawusubɔsubɔ. Aʋa siwo ƒe avu womete ŋu le lélem le xexeame o la dometɔ geɖewo ku ɖe subɔsubɔ ŋuti vevie. Le Anyiehe Ireland, Titina Ɣedzeƒe, kple teƒe bubuwo la, wolé fu amewo le woƒe subɔsubɔ ta. Ƒe alafa eve kple edzivɔ enye esia la, Eŋlisi nuŋlɔla Jonathan Swift gblɔ be: “Subɔsubɔha si ana míalé fu ame la sɔ gbɔ, gake esi ana míalɔ̃ mía nɔewo ya mesɔ gbɔ o.”

Le ƒe 1933 me la, Hitler gblɔ na Osnabrück ƒe bisiɔp be: ‘Le Yudatɔwo gome la, taɖodzinu ma ke si zãm Katolikoha la le ƒe 1,500 sɔŋ enye sia la ko zãm megale.’ Germania subɔsubɔhaŋgɔnɔla akpa gãtɔ mebu fɔ eƒe Yudatɔwo wuwu fuléletɔe gbeɖe o. Paul Johnson gblɔ le eƒe agbalẽ si nye A History of Christianity me be “Sɔlemeha la ɖea Katolikotɔ siwo ŋlɔ ɖe agbalẽ me be yewolɔ̃ be woatɔ dzo yewoƒe kukua ne yewoku la ɖa le ha me, . . . gake womegbe na wo be woagawɔ dɔ le fuwɔame alo ku gaxɔwo me ya o.”

Subɔsubɔhakplɔla geɖewo ƒe nuwɔna yi ŋgɔ wu ŋkumiamia ɖe fuléle dzi ɖeɖeko—wowɔe nu kɔkɔe kura gɔ̃ hã. Esime Spaniatɔwo ƒe Dukɔmeviʋa dzɔ le ƒe 1936 me la, Papa Pius XI bu fɔ Dunyaheha si di be dukɔmeviwo natia woƒe dukplɔla be ‘woƒe fuléle Mawu ɖi Satana tɔ vavã’—togbɔ be Katoliko nunɔlawo le Dunyaheha si di be dukɔmeviwo ŋutɔ natia woƒe dukplɔla la dome hã. Nenema Papateƒenɔla Gomá si nye Spania-dukɔa ƒe bisiɔpgã le dukɔmeviʋa wɔɣi gblɔ be ‘ŋutifafa manya wɔ aʋawɔwɔ kple tu manɔmee o.’

Dzesi aɖeke mele dzedzem be subɔsubɔhawo ƒe fuléle nu ayi o. Le ƒe 1992 me la, magazine si nye Human Rights Without Frontiers bu fɔ alesi Hela Orthodoks Subɔsubɔhakplɔlawo ƒoe ɖe amewo nu be woalé fu Yehowa Ðasefowoe. Kpɔɖeŋu geɖe siwo wogblɔ dometɔ ɖekae nye alesi Hela Orthodoks nunɔla aɖe kplɔ Ðasefo ƒe 14 vi eve yi ʋɔnui. Kple nutsotso ka? Etso wo nu be ‘wodi be yewoana yeatrɔ yeƒe subɔsubɔha.’

Fuléle Metsonuwo

Le xexe bliboa katã me la, woƒã fuléle ƒe kuwo hewu tsi wo to madzɔmadzɔnyenye, nazãbubu, dukɔmevinyenye kple subɔsubɔhawo dzi. Eƒe kutsetse si nu womate ŋu axe mɔ ɖo o ye nye dɔmedzoedodo, dzredidi, aʋawɔwɔ, kple nuwo tsɔtsrɔ̃. Nusi Biblia gblɔ le Yohanes I, 3:15 kpe ɖe mía ŋu be míakpɔ alesi nya sia nye ŋkubiãnyae: “Amesiame, si léa fu nɔvia la, amewula wónye.” Kakaɖedzitɔe la, afisi fuléle xɔ aƒe ɖo la, ŋutifafa—ne ɖe gali kura hã la—melia ke o.

Elie Wiesel si nye Nobel Nunanaxɔla kple amesi tsi agbe tso Nazitɔwo ƒe Yudatɔwo Tsɔtsrɔ̃ gã la me ŋlɔ be: “Enye agbetsila ƒe dɔdasi be wòaɖi ɖase le nusiwo dzɔ la ŋu . . . Ele be nàxlɔ̃ nu amewo be nusiawo ate ŋu adzɔ, vɔ̃ ate ŋu adzɔ. Ameƒomeviwo dome fuléle, ŋutasesẽ, trɔ̃subɔsubɔwo—wogale ta kekem kokoko.” Ƒe alafa 20 lia me ŋutinya ɖo kpe edzi be fuléle menye nusi nu atsi le eɖokui si o.

Ðe woate ŋu aɖe fuléle ɖa keŋkeŋ le amegbetɔwo ƒe dzi me gbaɖegbea? Ɣesiaɣi koe fuléle gblẽa nua, alo ɖe eƒe akpa nyui aɖewo hã lia? Mina míakpɔe ɖa.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe