INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 6/15 axa 31
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ka Tae Wòle Be Mawu Ƒe Gbɔgbɔa Nafia Mɔ Mí?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Zɔ Le Gbɔgbɔ Me Be Nànɔ Agbe Ðe Wò Adzɔgbeɖeɖe La Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Bu Gbɔgbɔ La Ŋu Ne Nànɔ Agbe!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Mawu Ƒe Gbɔgbɔa Fia Mɔ Kristotɔwo Le Ƒe Alafa Gbãtɔ Me Eye Wòle Mɔ Fiam Wo Egbea Hã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 6/15 axa 31

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Galatiatɔwo 6:8 gblɔ be, “amesi ƒã nu ɖe eƒe ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ atso eƒe ŋutilã me; ke amesi ƒã nu ɖe gbɔgbɔ me la, aŋe agbe mavɔ atso gbɔgbɔ me.” “Gbɔgbɔ” ka ƒe nya gblɔm wole le afisia, eye aleke esia ana míakpɔ agbee?

Gɔmesese vovovoe le Hebri kple Hela gbe me nya siwo gɔme woɖe be “gbɔgbɔ” la ŋu, si ƒe ɖewoe nye: (1) Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ, (2) agbeŋusẽ si le amegbetɔwo alo lãwo me, (3) ame ƒe tamesusu si ʋãnɛ, kple (4) gbɔgbɔmeme alo mawudɔla. Gɔmesese siawo ƒe gbãtɔ—Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ—ye nye gɔmesese si míekpɔ le Galatiatɔwo 6:8.

Be míanya nu vie tso nusiwo ŋu wole nu ƒom le ŋu la, de dzesi Galatiatɔwo 3:2, afisi wozã nya “gbɔgbɔ” le zi gbãtɔ le Galatiatɔwo ƒe agbalẽa me. Paulo bia Kristotɔwo be: “Se la ƒe dɔwɔwɔwo mee miexɔ gbɔgbɔ la tso loo, alo xɔse ƒe nyagbɔgblɔfia la mee miexɔe tsoe mahã?” Eye le Galatiatɔwo 3:5 la, egblɔ be “gbɔgbɔ” ma gbɔe ŋusẽdɔwɔwɔwo tsona. Eyata “gbɔgbɔ” si ƒe nya gblɔm wònɔe nye gbɔgbɔ kɔkɔe, Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ la.

Emegbe le Galatiatɔwo 5:16 la, Paulo de vovototo ŋutilã kple gbɔgbɔ dome. Míexlẽ be: “Mele egblɔm be: Mizɔ le gbɔgbɔ me, eye miele ŋutilã ƒe nudzodzro dzi wɔ ge o.” Nusi yɔm wòle be “ŋutilã ƒe nudzodzro” lae nye amegbetɔŋutilã si ŋu nuvɔ̃ le. Eyata le Galatiatɔwo 5:19-23 la, eyɔ “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” siwo to vovo na “gbɔgbɔ ƒe kutsetse.”

Eyata edze le Galatiatɔwo 6:8 be amesi ‘le nu ƒãm ɖe eƒe ŋutilã me’ la anye amesi ɖea mɔ le eɖokui ŋu amegbetɔ ƒe nudzodzro vɔ̃wo kpɔa ŋusẽ ɖe edzi eye wòwɔa “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo.” Ðewohĩ akpɔ agbenɔnɔ ma me tsonu gbegblẽwo, eye ne metrɔ o la, makpɔ agbe le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me loo alo le eƒe dziɖuɖu te o.—Korintotɔwo I, 6:9, 10.

Esi míenye Kristotɔ siwo tsɔ wo ɖokui na la, ele be míadi be ‘míaƒã nu ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ me.’ Ema wɔwɔ bia be míanɔ agbe le mɔ si nu gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu awɔ dɔ le míaƒe agbenɔnɔ me nyuie, eye wòakpe ɖe mía ŋu míatse eƒe kuwo. Ele be esia nanɔ susu me na mí ne míedi be míatso nya me le nusi míaxlẽ alo nusi míakpɔ le television dzi ŋu. Míeƒãa nu ɖe gbɔgbɔ me ne míeɖoa to le kpekpewo me eye míedzea agbagba be míatsɔ hamemegã siwo gbɔgbɔ kɔkɔea ɖo la ƒe aɖaŋuɖoɖo awɔ dɔe.—Dɔwɔwɔwo 20:28.

Enyo be míade dzesii be wotsɔ kakaɖedzi nya sia ƒo Galatiatɔwo 6:8 tae be ne míewɔa nusiawo la, míadze aŋe “agbe mavɔ atso gbɔgbɔ me.” Ẽ, Mawu awɔ Kristo ƒe tafea ŋudɔ ana agbe si nuwuwu meli na o la mí to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe dɔwɔwɔ dzi.—Mateo 19:29; 25:46; Yohanes 3:14-16; Romatɔwo 2:6, 7; Efesotɔwo 1:7.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe