INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 7/1 axa 26-29
  • Nye Ðeka Koe Gake Womegblẽm Ði Kpɔ O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nye Ðeka Koe Gake Womegblẽm Ði Kpɔ O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia me Nyateƒea Sese Zi Gbãtɔ
  • Metsi Akogo Azɔ
  • Keke Ðe Habɔbɔa Ŋu
  • Takpekpe Yiyi Kple Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ Mlɔeba
  • Megatrɔ Yi Mount Gambier
  • Dɔdasi Yeyewo
  • Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Dzi Yiyi
  • Tiatia Nyuiwo Wɔwɔ He Yayrawo Vɛ Nam Le Nye Agbemeŋkekewo Katã Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Meke Ðe Kesinɔnu Si Xɔ Asi Wu Bubuawo La Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 7/1 axa 26-29

Nye Ðeka Koe Gake Womegblẽm Ði Kpɔ O

ABE ALESI ADA LEWIS GBLƆE ENE

Ðokuisigbenɔnɔ dzroam vevie ɣesiaɣi. Meɖoa tame kplikpaa hã—amewo bunɛ be totitrie—le nusianu si mewɔna me. Meƒoa nu ameŋumabumabutɔe hã, eye nuwɔna sia dem nya me ƒe geɖe.

GAKE meda akpe be Yehowa Mawu megbem le nye nɔnɔme manyomanyoawo ta o. Eƒe Nya sɔsrɔ̃ kpe ɖe ŋunye mete ŋu trɔ asi le nye amenyenye ŋu eye meto esia me do eƒe Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ɖe ŋgɔ ƒe 60 sɔŋ. Sɔwo ƒe nu dzɔa dzi nam tso ɖevime ke, eye alesi Mawu kpe ɖe ŋunye meɖu yeaɖi totitri ƒe nɔnɔme si nɔ asinye dzii la ɖo ŋku alesi wote ŋu tsɔa numega fiaa mɔ sɔe la dzi nam zi geɖe.

Wodzim le ta dzeani aɖe gbɔ le Mount Gambier le Dziehe Australia le ƒe 1908 me. Lãnyiƒe nɔ dzinyelawo si, eye nyee nye nyɔnuvi tsitsitɔ le wo vi enyi dome. Mía fofo ku esime mí katã míenɔ sue. Ema da lãnyiƒea dzi kpɔkpɔ ƒe agba gã aɖe ɖe dzinye elabena ehiã be fonye eveawo nayi aɖawɔ dɔ adi ga vɛ. Lanyinyi tea ɖeɖi ame ŋu eye dɔa sesẽ ŋutɔ.

Biblia me Nyateƒea Sese Zi Gbãtɔ

Presbyteria Ha mee míaƒe ƒomea nɔ eye míenye hamevi dovevienu siwo dea sɔleme ɣesiaɣi. Meva zu nufiala le Kwasiɖagbe suku aɖe me eye metsɔe ɖo ɖokuinye dzi be mafia nusi mexɔ se be esɔ le gbɔgbɔ kple agbenyuinɔnɔ me la ɖeviawo.

Tɔgbuinye ku le ƒe 1931 me, eye agbalẽ gbogbo aɖewo siwo J. F. Rutherford si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi ŋlɔ la nɔ eƒe nuwo me. Medze The Harp of God kple Creation xexlẽ gɔme, eye zi alesi mexlẽ wo la, zi nenemae wòwɔa nuku nam ne meva kpɔe be Biblia meda asi ɖe nusiwo dzi mexɔ se henɔ ɖeviawo fiam la dometɔ geɖe dzi o.

Esi mesrɔ̃e be amegbetɔ ƒe luʋɔ menye nu makumaku o, be ame akpa gãtɔ mayi dziƒo ne woku o, eye be dzomavɔ ƒe fuwɔameƒe aɖeke meli na ame vɔ̃ɖiwo o la, ewɔ nuku nam ale gbegbe. Metɔtɔ esi megakpɔe hã be kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Kwasiɖagbe sabat ɖuɖu menye nusi wodi tso Kristotɔwo si o. Eyata nyametsotso vevi aɖe dze ŋgɔm: be maku ɖe Kristodukɔa ƒe blemanufiafiawo ŋu loo alo madze Biblia ƒe nyateƒea fiafia gɔme. Eteƒe medidi hafi metso nya me be matso kadodo ɖesiaɖe keŋkeŋ kple Presbytaria Hamea o.

Metsi Akogo Azɔ

Esi megblɔ be mado le haa me eye nyemagafia nu le Kwasiɖagbe sukua me o la, mevivi ƒonyemeawo, xɔ̃nyewo, kple míaƒe haa me ame nyanyɛ xoxowo nu kura o. Eye esi wova nya be amesiwo woyɔna be Ʋɔnudrɔ̃la Rutherford tɔwoe meva nɔ ha dem kple la, ema gade dzo wo me be woaƒo nu tsi tre ɖe ŋunye ɖe edzi. Menye ɖe wolé fum ya o, gake kpuie ko la, ƒonyemeawo kple xɔ̃nye xoxowo megakɔa mo nam o.

Ɣesiaɣi si mele mawunyakpukpui siwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me xlẽm la, mekpɔnɛ be ehiã vevie be maɖe gbeƒã le gaglãgbe. Mese be Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã tso aƒeme yi aƒeme wònye woƒe gaglãgbesubɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe. Gake Ðasefo aɖeke menɔ míaƒe nutoa me ɣemaɣi o. Esia ta ame aɖeke mede dzi ƒo nam alo fia alesi maɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui lae o. (Mateo 24:14) Mese le ɖokuinye me be metsi akogo vevie.

Ke hã la, Biblia ƒe sedede be woaɖe gbeƒã na ame bubuwo tsi susu me nam, eye metso nya me be ele be madze gbeƒãɖeɖe gɔme. Le gbedodoɖa geɖe megbe la, meɖoe be manɔ míaƒe aƒelikawo gbɔ yim anɔ nusi mesrɔ̃ la gblɔm na wo eye madze agbagba afiae wo tso woa ŋutɔwo ƒe Biblia me. Kwasiɖagbe suku si mefia nu le ƒe tatɔ ƒemee mege ɖo gbã. Eƒe vivimadomado ɖe ŋunye kple nya vlo siwo wògblɔ le esi medo le haa me ta mede dzi ƒo nam kura o. Gake dzonɔameme kple ŋusẽ yeye aɖe si wɔ nuku nam ɖo menye esi medo le eƒeme heyi aƒe bubuwo me.

Wometsi tre ɖe ŋunye tẽ ya o gake alesi míaƒe sɔlemezɔhɛ tsãtɔwo katã medoa vivi ɖe ŋunye ne meyi wo gbɔ o la wɔ nuku nam ŋutɔ. Metsi yaa eye wòte ɖe dzinye ŋutɔ be fonyee ti yonyeme wu, eye esia ɖo ŋku nya siwo Yesu gblɔ dzi nam be: “Dzilawo kple nɔviŋutsuwo kple ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ade mi asi . . . Eye amewo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ la ŋuti.”—Luka 21:16, 17.

Menya sɔdodo nyuie tso ɖevime ke, eyata meɖoe be sɔdodo koe ana maɖo amewo gbɔ kabakaba. Esia kpe ɖe ŋunye mede didiƒewo ke hã le kɔƒenuto siwo tsɔ ɖe afima me. Gake gbeɖeka ŋdɔ la, sɔa da to eme hedze anyi ɖe mɔ ɖiɖi aɖe dzi eye mexɔ abi ɖe ta vevie. Gbã la, wovɔ̃ be matsi eme. Tso anyidzedze ma dzi ne tsi dza eye mɔa dzi le ɖiɖim la, nyemegadoa sɔ o, ke mezãa keke si sɔ hena boŋ.a

Keke Ðe Habɔbɔa Ŋu

Ɣeaɖeɣi le nye afɔkudzedzea megbe la, ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela siwo woyɔna fifia be mɔɖelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe va Mount Gambier nutoa me. Eyata emae nye zi gbãtɔ si mete ŋu ɖo dze kple haxɔsetɔwo ŋkume kple ŋkume kpɔ. Hafi woadzo la, wode dzi ƒo nam be maŋlɔ agbalẽ na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe eye mabia alesi mawɔ gaglãgbe gbeƒãɖeɖedɔae le ɖoɖo nu wu.

Esi meŋlɔ agbalẽ na Habɔbɔa vɔ la, woɖo agbalẽwo, agbalẽviwo, kple ɖaseɖigbalẽ ɖem be matsɔ aɖe ɖokuinye nui le aƒewo me. Agbalẽŋɔŋlɔ ƒe kadodo si nɔ mía kple alɔdzedɔwɔƒea dome na mese le ɖokuinye me be mete ɖe nye gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ŋu. Gake esi mɔɖelawo ƒe ƒuƒoƒoa dzo yi du evelia me la, ewɔe be megatsi akogo wu tsã.

Ðaseɖiɖidɔa wɔwɔ edziedzi gbesiagbe—zi geɖe le keke si sɔ hena me—wɔe be wova nyam nyuie le nutoa me. Megate ŋu kpɔa lãnyiƒea dzi le ɣeyiɣi ma ke me. Ɣemaɣi ƒonyemeawo megatsia tre ɖe ŋunye o eye womegadea nu eme nam o. Aleae mewɔ subɔsubɔdɔae ƒe ene sɔŋ abe nyanyuia ƒe gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃ si sa ɖe aga ene.

Takpekpe Yiyi Kple Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ Mlɔeba

Nɔviŋutsu Rutherford va Australia le April 1938 me. Subɔsubɔhakplɔlawo ƒe tsitretsiɖeŋu sesĩe na wogbe be míagazã Sydney Dutakpexɔ si ŋu woɖe asi le na mí do ŋgɔ la o. Gake mlɔeke la, woɖe mɔ be míazã dua ƒe Lãmesẽfefewɔƒe. Ðoɖoawo ƒe tɔtrɔ kpata alea ɖe vi ŋutɔŋutɔ, elabena ame akpe geɖe te ŋu kpe ta ɖe Lãmesẽfefewɔƒea. Amesiwo ade 12,000 ye va, eye edze ƒã be tsitretsitsi ɖe takpekpea ŋu si subɔsubɔhakplɔlawo nɔ megbe nae na amewo va takpekpea nenema.

Wowɔ takpekpe aɖe hã ŋkeke geɖe le Sydney ƒe gbɔtodu aɖe me wòdo go ɖe Nɔviŋutsu Rutherford ƒe vava nu. Afimae mexɔ nyɔnyrɔ̃ tsɔ ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu dzi le. Àte ŋu akpɔ dzidzɔ si gbegbe mekpɔ esi meva kpe ta kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu alafa geɖe siwo tso Australia-nyigba gã la dzi mlɔeba la le susu mea?

Megatrɔ Yi Mount Gambier

Metsi akogo vevie esi metrɔ gbɔ va aƒe, gake meɖoe kplikpaa wu tsã be mawɔ nusianu si mate ŋui le Fiaɖuƒedɔa me. Eteƒe medidi o meva ke ɖe Agnew ƒomea ŋu—Hugh, srɔ̃anyɔnu, kple wo vi eneawo. Wonɔ Millicent-du si didi kilometa 50 ko tso Mount Gambier gbɔ la me, eye mezãa keke si sɔ hena yina kilometa 50 ɖawɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kple wo edziedzi gagbɔna. Nye akogotsitsia nu tso esi wova xɔ nyateƒea.

Eteƒe medidi o míeva zu ƒuƒoƒo eye míewɔa ɖoɖo ɖe ɖaseɖiɖidɔa ŋu. Emegbe dzidzɔtɔe la, danye va tsɔ ɖe le nyateƒea me eye mía kplii míezɔa mɔ kilometa 100 ɖasrɔ̃a nu kple ƒuƒoƒo si woɖo yeyee la gagbɔna. Tso ɣemaɣi la, Danye dea dzi ƒo nam hekpena ɖe ŋunye ɣesiaɣi togbɔ be ƒe ʋee aɖewo va yi hafi wòxɔ nyɔnyrɔ̃ gake. Nyemegatsi akogo azɔ o!

Mɔɖela ene do tso míaƒe ƒuƒoƒo suea me, siwo nye Agnew vinyɔnu etɔ̃awo—Crystal, Estelle, kple Betty—kpakple nye ŋutɔ. Emegbe le ƒe 1950 ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, nyɔnuvi etɔ̃awo katã de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua. Wozu dutanyanyuigblɔlawo woɖo ɖe India kple Sri Lanka, eye wogale subɔsubɔm nuteƒewɔwɔtɔe.

Woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le Australia le January 1941 me, eyata míawo hã míetrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu enumake. Míetsɔ nusiwo katã míezãna le subɔsubɔdɔa me—agbalẽwo, mɔ̃ kpokploe siwo míetsɔ ƒoa agba siwo dzi wolé nya ɖoe, Biblia me nuƒo siwo wolé ɖi, kple bubuawo—de gaɖaka gã aɖe me. Azɔ míetsɔ aɖakaa ɖo agbadɔ aɖe te helɔ gbe kɔ ɖe edzi.

Togbɔ be woɖo asi mía dzi hã la, míeyi míaƒe aƒeme yi aƒeme gbeƒãɖeɖedɔa dzi ayedzedzetɔe, eye Biblia ko míezãna ne míele nu ƒom na amewo. Meɣlaa magazinewo ɖe sɔkpa te eye ne ame aɖe tsɔ ɖe le Fiaɖuƒegbedasia me anukwaretɔe ko hafi meɖea wo ɖe go. Wova ɖe asiɖoamedzia ɖa mlɔeba le June 1943 me eye míegate ŋu na agbalẽwo faa azɔ.

Dɔdasi Yeyewo

Le ƒe 1943 me la, metsɔ ɖokuinye ɖo anyi be mazu mɔɖela eye le ƒe si kplɔe ɖo me, medzo le Mount Gambier yi dɔ bubu wɔƒe. Gbã la, wokpem be mava subɔ vie le Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe le Strathfield. Emegbe wova de dɔ bubuwo asi nam le du sue aɖewo me le New South Wales ƒe dziehe kple Victoria ƒe ɣetoɖoƒenutowo me. Gake dɔdasi siwo tum ɖo le gbɔgbɔ me wu dometɔ ɖekae nye esi meva subɔ kple hame aɖe le Melbourne. Esi wònye kɔƒe mee metso va ta la, mesrɔ̃ nu geɖe esime mewɔ subɔsubɔdɔa le afima.

Mía kple nye zɔhɛ mɔɖela Helen Crawford míewɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe le dɔdasia me le Victoria ƒe nuto si nye Gippsland ƒe anyigbe, eye míeɖo hame le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe. Kɔƒewo sɔ gbɔ ɖe nuto ma me, eye ʋu xoxo gbagbã aɖe nɔ mía si míetsɔ zɔa mɔe. Míekunɛ ɣeaɖewoɣi gake zi geɖe la, ɖe míetutunɛ. Medi sɔ vevie ŋutɔ! Megblɔna ɣeaɖewoɣi le nyateƒe me be: “Matsɔ nusianu (negbe Fiaɖuƒea ko) ana ɖe sɔ ta!” Hame sesẽwo kple Fiaɖuƒe Akpata dzeaniwo le du akpa gãtɔ me le nuto ma me egbea.

Wode dɔ asi nam le ƒe 1969 me le Australia ƒe fiadu si nye Canberra me. Esia bia agbagbadzedze blibo eye ɖaseɖiɖi ƒe mɔnukpɔkpɔ vovovowo hã li elabena dutadukɔwo ƒe amedɔdɔwo ƒe dɔwɔƒe geɖewo ƒe dɔwɔlawo gbɔe míeyina zi geɖe. Afisia ko megale subɔsubɔm le, gake dua ƒe akpa siwo woɖo dɔwɔƒewo ɖo koŋ ye meɖia ɖase le wu le ƒe siawo me.

Mɔnukpɔkpɔ su asinye le ƒe 1973 me mede takpekpe gãwo le United States. Nu vevi bubu si dzɔ le nye agbe mee nye esi menɔ amesiwo de takpekpe le ƒe 1979 me la dome va tsa le Israel kple Jordan. Afisiwo woyɔ le Biblia me ŋutɔŋutɔ dede kple ŋugbledede le nusiwo dzɔ le teƒe mawo ŋu ʋãam ale gbegbe. Nye ŋutɔ mekpɔ alesi wònɔ esi meho ɖe dzi le Ƒukuku si me dze sɔ gbɔ ɖo la me, eye esi míeɖi tsa de Petra le Jordan la, megakpɔ sɔ aɖe do. Esia na meɖo ŋku tsã esime sɔwo kpe ɖe ŋunye metsɔ Fiaɖuƒegbedasia de kɔƒenuto didiwo me ke la dzi.

Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Dzi Yiyi

Ðoɖo tɔxɛ siwo wowɔ abe Mɔɖelawo ƒe Subɔsubɔ Suku kple mɔɖelawo ƒe kpekpe siwo wowɔna le nutome sue takpekpewo me ene, kpakple dzideƒo siwo dzikpɔla mɔzɔlawo naam ɣesiaɣi la na didia kpɔtɔ le menye be mayi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi togbɔ be mele tsitsim gake. Mate ŋu agblɔ le nyateƒe me be Yehowa kpɔ egbɔ dɔmenyotɔe be nye akogotsiɣiwo zu gbaɖegbenyawo.

Fifia mexɔ ƒe 87, eye le ƒe siwo ade 60 siwo metsɔ subɔ Yehowae me la, dzideƒonya aɖe le asinye magblɔ na amesiwo hã mevɔ̃a naneke o eye wonɔa ɖokuisigbe la be: Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Yehowa ƒe mɔfiafia te ɣesiaɣi. Yehowa nekpe ɖe mía ŋu míaɖu nuƒoƒo ameŋumabumabutɔe la dzi eye neɖo ŋku edzi na mí ɣesiaɣi be togbɔ be awɔ na mí zi geɖe be míetsi akogo hã la, magblẽ mí ɖi akpɔ o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Enye keke si te afɔti eve le.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe