INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w94 1/1 axa 28-31
  • Meke Ðe Kesinɔnu Si Xɔ Asi Wu Bubuawo La Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Meke Ðe Kesinɔnu Si Xɔ Asi Wu Bubuawo La Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nye Ƒomea ƒe Ŋutinya
  • Meke Ðe Kesinɔnu Vavãtɔ Ŋu
  • Mía Kple Papa Míetsa Va Ðe Gbeƒã
  • Medo Go Dodokpɔ Vovovowo
  • Subɔsubɔ le Adelaide
  • Hehe Aɖe Si Mexɔ Le Nye Agbenɔɣi Katã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Menye Kpovitɔ Tsã Hafi Va Zu Subɔla Kristotɔ
    Nyɔ!—1994
  • Nye Ðeka Koe Gake Womegblẽm Ði Kpɔ O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Dzinyelawo Ƒe Afɔtoƒewo Yomedzedze
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
w94 1/1 axa 28-31

Meke Ðe Kesinɔnu Si Xɔ Asi Wu Bubuawo La Ŋu

ABE ALESI FLORENCE WIDDOWSON GBLƆE ENE

Esi zã nɔ dodom la, míeɖoe be míatsi ta aɖe to adɔ. Menye teƒe si nyo be nyɔnu eve natsi adɔ hafi o gake míesusui be naneke madzɔ le zã ɖeka ya teti me o. Esi menɔ agbadɔa tum kple ŋkubiã la, Marjorie hã nɔ míaƒe fiẽnuɖuɖu ɖam.

ÐEKO meƒo tsyoti mamlea ɖe to koe nye ma esi nye ŋku kli nane wòʋã le atikpo yibɔ aɖe xa. Mebia Marjorie be: “Èkpɔ be atikpo ma ʋãa?”

Etɔtɔ vie eye wòɖo eŋu be “ao.”

Medo ɣli be: “Eʋã laa. Tsɔ tsiɖodzoezea nam!”

Metsɔe kpe ɖe fia si metsɔ da ɖe abɔta la ŋuti zɔ yi ta la to. Esi wòsusɔ vie maɖo atikpoa gbɔ la, ŋutsu aɖe do tso exa!

Medo dzi bia kaba be, “Ta la me tsi nyo woanoa?”

Eɖo eŋu adãtɔe be: “Ao menyo o gake ne tsinono dim nèle la, mate ŋu akpɔe na wò.”

Megbe eƒe nunana la kaba eye nye dzi dze eme ŋutɔ esi wòtrɔ dzo. Dzidzi ƒom, eye meɖe abla va gblɔ nusi dzɔ la na Marjorie. Míekaka avɔgbadɔa enumake eye míeƒo te míaƒe nuwo hedzo. Wogblɔ na mí emegbe be ɖeko ŋutsua tso game gbɔe nye ma.

Togbɔ be tomenukulawo va ƒo zi ɖe sikakuƒewo ŋu le Australia zi geɖe le ƒe 1937 me hã la, nu xɔasi bubu ƒomevi aɖe dilawoe míawo ya míenye. Míele amesiwo le vevie na Mawu la dim.

Nye Ƒomea ƒe Ŋutinya

Ƒe alafa ɖekae nye esia la, fofonye nye gbede le kɔƒe sue si nye Porepunkah me le Victoria-nuto me. Afimae wodzim ɖo le ƒe 1895 me eye mía kple nɔvinyeŋutsu ene míetsi le Ovens-tɔsisi si le Buffalo-toa xa la gbɔ. Dzinyelawo dea Ðekawɔwɔ Sɔlemeha la ƒe sɔleme edziedzi eye nye hã medea kwasiɖagbe suku le afisi fofonye nye sukua dzikpɔla le.

Le ƒe 1909 me la, dzidɔ dze Danye dzi le ahom sesẽ aɖe ƒe tutu me eye wòku ɖe papa ƒe asi me. Eye le ƒe 1914 ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, nɔvinyeŋutsuawo dometɔ ɖeka dzo le aƒeme eye le aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo megbe la, wotsɔ eƒe kukua vɛ na mí. Ewu eɖokui. Esi wogblɔ be ameɖokuiwuwu nye nuvɔ̃ si womatsɔ ake o ta la, sɔlemeha la ƒe nufiafia be ayi dzo mavɔ me na míaƒe nuxaxa gadzi ɖe edzi.

Emegbe Xexemeʋa I dzɔ le ƒe ma me eye wotia nɔvinyeŋutsu eve be woaɖawɔ asrafodɔ le duta. Ʋukɔkɔɖi kple fukpekpe ŋuti nyatakaka dziŋɔwo ʋã mí ɖetugbi ade kple fofonye hã be míedze Biblia-gbalẽ si nye Yohanes sɔsrɔ̃ gɔme.

Meke Ðe Kesinɔnu Vavãtɔ Ŋu

Agbalẽ si nye The Time Is at Hand si Charles Taze Russell ŋlɔ la nɔ Ellen Hudson si. Alesi wòtsɔa dzo ɖe exexlẽ ŋu la wɔ dɔ ɖe mí ƒuƒoƒoa me tɔ mamleawo dzi. Esi wòkpɔe be agbalẽbabla ade siwo woŋlɔ ɖe wo nɔewo yome si ƒe tanyae nye Studies in the Scriptures ƒe ɖeka koe agbalẽ ma nye la, eŋlɔ lɛta ɖo ɖe Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe Habɔbɔ si le Melbourne tsɔ bia be woaɖo babla mamleawo ɖe ye. Míelɔ̃ ɖe edzi le ƒuƒoƒoa me be míazã babla gbãtɔ si nye The Divine Plan of the Ages le míaƒe kwasiɖa sia kwasiɖa nusɔsrɔ̃a me.

Bu alesi dzi dzɔ mía kple Papae esi míeva kpɔe be dzo mavɔ aɖeke meli o la ŋu kpɔ ko. Vɔvɔ̃ si nɔ mía me be nɔvinyeŋutsua yi dzo mavɔ me la nu yi. Míesrɔ̃ nyateƒe si nye be kukuawo meganya naneke o, alɔ̃ me ko wole eye be womele agbe le afi aɖeke le fu kpem le dzo me o. (Nyagblɔla 9:5, 10; Yohanes 11:11-14) Míaƒe Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒoa me tɔ aɖewo tso nya me be míayi míaƒe aƒelikawo gbɔ ava ɖe gbeƒã nyateƒe si srɔ̃m míele la na wo. Míezɔna yia aƒe siwo tsɔ kpuiƒe la me gake míetsɔ gasɔ kple keke si te afɔti eve le si sɔ ɖeka hena la yia kɔƒemetɔwo gbɔe.

November 11, 1918 si nye Dukɔwo Dome Ŋutifafawɔgbee nye zi gbãtɔ si mewɔ aƒeme yi aƒeme dɔa. Míaƒe nusɔsrɔ̃ƒuƒoƒoa me tɔ etɔ̃ míezɔ mɔ kilometa 80 yi du si woyɔna be Wangaratta me be míamã trakt si nye People’s Pulpit. Ƒe aɖewo megbe esi míenɔ ɖaseɖiɖidɔa wɔm le saɖaganutoawo dometɔ ɖeka mee nusi megblɔ do ŋgɔ la dzɔ.

Mede Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe takpekpe gã aɖe le Melbourne le ƒe 1919 me. Metsɔ nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi le afima le April 22, 1919 dzi. Gbɔgbɔmenu damiawo dzi nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Dziƒofiaɖuƒea ƒe gbɔgbɔmekesinɔnuwo kple Yehowa ƒe anyigba dzi habɔbɔa ŋu ɖe edzi.—Mateo 13:44.

Nyemetrɔ yi aƒe le takpekpea megbe o ke boŋ melɔ̃ xɔ amekpekpea be makpe ɖe Jane Nicholson, amesi nye ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela la ŋu ne míava ɖe gbeƒã ɣleti ɖeka. Nuto siwo me wodea agble henyia nyi le le King-tɔsisia toe nye afisi míeva wɔ dɔ le. Le ƒe ʋee siwo va yi me la, tonyigba sia ƒe nutowo mee nye afisiwo woɖe sinima si woyɔna be The Man From Snowy River la le.

Míexɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye The Harp of God le ƒe 1921 me. Esi Papa nɔ ezãm abe Kwasiɖagbe sukua ƒe nusrɔ̃gbalẽ ene la, dzila geɖewo melɔ̃ ɖe edzi o eye wogblɔ nɛ be wòaɖe asi dɔ ŋu. Edzudzɔ dɔa enumake. Emegbe míexɔ agbalẽ gbadza si nye Hell si ƒe akpa dzi nyabiase dodzidzɔname siawo le be: “Nukae Wònye? Amekawoe Le Afima? Ðe Woate Ŋu Adoa?” Biblia me kpeɖodzi siwo me kɔ siwo wotsɔ ɖe nyatia mee la wɔ dɔ ɖe Papa dzi ale gbegbe be edze wo mamã gɔme tso aƒeme yi aƒeme. Emã alafa geɖewo le mía de kple kɔƒe siwo te ɖe eŋu me.

Mía Kple Papa Míetsa Va Ðe Gbeƒã

Papa va ƒle ʋu aɖe azɔ be míate ŋu atsɔ Fiaɖuƒe gbedasia ayi na amewo le teƒe bubuwo hã. Esi wònye gbede ta la, sɔdodo dzɔa dzi nɛ wu eyata nyee va zu ʋua kula. Gbã la, míetsia amedzrodzeƒewo dɔna. Eteƒe medidi o esia va xɔ asi akpa eyata míeva wɔa avɔgbadɔ tsia eme dɔna.

Papa wɔ ʋua ƒe ŋgɔgbezikpuiwo wòle gbadzaa ale be mete ŋu mlɔa ʋua me. Míetua avɔgbadɔ sue aɖe be Papa namlɔ eme. Ne míetsi agbadɔ me dɔ kwasiɖa gbogbo aɖewo megbe la, míetrɔna yia Porepunkah eye Papa gaʋua eƒe gbededɔwɔƒea. Ewɔa nuku na mí ɣesiaɣi be asisi geɖewo va xea wo ŋu fewo si dea mɔ si míagazɔ ava ɖe gbeƒã ƒe gazazãwo nu na mí.

Dzinyuitɔ geɖewo xɔa mí nyuie eye wolɔ̃na ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ dzi mlɔeba. Hame adre siwo le woa ŋutɔwo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo mee le nuto sia si me míaƒe ƒuƒoƒo sue si tso Porepunkah wɔ dɔ le tsã la me fifia. Le nyateƒe me la, amekae ate ŋu ado vlo “gɔmedzedze nyaŋui”?—Zaxarya 4:10.

Le ƒe 1931 me la, mía kple Papa míeku ʋu kilometa 300 kloe to mɔ siwo gblẽ ŋutɔ dzi yi kpekpe tɔxɛ si me míetsɔ míaƒe ŋkɔ yeye, “Yehowa Ðasefowo” le la. Ŋɔŋlɔawo me ŋkɔ tɔxɛ sia do dzidzɔ na mí ame evea siaa ŋutɔ. (Yesaya 43:10-12) Ede dzesi mí nyuie wu ŋkɔ “Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwo” si wonya na mí vaseɖe ɣemaɣi la sãa.

Gbeɖeka esi menɔ ɖase ɖim le du si nye Bethanga me la, medo go afima ƒe England Sɔlemeha ƒe nunɔla. Edo dziku eye wonɔ afɔ dom na agbalẽ gbogbo siwo míena la be ameawo natsɔ agbalẽawo na ye. Emegbe eva tɔ dzo agbalẽawo le dutoƒo le dua ƒe ablɔdzi. Gake eƒe nuwɔna vloe sia na amewo va ʋu ŋku ɖe nyateƒea ŋu boŋ.

Esi megblɔ nusi dzɔ la na Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒea vɔ megbe la, woŋlɔ lɛta aɖe si bu fɔ nusi nunɔla ma wɔ la. Wogawɔ ɖoɖo hã be ʋuwo nalɔ Ðasefowo vɛ be woava mã lɛta la le nutoa katã me. Esi mía kple Papa míegatrɔ yi dua me la, míena agbalẽ geɖe wu tsã. Dua me tɔwo di vevie be yewoanya nya si tututu le agbalẽ “manɔsenua” me!

Milton Gibb ye nye ame gbãtɔ si xɔ nyateƒea le Victoria to míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me. Esrɔ̃ Habɔbɔa ƒe agbalẽ siwo katã míenae la tsitotsito le míaƒe sasrakpɔwo me. Egblɔ nya wɔmoyaa aɖe le míaƒe tɔtrɔyiwo dometɔ ɖeka me be: “Mezu wò nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka azɔ.”

Togbɔ be eƒe nyametsotsoa dzɔ dzi nam hã la, megblɔ be: “Gbeɖe Milton. Màte ŋu anye nye nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka o.”

“Enyo, ke Rutherford [si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi] ƒe nusrɔ̃lae menye.”

Megagblɔ ake be: “Ao, mènye Rutherford ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka hã o, ke meka ɖe edzi be Kristo ƒe nusrɔ̃lae nènye.”

Milton Gibb ɖee fia be ye nye kesinɔnu vevi gbogbo siwo metsɔ ƒe geɖe nɔ didim la dometɔ ɖeka. Wo kple viaŋutsu eve nye Kristotɔ hamemegãwo eye eƒe ƒomea me tɔ bubuwo le dɔ wɔm vevie le hamea me.

Medo Go Dodokpɔ Vovovowo

Togbɔ be woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le Australia le January 1941 me hã la, míezã Biblia la dzaa ko tsɔ yi gbeƒãɖeɖedɔa dzii. Ke nye mɔɖeɖedɔa alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa va tɔ esime woyɔm le aƒe be mava kpɔ fofonye si dze dɔ vevie la dzi. Nye hã meva dze dɔ eye wowɔ dɔ nam. Exɔ ɣeyiɣi hafi nye lãme sẽ gake mekpɔ Mawu ƒe ŋugbedodo sia ƒe nyateƒenyenye be: “Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.” (Hebritɔwo 13:5) Nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe gaka ɖe edzi nam be: “Flo, ɖo ŋku edzi be menye wò ɖeɖekoe li o. Yehowa li kpli wò ɣesiaɣi.”

Fofonye lɔlɔ̃tɔ la dze dɔ si xɔ kwasiɖa 13 si me wòva ku le. Emia nu le July 26, 1946 dzi. Ese vivi le agbe me eye dziƒomɔkpɔkpɔa le esi. (Filipitɔwo 3:14) Eyata esi mexɔ ƒe 51 le esi menɔ Papa gbɔ le nye agbenɔƒe ƒe akpa gãtɔ me la, meva tsi akogo. Emegbe medo go ŋutsu si mava ɖe la. Míeɖe mía nɔewo le ƒe 1947 me eye míedze mɔɖeɖedɔa gɔme ɖekae. Gake esi tutudɔ va dze edzi le ƒe 1953 me eye wòva zu nuwɔametɔ ta la, dzidzɔɣeyiɣi sia menɔ anyi eteƒe didi o.

Eva gblẽ nu le srɔ̃nye ƒe nuƒoƒo ŋu ale gbegbe be dzeɖoɖo kplii va zu dɔ. Emae nye nusi sesẽ wu le edzikpɔkpɔ me. Agbagbadzedze le susu me be mase nya si wònɔ agbagba dzem be yeagblɔ gɔme la nye dɔ sesẽ ŋutɔ. Togbɔ be míenɔ saɖaganuto si ŋu hame aɖeke mete ɖo o me hã la, Yehowa megblẽ mí ɖi le ƒe sesẽ mawo me o. Mesrɔ̃a Habɔbɔa ƒe nyatakaka yeyewo katã kple gbɔgbɔmenuɖuɖu si wonana ɖaa le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe magazineawo me ɣesiaɣi. Srɔ̃nye lɔlɔ̃tɔa ku le December 29, 1957 dzi.

Subɔsubɔ le Adelaide

Megatsi akogo ake. Nuka wɔ ge mala? Ðe woagana mɔm be manye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla esi metso eme megbea? Woɖe mɔ nam eyata medzra nye aƒe eye megadze mɔɖeɖedɔa gɔme ake le Adelaide si nye Dziehe Australia ƒe fiadua me. Wohiã na mɔɖelawo le afima ɣemaɣi eyata woɖom ɖe Prospect Hamea me.

Esi mevɔ̃a ʋukuku le dua me ta la, medzra nye ʋua eye megadze gasɔ dodo gɔme. Medo gasɔa vaseɖe esime mexɔ ƒe 86 eye amewo yɔam le nutoa me be “ɖetugbi sue si le gasɔ si ƒe amadede nye blɔtɔ dzi.” Eteƒe medidi o nye vɔvɔ̃ le mɔdodo dzi gava dzi ɖe edzi; ɖeko wòwɔna abe ɖe nye gasɔa ƒe ŋgɔgbefɔti nɔ ʋuʋum ɣesiaɣi ene. Nu mlɔea si na medzudzɔ gasɔdodo la dzɔ gbeɖeka ŋdɔ me esi medze kpɔtɔtɔ aɖe me. Megblɔ na ɖokuinye be ‘eva glo’ eyata megadze afɔzɔzɔ gɔme.

Ƒe ʋee aɖewoe nye esia esi meyina nutome gã takpekpe aɖe la, nu va te nye afɔwo ŋu eye wowɔ dɔ nam zi eve ɖe nye ali kple ata kpeƒe. Nye lãme sẽ nyuie esi wowɔ dɔ nam vɔ megbe va ɖo gbeɖeka esi avu gã aɖe lɔm ƒu anyi. Esia bia be woagawɔ atike bubuwo nam, eye tso ɣemaɣi dzi la, atizɔtie mezãna hafi te ŋu zɔna. Nye susu ya gale te. Ele abe alesi xɔ̃nye aɖe gblɔe ene be: “Ewɔ abe wò ŋutilã le tsitsim gake wò susu ya gale te kokoko ene.”

Mekpɔ alesi Adelaide-hameawo tsi ɖe edzi, keke ta hemãe. Ke medzo le Adelaide le ƒe 1983 me, esi mexɔ ƒe 88, va le ƒome aɖe gbɔ le Kyabram le Victoria-nutoa me, afisi mele ƒe ewo sɔŋ enye esia le dzidzɔkpɔkpɔ me. Megadzea agbagba yia gbeadzi kokoko; nɔvi siwo le hamea me kɔam ɖe ʋu me yia amesiwo xɔa magazine le gbɔnye edziedzi la gbɔe. Dɔmenyotɔe la, ameawo hã doa go vaa ʋua gbɔ be mate ŋu aƒo nu na wo.

Ne meɖo ŋku ƒe 98 kple edzivɔ siwo metsɔ nɔ agbee dzi la, megaɖoa ŋku nuteƒewɔla kple anukwaretɔ siwo kafu Yehowa kplim la dzi kokoko, vevietɔ fofonye nyui la. Edze abe metsi wu nuteƒewɔla siwo wɔ mɔɖeɖedɔa kplim la ene. Gake dzidzɔ ka gbegbee nye si le lalayem be magava wɔ ɖeka kple amesiwo hã si agbenɔnɔ le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea me ƒe mɔkpɔkpɔa le la, enye kesinɔnu si xɔ asi wu bubuawo nyateƒe!

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Mexɔ nyɔnyrɔ̃ le April 22, 1919 dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Dzi gale dzɔyem kokoko be mele Yehowa subɔm esi wòsusɔ vie maxɔ ƒe 100

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe