Yehowa Ðasefowo le Xexeame Katã—Brazil
BRAZIL nye dukɔ gã aɖe le go geɖe me. Le eƒe lolome kple emenɔlawo ƒe xexlẽme gome la, eyae nye dukɔ atɔ̃lia si lolo wu le xexe bliboa katã me. Elolo de Dziehe Amerika ƒe afã nu kloe eye afimatɔwo sɔ gbɔ wu dukɔ bubu siwo le anyigbagã ma dzi me tɔwo katã ƒe ƒuƒoƒo. Brazil ye avetsu siwo me tsi dzana le wu le xexe bliboa katã me la le. Amazon-tɔsisi—si me tsi sɔgbɔ wu le anyigba dzi la si to ave ma me.
Brazil ganye dukɔ gã aɖe le gɔmesese bubu nu. Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme gogo 400,000, eye amesiwo wu 1,000,000 ye de Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuƒe. Eyata anyigba sia ɖe dzesi le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa me. Nyitsɔ laa ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ɖo kpe esia dzi.
Subɔsubɔ le Afisi Hiahiã Lolo le Wu
Antonio kple srɔ̃a wɔ nyametsotso sesẽ aɖe be yewoagblẽ yewoƒe ƒometɔwo kple dɔwɔɖui si me fetu nyui le ɖi le São Paulo be yewoasubɔ le Minas Gerais nutome, afisi Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo hiã le wu. Dɔwɔla siwo le sukliwɔƒe aɖe la nye woƒe anyigbamamã ƒe akpa ɖe. Ŋkeke gbãtɔ si woɖi ɖase le afima la, wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ asieke gɔme. Le ɣleti 18 me la, wowɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo wu 40 sɔŋ!
Gbã la, wowɔa kpekpeawo le sukliwɔƒea. Gake gbeƒãɖela yeyewo di be yewoakpɔ Fiaɖuƒe Akpata ŋutɔŋutɔ. Eyata woda bɔs aɖe be wòatsɔ ame 75 ayi hame si tsɔ ɖe wo gbɔ la. Emegbe wowɔ takpekpe aɖe; Biblia-nusrɔ̃vi 45 ye de eye wobia gbe wo. Wo dometɔ 15 xɔ nyɔnyrɔ̃ le takpekpea me. Wofa dzidzɔvi ŋutɔ!
Wozã dɔwɔƒe ma ke ƒe bɔswo na mɔzɔzɔ mawo tɔgbe eye woƒe amegãwo ka asi tɔxɛ aɖe na wo. Antonio tsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖe na dɔwɔƒea tɔ tsɔ da akpe nɛ. Elɔ̃ dze Biblia-nusrɔsrɔ̃ gɔme fiẽ ma, eye le nusɔsrɔ̃ veviedodotɔe ɣleti geɖe megbe la, exɔ nyɔnyrɔ̃. Gbã la, srɔ̃a tsi tre ɖe nusɔsrɔ̃a ŋuti gake le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, eƒe nɔnɔme va fa. Egbea eya hã zu Yehowa ƒe Ðasefo xɔnyɔnyrɔ̃.
Le February 1992 me la, woɖo hame aɖe si me gbeƒãɖela dovevienu 22 le. Xexlẽme sia dzi ɖe edzi va ɖo 42 le ƒe 1994 me, eye gbesiagbe mɔɖela alo ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyui gbeƒãɖela 4 hã nɔ wo me. Antonio ƒo nya ta tso nusi do tso eme ŋuti be: “Mía kple srɔ̃nye míekpɔe be ne ‘míedo Yehowa kpɔ’ abe alesi Maleaxi 3:10 gblɔe ene la, ‘adudu yayra aƒo ɖe mía dzi wòagbɔ eme.’”
Biblia Srɔ̃gbalẽwo Mamã
Ðewohĩ susu bubu si tae gbeƒãɖeɖedɔa le ta kekem ɖe edzi alea gbegbe le Brazil enye be Ðasefowo mãa Biblia-srɔ̃gbalẽwo le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe me. Le kpɔɖeŋu me, hame aɖe ŋlɔ agbalẽ na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒea bia Questions Young People Ask—Answers That Work ƒe agbalẽa 250 sɔŋ. Nukatae nudɔdɔa sɔ gbɔ alea?
Lɛtaa ɖe eme be: ‘Dua me suku ɖeka tso nya me be yewoazã agbalẽ ma abe nusrɔ̃gbalẽ ene na klass aɖe me tɔwo. Nusi na sukumegã tso nya me aleae nye vomeɖase si sukuvi aɖe dzila siwo nye Yehowa Ðasefowo kple sukua dzikpɔla ɖeka ɖi nɛ. Yehowa neyi edzi anɔ eƒe subɔlawo yram esi wotsɔ agbalẽ nyui sia le nu fiam amewo’. Ẽ, Yehowa neyi edzi wòanɔ yayram ɖe Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le Brazil-dukɔ gã sia me.
[Aɖaka si le axa 8]
DUKƆA ƑE AKƆNTABUBU
Ƒe 1994 Subɔsubɔƒea
ÐASEÐILAWO ƑE AGBƆSƆSƆ: 385,099
ÐASEFO 1 NA AME: 404
ŊKUÐODZIA VALAWO: 1,018,210
MƆÐELAWO ƑE MAMÃ DEDIE: 38,348
BIBLIA NUSƆSRƆ̃ ƑE MAMÃ DEDIE: 461,343
NYƆNYRƆ̃XƆLAWO: 24,634
HAMEWO ƑE AGBƆSƆSƆ: 5,928
ALƆDZEDƆWƆƑE: CESARIO LANGE
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Ʋu tame nuƒomɔ̃ le si wozã le São Paulo le ƒe 1940 me
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Ðaseɖiɖi le Modzakaɖebɔ me le Rio de Janeiro
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Alɔdzedɔwɔƒe si le Cesário Lange