INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 8/1 axa 9-14
  • Yehowa—Mawu Si Fiaa Nue Wònye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa—Mawu Si Fiaa Nue Wònye
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Fofo, Nufiala, Srɔ̃ŋutsu
  • Yehowa ƒe Nufiafia Veviwo
  • Nusrɔ̃viwo ƒe Ha Gã Aɖe
  • Alesi Yehowa Fiaa Nui
  • Dziɖuɖu Si Ahe Paradiso Vɛ
    Dziɖuɖu Si Ahe Paradiso Vɛ
  • Amesi Ŋu Nyagblɔɖilawo Katã Ði Ðase Le
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Konɔ la Kpɔ Dzidzɔ
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II
  • Yehowa Le Nu Fiam Wo Vaseɖe Egbea
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 8/1 axa 9-14

Yehowa—Mawu Si Fiaa Nue Wònye

“Wo katã woanye amesiwo [Yehowa] fia nu wo.”—JOHN 6:45.

1. Nuka wɔm Yesu le le Kapernaum azɔ?

YESU KRISTO wɔ nukunuwo eteƒe medidi o, eye fifia wokpɔe wòle nu fiam le ƒuƒoƒe aɖe le Kapernaum le Galilea Ƒua gbɔ. (Yohanes 6:1-21, 59) Esi wògblɔ be: “Meɖi tso dziƒo va” la, ame geɖe mexɔe se o. Woli liʋiliʋi gblɔ bena: “Alo amesia la menye Yesu, Yosef vi la, amesi fofo kple dada míawo míenya lae o ɖe? Azɔ aleke wɔ amesia le gbɔgblɔm bena: Meɖi tso dziƒo va mahã?” (Yohanes 6:38, 42) Yesu ka mo na wo gblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm ɖa lae hee vɛ o, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.”—Yohanes 6:44.

2. Kpeɖodzi kawoe li siwo ta míaxɔ Yesu ƒe ŋugbedodo le tsitretsitsia ŋu dzi ase?

2 Ŋugbedodo wɔnuku kae nye si—be woafɔ amewo ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi ne Mawu ƒe Fiaɖuƒea le dzi ɖum! Míate ŋu axɔ ŋugbedodo sia dzi se elabena Fofoa Yehowa Mawue le megbe nɛ. (Hiob 14:13-15; Yesaya 26:19) Nyateƒee, Yehowa, amesi fia nu be ame kukuwo afɔ ɖe tsitre, lae nye “nufiala gãtɔ kekeake.” (Hiob 36:22, Today’s English Version) Esi Yesu nɔ susu hem yi Fofoa ƒe nufiafia dzi la, egagblɔ be: “Woŋlɔ ɖe nyagblɔɖilawo me bena: ‘Eye wo katã woanye amesiwo [Yehowa] fia nu wo.’”—Yohanes 6:45.

3. Biabia kawo mee míadzro?

3 Mɔnukpɔkpɔ ŋutɔe wòanye be woanɔ amesiwo ŋu nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ nu tsoe la dome be: “Viwòwo katã anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo.” (Yesaya 54:13) Ðe míate ŋu anɔ wo domea? Amekawoe le abe viawo ene eye wòfia nu wo? Nukawoe nye Yehowa ƒe nufiafia vevi siwo wòle be míanya ahawɔ wo ŋudɔ bene wòayra mí? Aleke Yehowa fia nu va yi, eye ɖe wògale nu fiam nenema ke egbea? Biabia siawo mee míadzro.

Fofo, Nufiala, Srɔ̃ŋutsu

4. Amekawoe nye Yehowa ƒe vi gbãtɔ siwo wòfia nui?

4 Yehowa va zu Fofo kple Nufiala zi gbãtɔ esime wòwɔ eƒe Tenuvi Yesu si nɔ agbe do ŋgɔ na eƒe anyigbadzivava. Woyɔ amesia be “Nya la” elabena eyae nye Yehowa ƒe Nyanuɖela Gãtɔ. (Yohanes 1:1, 14; 3:16) Nya la nye “dɔnunɔla le [Fofoa gbɔ]” eye esrɔ̃ nu nyuie le Fofoa ƒe nufiafia me. (Lododowo 8:22, 30) Le nyateƒe me la, eva zu Dɔnunɔla, si dzi Fofo la to wɔ nu bubuwo katã, kple ‘Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo’ hã. Aleke gbegbe dzi adzɔ woe nye si be Mawu fia nu yewo! (Hiob 1:6; 2:1; 38:7; Kolosetɔwo 1:15-17) Emegbe wowɔ ame gbãtɔ Adam. ‘Mawu vie’ eya hã nye, eye Biblia ɖee fia be Yehowa fia nui.—Luka 3:38; Mose I, 2:7, 16, 17.

5. Mɔnukpɔkpɔ xɔasi kae Adam bu, gake amekawoe Yehowa fia nui, eye nukatae?

5 Nublanuitɔe la, esi Adam bua gbe toɖoɖo ta la, Mawu ƒe vi nyenye ɖaa ƒe mɔnukpɔkpɔa ge le esi. Eyata Mawu ƒe viwo nyenye ƒe ƒomedodo mete ŋu su eƒe dzidzimeviwo si le wo dzidzi me ko o. Gake Yehowa fia nu amegbetɔ madeblibo siwo kpɔ esinu be wòafia mɔ yewo la. Le kpɔɖeŋu me, Noa nye “ame dzɔdzɔe” si ‘zɔ kple Mawu vavã la,’ eyata Yehowa fia nu Noa. (Mose I, 6:9, 13–7:5) Abraham ɖo to eye wòzu ‘Yehowa xɔlɔ̃,’ eyata Yehowa fia nu eya hã.—Yakobo 2:23; Mose I, 12:1-4; 15:1-8; 22:1, 2.

6. Amekawoe Yehowa bu ‘viwoe,’ eye nufiala ka tɔgbee wònye na wo?

6 Emegbe kura le Mose ŋɔli la, Yehowa bla nu kple Israel-dukɔa. Esia wɔe be wova zu dukɔ tiatia nɛ eye wòbu wo ‘viawoe.’ Mawu gblɔ be: “Israel la nye ŋgɔgbevie!” (Mose II, 4:22, 23; 19:3-6; Mose V, 14:1, 2) Israel-viwo nɔ te ɖe nubabla ƒe ƒomedodo ma dzi te ŋu gblɔ abe alesi nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔe ene be: “Wò Yehowa, enye mía fofo.” (Yesaya 63:16) Yehowa xɔ eƒe fofonyenye ƒe agbanɔadzia ƒu akɔ eye wòfia nu Israel siwo nye viawo la lɔlɔ̃tɔe. (Psalmo 71:17; Yesaya 48:17, 18) Le nyateƒe me, esi womewɔ nuteƒe o la, eƒo koko na wo nublanuikpɔkpɔtɔe be: “Mi vi dzeaglãwo, migatrɔ va.”—Yeremya 3:14.

7. Ƒomedodo kae nɔ Israel kple Yehowa dome?

7 Nu si Yehowa bla kple Israel wɔe be wòva zu dukɔa Srɔ̃ hã le kpɔɖeŋumɔ nu, eye dukɔa hã va zu srɔ̃anyɔnu le kpɔɖeŋumɔ nu. Nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ tso dukɔa ŋu be: “Wɔwòla enye srɔ̃wò, eŋkɔ nye Yehowa.” (Yesaya 54:5; Yeremya 31:32) Togbɔ be Yehowa wɔ eƒe ɖoƒe abe Srɔ̃ŋutsu ene de goe hã la, Israel-dukɔa ya va zu srɔ̃nyɔnu mawɔnuteƒe. Yehowa gblɔ be: “Israel ƒe aƒe, . . . alesi nyɔnu dzea go tsoa srɔ̃a gbɔ la, nenema miedze go tso gbɔnyee!” (Yeremya 3:20) Yehowa yi edzi nɔ koko ƒom na srɔ̃a mawɔnuteƒe la ƒe viwo; ekpɔtɔ nye woƒe ‘Nufiala Gãtɔ.’—Yesaya 30:20; Kronika II, 36:15.

8. Togbɔ be Yehowa gbe Israel-dukɔa hã la, kpɔɖeŋusrɔ̃ yeye kae gale esi?

8 Esi Israel gbe Via Yesu Kristo hewui la, Mawu va gbe woawo hã mlɔeba. Eyata Yuda-dukɔ ma meganye eƒe kpɔɖeŋusrɔ̃ azɔ o, eye meganye Fofo kple Nufiala na via siwo tra la hã o. (Mateo 23:37, 38) Gake kpɔɖeŋusrɔ̃ alo nane ƒe vɔvɔli koe Israel nye. Apostolo Paulo yɔ nya tso Yesaya 54:1 si ƒo nu tso “konɔ, si medzi vi o” ŋu la me, si to vovo kura na ‘nyɔnu si si srɔ̃ le,’ si nye dzɔdzɔme Israel-dukɔa. Paulo ɖee fia be “konɔ, si medzi vi o,” si wòyɔ be “dziƒo Yerusalem” ƒe viwoe nye Kristotɔ amesiaminawo. Gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo nye Mawu ƒe dziƒohabɔbɔa me tɔwoe nye kpɔɖeŋunyɔnu la.—Galatiatɔwo 4:26, 27.

9. (a) Amekae Yesu wɔnɛ esime wògblɔ be ‘Yehowa afia nu viwòwo katã’? (b) Nuka dzie amewo nɔ te ɖo va zu Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo?

9 Eyata esi Yesu yɔ nya tso Yesaya ƒe nyagblɔɖia me le Kapernaum-ƒuƒoƒea be: “Viwòwo katã anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo” la, amesiwo ava nye “dziƒo Yerusalem” si nye Mawu ƒe dziƒohabɔbɔ si le abe srɔ̃a ene ƒe ‘viwoe’ wòwɔnɛ. Ðe Yudatɔ mawo ɖo to xɔ Mawu teƒenɔla Yesu Kristo si tso dziƒo ƒe nufiafiawo la, woava zu Mawu ƒe dziƒonyɔnu si nye konɔ tsã la ƒe viwo eye woanɔ “dukɔ kɔkɔe,” ‘Mawu ƒe gbɔgbɔ me Israel’ me. (Petro I, 2:9, 10; Galatiatɔwo 6:16) Esi apostolo Yohanes nɔ nu ƒom tso mɔnukpɔkpɔ gã si Yesu tsɔ ɖo amesiwo ava nye Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo ŋkume ŋu la, eŋlɔ be: “Eva ye ŋutɔ tɔwo gbɔ, eye ye ŋutɔ tɔwo mexɔe o. Ke ame geɖe alesinu xɔe la, ena ŋusẽ wo, be woazu mawuviwo, amesiwo xɔa eƒe ŋkɔ dzi sena.”—Yohanes 1:11, 12.

Yehowa ƒe Nufiafia Veviwo

10. Le aglãdzedze le Eden megbe teti la, nukae Yehowa fia ku ɖe ‘dzidzimevi’ la ŋu, eye amekae va nye Dzidzimevi sia?

10 Esi Yehowa nye Fofo lɔlɔ̃tɔ ta la, egblɔa eƒe tameɖoɖowo na viawo. Eyata esi mawudɔla dzeaglã aɖe ble atsu kple asi gbãtɔwo wogbe toɖoɖo la, enumake Yehowa gblɔ nusi wòawɔ be eƒe tameɖoɖo be yeawɔ anyigba la paradisoe nava eme la na wo. Egblɔ be yeade adikã “da xoxo” Satana Abosam “kple nyɔnu la” dome. Azɔ eɖe eme be nyɔnua ƒe “dzidzime” “agbã ta na” Satana wòaku. (Mose I, 3:1-6, 15; Nyaɖeɖefia 12:9; 20:9, 10) Abe alesi míede dzesii ene la, nyɔnu—si wova yɔ be “dziƒo Yerusalem”—lae nye Mawu ƒe gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ƒe dziƒohabɔbɔ. Gake amekae nye eƒe ‘dzidzimevi’ la? Eyae nye Mawu Vi Yesu Kristo si wodɔ ɖa tso dziƒo, amesi ava tsrɔ̃ Satana.—Galatiatɔwo 4:4; Hebritɔwo 2:14; Yohanes I, 3:8.

11, 12. Aleke Yehowa gaɖe eƒe nufiafia vevia me ɖe edzi le ‘dzidzimevia’ ŋuti?

11 Yehowa gaɖe ‘dzidzimevi’ la ŋuti nufiafia vevi sia me ɖe edzi esi wòdo ŋugbe na Abraham be: “Mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo . . . ene . . . To wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le.” (Mose I, 22:17, 18) Yehowa zã apostolo Paulo wòɖe eme be Yesu Kristoe nye Abraham ƒe Ŋugbedodovi la, gake be ame bubuwo hã ava nɔ ‘dzidzimea’ me. Paulo ŋlɔe be: “Ne mienye Kristo tɔ la, ekema Abraham ƒe ƒome kple domenyilawo mienye le ŋugbedodo la nu.”—Galatiatɔwo 3:16, 29.

12 Yehowa ɖee fia hã be Yuda ƒe fiaƒomea mee Kristo si nye Dzidzimevi la atso, eye be eyae “dukɔwo ana tae.” (Mose I, 49:10) Yehowa do ŋugbe le Fia Dawid si tso Yuda-toa me ŋuti be: “Mana eƒe ƒome nanɔ anyi tegbetegbe kple eƒe fiazikpui abe dziƒo ƒe ŋkekewo ene.” (Psalmo 89:4, 5, 30, 37) Esi mawudɔla Gabriel ɖe gbeƒã Yesu dzidzi la, eɖe eme be ɖevi la nye Dziɖula, Dawid ƒe Dzidzimevi, si Mawu tia. Gabriel gblɔ be: “Woayɔe be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi, eye [Yehowa] Mawu atsɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la anae; . . . eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o.”—Luka 1:32, 33; Yesaya 9:6, 7; Daniel 7:13, 14.

13. Be Yehowa nayra mí la, aleke wòle be míawɔ tso eƒe nufiafia ŋu?

13 Bene Yehowa nayra mí la, ele be míanya Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nufiafia vevi sia ahawɔ eŋudɔ. Ele be míaxɔe ase be dziƒoe Yesu tso va, eye be eyae nye Fia si Mawu ɖo—fiaƒome ƒe Dzidzimevi si akpɔ egbɔ be wogbugbɔ Paradiso ɖo anyigba dzi—eye be afɔ ame kukuwo ɖe tsitre. (Luka 23:42, 43; Yohanes 18:33-37) Esi Yesu ƒo nu tso ame kukuwo ƒe tsitretsitsia ŋu le Kapernaum la, ɖe wòle be Yudatɔwo nakpɔe adze sii be nyateƒee wòto hafi. Kwasiɖa ʋee aɖewo ko do ŋgɔ, anye le Kapernaum afima tututu la, efɔ ƒuƒoƒemegã aɖe vinyɔnu si xɔ ƒe 12 ɖe tsitre! (Luka 8:49-56) Nyateƒee, susu geɖe li siwo ta wòle be míawo hã míaxɔ Yehowa ƒe nufiafia le eƒe Fiaɖuƒea ŋu si naa mɔkpɔkpɔ ame la dzi ase ahazɔ ɖe edzi!

14, 15. (a) Aleke gbegbe Yehowa ƒe Fiaɖuƒea nɔ vevie na Yesue? (b) Nuka gɔmee wòle be míase le Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ŋu ahaɖe eme na amewo?

14 Yesu tsɔ eƒe anyigbadzigbenɔnɔ ɖo anyi koŋ tsɔ fia nu le Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ŋu. Eyae wòtsɔ wɔ eƒe subɔsubɔdɔa ƒe tanyae, eye efia eƒe nusrɔ̃lawo gɔ̃ hã be woado gbe ɖa abiae. (Mateo 6:9, 10; Luka 4:43) Mɔnukpɔkpɔ nɔ dzɔdzɔme Yudatɔwo si be woanye “fiaɖuƒea la ƒe viwo” hafi, gake dzimaxɔse wɔe be mɔnukpɔkpɔ ma bu ɖe wo dometɔ akpa gãtɔ. (Mateo 8:12; 21:43) Yesu ɖee fia be “ha sue” aɖe ko sie mɔnukpɔkpɔ su be woanye “fiaɖuƒea ƒe viwo.” ‘Vi’ siawo va zu “Kristo ƒe hadomenyilawo” le eƒe Dziƒofiaɖuƒea me.—Luka 12:32; Mateo 13:38; Romatɔwo 8:14-17; Yakobo 2:5.

15 Fiaɖuƒea ƒe hadomenyila nenie Kristo akplɔ ayi dziƒo be woaɖu fia kplii ɖe anyigba la dzi? Le Biblia ƒe nya nu la, ame 144,000 pɛ koe. (Yohanes 14:2, 3; Timoteo II, 2:12; Nyaɖeɖefia 5:10; 14:1-3; 20:4) Gake Yesu gblɔ be “alẽ bubuwo” le ye si, siwo anye Fiaɖuƒe ma teviwo le anyigba dzi. Lãmesẽ deblibo kple ŋutifafa anɔ amesiawo si le paradisonyigba dzi tegbee. (Yohanes 10:16; Psalmo 37:29; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Ehiã be míase Yehowa ƒe nufiafia le Fiaɖuƒea ŋuti gɔme eye míate ŋu aɖe eme na amewo.

16. Yehowa ƒe nufiafia vevi kae wòle be míasrɔ̃ ahawɔ eŋudɔ?

16 Apostolo Paulo de dzesi Yehowa ƒe nufiafia vevi bubu. Egblɔ be: “Mawu fia mia ŋutɔwo be, mialɔ̃ mia nɔewo.” (Tesalonikatɔwo I, 4:9) Ele be míaɖe lɔlɔ̃ ma afia hafi míaƒe nu nadze Yehowa ŋu. Biblia gblɔ be, “Mawu enye lɔlɔ̃” eye ele be míasrɔ̃ eƒe amelɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu la. (Yohanes I, 4:8; Efesotɔwo 5:1, 2) Gake nublanuitɔe la, ame akpa gãtɔ mete ŋu lɔ̃a wo haviwo abe alesi Mawu fia míi ene o. Ke míawo ya ɖe? Ðe míewɔa Yehowa ƒe nufiafia sia dzia?

17. Ameka ƒe nɔnɔmee wòle be míasrɔ̃?

17 Ele vevie be míaxɔ Yehowa ƒe nufiafiawo katã. Mina míaƒe nɔnɔme nanɔ abe Biblia ƒe hakpala la tɔ ene, amesi ŋlɔ be: “Yehowa, ɖe wò mɔwo fiam, eye nafia wò toƒewom! Na mazɔ le wò nyateƒe me, eye nafia num.” “Fia wò [sewom!] Fia gɔmesese nyui kple nunyam. . . . eye fia wò ɖoɖowom.” (Psalmo 25:4, 5; 119:12, 66, 108) Ne wò dzimedidiwo sɔ kple hakpala la tɔ la, àte ŋu anɔ ameha gbogbo siwo Yehowa fiaa nui la dome.

Nusrɔ̃viwo ƒe Ha Gã Aɖe

18. Nukae nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ɖi be adzɔ le míaƒe ɣeyiɣia me?

18 Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ nusi adzɔ le míaƒe ŋkekea me ɖi be: “Ava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ towo ŋu . . . Eye dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: ‘Mina míayi Yehowa ƒe to la, kple Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia eƒe mɔwo mí.’” (Yesaya 2:2, 3; Mixa 4:2) Amekawoe nye amesiawo siwo Yehowa le nu fiam?

19. Amekawoe va kpe ɖe amesiwo Yehowa le nu fiam egbea ŋu?

19 Amesiwoe nye ame bubu siwo katã mekpe ɖe amesiwo aɖu dzi kple Kristo le dziƒo ŋuti o. Abe alesi míekpɔe va yi ene la, Yesu gblɔ be “alẽ bubuwo” le ye si—Fiaɖuƒea tevi siwo anɔ anyigba dzi—kpe ɖe “ha sue” si nye Fiaɖuƒea ƒe hadomenyilawo ŋu. (Yohanes 10:16; Luka 12:32) “Ameha gã” siwo atsi agbe le “xaxa gã” me lae nye alẽ bubuawo, eye woƒe tenɔnɔ dzea Yehowa ŋu le esi woxɔ Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖi la dzi se ta. (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Togbɔ be wometsɔ alẽ bubuawo kpe ɖe ‘vi’ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Yesaya 54:13 ŋuti tẽ o hã la, woyra wo elabena Yehowae fiaa nu wo. Eyata woyɔa Mawu be “Fofo” wòsɔ elabena eyae ava nye wo Tɔgbui to “Fofo Mavɔ” Yesu Kristo dzi.—Mateo 6:9; Yesaya 9:5.

Alesi Yehowa Fiaa Nui

20. Mɔ kawo nue Yehowa fiaa nu le?

20 Yehowa fiaa nu le mɔ geɖewo nu. Le kpɔɖeŋu me, efiaa nu to eƒe asinudɔwɔwɔ siwo ɖo kpe eƒe anyinɔnɔ kple eƒe nunya gã dzi la dzi. (Hiob 12:7-9; Psalmo 19:2, 3; Romatɔwo 1:20) Hekpe ɖe eŋu la, eƒoa nu na ame tẽ tsɔ fiaa nui, abe alesi wòwɔ tsɔ fia nu Yesu hafi wòva zu amegbetɔ ene. Nenema ke zi etɔ̃ sɔŋ woŋlɔe ɖi be eƒo nu na amewo le anyigba dzi tso dziƒo tẽ.—Mateo 3:17; 17:5; Yohanes 12:28.

21. Mawudɔla kae Yehowa zã vevie wònye eteƒenɔla, gake aleke míewɔ nya be ezã bubuwo hã?

21 Yehowa zãa eteƒenɔla mawudɔlawo kple eƒe Ŋgɔgbevi, “Nya la” hã tsɔ fiaa nui. (Yohanes 1:1-3) Togbɔ be Yehowa ate ŋu aƒo nu na via ame deblibo Adam le Eden-bɔa me tẽ hã la, anye be Yesu si nɔ dziƒo ɣemaɣie wòzã wòƒo nu ɖe Enu. (Mose I, 2:16, 17) Ðewohĩ amesiae nye “Mawudɔla, si le Israel ƒe aʋakɔa ŋgɔ,” amesi ŋuti Yehowa de se le be: ‘Miɖo to eƒe gbe.’ (Mose II, 14:19; 23:20, 21) Ðikeke mele eme o be Yesu si nɔ dziƒo ɣemaɣi hãe nye “Yehowa ƒe aʋafia” si ɖe eɖokui fia Yosua hedo ŋusẽe. (Yosua 5:14, 15) Yehowa zãa mawudɔla bubuwo hã be woagblɔ eƒe nufiafia na amewo, abe esiwo wòzã wotsɔ eƒe Sea na Mose ene.—Mose II, 20:1; Galatiatɔwo 3:19; Hebritɔwo 2:2, 3.

22. (a) Amekawoe Yehowa zã le anyigba dzi tsɔ fia nui? (b) Mɔ vevi ka dzie Yehowa to le nu fiam amewo egbea?

22 Hekpe ɖe eŋu la, Yehowa Mawu zãa eteƒenɔla amegbetɔwo wofiaa nu. Wobia tso dzilawo si le Israel be woafia nu wo viwo; nyagblɔɖilawo, nunɔlawo, fiawo, kple Lewi-viwo fia Yehowa ƒe Sea dukɔ la. (Mose V, 11:18-21; Samuel I, 12:20-25; Kronika II, 17:7-9) Yesue nye Mawu ƒe Nyanuɖela vevitɔ le anyigba dzi. (Hebritɔwo 1:1, 2) Yesu gblɔ enuenu be nusi tututu yesrɔ̃ tso ye Fofo gbɔ lae yefia, eyata míagblɔ be Yehowae nɔ nu fiam eƒe nyaselawo. (Yohanes 7:16; 8:28; 12:49; 14:9, 10) Yehowa na woŋlɔ eƒe nyawo ɖi, eye Ŋɔŋlɔ siawo siwo tso gbɔgbɔ me dzi koŋue wòtona fiaa nu amewo egbea.—Romatɔwo 15:4; Timoteo II, 3:16.

23. Biabia kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

23 Ɣeyiɣi veviwo mee míele elabena Ŋɔŋlɔawo do ŋugbe be ‘le ŋkekeawo ƒe nuwuwu [si me míele fifia] la, woafia nu ame geɖe le Yehowa ƒe mɔwo ŋu.’ (Yesaya 2:2, 3) Aleke wole nufiame sia namee? Nukae míawɔ bene Yehowa ƒe nufiaɖoɖo gã si le edzi yim fifia naɖe vi na mí eye míakpɔ gome le eme? Míadzro biabia siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Aleke Yehowa wɔ zu Fofo, Nufiala, kple Srɔ̃ŋutsu?

◻ Nuka fiam Yehowa le le ‘dzidzimevia’ ŋuti?

◻ Mawu ƒe nufiafia vevi ka dzie wòle be míawɔ ɖo?

◻ Aleke Yehowa fiaa nui?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Yairo vinyɔnu fɔfɔ ɖe tsitre nye kpeɖodzi si ta míaxɔ Yesu ƒe tsitretsitsi ƒe ŋugbedodoa dzi ase

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe