Kutrikuku ƒe Viɖewo
NYƆNU Helatɔe wònye nɔ Foinike le ƒe 32 M.Ŋ. me. Vianyɔnu nɔ dɔ lém vevie, eye nyɔnua tsi dzi ɖe alesi woada dɔ nɛ ŋu. Esi wòse be amedzro aɖe—du bubu me tɔ aɖe si si wogblɔ be ŋusẽ le wòdaa dɔ na dɔnɔwo—va woƒe nutoa me la, eɖoe be yeakpɔe godoo aɖe kuku nɛ abia eƒe kpekpeɖeŋu.
Esi wòdo goe la, edze eƒe afɔnu heɖe kuku be: “Aƒetɔ, Dawid vi la, kpɔ ye nublanui! Vinyenyɔnuvi le fu kpem ŋɔdzitɔe tso gbɔgbɔ vɔ̃ si me.” Nyɔnu Helatɔ la to mɔ sia dzi ɖe kuku na Yesu be wòada dɔ na vianyɔnuvia.
Àte ŋu akpɔ dzideƒo kple ɖokuibɔbɔ si wòle be nyɔnua naɖe afia hafi ate ŋu awɔ esia la le susu mea? Yesu nye ame ŋkuta si si ŋusẽ le eye amewo ƒoa nu nyuie le eŋu, eye egblɔ va yi be yemedi be ame aɖeke nanya afisi yele o. Ekplɔ eƒe apostolowo yi Foinike be yewoava gbɔ ɖe eme le esi ɖeɖi te wo ŋu ŋutɔ ta, eye womawɔ dɔ le Trɔ̃subɔla dzimaxɔsetɔwo dome o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yudatɔe Yesu nye eye nyɔnua nye Trɔ̃subɔla, eye ɖikeke mele eme o be nyɔnua nya alesi wònye ŋunyɔnu na Yudatɔ be wòade ha kple dukɔwo me tɔ siwo wodo vloe. Gake eɖoe kplikpaa be yeana woada dɔ na ye vi la.
Yesu kple eƒe apostolowo te kpɔ be yewoana nyɔnua nadzudzɔ kpekpeɖeŋu biabia le ɣeyiɣi ma me. Gbã la, Yesu meke nu de eme nɛ o. Emegbe esi wògale ɣlidodo dzi kutrikukutɔe ta la, apostoloawo do dɔmedzoe gblɔ na Yesu be: “Do mɔe, ne wòayi; elabena ele ɣli dom le mía yome.”
Gake nyɔnua mesee kura o. Ke boŋ edze klo ɖe Yesu ƒe afɔnu gblɔ be: “Aƒetɔ, xɔ nam!”
Esi Yesu nɔ asi tɔm edzi be Israel-viwo gbɔ koŋ wodɔ ye ɖo, eye le ɣeyiɣi ma ke me wòganɔ nyɔnua ƒe xɔse kple tameɖoɖo kplikpaa dom kpɔ la, eɖe eme nɛ le nublanuikpɔkpɔ me be: “Womeɖe mɔ bena, woatsɔ ɖeviwo [Israel-viwo] ƒe abolo aƒu gbe na avũviwo [Trɔ̃subɔlawo] o.”
Le esi teƒe be wòana wo detɔwo dada ɖe anyi alea navee la, eyi eƒe nudidia biabia dzi boŋ esi wòɖo eŋu be: “Yoo, Aƒetɔ! Gake avũviwo hã ɖua abolo wuwlui, siwo duduna tsoa woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ̃ dzi.”
Yesu ɖo nyɔnu Helatɔ la ƒe kutrikuku teƒe nɛ to alesi wòkafui ɖe eƒe xɔse ta kple eƒe kokoƒoƒoawo dzi wɔwɔ nɛ me. Kpɔ alesi wòakpɔ dzidzɔe le susu me ɖa esi wòtrɔ yi aƒeme va kpɔe be woda dɔ na ye vinyɔnuvia keŋkeŋ!—Mateo 15:21-28; Marko 7:24-30.
Ele be míaku kutri le míaƒe agbagbadzedze be míadze Yehowa ŋu ne wòave mía nu la me abe ƒe alafa gbãtɔ me nyɔnu ma ene. Abe alesi wònɔ le nyɔnu Helatɔ la gome ene la, Biblia na kakaɖedzi mí be woaɖo míaƒe kutrikuku “le nu nyui wɔwɔ me” teƒe na mí geɖe.—Galatiatɔwo 6:9.
Nukae nye kutrikuku? Nukatae wòhiã? Nukawoe ana be nɔnɔme sia manɔ mía si o, míana ta alo wòaglo mí? Teƒeɖoɖo kawoe míate ŋu akpɔ mɔ na be míaxɔ ne míeku kutri le mía Wɔla kple Fofo, Yehowa, subɔsubɔ me?
Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe dɔwɔnya “ku kutri” gɔme be “be woaku ɖe tameɖoɖo, nɔnɔme, alo dɔ aɖe ŋu goŋgoŋ veviedodotɔe, togbɔ be afɔklinuwo kple nuxlɔ̃amewo anɔ anyi, alo woagbugbɔ ɖe megbe ɣeaɖewoɣi hã. . . . be wòakpɔtɔ anɔ anyi; eteƒe nadidi.”
Biblia gblɔ na Yehowa subɔlawo enuenu be woaku kutri le eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ na mí be “midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã,” be “[míalé] nu nyui la me ɖe asi,” be “[míanɔ] gbedodoɖa dzi ɖaasi,” eye míagana “ɖeɖi nate mía ŋu” le nu nyui wɔwɔ me o.—Mateo 6:33; Tesalonikatɔwo I, 5:21; Romatɔwo 12:12; Galatiatɔwo 6:9.
Ele be mí katã míanye kutrikulawo le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me eye míatui ɖo ale be míate ŋu anɔ agbe. Ema manɔmee la, nu xɔasi si anɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖeke mate ŋu asu mía si o. Le kpɔɖeŋu me, bu vidzĩ si le agbagba dzem be yeatso aɖo agbagba ŋu kpɔ. Mebɔ be vidzĩ natsɔ ŋkeke ɖeka pɛ asrɔ̃ alesi wòatso atsi tre ahazɔ nyuie o. Esi míenye ɖeviwo la, ɖewohĩ mí katã míetee kpɔ eye míedo kpo nu zi geɖe hafi te ŋu va zɔ nyuie mlɔeba. Ne ɖe míedzudzɔ agbagbadzedze le eŋu esime míedze anyi zi gbãtɔ la, anye ne nukae adzɔ? Anye ne míegale tatam le míaƒe asiwo kple klowo dzi! Kutrikuku hiã vevie hafi míate ŋu aɖo taɖodzinu nyuiwo gbɔ eye wòana míadzi míaƒe ŋutetewo kple bubu si le mía ŋu ɖe edzi. Wogblɔna zi geɖe be, “Aʋadziɖulawo menaa ta gbeɖe o, eye amesiwo naa ta meɖua dzi gbeɖe o.”
Amesiwo wɔ mɔɖeɖedɔa ɣeyiɣi didi la kpɔe be menye ŋutete kple dzɔdzɔmenunana tɔxɛwo kokokoe na wokpɔa dzidzedze o. Ebia kuku ɖe eŋu goŋgoŋ, eɖoɖo kplikpaa be míawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu bliboe, kple dzideƒo ne míegbugbɔ ɖe megbe vie, alo ne nu te ɖe mía dzi gɔ̃ hã. Ele be taɖodzinu si nye be míaxɔ Mawu ƒe yayra atsɔ yi ɖe mavɔmavɔ me nanɔ míaƒe susu me nyuie.
Ẽ, mí amesiwo katã di be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu eye míedi be míaɖu aʋa dzi le agbeduɖimekekea me la hiã na kutrikuku, agbagbadzedze, kple dzidodo. Ne nɔnɔme siawo mele mía si o la, ate ŋu adzɔ be míabu Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ kple agbe vavãtɔ ƒe fetu la.—Psalmo 18:21; Mateo 24:13; Timoteo I, 6:18, 19.
Zi geɖe la, esesẽna na Kristotɔ be wòaku kutri le eƒe gbɔgbɔmedɔwo me wu eƒe dɔ bubuwo wɔwɔ me. Ŋutsu anɔ dɔ wɔm sesĩe le ŋutilãmedɔwɔƒe be wòakpɔ eƒe ƒomea ƒe ŋutilãmenudidiwo gbɔ, gake ‘ɖeɖi ate eŋu akpa’ be wòawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple srɔ̃a kpakple viawo edziedzi. Nukawoe na kutrikuku le Kristotɔwo ƒe dɔwo me sesẽna na ame geɖe nenema gbegbe?
Nu ɖekae nye dziɖeleameƒo si tsoa mía ŋutɔwo ƒe kpododonu kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo me. Ne míebua míaƒe vodadawo ŋu ɣesiaɣi la, mɔkpɔkpɔ abu ɖe mí eye míana ta ahasusu be Yehowa matsɔ míaƒe nuvɔ̃wo katã ake mí gbeɖe o.
Nu bubu hãe nye xexeame ƒe agbegbegblẽnɔnɔ, nugbegblẽwɔwɔ, kple fuléle. (Yohanes I, 2:15, 16) ‘Nɔnɔme nyui’ siwo dome xexeame ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ate ŋu agblẽ alo ablu afɔ na dometɔ ɖekae nye Kristotɔ ƒe kutrikuku.—Korintotɔwo I, 15:33.
Amewo ƒe tsitretsitsi ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu kple ɖekematsɔleme ate ŋu ana míagaku kutri le gbeƒãɖeɖedɔa me o. Ne dzi ɖe le mía ƒo la, míaƒo nya ta be míaƒe anyigbamamã me tɔwoe medi nyateƒea o. Esia ate ŋu ana míabia be, ‘Viɖe kae le eme?’ eye wòana míaɖe asi le subɔsubɔdɔwɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛa ŋu.
Xexeame ƒe gbɔgbɔ si nye kɔɖiɖi vivivo ƒe dzodzro hã ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi. Nukata wòle be míadze agbagba atsɔ nu geɖe asa vɔe nenema gbegbe esi wòdze abe ɖe ame bubuwo ya le vivi sem alo ɖe dzi ɖi ene?—Tsɔe sɔ kple Mateo 16:23, 24.
Be míaku kutri le Yehowa ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ me la, ehiã be míado Kristotɔwo ƒe amenyenyea eye míanɔ agbe ɖe gbɔgbɔmenuwo nu, ke menye le ŋutilã nu o. (Romatɔwo 8:4-8; Kolosetɔwo 3:10, 12, 14) Ne Yehowa ƒe nukpɔsusu le mía si le nya la ŋu la, ana míayi míaƒe gbɔgbɔmedɔ veviawo wɔwɔ dzi.—Korintotɔwo I, 16:13.
Kutrikuku ƒe Kpɔɖeŋuwo
Yehowa na kpɔɖeŋu geɖe siwo tso gbɔgbɔ me le esubɔla siwo wɔ nuteƒe heɖi anukware nɛ le tetekpɔ sesẽ geɖewo me ŋu mí. Ne míedzro wo me la, míakpɔ alesi míate ŋu atu Kristotɔwo ƒe kutrikuku ɖo ahawɔ eŋudɔe kple nusita wònye nu xɔasi nenema gbegbe.
Kpɔɖeŋu gãtɔ kekeake enye Yesu, amesi kpe fu vevie tsɔ kɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu. Biblia de dzi ƒo na mí be míasrɔ̃ eƒe ɖokuitsɔtsɔ na ƒe kutrikukua vevie: “Eyata míawo hã, esi ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã ŋutɔ ƒo xlã mí la, mina míaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nuvɔ̃, si ɖea to ɖe mí la ɖa, eye mina míatsɔ dzidodo anɔ duɖimekeke, si woɖo na mí la dzi, eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe [fuwɔameti ŋuti] fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me. Mibu amesi do dzi kpe nuvɔ̃wɔlawo ƒe ɖeklemiɖeɖe na ye ŋutɔ la ŋu, bena ɖeɖi nagate mia ŋu, eye miagbɔdzɔ le mia luʋɔwo me o.”—Hebritɔwo 12:1-3.
Dulegbeƒuƒue agbeduɖimekekea nye, ke menye duƒuƒu sesĩe ayi teƒe kpui aɖe, alo du sue aɖe ko ƒuƒu o. Ema tae míehiã na kutrikuku si ɖi Kristo tɔ ɖo. Taɖodzinua si nye eƒe nuwuƒe la manɔ dzedzem le duɖimekekea ƒe akpa gãtɔ me o. Ele be taɖodzinua nanɔ susu me na mí nyuie ale be míate ŋu aɖo egbɔ le susu me le duƒuƒu si hiã vevie la katã me. Nane nɔ susu me na Yesu alea, si nye “dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ.”
Nukawoe naa Kristotɔwo kpɔa dzidzɔ sia egbea? Ðekae nye makumaku ƒe agbenɔnɔ le dziƒo ƒe fetu na ame ʋee aɖewo kple agbe mavɔ le anyigba dzi na ame geɖe. Azɔ hã enye dzidzeme si wokpɔna tso nyanya be wodo dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi hewɔ akpa aɖe le Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ me la me.—Lododowo 27:11; Yohanes 17:4.
Ƒomedodo kplikplikpli dodzidzɔname si nɔa ame kple Yehowa dome hã le dzidzɔ sia me. (Psalmo 40:9; Yohanes 4:34) Ƒomedodo sia doa ŋusẽ ame heléa agbe ɖe te, eye enaa ŋusẽ ame be wòatsɔ dzidodo ayi duɖimekekea dzi tamanamanae. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa yrana ɖe ƒomedodo ma dzi to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe kɔkɔ ɖe esubɔlawo dzi me, eye esia na woƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple dɔ si me dzidzɔ le la dzina ɖe edzi.—Romatɔwo 12:11; Galatiatɔwo 5:22.
Ŋugbledede le Hiob ƒe xɔse ɖeɖefia kutrikukutɔe ƒe kpɔɖeŋu ŋu ɖea vi na mí. Ame madebliboe wònye eye menya naneke le eƒe nɔnɔmea ŋu o. Eyata etso afia na eɖokui ɣeaɖewoɣi eye mɔkpɔkpɔ bu ɖee. Gake eɖee fia ɣesiaɣi be yeɖoe kplikpaa be yealé yeƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa eye yemagblẽ Eyama ɖi akpɔ o. (Hiob 1:20-22; 2:9, 10; 27:2-6) Yehowa ɖo Hiob ƒe ɖokuitsɔtsɔna ƒe kutrikukua teƒe nɛ, eyrae le gbɔgbɔ kple ŋutilã me siaa eye wòna agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ su esi. (Hiob 42:10-17; Yakobo 5:10, 11) Abe Hiob ene la, míakpe fu geɖe eye nu geɖe abu ɖe mí le míaƒe fifi ƒe agbenɔnɔ me, gake míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayra ɖe míaƒe dzidodo nuteƒewɔwɔtɔe dzi.—Hebritɔwo 6:10-12.
Le míaƒe ɣeyiɣi siawo me la, Yehowa Ðasefowo katã ku Kristotɔwo ƒe kutri le Yehowa ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, woƒe aƒeme yi aƒeme dɔa kple dutoƒogbeƒãɖeɖe bubuwo na ame geɖe se nu tso wo kple woƒe gbedasia ŋu le xexeame katã. Nyakakamɔnuwo gblɔ nya geɖe le woƒe dzonɔameme kple alesi woɖoe kplikpaa be yewoaɖe gbeƒã nyanyuia togbɔ be tsitretsiɖeŋu kple tetekpɔwo li hã. Esiawo dometɔ ɖeka gblɔ kaŋ be “Yehowa Ðasefowo megblẽa ame aɖeke ɖi o!”—Mateo 5:16.
Yehowa yra ɖe eƒe Ðasefowo ƒe agbagbadzedze kutrikukutɔe dzi hena subɔsubɔdɔa le ku geɖe tsem. De dzesi Ðasefo aɖewo siwo zã mɔnu vovovowo wɔ dɔe le Italia le ƒe 1960 me ke esime Ðasefo siwo ade 10,000 nɔ gbeƒã ɖem na dukɔ si me ame 53,000,000 nɔ la ƒe nuteƒekpɔkpɔ. Le du aɖe si me ame 6,000 nɔ me la, Ðasefo aɖeke menɔ afima o. Amewo tsi tre ɖe nɔvi siwo yi afima la ƒe subɔsubɔdɔa ŋu vevie.
Ɣesiaɣi si nɔviwo yi afima be woaɖe gbeƒã la, dua me nyɔnu geɖe, kple ŋutsuwo gɔ̃ hã ƒoa ŋutsuviwo nu ƒu hedea dzi ƒo na wo be woakplɔ Ðasefoawo ɖo, anɔ aku liɔm ɖe wo yome ahanɔ ɣli dom ɖe wo ta sesĩe. Le esia wɔwɔ aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo megbe la, wozi nɔviwo dzi be woadzo ayi du bubu me. Esi nɔviawo di be yewoaɖi ɖase na afimanɔlawo katã zi ɖeka ya teti ta la, woɖoe be yewoaɖe gbeƒã le afima le ŋkeke siwo dzi tsi anɔ dzadzam sesĩe, kple mɔkpɔkpɔ be ɖeviawo magava ɖe fu na yewo o. Wode dzesii be dua me tɔwo medi be yewoadze tsia me ava do kplamatse na gbeƒãɖelawo o. Woto mɔ sia dzi ɖi ɖase nyuie. Wokpɔ ɖetsɔlemetɔwo. Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ yeyewo gɔme. Nusi do tso emee nye be, menye ɖeko woɖo hame si le dzidzim ɖe edzi ɖe duvi ma me ko o, ke wodze egɔme nɔ gbeƒã ɖem le ŋkeke siwo ŋdɔ ʋuna gɔ̃ hã dzi. Yehowa yi edzi yra ɖe eƒe Ðasefoawo ƒe kutrikuku le nuto ma me kple le Italia katã dzi. Fifia Yehowa Ðasefo siwo wu 200,000 ye le dukɔ ma me.
Viɖe geɖe le kutrikuku le nunyuiwɔwɔ me la me. Yehowa Ðasefowo to Mawu ƒe gbɔgbɔ dzi wɔ dɔ aɖe si ɖeke mesɔ kple le amegbetɔ ƒe ŋutinya me o, si nye gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia na ame miliɔn geɖe le woƒe ʋɔtruwo nu kple teƒe bubuwo. (Zaxarya 4:6) Wotsɔ dzidzɔ kpɔ Biblia ƒe nyagblɔɖi me vava le Yehowa ƒe anyigba dzi habɔbɔa ƒe dzidziɖedzi kple ŋgɔyiyi wɔnukua me. (Yesaya 54:2; 60:22) Dzitsinya nyui le wo si le Mawu ŋkume, eye wokpɔa dzidzɔ le agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔa me. Ƒo ye katã ta la, ƒomedodo kplikplikpli le wo kple Wɔla, Yehowa Mawu, dome.—Psalmo 11:7.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]
Yesu ɖo nyɔnu Helatɔ sia ƒe kutrikuku ɖokuibɔbɔtɔe teƒe nɛ
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Agbenɔnɔ le Paradiso me hã kpe ɖe dzidzɔ si woɖo ɖi na Kristotɔwo egbea la ŋu