INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w03 8/1 axa 8
  • Dzigbɔɖi Kple Dzidodo Me Tsonu Dodzidzɔname

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzigbɔɖi Kple Dzidodo Me Tsonu Dodzidzɔname
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wɔ Míaƒe Magazinewo Ŋudɔ Nyuie Alesi Dze
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • “Migbɔ Dzi Blewu”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nu Si Ta Mekpɔa Dzidzɔ Le Nusrɔ̃lawo Wɔwɔ Dɔa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Kutrikuku ƒe Viɖewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
w03 8/1 axa 8

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya ta

Dzigbɔɖi Kple Dzidodo Me Tsonu Dodzidzɔname

YESU KRISTO gblɔe ɖi be le ŋkeke mamlɛawo me la “ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃ nu latsi.” Le esia ta, ame geɖewo megatsɔa ɖeke le Fiaɖuƒenyanyuia me le xexeame ƒe akpa geɖe egbea o. Ame aɖewo doa vlo mawusubɔsubɔ gɔ̃ hã.—Mateo 24:12, 14.

Togbɔ be ele nenema hã la, Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo le akɔ kpem kple kuxia dzidzedzetɔe to xɔse kple dzigbɔɖi me, abe alesi nyatakaka si gbɔna si tso Czech Republic ɖee fia ene.

Ðasefo eve va ƒo nu kple aƒenɔ aɖe si gbe ʋɔ ʋuʋu na wo. Kaka woakpɔ la, ʋɔa ʋu vie, amea do asi ɖa xɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazine siwo nam Ðasefoawo nɔ la. Egblɔ be “akpe na mi,” eye wòtu ʋɔa. Ðasefoawo bia wo ɖokui be “Ðe míagatrɔ ava?” Wo dometɔ ɖeka si nye mɔɖela, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla, ɖoe be yeatrɔ ayi, gake nusia ke gadzɔ, eye esia yi edzi ƒe ɖeka.

Esi mɔɖela ɖoe be yeatrɔ asi le nya siwo yeagblɔ ne yedo goe ŋu la, edo gbe ɖa na Yehowa. Ɣebubuɣi si wògatsɔ magazineawo nɛ la, ebia nyɔnua xɔlɔ̃wɔwɔtɔe be: “Eli nyuiea? Aleke nèkpɔ magazineawoe?” Le gɔmedzedzea me la, meɖo eŋu o, gake le sasrãkpɔ ʋɛ aɖewo megbe la, aƒenɔa va te vividodo ɖe ame ŋu. Gbeɖeka la, eʋu ʋɔa hãa, gake dzeɖoɖoa nɔ kpuie.

Le esi nyɔnua melɔ̃na be woaƒo nu kplii le ʋɔtrua nu o ta la, mɔɖela la ɖoe be yeaŋlɔ lɛta atsɔ aɖe tameɖoɖo si ta yeva srãnɛ kpɔ me eye be wòana yewoasrɔ̃ Biblia. Mlɔeba, le ƒe ɖeka kple afã ƒe agbagbadzedze dzigbɔɖitɔe megbe la, mɔɖela la kpɔ dzidzedze le Biblia sɔsrɔ̃ gɔmedzedze kple aƒemenɔla la me. Ewɔ nuku nɛ eye wode dzi ƒo nɛ hã esi nyɔnua gblɔ nɛ emegbe be: “Mexɔ Mawu dzi se tso esime nèdze magazineawo tsɔtsɔ vɛ nam.”

Nyateƒee, dzigbɔɖi kple dzidodo ate ŋu ana woakpɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ me tsonu dodzidzɔnamewo.—Mateo 28:19, 20.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe