“Mitsɔ Nye Kɔkuti La Ðo Mia Ðokui Dzi”
1 Le xexe sia si me yɔ fũu kple amemiamiawo kple dzimaɖitsitsiwo me la, Yesu ƒe amekpekpe lɔlɔ̃tɔe be míava ne yeana gbɔdzɔe mí le yeƒe kɔkutia te la dzi wɔwɔ hea dzidzeme ŋutɔŋutɔ vanɛ na mí. (Mat. 11:29, 30) Togbɔ be nusrɔ̃lanyenye ƒe kɔkutia tsɔtsɔ bia be míaƒo mía ɖokui ɖe dɔ aɖe si wɔwɔ mele bɔbɔe o me hã la, míekpɔa dzidzeme geɖe le ewɔwɔ me. Kɔkuti sia tsɔtsɔ bia be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ahakpe ɖe ame bubuwo ŋu be woawo hã nava kpɔ dzidzeme kpli mí le Yesu ƒe kɔkuti wodzoe la tsɔtsɔ me.—Mat. 24:14; 28:19, 20.
2 Ale Si Subɔsubɔdɔa Naa Gbɔdzɔe Mí: Yesu mebia tso eyomedzelawo si be woatsɔ yeƒe agba la akpe ɖe esi woawo ŋutɔwo tsɔ xoxo la ŋu o. Ðee wòkpe wo boŋ be woaɖɔli woƒe agba kpekpea kple ye tɔ si le wodzoe la. Nuɖoanyi sia ƒe dzimaɖitsitsiwo kple mɔkpɔkpɔbuɖeamewo megava zua agba nɔa mía kpem o; eye míegadagbana ɖe kesinɔnu siwo ŋu kakaɖedzi mele o la ŋu o. (Luka 21:34; 1 Tim. 6:17) Togbɔ be míevona o, eye wòle be míawɔ dɔ atsɔ akpɔ míaƒe gbe sia gbe ƒe nuhiahiãwo gbɔ hã la, Mawu subɔsubɔ koŋ ye nye nu vevitɔ na mí le agbe me. (Mat. 6:33) Ne nukpɔsusu nyuitɔ le mía si ku ɖe nu si nye vevitɔ ŋu la, míakpɔe be subɔsubɔdɔa wɔwɔ naa gbɔdzɔe mí, ke menye agbae wònyena na mí o.—Fp. 1:10.
3 Nu si dzɔna zi geɖee nye be, ne nane lé dzi na mí la, míelɔ̃a nuƒoƒo tso eŋu. (Luka 6:45) Kristotɔwo katã tsia dzi ɖe Yehowa kple Fiaɖuƒe si ƒe ŋugbe wòdo la ŋu vevie. Eya ta aleke gbegbee wònyea gbɔdzɔe na mí be míeɖea gbeƒã “nu nyuiwo ŋuti nya nyui” la hegblẽa gbe sia gbe ƒe fuɖenamewo ɖi esime míele gome kpɔm le subɔsubɔdɔa mee nye esi! (Rom. 10:15) Nyateƒee, ne míele gome kpɔm le nane wɔwɔ me geɖe wu la, míeva bina ɖe edzi wu, eye dzi hã dzɔa mí ɖe ewɔwɔ ŋu geɖe wu. Eya ta ne míate ŋui, eye míeƒoa mía ɖokui ɖe subɔsubɔdɔa me geɖe wu la, míakpɔ gbɔdzɔe geɖe wu. Eye dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònyena na mí ne amewo xɔ míaƒe gbedeasia! (Dɔw. 15:3) Ne ame aɖewo metsɔ ɖeke le gbedeasia me o alo woti mía yome gɔ̃ hã la, subɔsubɔdɔa hea gbɔgbɔ me dzidzeme vanɛ na mí, ne ele susu me na mí be míaƒe agbagbadzedzewo dzea Yehowa ŋu, eye emetsonu nyui ɖe sia ɖe nyea eƒe yayra.—Dɔw. 5:41; 1 Kor. 3:9.
4 Yesu ƒe amekpekpe sia dzi wɔwɔ naa dzi dzɔa mí le mɔnukpɔkpɔ si wònye be míawɔ dɔ kplii aduadu abe Yehowa ƒe Ðasefowo ene me. (Yes. 43:10; Nyaɖ. 1:5) Naneke mate ŋu ana gbɔdzɔe mí wu ema o!