Gbe Mawumavɔ̃mavɔ̃ Ƒe Kɔnuwo!
YESU KRISTO gblɔ be: “Nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.” (Yohanes 8:32) Ẽ, Kristotɔnyenye wɔa amewo ablɔɖeviwoe—wovona tso aʋatsodzixɔsewo me, wovona tso aʋatsonufiafia kple aʋatsomɔkpɔkpɔwo ƒe dzixɔsewo me, eye wovona tso nuwɔna ɖigbɔwo me.
Gake abe alesi wònɔ le blema ene la, woƒoa nya ɖe Kristotɔwo nu zi geɖe egbea be woagatrɔ ɖe kɔnu xoxowo ŋu. (Galatiatɔwo 4:9, 10) Mefia be kɔnu nyanyɛwo katã gblẽa nu le ame ŋu o. Le nyateƒe me la, Kristotɔ ate ŋu aɖoe be yeawɔ ɖe yewo gbɔ kɔnu siwo nyo eye viɖe le wo ŋu dzi. Gake ne kɔnuawo tsi tre ɖe Mawu ƒe Nya ŋu ko la, Kristotɔwo menaa ta o. Esia na wonya Yehowa Ðasefowo nyuie be womekpɔa gome le Kristmas ɖuɖu, dzigbezãwo, kple kɔnyinyi bubu siwo tsi tre ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu me o.
Tenɔnɔ kalẽtɔe alea naa xɔlɔ̃wo, aƒelikawo, kple ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo ɖua fewu le wo ŋu hetia wo yome zi geɖe. Alea tututue wòdzɔna vevietɔ le Afrika-dukɔ aɖewo me, afisiwo wowɔa kɔnu gbogbo aɖewo le le kuteƒewo, srɔ̃ɖeƒewo, kple vidzidzi me. Nyaƒoɖeamenu be woawɔ nu ɖekae kple yewo nu ate ŋu asẽ—ŋɔdzidodo kple nuvlowɔwɔ nɔa eme zi geɖe. Aleke Kristotɔ siwo le afima awɔ anɔ te sesĩe? Ðe woate ŋu aɖe wo ɖokui le nya me evɔ womana ta oa? Be míaɖo biabia siawo ŋu la, mina míakpɔ alesi Kristotɔ nuteƒewɔlawo wɔ nu ɖe kɔnu siwo menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o dometɔ aɖewo ŋui ɖa.
Aʋatsodzixɔse ƒe Kuteƒekɔnuwo
Kuteƒekɔnu kple ameɖikɔnu gbogbo aɖewo le dziehe Afrika. Zi geɖe la, fanametɔwo tsɔa zã blibo—alo zã geɖe—nɔa kuƒea me, afisi wodoa dzo ɖo wònɔa bibim. Kutɔwo mekpɔ mɔ aɖa nu, ako ta, alo ale tsi gɔ̃ hã o vaseɖe esime woɖi amea hafi. Emegbe wobiana tso wo si be woale gbetsi tɔxɛ si woɖa. Ðe kɔnu siawo sɔ na Kristotɔwoa? Ao. Wo katã woɖea luʋɔ makumaku dzixɔse kple vɔvɔ̃ na kukuawo fiana.
Nyagblɔla 9:5 gblɔ be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.” Nyateƒe sia nyanya na womegavɔ̃a ‘kukuawo ƒe gbɔgbɔ’ o. Gake nukae wòle be Kristotɔ nawɔ ne ƒometɔwo tsɔ susu nyui bia be wòakpɔ gome le kɔnu siawo me?
Bu nusi teƒe Jane si nye Ðasefo Afrikatɔ si fofo ku kpɔ ŋuti kpɔ. Esi wòɖo kuƒea me la, wogblɔ nɛ enumake be ele be woa kple ƒometɔ mamleawo katã naɖu ɣe aƒo xlã ame kukua zã bliboa katã atsɔ afa dzi na ame kukua ƒe gbɔgbɔe. Jane gblɔ be: “Megblɔ na wo be esi menye Yehowa Ðasefo ta la, nyemate ŋu awɔ kɔnu mawo o. Gake esi ŋu ke eye woɖi ame vɔ la, ƒometɔ tsitsiwo gblɔ be ele be yewoale tsi na ƒometɔ siwo dzi ku dzɔ ɖo wòanye takpɔnu bubu tso ame kukua ƒe gbɔgbɔ si me. Megbe esia hã wɔwɔ. Ɣemaɣi la, wokplɔ Danye ɖeka yi aƒe aɖe me. Ele be amesiame si di be yeakpɔe la nano aha tsitsi si woɖa ɖe kɔnu ma ŋu ƒe ɖe gbã.
“Megbe nusiawo katã wɔwɔ. Ðe ema teƒe la, meyi aƒeme ɖadi nane ɖa, eye metsɔe yi aƒe si me Danye le. Nusia ve ƒonyemeawo vevie. Ƒonyemeawo susu be nyemele nyuie o.” Gawu la, woɖu fewu le eŋu eye woƒo fi dee be: “Esi nèxa ɖe wò subɔsubɔ ta gbe míaƒe kɔnuwo katã ta la, fofowò ƒe gbɔgbɔ aɖe kpe na wò. Le nyateƒe me la, ɖewohĩ màkpɔ vi gɔ̃ hã adzi o.” Gake esiawo katã medo vɔvɔ̃ na Jane o. Nukae va dzɔ? Egblɔ be: “Vi evee nɔ asinye le kunuwɔɣia. Gake vi adee le asinye fifia! Esia na ŋukpe lé amesiwo gblɔ be nyemagadzi vi gbeɖe o la.”
Gbɔdɔdɔ ƒe “Ameŋukɔkɔ”
Kɔnu bubue nye ameŋukɔkɔ si wowɔna ne ame srɔ̃ ku. Ne srɔ̃nyɔnue ku la, nyɔnua ƒometɔwo kplɔa ŋutsua srɔ̃ si ku la nɔvinyɔnu alo nyɔnu bubu si do ƒome kplii dea xɔ na ŋutsua. Ele be wòadɔ egbɔ. Ema ko hafi wòate ŋu aɖe amesi dze eŋu. Nu ma ke wowɔna ne nyɔnua srɔ̃e ku. Wogblɔna be kɔnuwɔwɔ sia kɔa srɔ̃tɔ si le agbe la ŋu tso srɔ̃a kukua ƒe “gbɔgbɔ” si me.
Ne ame aɖe gbe “ameŋukɔkɔ” ƒe kɔnu sia wɔwɔ la, ƒometɔwo ado dziku ɖe eŋu vevie. Woate ŋu agbee, ado vloe ahaƒo fi dee. Gake Kristotɔwo gbea kɔnu siawo wɔwɔ. Wonyae be amesi menye ame srɔ̃ o gbɔ dɔdɔ menye “ameŋukɔkɔ” o ke boŋ nu ƒoɖie wònye le Mawu ŋkume. (Korintotɔwo I, 6:18-20) Hekpe ɖe eŋu la, “Aƒetɔ la” me ko wòle be Kristotɔwo naɖe srɔ̃ le.—Korintotɔwo I, 7:39.
Kristotɔ nyɔnu Zambiatɔ si ŋkɔe nye Violet srɔ̃ ku. Emegbe ƒometɔwo kplɔ ŋutsu aɖe de xɔ nɛ hezi edzi be wòadɔ kplii. Violet gbe, eye abe tohehe ene la, wode se nɛ be wòagadu tsi le duvudoa me azɔ o. Wogbe nɛ hã be wòagato ablɔdzi o ne menye nenema o la, baba nɛ. Gake meɖe mɔ ƒometɔwo alo kɔƒea me tɔ bubuwo ƒe nuwɔna do vɔvɔ̃ nɛ o.
Emegbe wosama Violet ɖe afima ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe. Le afima la, eɖe Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi siwo ta wògbe be yemakpɔ gome le gbɔdɔdɔ manɔsenu me o la me vɔvɔ̃manɔmee. Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso afia nɛ hegblɔ be yewomate ŋu azi edzi wòanyi dekɔnu siwo tsi tre ɖe eƒe dzixɔsewo ŋu o. Dzidzɔtɔe la, eƒe gbegbe gbidii be yemana ta o la ɖe Ðasefo bubu siwo dze ŋgɔ nya ma ke le kɔƒea me emegbe ƒe nyaƒoɖeamenu dzi kpɔtɔ.
Ðasefo Afrikatɔ aɖe si ŋkɔe nye Monika hã nɔ te ɖe nyaƒoɖeamenu ma ke nu esime srɔ̃aŋutsu ku. Ŋutsua ƒometɔwo te tɔ ɖe edzi be yewoaɖe srɔ̃ bubu nɛ. Monika gblɔ be: “Megbe, heɖoe kplikpaa be mawɔ ɖe se si wode le Korintotɔwo I, 7:39 dzi.” Gake nyaƒoɖeamenua nu mefa o. Monika ɖo ŋku edzi be: “Wodo ŋɔdzi nam. Wogblɔ be: ‘Ne ègbe la, màgaɖe srɔ̃ akpɔ gbeɖe o.’ Wogblɔ gɔ̃ hã be wokɔ nɔvinye Kristotɔ aɖewo ŋu alea le bebeme.” Gake Monika nɔ te sesĩe. Egblɔ be: “Menɔ tre ƒe eve, emegbe megaɖe srɔ̃ le Kristotɔwo ƒe mɔ nu.” Gbesiagbe mɔɖelae Monika nye fifia.
Fugegee Kple Vikuɖeameŋu
Ele be Kristotɔ siwo le dziehe Afrika nanɔ te ɖe fugegee kple vikuɖeameŋu ŋuti kɔnyinyiwo hã nu. Amegbetɔ ƒe blibomademade tae nublanuinya siawo dzɔna ɖo—menye ɖe Mawu tsɔnɛ hea toe na ame o. (Romatɔwo 3:23) Gake Afrika-kɔnuwo bia be ne fu ge le nyɔnu aɖe ŋu la, woawɔ nu ɖe eŋu abe amesi wonyã de gbe ene vaseɖe ɣeyiɣi aɖe.
Eyata nyɔnu aɖe si ŋu fu ge le eteƒe medidi o la tsi yaa esi wòkpɔ Ðasefo aɖe gbɔna eƒeme. Esi wògogo aƒea la, nyɔnua do ɣli gblɔ nɛ be: “Mègava afisia o! Míaƒe kɔnu meɖe mɔ be woasrã nyɔnu si ŋu fu ge le eteƒe medidi o la kpɔ o.” Gake Ðasefoa gblɔ nɛ be Yehowa Ðasefowo tsɔa Biblia me gbedasia yia amesiame gbɔe eye be yewomenyia fugegee ŋuti kɔnuwo o. Emegbe exlẽ Yesaya 65:20, 23 nɛ, eye wòɖe eme be fugegee kple vikuɖeameŋu magadzɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te o. Esia na nyɔnua lɔ̃ be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye.
Wote ŋu wɔa aʋatsodzixɔsekɔnuwo le vi siwo ku ɖe ame ŋu ɖiɖi hã me. Esi Ðasefo si ŋkɔe nye Joseph yi ameɖiƒe ma tɔgbe la, wogblɔ nɛ be ele be vavalawo katã naklɔ asi ɖe gbetsi aɖe me atsɔ atikea asi ɖe akɔta. Wogblɔ be nusia xea mɔ na vidzĩa ƒe “gbɔgbɔ” be wòagatrɔ ava wɔ nuvevi wo o. Joseph gbe bubutɔe elabena enyae be Biblia fia nu be kukuawo mate ŋu awɔ nuvevi agbagbeawo o. Gake ame aɖewo te kpɔ be yewoazii ɖe edzi wòawɔ atikea. Joseph gagbe ake. Esi ame bubuwo kpɔ Kristotɔwo ƒe tenɔnɔ sesĩe vɔvɔ̃manɔmee sia la, woawo hã gbe atikea wɔwɔ.
Mègatsɔ Ðokuiwò De Nya me O, Ke Nɔ Te Sesĩe
Vɔvɔ̃ na agbagbeawo kple vɔvɔ̃ be woanyã ye ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe dziwò be nàna ta. Lododowo 29:25 gblɔ be: “Amegbetɔvɔvɔ̃ mɔ̃e wònye ɖea ame.” Nuteƒekpɔkpɔ siwo míegblɔ va yi ɖe kpukpui ma ƒe akpa mamlea ƒe nyateƒenyenye fia be: “Ke amesi ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, woakpɔ eta.”
Ke hã la, woate ŋu aɖe ame ɖokui le nya me zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, ne wokpe Kristotɔ aɖe yi ƒometɔ aɖe ƒe kuteƒe la, mele be wòalala vaseɖe esime wòage ɖe nɔnɔme si ate ŋu ana wòana ta me hafi o. “Ne nunyala kpɔ dzɔgbevɔ̃e la, eɣlaa eɖokui; ke ame bebewuwo dea ta eme, eye wòle na wo be, woakpɔ wo tɔnua.”—Lododowo 27:12.
Anyo be woabia nu tso kɔnu siwo woawɔ ŋu ŋuɖɔɖotɔe. Ne womenyo o la, Kristotɔ la ate ŋu azã mɔnukpɔkpɔ sia atsɔ aɖe nusita makpɔ gome le eme o la me, gake wòawɔe le ‘tufafa kple bubu deto’ me. (Petro I, 3:15) Ne Kristotɔ ɖe eƒe tenɔnɔ si nɔ te ɖe Biblia dzi me bubutɔe do ŋgɔ la, zi geɖe la, ƒometɔwo te ŋu dea bubu eƒe dzixɔsewo ŋu eye womegate ŋu doa ŋɔdzi alo vɔvɔ̃ nɛ o.
Aleke ke ƒometɔwo ɖawɔ nui o Kristotɔ mate ŋu ana ta ahawɔ kɔnu siwo medea bubu Mawu ŋu gbeɖe o—eɖanye aleke ke woado ŋɔdzi nɛ alo awɔ ŋlɔmi le eŋui o. Woɖe mí tso aʋatsodzixɔse ƒe vɔvɔ̃ me. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Ablɔɖenyenye ŋuti Kristo wɔ mí ablɔɖeviwo ɖo: Eyaŋuti minɔ tsitre sesĩe, eye migana woade kluvinyenye ƒe kɔkuti kɔ na mi o!”—Galatiatɔwo 5:1.
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Ame geɖe xɔe se be amesi ku teti la ate ŋu anye domenɔla axɔ gbe ayi na ƒometɔ siwo ku gbaɖegbe ke la