INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 9/1 axa 3-4
  • Mɔ Gbadza si dzi Ablɔɖe Mele O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mɔ Gbadza si dzi Ablɔɖe Mele O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Agbenɔnɔ ƒe Tɔtrɔ Aɖe
  • Mɔ Gbadza Aɖee Wònye Nyateƒe
  • Mɔ Gbadza la Kplɔa Ame Yia Afɔku Mee
  • Mɔ Xaxɛ si Ðo Ta Ablɔɖe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Yi Edzi ‘Nàɖo To’ Yesu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Ðe Subɔsubɔhawo Katã Nyoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Ðe Yehowa Ðasefowo Xɔe Se Be Yewoƒe Subɔsubɔhae Nye Vavãtɔa?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 9/1 axa 3-4

Mɔ Gbadza si dzi Ablɔɖe Mele O

Ƒome aɖe si me ame etɔ̃ le—fofo, dada kple nyɔnuvi sue— wonɔ aƒeme le Sydney, Australia esime dzo dze aƒea. Wote kpɔ be yewoasi to fesrewo nu gake wode gakpo wo me. Gakpo siwo wode le dedienɔnɔ ta wɔe be dzotsilawo mete ŋu ɖe wo o. Wo fofo kple wo dada ku tsi dzudzɔ kple dzo la me. Nyɔnuvi la ku emegbe le kɔdzi.

ALEKE wòwɔ nublanui enye esi be ƒome sia ku le xɔtunu siwo woɖo ɖi be wòakpɔ yewo ta hafi la ta! Edze ƒã le míaƒe ɣeyiɣia me be menye ƒome sia koe zã gakpowo kple gameti sesẽwo be yewoakpɔ yewoƒe aƒe ta o. Nusi amewo zã le woƒe aƒe kple nunɔamesiwo ta kpɔkpɔ me le abe mɔ̃ sesẽwo ene. Nukatae? Elabena wole dedienɔnɔ kple tomefafa dim. Aleke “ablɔɖe” xexea gblẽe nye si be amewo tua wo ɖokui ɖe aƒeme abe gamenɔlawo ene ko hafi bunɛ be yewole dedie! Le nuto geɖe me la, ɖeviwo megafena dedie le modzakaɖeƒewo o alo yia suku dzila alo ame tsitsi manɔmee o. Ablɔɖe le bubum le agbenɔnɔ ƒe go geɖe me abe alesi ŋdi zãmu bunae ene.

Agbenɔnɔ ƒe Tɔtrɔ Aɖe

Mía tɔgbuiwo ŋɔli to vovo. Esime wonɔ ɖevime la, wote ŋu fena le afisiafi si wodi vɔvɔ̃manɔmee. Esi wotsi la, womenya nusi nye fesremegakpo kple gameti ŋutɔ hã o. Wovo eye wonɔ ablɔɖe me vaseɖe afia aɖe. Gake mía tɔgbuiwo kpɔe be le yewoƒe agbemeŋkekewo me la, amewo ƒe nɔnɔme va trɔ. Wozu ɖekematsɔlemetɔwo kple ɖokuitɔdilawo wu; nɔvivɔvɔ̃ va xɔ ɖe nɔvilɔlɔ̃ teƒe le teƒe geɖe, nusiawo gbɔe nublanuinya si míegblɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze tso. Nusi kpe ɖe ablɔɖemanɔanyi si le dzidzim ɖe edzi ŋutie nye agbenɔnɔ nyuiwo domegbegblẽ. Amewo lɔ̃ “agbenɔnɔ yeye” la, gake le nyateƒe me la, míeɖo afisi agbenyuinɔnɔ bu keŋkeŋ kloe le.

Queensland Yunivɛsiti ƒe agbalẽsɔsrɔ̃ŋutinufiala tsãtɔ Ðk. Rupert Goodman ŋlɔe bena: “Sɔhɛwo dze ŋgɔ hadzegbenɔnɔ si to vovo . . . si me ‘ameɖokui ko’ nye taɖodzinu le: agbe bliba nɔnɔ, ɖokuiŋudzedze, ɖokuisinuwɔwɔ, ɖokuitɔdidi.” Egagblɔ be: “Agbenɔnɔ ƒe dzidzenuwo abe ɖokuidziɖuɖu, ɖokuigbegbe, dɔsesẽwɔwɔ, gazãza nyui, bubudede dziɖulawo ŋu, lɔlɔ̃ kple bubu tsɔtsɔna dzilawo . . . wonye nukpɔsusu siwo ame geɖe menya o.”

Mɔ Gbadza Aɖee Wònye Nyateƒe

Mewɔa nuku na amesiwo nya Biblia me nyagblɔɖiwo nyui la be ɖokuitɔdidi va bɔ alea o, elabena Yesu Kristo xlɔ̃ nu eƒe nyaselawo be: “Agbo la keke, eye mɔ la le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewo nye amesiwo le edzi yina ɖe eme. Elabena agbo la le biie, eye mɔ la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋeewo nye amesiwo kpɔnɛ.” (Mateo 7:13, 14) Mɔ gbãtɔ si keke nyuie na edzinɔla geɖewo nye mɔ “gbadza” elabena womewɔa Biblia ƒe gɔmeɖose le agbenyuinɔnɔ kple gbesiagbegbenɔnɔ ŋu ŋudɔ le edzi o. Edzi zɔzɔ dzɔa dzi na amesiwo dina be yewoasusu nusi dze yewo ŋu ahanɔ agbe si dze yewo ŋu—sededewo kple agbanɔamedzi manɔmee.

Amesiwo tia mɔ gbadza la gblɔna be yewosea vivi le ablɔɖe me nyateƒe. Gake ɖokuitɔdidi ƒe gbɔgbɔe kpɔa ŋusẽ ɖe wo dometɔ akpa gãtɔ dzi. Biblia gblɔ be “gbɔgbɔ si le ŋu sẽm azɔ le vi sẽtowo me” lae le ŋusẽ kpɔm ɖe wo dzi. Gbɔgbɔ siae ʋãa wo be woanɔ agbe le ‘ŋutilã ƒe nudzodzrowo me eye wowɔa ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nuwo,’ siwo nye agbegbegblẽnɔnɔ, atike vɔ̃ɖiwo zazã, alo kesinɔnuwo didi vivivo, ŋkɔxɔxɔ, alo ŋusẽdidi.—Efesotɔwo 2:2, 3.

Mɔ Gbadza la Kplɔa Ame Yia Afɔku Mee

De dzesii be amesiwo le mɔ gbadza dzi zɔm wɔa nu ɖe ‘ŋutilã ƒe nudzodzrowo’ nu. Esia fia be womele ablɔɖe me kura o—ame aɖe le wo dzi ɖum. Wonye ŋutilã ƒe kluviwo. Eye dziɖula sia subɔsubɔ ate ŋu akplɔ ame ayi fukpekpe geɖe me siwo dometɔ ʋee aɖewo nye—nulɔdɔwo xɔxɔ, ƒomewo ƒe gbagba, ŋutilã kple susu me dɔléle siwo tsoa atike vɔ̃ɖiwo zazã kple ahatsunono gbɔ la me. Ŋutasesẽ, adzodada, kple nyɔnuwo gbɔ dɔdɔ sesẽ tsoa ɖokuiŋudzedze ƒe nukpɔsusu si ƒe dzi wodea ƒo le mɔ gbadza si dzi woɖea mɔ ɖe nuwo ŋu la gbɔ. Zi alesi ‘mɔ sia si kplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me’ gali la, ahe vevesese vɛ ɖaa.—Lododowo 1:22, 23; Galatiatɔwo 5:19-21; 6:7.

Na míadzro agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ siwo tso Australia ƒe kpɔɖeŋu eve me kpɔ.a Mary na ta le atike vɔ̃ɖi zazã kple agbegbegblẽnɔnɔ ƒe tetekpɔ me. Gake mete ŋu ke ɖe dzidzɔ si dim wònɔ la ŋu o. Esi wòdzi vi eve megbe kura gɔ̃ hã la, mekpɔ dzidzeme o. Eƒe nɔnɔmea gagblẽ ɖe edzi esi wòva nya be yexɔ AIDS dɔléle.

Tom ya kpe fu le mɔ bubu nu. Egblɔ be: “Mawunyadɔgbedelawo nɔƒe aɖe si le Queensland ye menɔ tsi. Mezu ahatsunola esi mexɔ ƒe 16. Fofonye, nyruinyewo kple xɔlɔ̃nyewo katã nye ahatsunolawo ale gbegbe be eva zu abe nusi ŋu naneke megblẽ le o ene. Meva ɖo afisi menoa nusianu tso beer dzi vaseɖe aha si nu sẽ ŋutɔ la dzi. Metsɔa nye ga tsoa gbe ɖe sɔwo ƒe duɖimekeke dzi, eye ɣeaɖewoyi la, megblẽa ga siwo katã mewɔ dɔ sesẽ kpɔ la ɖe eŋu. Menye ga vi esia nye o elabena foŋfoŋ tsoƒe si woxea fe le nyuie ye mewɔ dɔ le.

“Emegbe meɖe srɔ̃ eye míedzi viwo. Le esi teƒe be madze ŋgɔ nye agbanɔamedziwo la, meƒo ɖokuinye ɖe nusiwo xɔ̃nyewo wɔna me—ahanono, akɔdada, kple kɔdada. Woléam dea mía gbɔ gaxɔ me zi geɖe. Gake esia metrɔ nye agbenɔnɔ kura o. Nye agbenɔnɔ va gblẽ ɖe edzi. Kuxiwo yɔe fũ.”

Nyateƒee, esi Tom kple Mary ƒo wo ɖokui ɖe dzodzro vɔ̃wo me la, menye woawo ɖeɖe ŋue wògblẽ nu le o, ke egblẽ nu le woƒe ƒomewo hã ŋu. Nublanuitɔe la, mɔ gbadza dzi ƒe ablɔɖe si me woɖea mɔ ɖe nusianu ŋu le eye wòkplɔa amewo tranae la flua sɔhɛ bubu geɖewo. Ðe sɔhɛwo akpɔ nusi ɣla ɖe ablɔɖe sia megbe kple emetsonuwo hafi. Ne ɖe sɔhɛwo ate ŋu akpɔ nusi tututu mɔ gbadza la nye—nusi wògblẽna le edzinɔlawo ŋu mlɔeba la, ne enyo. Ele gbadza nyateƒe eye edzi toto le bɔbɔe. Gake alesi wòkekee la, nenema ke eƒe afɔkuwo le. Nunyanu si wòle be míawɔe nye be míana nyateƒenya sia si ŋu womate ŋu ake ɖi le o nawɔ dɔ ɖe míaƒe dzi dzi be “amesi ƒã nu ɖe eƒe ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ atso eƒe ŋutilã me.”—Galatiatɔwo 6:8

Gake tiatia nyui aɖe li woawɔ. Eyae nye mɔ xaxɛ la. Gake aleke mɔ sia le biie, eye sewo kple mɔxenu kawoe le edzi? Eye afikae wòɖo tae?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Míetrɔ ŋkɔawo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe