INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 9/1 axa 5-7
  • Mɔ Xaxɛ si Ðo Ta Ablɔɖe Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mɔ Xaxɛ si Ðo Ta Ablɔɖe Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Mɔ Xaxɛ la Naa Ablɔɖe Amee
  • Kakaɖedzi Le Mawu ƒe Kpekpeɖeŋu Ŋu na Mí
  • Wodzudzɔ Mɔ Gbadza la dzi Zɔzɔ
  • Mɔ Gbadza si dzi Ablɔɖe Mele O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Ðe Subɔsubɔhawo Katã Nyoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Yi Edzi ‘Nàɖo To’ Yesu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Na Yehowa Nakplɔ Wò Ayi Ablɔɖe Vavãtɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 9/1 axa 5-7

Mɔ Xaxɛ si Ðo Ta Ablɔɖe Me

NUNYALA ʋee aɖewo kea ɖi le dzɔdzɔmese siwo dzi xexeame zɔna ɖo ŋu. Se siawo kpɔa ŋusẽ ɖe nusianu dzi, tso atom nyaŋuiwo dzi vaseɖe ɣletivihatsotso gã siwo me ɣletivi biliɔn geɖe le dzi. Ne ɖe mele nenema o la, anye ne ɖoɖo kple nugɔmesese aɖeke mate ŋu anɔ anyi o; agbe ŋutɔ hã mate ŋu anɔ anyi o. Dzɔdzɔmesewo gɔmesese kple wo ŋudɔwɔwɔ na be amegbetɔ te ŋu wɔ nu wɔnukuwo, abe dzinudzidede kple foto siwo le amadede me lelé tso anyigba ƒe afisiafi alo tso yamenutowo me kura gɔ̃ hã va television dzi le míaƒe aƒewo me.

Gake agbenyuinɔnɔsewo ya ɖe? Ðe viɖe kple kutsetse nyui le wɔwɔ ɖe wo dzi mea? Ame geɖe anya bunɛ be agbenyuinɔnɔse aɖeke meli o eye wotia xexemenunya si ɖea mɔ ɖe nugbegblẽwɔwɔ ŋu alo subɔsubɔha aɖe si sɔ kple woƒe didiwo.

Gake ame aɖewo ya li siwo tia mɔ bubu, si nye ‘mɔ xaxa, si kplɔa amewo yia agbe la mee’ si ŋu Biblia ƒo nu tsoe. Mele be wòawɔ nuku na mí be ame ʋee aɖewo koe tia mɔ sia o, elabena Yesu gblɔ le mɔ xaxa sia ŋu be: “Ame ʋeewo nye amesiwo kpɔnɛ.” (Mateo 7:14) Nukatae wònye ame ʋee aɖewo ko?

Elabena Mawu ƒe sewo kple gɔmeɖosewo le mɔ xaxɛ la dzi. Amesiwo le didim nyateƒetɔe be yewoƒe agbenɔnɔ nasɔ kple Mawu ƒe dzidzenuwo la koe wòadzro. Mɔ xaxɛ si dze abe mɔxeɖenu ene la naa ablɔɖe le nu vevi ɖesiaɖe me eye eto vovo sã na mɔ gbadza si naa yeaɖi ablɔɖe ame evɔ kluvimenɔnɔ ŋutɔŋutɔe wònye hafi. “Se blibo, si nye ablɔɖese” ye nye eƒe liƒowo.—Yakobo 1:25.

Alesi Mɔ Xaxɛ la Naa Ablɔɖe Amee

Nyateƒee, menye ɣesiaɣie mɔ xaxɛ la dzi nɔnɔ nɔa bɔbɔe o. Amegbetɔ ɖesiaɖe nye ame madeblibo eye nugbegblẽwɔwɔ ƒe didi si ƒe dome wònyi la le eme. Eyata awɔ na ame be wòatra vie. Gake viɖe siwo le ‘mɔ xaxɛa’ dzi zɔzɔ me dze na ɖokuimamlã ɖesiaɖe alo tɔtrɔwɔwɔ elabena Mawu ‘fia nusi nyo na mí la mí.’—Yesaya 48:17; Romatɔwo 3:23.

Le kpɔɖeŋu me: Dzila nyanuwo wɔa ‘mɔ biie’ ƒe ɖoɖo ɖe nuɖuɖu si dze be wo viwo naɖu kple esi womaɖu o ŋuti. Esia hiã moveviɖoɖo ɣeaɖewoɣi le nuɖuɣi. Gake ne ɖeviwo tsi la, wokpɔa dzidzɔ ɖe wo dzilawo ƒe hehe si wona wo le lɔlɔ̃ me ŋuti. Ne wotsi la, woanya nuɖuɖu si naa lãmesẽ ame. Eye esi wònye nuɖuɖu siwo me nunyiame le ƒomevi vovovowoe li ta la, womabui be yewoxaxa o.

Le gbɔgbɔ me gome la, Mawu wɔ nenema ke na amesiwo le mɔ xaxɛ si kplɔa ame yia agbe mee la dzi. Eƒãa dzodzro nyui si naa dzidzɔ kple ablɔɖe vavã ame la ɖe ɖokuibɔbɔlawo me. Ewɔa esia to eƒe Nya, Biblia si wòna mí la dzi. Gakpe ɖe eŋu la, exlɔ̃ nu mí be míado gbe ɖa be eƒe gbɔgbɔ nakpe ɖe mía ŋu eye wògade se na mí be míabɔ ha kple hati Kristotɔ siwo ate ŋu ade dzi ƒo na mí be míakpɔtɔ anɔ mɔ xaxɛ la dzi. (Hebritɔwo 10:24, 25) Ẽ, Mawu enye lɔlɔ̃, eye eƒe nɔnɔme kɔkɔ sia ɖo kpe eƒe tameɖoɖo kple eƒe mɔwo dzi.—Yohanes I, 4:8.

Ne lɔlɔ̃, ŋutifafa, dɔmenyonyo, ɖokuidziɖuɖu kple Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetse bubuwo xɔ aƒe ɖi la, mɔ xaxɛ la medzena abe nusi xaxa ame ɖo ene o. Abe alesi ŋɔŋlɔa gblɔe ene la, “nenem nusiawo la se la metsi tre ɖe wo ŋu o.” (Galatiatɔwo 5:22, 23) “Afisi [Yehowa] ƒe gbɔgbɔ le la, afima ablɔɖe le.” (Korintotɔwo II, 3:17) Kristotɔ vavãwo le gome kpɔm le ablɔɖe sia me fifia gɔ̃ hã. Wovo tso vɔvɔ̃ siwo wɔa fu amewo egbea, abe vɔvɔ̃ na etsɔme kple vɔvɔ̃ na ku ƒe aʋatsodzixɔsewo ene si me. Dzidzɔ ka gbegbe nye si wòanye be míakpɔ ɣeyiɣi si gbɔna esime ‘sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene!’ (Yesaya 11:9) Ekema vɔvɔ̃ na nuvlowɔwɔ gɔ̃ hã maganɔ anyi o. Gametiwo kple fesremegakpowo nu ayi keŋkeŋ. Amesiame anɔ ablɔɖe kple dedienɔnɔ me zã kple keli—ne míele aƒeme alo míedo go o. Anye ablɔɖe nyateƒe!

Kakaɖedzi Le Mawu ƒe Kpekpeɖeŋu Ŋu na Mí

Enye nyateƒe be agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu hiã na kutrikuku, gake ‘eƒe sewo mesesẽ’ na amegbetɔ madeblibowo gɔ̃ hã ‘o’. (Yohanes I, 5:3) Esi míesrɔ̃ mɔ xaxɛ la dzi zɔzɔ eye míele viɖe kpɔm le eme la, míaƒe fuléle nuwɔna kple nukpɔsusu siwo nɔa mɔ gbadza dzizɔlawo si anɔ dzidzim ɖe edzi. (Psalmo 97:10) Zɔzɔ ɖe Mawu ƒe sewo dzi bia tso mía dometɔ ɖesiaɖe si be wòawɔ eƒe dzitsinya ŋudɔ nyuie. Le “dzi ƒe vevesese” kple “gbɔgbɔ ƒe teteɖeanyi” si ɖea fu na ame geɖe teƒe la, Mawu do ŋugbe be: “Kpɔ ɖa, nye dɔlawo atso aseye le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta.” Nyateƒee, dzi si Yehowa mlã la kpɔa dzidzɔ eye wònɔa ablɔɖe me.—Yesaya 65:14.

Yesu ku be wòana ablɔɖe vavã mí. Biblia gblɔ be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Fifia Yesu si nye Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe Fia la le vɔsa ma ƒe viɖewo hem vɛ. Le “xaxa gã” megbe kpuie esime woatsrɔ̃ mɔ gbadza kple amesiwo le edzi tom la, adze egɔme akplɔ ameƒomea me tɔ toɖolawo blewu ato mɔ xaxɛa ƒe akpa si kpɔtɔ la dzi ava ɖo eƒe nuwuwu, aɖo amegbetɔ ƒe blibodede gbɔ. (Nyaɖeɖefia 7:14-17; Mateo 24:21, 29-31) Mlɔeba la, míakpɔ gome le ŋugbedodo gã la ƒe emevava me be: “Woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.” Ablɔɖe aɖeke mede esi Mawu ana la nu o. Elabena ku ŋutɔ hã maganɔ anyi o.—Romatɔwo 8:21; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Ne ame aɖe kpɔ mɔ xaxɛa eye wòse afisi wòɖo tae gɔme la, enɔa bɔbɔe nɛ be wòatia mɔ sia ahanɔ edzi zɔm ɖaa. Vevietɔ wokpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woagatsɔ ŋku aɖo fifi ƒe nuwo ko ŋu o eye woagado dziku ɖe Mawu ƒe dzidzenu siwo wobuna mɔxeɖenuwoe ŋu o. Wosrɔ̃ alesi woakpɔ nusiawo be wonye kpeɖodzi na Mawu ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖefia kple ametakpɔkpɔ tso mɔ gbadza ƒe nu vɔ̃ɖiwo si me. (Hebritɔwo 12:5, 6) Nyateƒee, ehiã be ame nagbɔ dzi ɖi, aɖo ŋkui be ehiã na ɣeyiɣi geɖe hafi woatu Mawu ƒe nɔnɔmewo kple didiwo ɖo, abe alesi ati si tsena hiã na ɣeyiɣi hafi wòatse ku nyui ene. Gake atia atse ku nenye be wodoe hedea tsii.

Eyata srɔ̃ Mawu ƒe Nya la, eye nabɔ ha kple Kristotɔwo eye “nado gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe” abia gbɔgbɔ kɔkɔea. (Tesalonikatɔwo I, 5:17) Ðo ŋu ɖe Mawu ŋu “ekema ata mɔ na wò.” (Lododowo 3:5, 6) Gake ɖe esiawo katã anya wɔa? Ðee wòwɔa dɔ ŋutɔŋutɔa? Ẽ, ekpe ɖe Tom kple Mary siwo ŋuti míeƒo nu le le nyati si do ŋgɔ me ŋu.

Wodzudzɔ Mɔ Gbadza la dzi Zɔzɔ

Tom ŋlɔ bena: “Le ƒe 1970 ƒe ƒeawo domedome la, míedo go Yehowa Ðasefowo esime wo dometɔ ɖeka va mía gbɔ. To dzeɖoɖo me la, míedze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme. Ʋeʋeʋe la, medze asitɔtrɔ le nye agbenɔnɔ ŋu. Mexɔ nyɔnyrɔ̃ le ƒe 1982 eye fifia mele subɔsubɔm le hame si le mía gbɔ la me. Mía viŋutsu hã xɔ nyɔnyrɔ̃ fifia. Meda akpe na srɔ̃nye ɖe alesi wòdo dzi le ƒe gbogbo mawo me hafi meva srɔ̃ nyateƒea la ta. Eye ƒo ye katã ta la, meda akpe na Yehowa kple Via, Kristo Yesu le nusiwo katã wona mí kple mɔkpɔkpɔ si le mía si na etsɔme la ta.”

Ke Mary ya ɖe? Togbɔ be ese le eɖokui me be Mawu matsɔe ake ye o hã la, edi be yeanya nu tso eŋu le ye viwo ta. Esi wòse be Yehowa Ðasefowo le Biblia fiam eƒe aƒelika la, ebia be woakpe ɖe ye hã ŋu. Gake nɔnɔme gbegblẽ si mãe la na be ŋgɔyiyi sesẽ nɛ. Nusɔsrɔ̃a menɔ afɔ tsɔm tututu o. Togbɔ be ƒe adre koe via nyɔnuvia xɔ hã la, edea dzi ƒo nɛ be, “Dzi megaɖe le ƒowò o, Danye. Àte ŋu awɔe!” Ekema Mary gayia eƒe agbagbadzedzea dzi.

Ne ŋutsu si gbɔ wòle si hã nye atike vɔ̃ɖi zãla gbɔ va aƒeme la, eya hã kpɔa gome le nusɔsrɔ̃a me. Mlɔeba la, wo kple evea siaa ɖu woƒe nɔnɔme gbegblẽwo dzi. Emegbe esi woɖe srɔ̃ le se nu, eye woxɔ nyɔnyrɔ̃ vɔ la, dzidzɔkpɔkpɔ gã aɖe su wo si eye wova nye ƒome ŋutɔŋutɔ zi gbãtɔ. Nublanuitɔe la, AIDS dɔlélea na be Mary bu eƒe agbe, gake hafi wòaku la, eƒe dzi lé ɖe Biblia ƒe ŋugbedodo ŋu be woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre eye woanɔ agbe le paradisonyigba si dzi woɖe mɔ gbadza dzi nu gbegblẽwo katã ɖa le.

Ẽ, woate ŋu adzo le mɔ si keke eye wòle gbadza si kplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ mee la dzi. Kristo Yesu gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nedɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Ke nukatae màɖoe azɔ mɔ xaxɛ si kplɔa ame yia agbe mee la dzi o? Ne ètsɔ nusi srɔ̃m nèle tso Mawu ƒe Nya la me de dzi me hewɔ eŋudɔ la, wò ŋutɔ àkpɔ Biblia ƒe ŋugbedodo dodzidzɔname sia teƒe be: “Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.”—Yohanes 8:32.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe