Ŋuʋaʋã Gblẽ Nye Agbe Dome Kloe
ŊUƲAƲÃ va nɔ nu gblẽm le ŋunye vevie esi meɖe Mark le nye srɔ̃ɖeɖe evelia me.a Míenɔa míaƒe atikɔmeviwo dzi kpɔm hafi ganɔa mía srɔ̃ xoxoawo ŋu bum. Nɔnɔmeawo menya tsɔna ɣeaɖewoɣi o. Ɣesiaɣi ne dzre dzɔ le ƒomea me la, edzena abe Mark medea dzinye o ene. Mebunɛ be eganɔ srɔ̃a xoxoa lɔ̃m kokoko. Le esi teƒe be maɖu nye ŋuʋaʋã dzi la, meɖe mɔ wòkpɔ ŋusẽ ɖe nye agbe dzi boŋ. Ɣesiaɣi si mekpɔ Mark srɔ̃ xoxoa ko la, metsia dzodzodzoe.
Menɔa ŋku lém ɖe Mark ŋu ɣesiaɣi, eye menɔa eƒe ŋku me kpɔm be manya afisi kpɔm wòle. Mebuna nusiwo mesusu gɔ̃ hã o be eya kpɔm wòle. Ɣeaɖewoɣi la, metsia tre ɖe eŋu be egale srɔ̃a xoxoa lɔ̃m kokoko. Gbeɖeka la, nuwɔna sia do dziku nɛ be wòtso dzo esime míele Kristotɔwo ƒe takpekpe aɖe me. Mese le ɖokuinye me be meɖi fɔ le Yehowa ŋkume. Mena nye ƒomea nɔ fu kpem elabena esia va nɔ dɔ wɔm ɖe ɖeviawo hã dzi mlɔeba. Melé fu ɖokuinye le nusi menɔ wɔwɔm ta, medze agbagba ɖesiaɖe gake nyemete ŋu nɔ nye ŋuʋaʋã la dzi ɖum o.
Le esi teƒe be wòakpe ɖe ŋunye la, Mark te eteƒe ɖoɖo nam. Ne mehe nya ɖe eŋu la, edoa ɣli ɖe tanye be, “ŋuʋãla, ŋuʋaʋã koe le fu ɖem na wò.” Edzena abe eɖonɛ wɔa nusi ana maʋã ŋu gɔ̃ hã ene. Ðewohĩ ebunɛ be esia wɔwɔ ana madzudzɔ ŋuʋaʋã gake ɖeko wògasẽna ɖe edzi. Enɔa nyɔnu bubuwo kpɔm henɔa alesi wodze tugbee la kafum. Esia na megabua ɖokuinye nu maɖinui kple amesi ƒe nya womelɔ̃ o wu. Eva ɖo afisi seselelãme vɔ̃ɖi bubu—si nye fuléle—va ge ɖe menye. Metɔtɔ ale gbegbe be meva di be maklã tso eya kple eƒe ƒomea gbɔ.
Esi Biblia gblɔ be “ŋuʋaʋã nye ŋuɖui le ƒuwo me” la, nenema tututue wòle. (Lododowo 14:30) Fifia ete nugbegblẽ le nye lãmesẽ ŋu. Mexɔ abi ɖe nye dɔgbowo ŋu esi teƒe didi hafi wòku. Meyi edzi na nye agbe wɔ nublanui le esi mebua nazã ɖe nusianu si Mark wɔna la ŋuti. Metsaa asi eƒe kotokuwo me, eye ne mekpɔ telefon xexlẽdzesiwo la, meƒoa ka na ameawo be manya amesi wonye. Eva kpea ŋu nam ale gbegbe be mefaa avi le Yehowa ŋkume le ŋukpe ta. Gake nyemete ŋu dzudzɔ o. Mezu futɔ vɔ̃ɖitɔ kekeake na ɖokuinye.
Nye gbɔgbɔmemenyenye ɖo afɔku me ale gbegbe be nyemegate ŋu doa gbe ɖa o. Melɔ̃ Yehowa eye medi vavã be mawɔ nusi le dzɔdzɔe. Menya ŋɔŋlɔ siwo katã ku ɖe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ŋuti gake nyemete ŋu wɔa wo dzi o. Zi gbãtɔ le nye agbe me la nyemegadi be manɔ agbe o; togbɔ be vi nyuiwo le asinye hafi.
Hamemegã siwo le Kristotɔwo ƒe hamea me la nye dzideƒo gã aɖe nam eye wodze agbagba wɔ wo tɔ sinu be woakpe ɖe ŋunye. Gake esi wotɔ asi nye ŋuʋaʋã dzi la, le ŋukpe ta megbena eye nyemedina be malɔ̃ ɖe edzi be kuxi ma le fu ɖem nam o.
Mlɔeba la, nye lãme va gblẽ ɖe edzi ale gbegbe be ele nam be mayi kɔdzi ne woawɔ dɔ nam. Afima meva kpɔe le be agbe ma ƒomevi magayi edzi abe tsã ene azɔ o. Mí kple Mark míeɖoe klã ɖa tso mía nɔewo gbɔ dzinu etɔ̃ bene míadzro míaƒe nɔnɔmewo me ne míaganɔ mía nɔewo ŋu bum fũ o. Le ɣeyiɣi ma me la, nu wɔnuku aɖe dzɔ. Nyati aɖe dze le Nyɔ! me si gblɔ be “Kpekpeɖeŋu na Ahanomunɔtɔwo ƒe Vi Tsitsiwo.”b
Èkpɔea, ahanomunɔtɔe danye nye. Togbɔ be womewɔ ŋlɔmi le ŋunye o hã la, dzinyelawo mewɔ nu lɔlɔ̃tɔe ɖe wo nɔewo ŋu alo ɖe ŋunye kpɔ o. Nyemate ŋu aɖo ŋkui ne danye lém ɖe asi kpɔ alo gblɔ nam kpɔ be yelɔ̃m o. Nusia wɔe be esi metsi la, nyemenya alesi wolɔ̃a ame alo vevietɔ alesi ame alɔ̃m o.
Danye ƒoa nu tso fofonye ƒe ahiãwɔwɔ ŋu nam zi geɖe eye wògblɔna be yemate ŋu aka ɖe edzi o. Eyata mesusu be manya tsi kple susu be nyemate ŋu axɔ ŋutsuwo dzi ase o. Le alesi wohemee ta la, ɣesiaɣi mebua ɖokuinye tsɛ wu ame bubuwo, vevietɔ nyɔnu bubuwo. Nyɔ! ƒe nyati ma si mexlẽ kpe ɖe ŋunye be mese nusiawo katã gɔme. Zi gbãtɔ enye ma mese nusi gbɔ nye ŋuʋaʋã ƒe kuxia tso la gɔme.
Metsɔ Nyɔ! ƒe nyatia fia srɔ̃nye Mark, eye ekpe ɖe eya hã ŋu be wòse nye kuxia gɔme nyuie wu. Medidi o mí kpakplii míete ŋu wɔ ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo na srɔ̃tɔ siwo le ɖoɖo wɔm be yewoaklã la dzi. Azɔ míegawɔ ɖeka. (Korintotɔwo I, 7:10, 11) Fifia míaƒe srɔ̃ɖeɖea me nyo wu alesi wònɔ tsã. Míewɔa nu geɖe ɖekae, vevietɔ ne enye Kristotɔwo ƒe dɔwɔwɔwo. Mark ɖea nugɔmesese fia wu. Gbesiagbe kloe egblɔna nam alesi wòlɔ̃m vevie eye fifia mexɔnɛ sena be nyateƒee.
Ne menyae be míado go Mark srɔ̃ xoxoa le teƒe aɖe la, medoa gbe ɖa biaa ŋusẽ Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye mawɔ nu abe Kristotɔ tsitsi ene. Eye mekpɔa dzidzedze. Nye fuléle ƒe seselelãme ɖe eyama ŋuti hã nu le yiyim. Nyemegabua vɔ̃ ɖe eŋu alo naa nye dzimesusuwo ɖua dzinye o.
Ŋuʋaʋã vɔ̃ɖi ƒe seselelãme aɖe gakpɔtɔ le menye kokoko. Agbenɔnɔ blibo le Mawu ƒe xexe yeyea me koe ate ŋu aɖee ɖa keŋkeŋ nam. Gake fifia la, mesrɔ̃ alesi maɖu ŋuʋaʋã dzi le esi teƒe be maɖe mɔ nɛ wòaɖu dzinye. Nyateƒee, ŋuʋaʋã gblẽ nye agbe dome kloe gake to Yehowa kple eƒe Habɔbɔa dzi la, meva le dzidzɔ geɖe wu kpɔm eye megakpɔ lãmesẽ ake. Kadodo sesẽ aɖe gaɖo mí kple nye Mawu Yehowa dome ake.—Ame aɖee ŋlɔe míeta.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Míetrɔ ŋkɔa.
b Kpɔ May 22, 1992 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ!, axa 8-12.