Xexe si me Aʋawɔwɔ Manɔ O—Ɣekaɣie?
DUKƆ Ƒoƒuawo ƒe ɖoɖoa dze dɔ gɔme le October 24, 1945 dzi. Eyae nye afɔɖeɖe gãtɔ kekeake si amegbetɔ wɔ ɖe ŋutifafa hehe va xexeame katã ŋuti kpɔ. Dukɔ 51 siwo ƒo ƒu wɔ Dukɔ Ƒoƒuawo gbã la na wòzu dukɔwo dome habɔbɔ gãtɔ kekeake le xexeame ƒe ŋutinya me. Azɔ hã esiae nye zi gbãtɔ si asrafowo le dukɔwo dome habɔbɔ aɖe si wòatsɔ ahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ vɛ ahawɔ xexe si me aʋawɔwɔ manɔ o.
Dukɔ 185 siwo le Dukɔ Ƒoƒuawo me egbea na wòsẽ wu tsã. Ke nukae na dukɔwo dome habɔbɔ sesẽtɔ le ŋutinya me mete ŋu ɖo eƒe taɖodzinu kɔkɔawo gbɔ o?
Subɔsubɔhawo—Mɔxenu Gã Aɖee Wonye
Kuxi sesẽtɔ ɖekae nye akpa si wɔm subɔsubɔhawo le le xexemenyawo me. Nyateƒee, tso esime woɖo Dukɔ Ƒoƒuawo ko la, xexeame ƒe subɔsubɔha gãwo ɖe adzɔgbe be yewoado alɔ habɔbɔ ma. Esi Papa John Paulo II nɔ nu ƒom tso Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe ƒezã 50 lia ŋu la, egblɔ tso eŋu be eyae nye “dɔwɔnu nyuitɔ kekeake si woatsɔ ahe ŋutifafa vɛ ahalée ɖe te.” Eƒe susu sia kee le xexeame katã ƒe subɔsubɔhakplɔlawo si. Gake ayemeɖekawɔwɔ sia si le mawusubɔsubɔ kple dziɖuɖu dome mate ŋu atsyɔ nu nyateƒenya sia dzi o be subɔsubɔhawoe nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe mɔxenu kple kplamatsedonu.
Subɔsubɔhawo wɔ akpa vevi aɖe le dukɔwo dome fuléle, aʋawɔwɔ, kple ameƒomevi ɖeka tsɔtsrɔ̃ ɖa dzidede kple alɔdodoe me ƒe alafa geɖe. Le nyitsɔ laa ƒewo me la, aƒelikawo wu wo nɔewo le subɔsubɔnyahehe ta. Nya “ameƒomevi aɖewo ɖeɖeɖa” ye ame geɖe zãna tsɔ ƒoa nu tso aʋawɔwɔ si le Balkan-dukɔwo me ŋui. Gake menye ameƒomevi aɖe nyenye koŋ tae ame geɖe lé fu wo nɔewo vevie le afima o, ke subɔsubɔhawo tae elabena teƒe ɖekae wo dometɔ akpa gãtɔ dzɔ tso. Ẽ, ele be subɔsubɔhawo nalɔ̃ ɖe edzi be yewo gbɔe ʋu gbogbo si wokɔ ɖi le Yugoslavia si nɔ anyi tsã la ƒe akpa gãtɔ tso, Dukɔ Ƒoƒuawo mete ŋu lé avu wo o.
Eyata esɔ be kɔledzi mawusubɔsubɔ ŋuti nufialagã aɖe gblɔ nyitsɔ laa be “le xexe si me mawusubɔsubɔ ƒe asrafonyahehe le sesẽm ɖe edzi le Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe dome nyaʋiʋlia megbe me la, ɖewohĩ ŋkuléle ɖe subɔsubɔhawo kple ameƒomeviwo tsɔtsrɔ̃ ɖa ŋue anye míaƒe nu vevitɔ siwo ŋu wòhiã be míawɔ dɔ le dometɔ ɖeka togbɔ be ahe nu madodzidzɔnamewo vɛ gake.” Alesi subɔsubɔhawo le xexeame ŋutifafa ƒe afɔɖeɖewo me gblẽmee la dze gaglã fifia wu.
Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe ƒe 1981 nyameʋuʋu aɖe gblɔ be: “Esi míetsi dzi ɖe mɔmaɖemaɖeɖenuŋu si li ŋuti eye vovototodedeameme le mawusubɔsubɔ alo dzixɔsenyawo me gale xexeame ƒe akpa aɖewo ta la, Míeɖoe kplikpaa be míaɖe afɔ ɖesiaɖe atsɔ aɖe mɔmaɖemaɖeɖenuŋu sia ƒe nɔnɔme ƒomevi ɖesiaɖe ɖa kaba eye míaxe mɔ ɖe vovototodedeameme le mawusubɔsubɔ alo dzixɔsenyawo me nu ahawɔ avu kplii.”
Le ɖekawɔwɔ me kple woƒe nyameʋuʋua la, Dukɔ Ƒoƒuawo ɖe gbeƒã ƒe 1995 be wòanye Mɔɖeɖeɖenuŋu Ƒe. Gake ne míagblɔe le nyateƒe me la, ɖe wòanya wɔ be ŋutifafa kple dedienɔnɔ nava xexe si me subɔsubɔhawo de mamãe me gbaɖegbea?
Subɔsubɔhawo ƒe Etsɔme
Nyagblɔɖi aɖe si le Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia me ɖo eŋu. Eƒo nu tso “gbolo gã” aɖe si bɔbɔ nɔ anyi abe “fianyɔnu” ene eye wòle “fia ɖum ɖe anyigba dzi fiawo dzi” la ŋu. Gbolo sia ‘dze ha’ eye wòwɔ ahasi kple xexeame ƒe dziɖuɖuwo. Wotsɔ “lã dzẽ” wɔ dziɖuɖu siawo siwo dzi gboloa bɔbɔ nɔ bɔkɔɔ ƒe kpɔɖeŋui. (Nyaɖeɖefia 17:1-5, 18; 18:7) Blema Babilon si nye trɔ̃subɔsubɔ dzɔtsoƒe ƒe ŋkɔe wotsɔ na nyɔnu wɔgbolo sesẽ sia be “Babilon Gã.” Eyata esɔ be egbea la, gboloa tsi tre ɖi na xexeame ƒe subɔsubɔhawo katã siwo dea nu dziɖuɖunyawo me.
Nuŋlɔɖia yi edzi be ɣeyiɣia ade esime Mawu adee dzime na lã wɔadã la ƒe asrafowo be woatso. “Woawo alé fu gbolo la, eye woawɔe aƒedo, eye woaɖe amamae, eye woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ.” (Nyaɖeɖefia 17:16)a Eyata Yehowa Mawu ŋutɔe atso gbã esime wòana dukɔ sesẽwo naho ɖe alakpasubɔsubɔ ŋu aɖee ɖa. Woatsrɔ̃ xexeame ƒe mawusubɔsubɔnuɖoanyia kple eƒe gbedoxɔ kpakple gbedoɖaƒe gãwo ɖa keŋkeŋ. Alesi subɔsubɔhawo gblẽa ŋutifafa kple dedienɔnɔ mee la nu ayi ɣemaɣi. Gake ɖe ŋutifafa kple dedienɔnɔ vavãtɔ anɔ anyigba dzi ɣemaɣi gɔ̃ hã?
Amegbetɔ Madeblibo ƒe Nɔnɔme
Ðe kpeɖodzi aɖe li be mawusubɔsubɔ ɖeɖeɖa ana xexe si me aʋawɔwɔ manɔ o nava nyateƒea? Ao. Dukɔ Ƒoƒuawo agadze ŋgɔ nɔnɔme ɖefuname aɖe kokoko. Amewo di ŋutifafa kple dedienɔnɔ le go ɖeka me. Gake le go bubu me la, amegbetɔwo kee nye ŋutifafa kple dedienɔnɔ domegblẽla gãtɔ̃wo wu. Fuléle, dada, ɖokuiŋudzedze, kple nu wɔwɔ le manyamanya me nye amegbetɔ ƒe nɔnɔme siwo koŋ hea nyaʋiʋli kple aʋawɔwɔwo vɛ.—Yakobo 4:1-4.
Biblia gblɔe ɖi be le míaƒe ŋkekea me la, ameawo “lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo.”—Timoteo II, 3:1-4.
Agbalẽŋlɔlagã Boutros Boutros-Ghali gblɔ be “xexeame ɖo hadomegbenɔnɔ kple agbenyuinɔnɔ ƒe xaxa me, eye enu sẽ vevie le nuto geɖe me.” Dukɔwo dome adaŋudede aɖeke mate ŋu atrɔ amegbetɔ madeblibo ƒe nɔnɔme gbegblẽawo wòanyo o.—Tsɔe sɔ kple Mose I, 8:21; Yeremya 17:9.
Yesu Kristo—Ŋutifafafia La
Eme kɔ be ŋutete mele Dukɔ Ƒoƒuawo ŋu be wòahe ŋutifafa va xexeamee o. Togbɔ be taɖodzinu kɔkɔwo le emenɔlawo kple edzidelawo si hã la, ame madeblibowoe wo katã wonye. Biblia gblɔ be “amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Hekpe ɖe eŋu la, Mawu xlɔ̃ nu be: “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o.”—Psalmo 146:3.
Biblia gblɔ nusi Yehowa awɔ to Via “Ŋutifafafia” la dzi ɖi. Yesaya 9:5, 6 gblɔ be: “Wodzi vi na mí, eye wona ŋutsuvi mí, dziɖuɖu le abɔta nɛ, eye wotsɔ ŋkɔ nɛ be: Nukunu, adaŋudela, Mawu kalẽtɔ, fofo mavɔ, ŋutifafafia, ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le [eƒe] fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o.”
Ƒe 50 ƒe kpododonu na nu ti kɔ na xexemedukɔwo. Woatsrɔ̃ subɔsubɔha siwo le abe gbolo ene ɖa kpuie. Emegbe Yesu Kristo “fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ” la kple eƒe dziƒoʋakɔwo agbã amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã ahatsrɔ̃ amesiwo katã gbe Mawu ƒe dziɖulanyenye la ɖa. (Nyaɖeɖefia 19:11-21; tsɔe sɔ kple Daniel 2:44.) Mɔ sia dzie Yehowa Mawu ato ahe xexe si me aʋawɔwɔ manɔ o vɛ.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta le ƒe 1988 me ƒe ta 33 vaseɖe 37 hena numeɖeɖe tsitotsito le Nyaɖeɖefia ƒe nyagblɔɖi le Babilon Gã la ŋu.
[Aɖaka si le axa 7]
ALESI KRISTOTƆWO BUA DUKƆ ƑOƑUAWOE
Wotsɔa lã wɔadãwo wɔa amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ƒe kpɔɖeŋui zi geɖe le Biblia ƒe nyagblɔɖi me. (Daniel 7:6, 12, 23; 8:20-22) Eyata Gbetakpɔxɔ magazine la gblɔ ƒe geɖe enye esia be lã wɔadã siwo le Nyaɖeɖefia ta 13 kple 17 me woe nye xexeame ƒe dziɖuɖuwo egbea. Dukɔ Ƒoƒuawo si woyɔ le Nyaɖeɖefia ta 17 be lã dzẽ si ta adre kple dzo ewo li na hã le eme.
Gake Ŋɔŋlɔawo ƒe nya sia meɖe mɔ be woagbe dziɖuɖuwo alo woƒe dziɖuɖumegãwo bubu o. Biblia gblɔ eme kɔ be: “Amesiame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na. Elabena dziɖuɖu aɖeke meli o, negbe esi tso Mawu gbɔ ko; ke dziɖuɖu, siwo li la, Mawue ɖo wo anyi. Eyata amesi ke dzea aglã ɖe dziɖuɖu ŋuti la, etsia tre ɖe Mawu ƒe nuɖoanyi ŋuti; ke amesiwo dzea aglã la, woakpɔ woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃.”—Romatɔwo 13:1, 2.
Esia ta Yehowa Ðasefo siwo medea akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo me o la medea nu amegbetɔwo ƒe dziɖuɖunyawo me o. Womedea asi dziɖuɖu ƒe tɔtrɔ kpatawo me alo kpɔa gome le aglãdzenuwɔnawo me o. Ke boŋ wonya be ehiã be dziɖuɖu aɖe nanɔ anyi ana se kple ɖoɖo dzi wɔwɔ nanɔ ameƒomea me.—Romatɔwo 13:1-7; Tito 3:1.
Yehowa Ðasefowo bua Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe habɔbɔa abe alesi wobua xexeame ƒe dziɖuɖu bubuwoe ene. Wonya be Mawue ɖe mɔ Dukɔ Ƒoƒuawo kpɔtɔ li. Eyata le ɖekawɔwɔ me kple Biblia la, Yehowa Ðasefowo dea bubu si dze la dziɖuɖuwo katã ŋu eye woɖoa to wo zi alesi toɖoɖo ma mabia be woawɔ nuvɔ̃ ɖe Mawu ŋu o ko.—Dɔwɔwɔwo 5:29.