INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 10/15 axa 9-13
  • Nukata Nàvɔ̃ Mawu Vavã La Fifia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukata Nàvɔ̃ Mawu Vavã La Fifia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋusẽ Ðeɖefia Wɔnuku Aɖe
  • Míaƒe Mawuvɔvɔ̃ Ðeɖefia
  • Mawuvɔvɔ̃ ƒe Viɖewo Fifia
  • Dzra Wò Dzi Ðo Ne Nàvɔ̃ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Viɖe Siwo Le Mawu Vavã La Vɔvɔ̃ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Esɔsrɔ̃ Be Yehowa Vɔvɔ̃ Navivi Mía Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Vɔ̃ Yehowa Eye Nàlé Eƒe Seawo Me Ðe Asi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 10/15 axa 9-13

Nukata Nàvɔ̃ Mawu Vavã La Fifia?

“Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!”—NYAGBLƆLA 12:13.

1, 2. Nukatae Mawu vɔvɔ̃ si sɔ la nyo?

VƆVƆ̃ nyuitɔ kple bubudedeameŋu ƒe vɔvɔ̃ tsɔtsɔ na Mawu nyo na amegbetɔ. Nyateƒee, togbɔ be amegbetɔvɔvɔ̃ ƒomevi geɖe medze o, womesɔ o, alo wogblẽa nu le ame ŋu hã la, enyo be míavɔ̃ Yehowa Mawu.—Psalmo 112:1; Nyagblɔla 8:12.

2 Wɔla la nya esia. Esi wòlɔ̃ eƒe nuwɔwɔwo ta la, ede se na wo katã be woavɔ̃ ye ahade ta agu na ye. Míexlẽ be: “Mekpɔ mawudɔla bubu aɖe le dzodzom le dziƒo titina, eye wòlé nyanyui mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia anyigbadzinɔlawo kple [dukɔwo] katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ, eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye mide ta agu na amesi wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo.”—Nyaɖeɖefia 14:6, 7.

3. Nukae Wɔla la wɔ na mía dzila gbãtɔwo?

3 Kakaɖedzitɔe la, mele be nuwo katã Wɔla kple Agbedzɔƒe la ƒe nu nadzo le susu me na mí o, elabena eya tɔe míawo ŋutɔ kple anyigba sia nye. (Psalmo 24:1) Le lɔlɔ̃ gã si le Yehowa si ɖeɖefia me la, ena agbe via siwo le anyigba dzi eye wòna teƒe wɔnuku aɖe wo be woanɔ—anyigba dzi paradiso dzeani aɖee wònye. Gake wometsɔ nunana wɔnuku sia na wo ɖoɖo aɖeke manɔŋui o. Le nyateƒe me la, ɖe wotsɔe de wo si be woakpɔ edzi. Wode dɔ asi na mía dzila gbãtɔwo be woalé be na woƒe aƒe la eye woanɔ ekekem ɖe enu vaseɖe esime amewo nadzi ayɔ anyigba la katã dzi eye woakpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Wona mɔnukpɔkpɔ kple agbanɔamedzi wo ɖe anyigbadzilãwo, xeviwo, kple atsiaƒumelãwo dzi—efia be nugbagbe bubu siwo katã anɔ anyigba la dzi kple wo kpakple woƒe dzidzimeviwo. Woabia akɔnta tso amegbetɔ si ɖe nu gã sia si wotsɔ de asi nɛ la ta.

4. Nukae amegbetɔ wɔ Mawu ƒe asinudɔwɔwɔwo?

4 Togbɔ be nuwo ƒe gɔmedzedze nyo nenema gbegbe hã la, kpɔ nusi amegbetɔ wɔ tsɔ gblẽ eƒe aƒe dzeani si nye anyigba lae ɖa! Eƒo ɖi anyigba la, eye esia nye vlododo alesi nu dzeani xɔasi sia nye Mawu tɔe. Ðiƒoƒonu sia nu sẽ ale gbegbe be eva ɖo afisi wòsusɔ vie ko godzilã, xevi, kple tɔmelã ƒomevi aɖewo ya natsrɔ̃ ɖa kura. Mía Mawu lɔlɔ̃tɔ kple dzɔdzɔetɔ la maɖe mɔ be nuwo nayi edzi alea ɖaa o. Ehiã be woabia akɔnta le alesi wole anyigba gblẽmee la ta, eye esia nye nane si ta wòle be ame geɖe navɔ̃ ɖo. Gake enye akɔfanamenya na amesiwo ɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu bubutɔe be woanya nusi le dzɔdzɔ ge. Yehowa abia akɔnta kokoko, eye nuwo aɖɔ ɖo le anyigba la dzi godoo. Nya sia nye nyanyui na anyigbadzinɔla siwo katã si dzi dzɔdzɔe le.

5, 6. Aleke Yehowa awɔ le nusi amegbetɔ wɔ ɖe Eƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu la ŋuti?

5 Aleke Mawu ahe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la vɛ? To Yesu Kristo, amesi woɖo Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe Fia fifia la dzie. Yehowa ato Via ma si le dziƒo la dzi ahe fifi nuɖoanyi makɔmakɔ dzeaglã sia ava nuwuwui. (Tesalonikatɔwo II, 1:6-9; Nyaɖeɖefia 19:11) Alea wòadzɔe hafi amesiwo vɔ̃a Mawu la nakpɔ gbɔdzɔe, eye le ɣeyiɣi ma ke me, woaɖe míaƒe aƒe si nye anyigba la eye woakpɔ eta wòanɔ dedie.

6 Aleke nusia le dzɔdzɔ gee? Biblia ƒo nu tso xaxa gã aɖe si ava wu enu ɖe Harmagedon-ʋa me ŋu. (Nyaɖeɖefia 7:14; 16:16) Esia anye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ hehe va nuɖoanyi gbegblẽ sia kple egblẽlawo dzi. Ðe ame aɖewo atsi agbe le emea? Ẽ! Manye amesiwo tsɔa dzikatsoƒonamevɔvɔ̃ si medze o vɔ̃a Mawu ye o, ke boŋ amesiwo tsɔa bubu deto kple mawuvɔvɔ̃ vɔ̃nɛ ye. Woaɖe wo.—Lododowo 2:21, 22.

Ŋusẽ Ðeɖefia Wɔnuku Aɖe

7. Nukatae Mawu xɔ na Israel le Mose ŋɔli?

7 Nusi Yehowa Mawu wɔ na esubɔlawo anye ƒe 1,500 enye sia do ŋgɔ na Mía Ŋɔli la nye vɔvɔli na nu dziŋɔ sia si wògbɔna wɔwɔ ge. Egipte ƒe asrafoŋusẽ gã la wɔ Israel-vi siwo ʋu va wo gbɔ la kluviwoe eye wodze agbagba be yewoatsrɔ̃ dukɔ bliboa katã gɔ̃ hã, esime Farao si nye eƒe dziɖula de se be woawu Israel-viwo ƒe ŋutsuvi ɖesiaɖe si woadzi. Mawu ɖu Egipte dzi esi wòɖe Israel tso dunyahenuɖoanyi sẽŋuta ma si te wo ɖe anyi la si me eye wòkpɔ wo ta tso dukɔ si mawu geɖe subɔsubɔ ƒo ɖii la si me.

8, 9. Aleke Mose kple Israel-viwo wɔ nui esi Mawu xɔ na wo?

8 Woŋlɔ alesi Israel-viwo wɔ nui esime woɖe wo tso Egipte la ɖe Mose ƒe Agbalẽ Evelia ƒe ta 15 lia me. Ŋkuléle ɖe nuŋlɔɖi ma ŋu tsitotsito akpe ɖe mía ŋu be míase alesi woate ŋu aɖe Kristotɔwoe tso nuɖoanyi sia ƒe ŋutilã me kple gbɔgbɔ me ɖiƒoƒo mee la me. Mina míadzro Mose ƒe Agbalẽ Evelia, ta 15 me eye míalé ŋku ɖe eƒe kpukpui aɖewo koŋ ŋu akpɔ nusitae wòle be míaɖoe be míavɔ̃ Yehowa, nyateƒe Mawu la. Míadze egɔme kple kpukpui 1 kple 2 lia:

9 “Ɣemaɣi Mose kple Israel-viwo dzi ha sia na Yehowa bena: Madzi ha na Yehowa, elabena ewɔ nu tsuwo, ede sɔ kple sɔdola ƒu. Nye ŋusẽ kple kafukafuha enye Yehowa, elabe eya gbɔ ɖeɖe tso va nam.”

10. Nukae na Mawu tsrɔ̃ Egipte-ʋakɔ la?

10 Ame geɖe nya alesi Yehowa ɖe Israel-viwo tso Egipte la ƒe ŋutinya nyuie le xexeame godoo. Ehe fuwɔamewo va xexemeŋusẽ triakɔ ma dzi vaseɖe esime Farao va ɖe asi le Israel-viwo ŋu mlɔeba be woadzo. Gake Farao ƒe aʋakɔwo ti dukɔ sia si si taʋlinu aɖeke mele o yome eye wòwɔ abe ɖe woxaxa wo ɖe Ƒudzĩa nu ene. Togbɔ be ewɔ abe ɖe ablɔɖe yeye si su Israel-viwo si la abu ɖe wo enumake ene hã la, susu bubu nɔ Yehowa si. Eɖe mɔ to ƒua me na wo nukutɔe eye wòɖe eƒe amewo. Esi Egiptetɔawo dze wo yome azɔ la, ena Ƒudzĩa me tsiwo ŋe dze wo dzi eye wòlé Farao kple eƒe asrafowo.—Mose II, 14:1-31.

11. Nukae do tso nusi Mawu wɔ Egipte la me?

11 Alesi Yehowa tsrɔ̃ Egipte-srafowoe la doe ɖe dzi le eƒe tadeagulawo ŋkume eye wòna eƒe ŋkɔ de didiƒe ʋĩ ke. (Yosua 2:9, 10; 4:23, 24) Ẽ, edo eƒe ŋkɔ ɖe dzi wògbɔ Egiptetɔwo ƒe alakpamawu siwo si ŋusẽ aɖeke mele o eye womete ŋu ɖe wo subɔlawo o la tɔ ta. Egiptetɔwo ƒe ŋuɖoɖo ɖe woƒe mawuwo kple amegbetɔ si nye nu kuku kpakple asrafoŋusẽ ŋu la he nublanui gã aɖe va wo dzi. (Psalmo 146:3) Eyata mewɔ nuku o be esia ʋã Israel-viwo wodzi kafukafuha siwo ɖe woƒe Mawu gbagbe si tsɔa eƒe ŋusẽ triakɔ ɖea eƒe amewoe la vɔvɔ̃ si dze la fia!

12, 13. Nuka wòle be míasrɔ̃ tso Mawu ƒe aʋadziɖuɖu le Ƒudzĩa nu la me?

12 Nenema ke ele be míanyae be míaƒe ɣeyiɣia me alakpamawuwo kple xexemeŋusẽ gãtɔ siwo si nukliaʋawɔnuwo le gɔ̃ hã ƒe ŋutete mate ŋu aɖo afi aɖeke na Yehowa ƒe ŋusẽ o. Ate ŋu aɖe eƒe amewo eye ele wo ɖe ge hã, elabena “[ewɔa] dziƒo ŋu nuwo kple anyigbadzitɔwo alesi dze eŋu, eye ame aɖeke meli alé eƒe asi agblɔ be, nuka nye esi wɔm nèle hã o.” (Daniel 4:32) Ne míese nya siawo me bliboe la, eʋãa míawo hã be míadzi kafukafuhawo nɛ kple dzidzɔ.

13 Aʋadziɖuɖuha si wodzi le Ƒudzĩa nu yi edzi be: “Yehowa enye aʋawɔla, eŋkɔe nye Yehowa.” Eyata Aʋawɔla sia si dzi ame aɖeke mate ŋu aɖu o la menye ŋkɔmanɔsitɔ aɖe si amegbetɔ ŋutɔ tso ko kpa eƒe nya o. Ŋkɔ le esi! Eyae nye ‘Amesi naa nuwo dzɔna,’ Wɔla Wɔnuku la, Amesi ƒe ‘ŋkɔe nye Yehowa, eye eya ɖeɖekoe ɖo kpo ɖe anyigba la katã dzi.’ (Mose II, 3:14; 15:3-5; Psalmo 83:19) Ðe mèlɔ̃ ɖe edzi be nunya anɔ eme na blema Egiptetɔ mawo be woatsɔ bubu ƒe vɔvɔ̃ si me susu le na Ŋusẽkatãtɔ la wu be woatɔ gbee oa?

14. Aleke woɖe mawuvɔvɔ̃ ƒe vevienyenye fiae?

14 Esi wònye Eyae wɔ atsiaƒua, anyigba kple emenuwo ta la, ekpɔ ŋusẽ ɖe tsi siwo katã le anyigba dzi la dzi bliboe. (Mose II, 15:8) Esi wòzã ŋusẽ si wòkpɔ ɖe ya dzi la, ewɔ nane si dze abe ɖe mate ŋu adzɔ o ene. Emã tsi gogloawo ƒe afi aɖe eye wòna tsiawo gbugbɔ yi megbe ale be eƒe dukɔ la to mɔ si le tsigli eveawo dome la dzi. Kpɔ nusi dzɔ la ɖa le susu me: tsi tɔn miliɔn nanewo zu gli kɔkɔ siwo dome Israel to dedie! Ẽ, wokpɔ amesiwo ɖe mawuvɔvɔ̃ nyuitɔ fia la ta. Emegbe woɖe mɔ na tsia be wòagasi ato afisi wòtona tsã eye wòŋe dze Farao ƒe aʋakɔ la kple woƒe aʋawɔnuwo katã dzi. Mawu ƒe ŋusẽ si ɖu mawu gbɔlowo kple amegbetɔ ƒe asrafowo ƒe sesẽ dzi ɖeɖefia gã kae nye si! Nyateƒee, Yehowa ye nye amesi wòle be woavɔ̃, ɖe mele eme nenema oa?—Mose II, 14:21, 22, 28; 15:8.

Míaƒe Mawuvɔvɔ̃ Ðeɖefia

15. Aleke wòle be míabu Mawu ƒe ɖeɖedɔ triakɔwoe?

15 Ne ɖe míeɖi go ɖe ƒua ta dedie kple Mose la, míasee le mía ɖokui me godoo be míadzi ha be: “Yehowa, ameka de nuwò le mawuwo dome? Ameka de nuwò, kpɔ ŋusẽ, eye ŋutikɔkɔe le eŋu; amesi ŋu vɔvɔ̃ le, eye wòwɔ nu gãwo kple nukunuwo?” (Mose II, 15:11) Wogbugbɔ gblɔ nya siwo ɖe seselelãme siawo fia la zi gbɔ zi geɖe le ƒe alafawo me. Le Biblia ƒe agbalẽ mamletɔ me la, apostolo Yohanes ƒo nu tso Mawu ƒe subɔla nuteƒewɔla aɖewo ŋu be: “Wole Mose, Mawu ƒe dɔla, ƒe ha kple alẽvi la ƒe ha dzim.” Hadzidzi vevi kae nye sia? “Aƒetɔ [Yehowa], Mawu ŋusẽkatãtɔ, gã kple nuku nye wò dɔwɔwɔwo; wò dukɔwo dzi fia la, dzɔdzɔe kple nyateƒe enye wò mɔwo! Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋkɔ la o mahã? Elabena wò ɖeka hɔ̃ koe le kɔkɔe.”—Nyaɖeɖefia 15:2-4.

16, 17. Nudzɔdzɔ wɔnuku kawo teƒe kpɔm míele egbea?

16 Nenema ke egbea hã tadeagula siwo wowɔ ablɔɖeviwoe la li, siwo menye Mawu ƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu koe wokpɔa ŋudzedze ɖo o ke eƒe sewo hã dzɔa dzi na wo. Wowɔ amesiwo tso dukɔ sia dukɔ me ablɔɖeviwoe le gbɔgbɔ me, eye woɖe wo tso xexe ƒoɖi sia me, le esi wonya Mawu ƒe seawo eye wotsɔa wo wɔa dɔe ta. Ame akpe alafa geɖewo sina tso xexe gbegblẽ sia me ƒe sia ƒe vaa Yehowa subɔlawo ƒe habɔbɔ dzadzɛ si le dzɔdzɔe la me. Esusɔ vie ko ne Mawu he eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dziŋɔwo va alakpasubɔsubɔha kple nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe akpa susɔea dzi vɔ la, woanɔ agbe le xexe yeye dzɔdzɔe me tegbee.

17 Abe alesi Nyaɖeɖefia 14:6, 7 gblɔe ene la, fifia ameƒomea le ʋɔnudɔdrɔ̃gbedasi si ƒe gbeƒã Yehowa Ðasefowo le ɖeɖem le mawudɔlawo ƒe mɔfiafia te la sem. Le dukɔ siwo wu 230 me le ƒe si va yi me la, Yehowa ƒe Ðasefo siwo ade miliɔn atɔ̃ la ɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ƒe nyanyuia kple eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ŋu nya. Bene Ðasefoawo nafia nusi woawɔ atsi agbe wo haviwo la, woyia wo gbɔ edziedzi le woƒe aƒewo me va wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ femaxee kple wo. Ƒe sia ƒe ame akpe alafa geɖe srɔ̃a alesi woavɔ̃ Mawu le nunyamɔ nu, wotsɔa woƒe agbe ɖea adzɔgbe nɛ, eye woxɔa nyɔnyrɔ̃. Dzidzɔ gã kae nye si wònye be amesiawo va zu Mawu vavã la vɔ̃lawo!—Luka 1:49-51; Dɔwɔwɔwo 9:31; tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 11:7.

18. Kpɔɖeŋu kae fia be mawudɔlawo kpɔa gome le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me?

18 Ðe wònye nyateƒe be mawudɔlawo kpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔ sia mea? Le nyateƒe me la, mawudɔlawo ƒe mɔfiafia dzena zi geɖe le alesi wokplɔa Yehowa Ðasefowo yia aƒe siwo me amesiwo dzi nu te ɖo henɔa gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu dim, eye wonɔa ebiam le gbedodoɖa me gɔ̃ hã le gbɔe la me! Le kpɔɖeŋu me, Yehowa Ðasefo eve siwo ŋu ɖevi sue aɖe kpe ɖo la nɔ nyanyuia gblɔm le Carib-ƒukpo aɖe dzi. Esi wòyina ga wuieve ƒo ge la, ame tsitsi evea gblɔ be yewoakpã. Gake ɖevia ya di godoo be yewoaɖo aƒe si kplɔe ɖo me. Esi wòkpɔ be ame tsitsiawo medi be yewoayi o la, eya ɖeka ge ɖe aƒea me eye wòƒo ʋɔa. Ðetugbi aɖe ʋui nɛ. Esi ame tsitsiawo kpɔe la, woyi ɖaƒo nu nɛ. Esi ɖetugbia na woge ɖe xɔa me la, egblɔ na wo be le ɣeyiɣi si me yese ʋɔƒoƒoa la, yenɔ gbe dom ɖa be Mawu neɖo Ðasefowo ɖa ne woava fia Biblia ye. Wowɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo kplii.

19. Nuka dzie míate ŋu atɔ asii be enye viɖe si tsoa Mawu vɔvɔ̃ me?

19 Esime míele Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃nya la gblɔm nuteƒewɔwɔtɔe la, míefiaa eƒe se dzɔdzɔeawo hã. Ne amewo tsɔ wo wɔ dɔe le woƒe agbenɔnɔ me la, yayra geɖee tsoa eme na ame, le ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa. Le kpɔɖeŋu me, Biblia bu fɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ɖesiaɖe ƒomevi kɔte. (Romatɔwo 1:26, 27, 32) Egbea ame geɖe megatsɔ ɖeke le Mawu ƒe dzidzenuwo me le xexeame o. Nukae do tso eme? Menye srɔ̃ɖeɖewo me koe gblẽna o, ke boŋ ena nulɔdɔ siwo wɔa ame nuwɔametɔe alo wua ame hã va bɔ ɖe afisiafi le ƒe alafa 20 lia sia me. Le nyateƒe me la, gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ dzie dɔ dziŋɔ si nye AIDS la ƒe akpa gãtɔ tona kakana. Gake ɖe Mawu vɔvɔ̃ bubutɔe menye takpɔkpɔ na tadeagula vavãwo ya oa?—Korintotɔwo II, 7:1; Filipitɔwo 2:12; kpɔ Dɔwɔwɔwo 15:28, 29 hã.

Mawuvɔvɔ̃ ƒe Viɖewo Fifia

20. Nukae fia be ame bubuwo nya nu tso Yehowa Ðasefowo ƒe agbenɔnɔ ŋu?

20 Yayra siwo sua amesiwo vɔ̃a Mawu eye wowɔa eƒe sewo dzi si la sɔ gbɔ. Bu nudzɔdzɔ aɖe si fia alesi ame geɖe va le ekpɔm dze sii be nɔviwo ƒe habɔbɔ si me tɔwo nye ame fafawo, amesiwo wɔa nu dzɔdzɔewoe Yehowa Ðasefowo nye la ŋu kpɔ. Ðasefo siwo va dukɔwo dome takpekpe aɖe le Dziehe Amerika la dometɔ geɖe dze amedzrodzeƒe aɖe si zãm ƒuƒoƒo aɖe si menye Ðasefowo o nɔ fiẽ aɖe be dukɔ ma kplɔla nanɔ aƒo nu na yewo la. Esi dedienɔnɔdzikpɔlawo nɔ wɔwɔm kabakaba be yewoakplɔ dukplɔla la ayi dziƒoxɔliamɔ̃ mee la, Ðasefo aɖe si menya amesiwo nɔ mɔ̃a me o la ɖe abla ge ɖe eme eye ena dedienɔnɔdzikpɔlaawo ɖi vo! Esi Ðasefoa va kpɔ nusi wòwɔ dze sii la, eɖe kuku ɖokuibɔbɔtɔe. Eɖe eƒe takpekpekɔtagbalẽvi si fia be Yehowa Ðasefoe wònye la fia enumake eye wògblɔ be yemenye ŋɔdzidonu na dukpɔla la o. Dedienɔnɔdzikpɔlawo dometɔ ɖeka ko nu vie eye wògblɔ be: “Ne ɖe amesiame le abe Yehowa Ðasefowo ene la, anye ne ameŋudzɔdzɔ sia tɔgbe mahiã hafi o.”—Yesaya 2:2-4.

21. Mɔ kae le ʋuʋu ɖi na amewo egbea?

21 Amesiawo ƒomevi nue Yehowa le ƒu ƒom fifia eye wòle wo dzram ɖo be ‘woatsi agbe le xaxa gã’ si ahe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu vɛ la me. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10, 14) Agbetsitsi ma manye nudogoɖenunu o. Ne ame aɖe di be yeatsi agbe la, ele be wòavɔ̃ Yehowa, alɔ̃ ɖe edzi be eyae nye xexeame katã Dziɖulagã si dze, eye wòaɖe adzɔgbe nɛ. Gake nyateƒe lae nye be ame akpa gãtɔ matu vɔvɔ̃ ma tɔgbe si ana woakpɔ wo ta la ɖo o. (Psalmo 2:1-6) Ðaseɖiɖiawo katã ɖo kpe edzi be Yesu Kristo, Fia si Yehowa tia la le dzi ɖum tso ƒe vevi si nye ƒe 1914 me. Esia fia be ɣeyiɣi si amewo atsɔ asrɔ̃ Yehowa vɔvɔ̃ nyuitɔe eye woaɖee fia la le vɔvɔm kabakaba. Ke hã mía Wɔla la le mɔ ɖem na amewo, amesiwo le nɔƒe kɔkɔwo gɔ̃ hã, be woawɔ ɖe nya siawo dzi: “Mi fiawo, midze nunya, eye mina woaxlɔ̃ nu mi, mi anyigba dzi ʋɔnudrɔ̃lawo! Misubɔ Yehowa kple vɔvɔ̃, eye mitso aseye kple dzodzo nyanyanya! Migbugbɔ nu na via, be magado dɔmedzoe, eye miatsrɔ̃ le mɔ ta o! Elabena esusɔ ʋee, eƒe dɔmedzoe nafla. Woayra amesiwo katã sii tso la!”—Psalmo 2:7-12.

22. Nukae ɣeyiɣi si gbɔna ahe vɛ na amesiwo vɔ̃a Mawu fifia?

22 Neva eme na mí be míanɔ amesiwo akafu mía Wɔla la be eyae nye Amesi ɖe mí la dome. Gake esia bia tso mía si be míavɔ̃ Mawu vavã la fifia! (Tsɔe sɔ kple Psalmo 2:11; Hebritɔwo 12:28; Petro I, 1:17.) Ele be míayi edzi anɔ eƒe se dzɔdzɔeawo srɔ̃m eye míanɔ wo dzi wɔm. Esusɔ vie ko Mose kple Alẽvi la ƒe ha si woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia 15:3, 4 la aɖi sesĩe wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe ne Yehowa ɖe vɔ̃ɖinyenye ɖesiaɖe ɖa le anyigba la dzi eye wòdze gbedada le amegbetɔ kple eƒe aƒe si nye anyigba si nuvɔ̃metsonuwo ƒo ɖii ŋu la gɔme. Ɣemaɣi la, míatsɔ dzi blibo adzi hae be: “Aƒetɔ [Yehowa] Mawu ŋusẽkatãtɔ, gã kple nuku nye wò dɔwɔwɔwo; wò dukɔwo dzi fia la, dzɔdzɔe kple nyateƒe enye wò mɔwo! Aƒetɔ [Yehowa], amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋkɔ la o mahã?”

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

◻ Nukatae Yehowa dze be míatsɔ vɔvɔ̃ nyuitɔ avɔ̃e?

◻ Nukae dze le nusiwo Mawu wɔ le Ƒudzĩa me la me?

◻ Vi kawoe wòɖena ne míevɔ̃ Yehowa bubutɔe?

◻ Etsɔme kae li na amesiwo vɔ̃a Mawu vavã la fifia?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe