INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 11/1 axa 4-8
  • Mawudɔlawo Ŋuti Nyateƒe La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawudɔlawo Ŋuti Nyateƒe La
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Akpa si Satana Wɔna Ayetɔe
  • Amekae Woado Gbe Ða Na?
  • Ðe Mawudɔlawo Mele Subɔsubɔha Aɖeke Me Oa?
  • “Aʋatsokafofo”
  • Mawudɔlawoe Wokpɔ loo alo Gbɔgbɔ Vɔ̃woe?
  • “Kekeli ƒe Dɔla”
  • ‘Mawudɔla aɖe Le Dzodzom le Dziƒo Titina’
  • Mawudɔlawo Nusi Woate Ŋu Awɔ na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Mawudɔlawo—‘Wonye Gbɔgbɔwo Hena Dutoƒo Subɔsubɔdɔ Wɔwɔ’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Alesi Mawudɔlawo Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwòe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Ame Kawo Alo Nu Kawoe Nye Mawudɔlawo?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 11/1 axa 4-8

Mawudɔlawo Ŋuti Nyateƒe La

Zi geɖe la, sidzedze ame aɖe bia be nànya nane tso ame ma ƒe ƒome ŋu. Nenema kee wòle le sidzedze Yehowa Mawu me. Ebia nu geɖe wu eƒe ŋkɔ nyanya ko. Ele be míanya nane le eƒe “ƒome” si le dziƒo hã ŋu. (Tsɔe sɔ kple Efesotɔwo 3:14, 15.) Biblia yɔ mawudɔlawo be “mawuviwo.” (Hiob 1:6) Ne míebu akpa vevi si wowɔna le Biblia me ŋu la, ele be míadi be míanya nu geɖe tso wo ŋu be míase akpa si wowɔna le Mawu ƒe tameɖoɖo me.

NƆNƆME yeye aɖe to. Menye ɖeko ame geɖe gblɔna be yewoxɔ mawudɔlawo dzi se o; ame gbogbo aɖewo hã gblɔ be wokpɔ ŋusẽ ɖe yewo dzi le mɔ aɖe nu. Esi wobia Amerikatɔ 500 be, “Ðe wò ŋutɔ nèse be mawudɔla aɖe wɔ nu kpli ye kpɔ le wò agbe mea?” la, woƒe akpa etɔ̃ kloe ɖo eŋu be ẽ. Nusi gawɔ mo yaa yenye sɔhɛ geɖe siwo gblɔ be yewoxɔ mawudɔlawo dzi se—le numekuku si wowɔ le United States me la, wokpɔ ame 76 le alafa me siwo xɔe se nenema! Edze ƒã be amewo ƒe susu le mawudɔlawo ŋu. Gake aleke alesi wobua mawudɔlawoe fifia la sɔ kple Biblia me nyateƒeae?

Akpa si Satana Wɔna Ayetɔe

Ne míele nu ƒom tso mawudɔlawo ŋu la, mele be míaŋe aɖaba aƒu mawudɔla vɔ̃ɖi siwo nye dziƒonuwɔwɔ siwo Biblia gblɔ be wodze aglã ɖe Mawu ŋu la dzi o. Amesiawo ƒe gbãtɔe nye Satana. Agbalẽ nyanyɛ aɖe si woyɔ be Ask Your Angels doe ɖa be Satana nye “Mawu ƒe akpa aɖe” si na amegbetɔwo doa ŋusẽ woƒe “gbɔgbɔmelãmekawo” to wo tete kpɔ ɣesiaɣi me. Agbalẽa ŋlɔlawo gblɔ be togbɔ be “lɔlɔ̃ ƒe tameɖoɖowoe” le Satana si hã la, wobua vɔ̃ ɖe eŋu vodadatɔe ƒe alafa geɖe. Wogblɔ kpee be “togbɔ be” Satana kple Yesu “mesɔ kple wo nɔewo tututu o hã la, taɖodzinu ɖeka mae le wo si, eye wonye ame ɖeka ma ƒe akpa veviwo.” Nya siawo wɔa mo yaa ŋutɔ, gake nya kae Biblia gblɔ?

Biblia na eme kɔ ƒã be menye “Mawu ƒe akpa aɖee” Satana nye o ke Mawu ƒe futɔ boŋ ye. (Luka 10:18, 19; Romatɔwo 16:20) Etɔ gbe Yehowa ƒe fiagãnyenye, eye “lɔlɔ̃” mele tame si wòɖo ɖe amegbetɔwo ŋu me kura o. Etrɔ eƒe dziku ɖe Mawu ƒe subɔla siwo le anyigba dzi ŋu ŋutasesẽtɔe. Etsoa wo nu le Mawu ƒe ŋkume zã kple keli!a (Nyaɖeɖefia 12:10, 12, 15-17) Satana ɖoe be yeagblẽ wo to mɔ sia mɔ nu. Alesi wòti ame dzɔdzɔe Hiob yome ŋlɔmitɔe la klo nu le tame si wòɖo kplikpaa be yeana amegbetɔwo nakpe fui la ŋu.—Hiob 1:13-19; 2:7, 8.

Ame vovovo siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu vevie ye Satana kple Yesu nye, eye menye “taɖodzinu ɖeka mae le wo si” kura o. Ðikeke mele eme o be Satanae na Herodes de se wowu vidzĩ gbogbo aɖewo—ewɔ esia kple susu be yeawu Yesu ɖevi sue la! (Mateo 2:16-18) Eye Satana yi eƒe amedzidzedzea dzi tamanamanae vaseɖe Yesu ƒe ku me ke. (Luka 4:1-13; Yohanes 13:27) Eyata le esi teƒe be Yesu kple Satana nanye “ame ɖeka ma ƒe akpa veviwo” la, futɔ siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu boŋue wonye. Biblia ƒe nyagblɔɖi ɖee fia be adikã anɔ wo dome godoo. (Mose I, 3:15) Esɔ be Yesu si wofɔ ɖe tsitre lae atsrɔ̃ Satana le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi.—Nyaɖeɖefia 1:18; 20:1, 10.

Amekae Woado Gbe Ða Na?

Mawudɔlahabɔbɔ me tɔwo kafu ŋugblemeyiyi kple mɔnu bubuwo dzi toto aƒo nu kple mawudɔlawo. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Ne èbia kadodo kple dziƒoƒomea me tɔ aɖe le anukware me la, womagbe ewɔwɔ na wò o. Bia eye woaɖo eŋu na wò.” Mawudɔla siwo agbalẽa yɔ be woaƒo nu kpli la dometɔ aɖewoe nye Mixael, Gabriel, Uriel, kple Raphael.b

Gake Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa na Mawu, ke menye na mawudɔlawo o. (Mateo 6:9, 10) Nenema kee Paulo hã ŋlɔe bena: “Le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti.” (Filipitɔwo 4:6, míawoe te gbe ɖe edzi.) Eyata Kristotɔwo medoa gbe ɖa na ame aɖeke wu Yehowa o, eye wodonɛ ɖa le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me.c—Yohanes 14:6, 13, 14.

Ðe Mawudɔlawo Mele Subɔsubɔha Aɖeke Me Oa?

Eileen Elias Freeman si nye AngelWatch Network ƒe tatɔ gblɔ be, “mawudɔlawo kɔ boo wu subɔsubɔha ɖesiaɖe, xexemenunya ɖesiaɖe, kple xɔsemeʋuʋu ɖesiaɖe. Le nyateƒe me la, míenya be mawudɔlawo mele subɔsubɔha aɖeke me o.”

Gake Biblia na eme kɔ ƒã be subɔsubɔha le mawudɔla wɔnuteƒewo si; wosubɔa nyateƒe Mawu, Yehowa, amesi medi be woasubɔ mawu bubuwo akpe ɖe ye ŋu o la. (Mose V, 5:6, 7; Nyaɖeɖefia 7:11) Eyata mawudɔla siawo dometɔ ɖeka ɖɔ eɖokui na Yohanes be yenye amesiwo wɔa Mawu ƒe sededewo dzi ƒe “hadɔla.” (Nyaɖeɖefia 19:10) Míexlẽ le Biblia ƒe akpa aɖeke kpɔ be mawudɔla wɔnuteƒewo lé tadedeagu bubu aɖe me ɖe asi o. Yehowa ɖeɖekoe wotsɔ wo ɖokui na.—Mose II, 20:4, 5.

“Aʋatsokafofo”

Nuƒoƒo kple ame kukuwo ŋue nusi woyɔna be nuwɔwɔ kple mawudɔlawo kuna ɖo zi geɖe. Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Elise gblɔ le nusi wòxɔ se be enye dzesi la xɔxɔ vɔ megbe be: “Mese le ɖokuinye me be nyruinye te ŋu ke ɖe ŋunye eye wòna menya be yele dzidzɔ kpɔm mlɔeba.” Terri hã ɖo ŋku exɔlɔ̃ vevi aɖe si ku dzi. Egblɔ be: “Kwasiɖa ɖeka le kunua megbe la, eva gbɔnye le nɔnɔme si mesusu be enye drɔ̃e la me. Egblɔ nam be magaxa nu le yeƒe ku ŋu o, elabena yele dzidzɔ kpɔm hele ŋutifafa me.”

Gake Biblia gblɔ be kukuawo “menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5) Egblɔ hã be ne ame ku la, “gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.” (Psalmo 146:4) Gake “aʋatsokafofo” ye Satana nye. (Yohanes 8:44) Eyae to aʋatsonya si nye be amegbetɔ ƒe luʋɔ nɔa agbe le ku megbe la vɛ. (Tsɔe sɔ kple Xezekiel 18:4.) Ame geɖe xɔ nya sia dzi se egbea, si sɔ ɖe Satana ƒe tameɖoɖo nu, elabena ena alesi wòhiã be woaxɔ tsitretsitsi—si nye Kristotɔnyenye ƒe nufiafia vevi aɖe dzi ase la zua dzodzro. (Yohanes 5:28, 29) Eyata nu biabia ame kukuwo alo nusi dze abe gbedasi xɔxɔ tso wo gbɔ ene hã nye mawudɔla ŋuti dzixɔsewo ƒe akpa bubu si dzi Mawu meda asi ɖo o.

Mawudɔlawoe Wokpɔ loo alo Gbɔgbɔ Vɔ̃woe?

Vivimenuwɔnawo mee mawudɔlaha geɖe ƒo wo ɖokui ɖo. Bu Marcia ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Tso September vaseɖe December 1986 me la, mete gbedasiwo xɔxɔ tso ‘gbɔgbɔnutoa’ me. Mekpɔ ŋɔliwo heku drɔ̃e wɔnukuwo le ‘tsãgbenɔnɔ’ ŋu. Mekpɔ xɔ̃nye siwo ku eye nu geɖe va susu me nam siwo na menya nu tso amesiwo medo go eteƒe medidi o ŋu. Mezu amesi te ŋu ŋlɔa nusiwo ŋu nye ŋutɔ nyemebu o eye mexɔa gbedasiwo tso gbɔgbɔwo gbɔ naa amewo. Ame aɖewo siwo nyemedo go kpɔ le woƒe anyigbadzinɔnɔ me o ɖoa du ɖe ame bubuwo to dzinye.”

“Nuƒoƒo” kple mawudɔlawo to afakaka me bɔ ŋutɔ. Agbalẽ aɖe de dzi ƒo na exlẽlawo tẽ be woazã akunyawɔkpewo, afakagbalẽviwo, I Ching gakuiwo, asiʋlomefakaka, kple ɣletivimefakaka. Agbalẽa ŋlɔlawo ŋlɔ bena: “Ðe mɔ wò amea ƒe ememe si nya nuwo la nakplɔ wò ayi trɔ̃nu nyuitɔ gbɔe, eye kakaɖedzi nenɔ asiwò be àdo go mawudɔla aɖe le afima.”

Gake Biblia gblɔ be eɖanye nuka kee ‘nèdo go le afima’ o, menye Mawu ƒe dɔlawo dometɔ aɖekee o. Nukatae? Elabena afakaka tsi tre ɖe Mawu ŋu tẽ, eye tadeagula vavãwo—esiwo le dziƒo kple anyigba dzi—mekpɔa gome le wo me o. Afakaka nye nuvɔ̃ gã le Israel-viwo dome gɔ̃ hã! Sea gblɔ be: “Amesiame, si le nusia wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.”—Mose V, 13:1-5; 18:10-12.

“Kekeli ƒe Dɔla”

Mele be wòawɔ nuku na mí be Abosam te ŋu na afakaka dzena viɖenu, kple nusi tso mawudɔlawo gbɔ gɔ̃ hã o. Biblia gblɔ be Satana “trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla.” (Korintotɔwo II, 11:14) Ate ŋu atrɔ asi le dzesiwo ŋu eye wòana woava eme, si ana eteƒekpɔlawo nasusu be Mawue wɔe. (Tsɔe sɔ kple Mateo 7:21-23; Tesalonikatɔwo II, 2:9-12.) Gake tameɖoɖo evee le Satana ƒe dɔwɔwɔwo—woɖadze nu nyui alo nu vɔ̃ɖii o—ŋu: be wòatrɔ amewo ɖa le Yehowa ŋu alo be wòana woƒe susu nado ʋɔ ale be ‘ŋutikɔkɔe nyanyui si ku ɖe Kristo ŋu ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.’ (Korintotɔwo II, 4:3, 4) Ameblemɔnu mamletɔ sia zazã koŋ mee wòkpɔa dzidzedze le zi geɖe.

De ŋugble le Biblia me nuŋlɔɖi si ku ɖe ƒe alafa gbãtɔ me dɔlanyɔnu aɖe ŋu la ŋuti kpɔ. Eƒe nyagbɔgblɔɖiwo na eƒe aƒetɔwo kpɔ viɖe geɖe. Edze nusrɔ̃lawo yome ŋkeke geɖe henɔ gbɔgblɔm be: “Nenem me siawo la, Mawu dziƒoʋĩtɔ la ƒe dɔlawo wonye, amesiwo le agbexɔxɔmɔ gblɔm fia mi.” Nyateƒee wòto. Gake nuŋlɔɖia gblɔ na mí be “afakakagbɔgbɔ” ye le eme, ke menye mawudɔla aɖee o. Mlɔeba la, Paulo “[trɔ] gblɔ na gbɔgbɔ la bena: Mede se na wò le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la me bena, nado go le eme! Eye wòdo go le gaƒoƒo ma ke dzi.”—Dɔwɔwɔwo 16:16-18.

Nukata Paulo nya gbɔgbɔ sia do goe? Ne mewɔ ɖeke o hã la, eɖea vi geɖe na dɔlanyɔnu si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la ƒe aƒetɔwo. Esi gbɔgbɔmeŋusẽ le dɔlanyɔnu la si ta la, ɖewohĩ egblɔa ɣeyiɣi si agbledelawo ado nu, ɣeyiɣi si me ɖetugbiwo aɖe srɔ̃, kple afisi sikakulawo akpɔ sika le. Gbɔgbɔ sia ʋã nyɔnuvia gɔ̃ hã wògblɔ nyateƒenya aɖewo tsɔ kafu nusrɔ̃laawo le dutoƒo!

Gake ‘afakagbɔgbɔe’ nɔ eme. Esia ta mekpɔ mɔ aɖe gbeƒã le Yehowa kple eƒe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔnuɖoɖowo ŋu o. Ðewohĩ dɔlanyɔnua gblɔ kafukafunya mawo be wòana woaxɔ eƒe nyagbɔgblɔɖiwo dzi ase, be wòahe eteƒekpɔlawo ƒe susu ɖa le Kristo yomedzela vavãtɔwo dzi. Susu nyui aɖe tae Paulo xlɔ̃ nu Korintotɔwo be: “Miate ŋu ano Aƒetɔ la ƒe kplu, agano gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplu hã o.” (Korintotɔwo I, 10:21) Mewɔ nuku o be ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo tsrɔ̃ woƒe agbalẽ siwo katã do ƒome kple afakaka.—Dɔwɔwɔwo 19:19.

‘Mawudɔla aɖe Le Dzodzom le Dziƒo Titina’

Míekpɔe be Biblia klo nu geɖe le mawudɔlaha siwo do fifia la ŋu be ɖekawɔwɔ kplikplikpli le wo kple Mawu ƒe Futɔ, Satana Abosam, dome. Ðe esia fia be mawudɔla kɔkɔewo medea nu amegbetɔ ƒe nyawo me oa? Ao, wole dɔ gã aɖe wɔm le anyigba dzi fifia. Dɔ kae wònye? Be míaɖo eŋu la, ele be míalé ŋku ɖe Biblia ƒe agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia me. Woyɔ mawudɔlawo zi geɖe le agbalẽ sia me wu Biblia ƒe agbalẽ bubu ɖesiaɖe.

Míexlẽ nyagblɔɖi ƒe ŋutega si apostolo Yohanes kpɔ ŋuti nuŋlɔɖi le Nyaɖeɖefia 14:6, 7 be: “Mekpɔ mawudɔla bubu aɖe le dzodzom le dziƒo titina, eye wòlé nyanyui mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia anyigbadzinɔlawo kple trɔ̃subɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ, eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye mide ta agu na amesi wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo.”

Mawunyakpukpui sia te gbe ɖe dɔ vevitɔ kekeake si wɔm mawudɔlawo le egbea dzi. Wole dɔdasi si hiã wu ɖesiaɖe la wɔm—si nye gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia. Dɔ sia ŋue Yesu do ŋugbe na eyomedzelawo le be: “Meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.” (Mateo 28:18-20) Aleke Yesu li kple eyomedzelawoe? Mɔ ɖekae nye alesi wòna mawudɔlawo kpena ɖe wo ŋui ale be woate ŋu awu dɔ ɖedzesi sia nu.

Yehowa Ðasefowo zãa gaƒoƒo si wu biliɔn ɖeka ƒe sia ƒe tsɔ ɖea gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia. Wokpɔnɛ be mawudɔlawoe le mɔ fiam yewo le dɔ sia wɔwɔ me. Edzɔ zi geɖe be le woƒe aƒeme yi aƒeme dɔa me la, wova kena ɖe ame siwo do gbe ɖa vɔ tetie nye ma be ame aɖe nava kpe ɖe yewo ŋu ne yewoase Mawu ƒe tameɖoɖowo gɔme la ŋu. Mawudɔlawo ƒe mɔfiafia kple Ðasefoawo ŋutɔ ƒe ɖokuitsɔtsɔna wɔnɛ be Yehowa ŋuti sidzedze sua ame akpe alafa geɖe si ƒe sia ƒe!

Èle to ɖom mawudɔla si le dzodzom le dziƒotitina laa? Nukata màdzro mawudɔlawo ŋu nya sia me bliboe ne Yehowa Ðasefowo gava gbɔwò o?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Nya siwo nye “Satana” kple “Abosam” gɔmee nye “tsitretsiɖeŋula” kple “amegɔmezɔla.”

b Togbɔ be woyɔ Mixael kple Gabriel le Biblia me hã la, Agbalẽ Siwo Ŋu Ðikeke Le siwo menye Biblia si dzi woda asi ɖo ƒe akpa aɖe o mee ŋkɔ siwo nye Raphael kple Uriel dze le.

c De dzesii be ɖe wodoa gbe ɖa to Yesu dzi, womedonɛ ɖa nɛ o. Míedoa gbe ɖa le Yesu ƒe ŋkɔ me elabena eƒe ʋu si wòkɔ ɖie ʋu mɔ na mí be míado ɖe Mawu ŋkume.—Efesotɔwo 2:13-19; 3:12.

[Aɖaka si le axa 8]

AMEKAWOE MAWUDƆLAWO NYE?

NUSI to vovo na ame geɖe ƒe dzixɔsee nye be, menye amesiwo ku ƒe luʋɔ siwo do le wo mee mawudɔlawo nye o. Biblia gblɔ eme kɔ ƒã be kukuawo “menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5) Ekema afikae mawudɔlawo tso? Biblia ɖee fia be wonye amesiwo Mawu wɔ hafi wòɖo anyigba gɔme anyi. (Hiob 38:4-7) Mawu ƒe dziƒoƒomea me tɔwo ade miliɔn alafa geɖe, ɖewohĩ woade biliɔn nanewo alo awu nenema! Mawudɔla aɖewo wɔ ɖeka kple Satana le eƒe aglãdzedzea me.—Daniel 7:10; Nyaɖeɖefia 5:11; 12:7-9.

Esi Yehowa nye ɖoɖowɔwɔ ƒe Mawu ta la, mewɔ nuku be eƒe mawudɔlawo ƒe ƒome gã la le ɖoɖo nu o.—Korintotɔwo I, 14:33.

• Mawudɔla gbãtɔ si ƒe ŋutete kple ŋusẽ kpe wue nye mawudɔla gã, Yesu Kristo, si woyɔna hã be Mixael. (Tesalonikatɔwo I, 4:16; Yuda 9) Eƒe ŋusẽ tee serafiwo, kerubiwo kple mawudɔlawo le.

• Serafiwo wɔa dɔ le Mawu ƒe fiazikpuia ŋu. Edze ƒã be woƒe dɔ ƒe akpa aɖee nye gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe kɔkɔenyenye kple egbɔkpɔkpɔ be eƒe amewo le kɔkɔe.—Yesaya 6:1-3, 6, 7.

• Wokpɔ Kerubiwo hã le Yehowa ŋu. Esi wonye Mawu ƒe fiazikpui tsɔlawo alo eŋudzɔlawo ta la, wodoa Yehowa ƒe gãnyenye ɖe dzi.—Psalmo 80:2; 99:1; Xezekiel 10:1, 2.

• Mawudɔlawo (si gɔmee nye “dɔtsɔlawo”) nye Yehowa ƒe dɔtsɔviwo kple eteƒenɔlawo. Wowɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dea goe, eɖanye Mawu ƒe amewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ alo ame vɔ̃ɖiwo tsɔtsrɔ̃ ŋue wòku ɖo o.—Mose I, 19:1-26.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Èle to ɖom mawudɔla si le dzodzom le dziƒotitina laa?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe