Ðe Mawudɔlawo Le Mía Domea?
Edzɔ kabakaba ŋutɔ. Marilynn yi ŋugble me ʋĩ eye eƒe susu meganɔ nusiwo ƒo xlãe ŋu o eye wòva nɔ zɔzɔm le keketɔmɔ dzi. Kasia, ese nane ƒe ɖiɖi sesĩe. Efɔ ta dzi eye wòkpɔe be yetsi tre ɖe keteke si gbɔna ƒe mɔ me tututu! Marilynn megate ŋu ɖe afɔ o, vɔvɔ̃ gbã lãme nɛ. Ketekea gogoe ale gbegbe be ete ŋu kpɔ ketekekula la ƒe ŋku siwo nye blɔtɔ kple ŋɔdzi si dze le mo nɛ. Marilynn meŋlɔ nusi gadzɔ la be gbeɖe o. Egblɔ be: “Ðeko wònɔ abe ame dzɔtsu aɖee to megbenye tutum ene. Mege tso mɔa dzi va dze aka xoxoe aɖewo dzi le mɔa to tututu.” Marilynn si xɔ abi sue aɖe ko la fɔ be yeada akpe na amesi xɔe ɖe agbe—gake mekpɔ ame aɖeke o! Nya kae wògblɔ? Marilynn gblɔ be: “Mawudɔla si dzɔa ŋunye la ɖe nye agbe. Ameka gɔ̃e wòagate ŋu anye?”
EDZE abe mawudɔlawo le ŋusẽ kpɔm ɖe xexe aɖe si me ɖikeke bɔ ɖo la dzi ene. Le nyitsɔ laa ƒewo me la, woƒoa nu tso dziƒomewo ŋu le television dzi, sinimawo, kple Broadway-ƒeƒewɔƒe ƒe fefe aɖe gɔ̃ hã me. Agbalẽ siwo ƒoa nu tso mawudɔlawo ŋu koŋue woƒlena le mawusubɔsubɔgbalẽ siwo woƒlena wu ɖesiaɖe la dome. Mawudɔla habɔbɔwo, nyamedzroƒewo, kple agbalẽviwo li. Woɖo hehexɔƒewo be woakpe ɖe ŋuwò—abe alesi nyati aɖe gblɔ ene—be nàna “wò ‘mawudɔla nakpe ɖe ŋuwò.’”
Amesiwo le viɖe kpɔm le mawudɔlahawo ŋue nye asitsala aɖifuɖiɖula siwo doa boblo adzɔnu gbogbo siwo amewo ƒlena la. Ame aɖe si kple ame bubu ɖo fiase ɖekae le United States gblɔ be: “Viɖe le nusianu si dzi wota mawudɔla ɖo la dzadzra me ŋutɔ.” Tsɔ kpe ɖe eƒe agbalẽ gbogbo aɖewo dzadzra ŋu la, egblɔ be woƒlea “mawudɔlawo ƒe kpememewo, awugɛwo, ametikpakpɛwo, awu dedi, boblodogbalẽwo kple gbedonamegbalẽwo” hã—siwo katã ƒo ƒu nye nusi nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe yɔ be “dziƒonunanawo.”
Gake mawudɔlawo ŋuti zazɛ̃nyahelawo gblɔna be menye tsiadzinu dzro aɖe koe esia nye o. Wogblɔa nya geɖe tsɔ ɖoa kpe woƒe nya dzii—alesi wodo go mawudɔlawo “ŋutɔŋutɔe.” Ame aɖewo gblɔ be yewokpɔ mawudɔlawo le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me. Ame bubuwo kpɔ kekeli aɖe, wose gbe aɖe, wose eƒe anyinɔnɔ le wo ɖokui me, alo se nane le wo ɖokui me si woxɔ se be enye mawudɔla ƒe dɔwɔna. Abe Marilynn ene la, ame geɖe gblɔna be mawudɔla aɖe xɔ yewo ɖe agbe.
Nukae le dzɔdzɔm? Joan Wester Anderson si ŋlɔ agbalẽ eve le “gbɔgbɔmemewo” ƒe nuwɔwɔ kple ame ŋu la gblɔ be: “Mebu be amewo gava le ɖe tsɔm le gbɔgbɔmenuwo me.” Alma Daniel si kpe ɖe eŋu woŋlɔ agbalẽ bubu la gagblɔe yi ŋgɔ vie. Egblɔ be “fifia wode se na” mawudɔlawo “be woaɖe wo ɖokui afia ale be woate ŋu aɖo ame geɖe wu gbɔ. Nusita míele nu geɖe kpɔm le wo ŋue nye be wodii nenema. Wole wɔwɔm ɖe sea dzi.”
Aleae wòle nyateƒea? Alo ɖe nu bubu aɖe le megbe na amewo ƒe ɖe tsɔtsɔ le mawudɔlawo me si bɔ fifia? Hafi míanya ŋuɖoɖoa la, ele be míadzro Mawu ƒe Nya la me. Mawudɔlawo ŋuti nyateƒenya le Biblia me, abe alesi míele ekpɔ gee ene.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]
Axa 3 kple 4: The New Testament: A Pictorial Archive from Nineteenth-Century Sources, si Don Rice/Dover Publications, Inc. ta