INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 11/1 axa 25-29
  • Akɔfafa na amesiwo ƒe ‘gbɔgbɔ le nu xam’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Akɔfafa na amesiwo ƒe ‘gbɔgbɔ le nu xam’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Ŋkuɖodzi Madzɔdzinamewo”
  • Ðe Wòdzɔ Nyateƒea?
  • Gbɔdzɔe Nana
  • Yi Edzi Nàsẽ Ŋu le Gbɔgbɔ Me
  • Ke Amesi Wosusu be Eyae Wɔ Nu Gbegblẽa Ya Ðe?
  • Nukae Hamemegãwo Ate Ŋu Awɔ?
  • Tsitretsitsi Ðe Abosam Ŋu
  • ‘Womagaɖo Ŋku Tsãtɔwo Dzi O’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Ale Si Kristo Hamea Ðea Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Kple Eƒe Dzɔdzɔenyenye Fiana Le Hlɔ̃donya Vɔ̃ɖiwo Gbɔ Kpɔkpɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Akɔfafa Na Ame Siwo Ŋu Wowɔ Gbɔdɔnuwo Ðo Le Ðevime
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Mɔxexe Ðe Enu Le Aƒeme
    Nyɔ!—1993
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 11/1 axa 25-29

Akɔfafa na amesiwo ƒe ‘gbɔgbɔ le nu xam’

EGBEA Satana ƒe xexeame ƒe “dzitsinya ku atri.” (Efesotɔwo 4:19; Yohanes I, 5:19) Ahasiwɔwɔ kple matrewɔwɔ do fievo. Le dukɔ geɖe me la, srɔ̃ɖeɖe 50 le alafa me alo esi wu nenema wua nu ɖe srɔ̃gbegbe me. Woda asi ɖe ŋutsu kple ŋutsu kpakple nyɔnu kple nyɔnu ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔ dzi le teƒe geɖe. Gbɔdɔdɔ me nuvlowɔwɔ—nyɔnuwo gbɔ dɔdɔ sesẽe—ŋuti nya nɔa nyadzɔdzɔwo me zi geɖe. Agbegbegblẽnɔnɔ ƒe fotowo zu gakpɔdɔ gã aɖe si me wokpɔa dɔlar biliɔn geɖe le.—Romatɔwo 1:26, 27.

Ðevi manyaɖekewo gbɔ dɔdɔe nye ŋunyɔnu vɔ̃ɖitɔwo dometɔ ɖeka. Ðeviwo gbɔ dɔdɔ nye ‘lã tɔ, gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ’ abe alesi Satana ƒe xexea ƒe nunya le ene. (Yakobo 3:15) Time magazine gblɔ be le United States ɖeɖe la, “nufialawo kple ɖɔktawo tsɔa gbɔdɔdɔ ƒe amedzidzedze ŋuti nutsotso siwo wu 400,000, siwo ŋu kakaɖedzi le dea asi na setɔwo ƒe sia ƒe.” Ne amesiwo ŋuti wowɔ nusia ɖo alea va tsi la, enyea dzigbãnya tsia dzi dzi na wo dometɔ geɖe, eye dzigbãnya ŋutɔŋutɔe wònye hã! Biblia gblɔ be: “Ame ƒe gbɔgbɔ [susu ƒe nɔnɔme, seselelãmewo, kple tamesusuwo] ate ŋu anɔ te ɖe eƒe fukpekpewo nu; ke gbɔgbɔ si le nu xam [si xɔ abi, le veve sem] la, amekae ate ŋu atsɔe?”—Lododowo 18:14, NW.

Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia dzɔa dzi na ameƒomeviwo katã, “amesiwo ƒe dzi gbã” kple amesiwo ƒe ‘gbɔgbɔ le nu xam’ hã le eme. (Yesaya 61:1-4) Mewɔ nuku o be ame geɖe siwo le veve sem la wɔa amekpekpe sia dzi be: “Amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la no faa.” (Nyaɖeɖefia 22:17) Kristo-hamea ate ŋu anye afisi amesiawo akpɔ akɔfafa le. Edzɔa dzi na wo ne wosee be fukpekpe nu ava yi kpuie. (Yesaya 65:17) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, ahiã be ‘woafa akɔ’ na wo ‘ahabla’ woƒe abiwo na wo. Eyata esɔ be Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Mifa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo, mixɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, migbɔ dzi ɖi na amewo katã.”—Tesalonikatɔwo I, 5:14.

“Ŋkuɖodzi Madzɔdzinamewo”

Ame aɖewo ƒe “dzi gbã” le nyitsɔ laa ƒewo me le susu aɖewo ta, siwo gɔme menya sena na ame bubuwo o. Wonye ame tsitsi siwo nɔa te ɖe nusi woɖɔ be enye “ŋkuɖodzi madzɔdzinamewo” dzi gblɔna be wodɔ yewo gbɔ le ɖevime.a Wo gbɔ dɔdɔ ŋu nya aɖeke meva susu me na wo dometɔ aɖewo kpɔ o vaseɖe esime, vlavo ko, woƒe ŋku dze nanewo dzi eye “woɖo ŋku” ame tsitsi aɖe (alo ame tsitsi aɖewo) “dzi” be wogblẽ yewo le ɖevime. Ðe susu ɖefuname siawo ɖea fu na Kristo-hamea me tɔ aɖewoa? Ẽ, le dukɔ ʋee aɖewo me, eye ɖewohĩ blanuiléle, dzikudodo, fɔɖiɖi, ŋukpe, alo akogotsitsi aɖe fu na adzɔgbeɖela siawo vevie. Woate ŋu ase le wo ɖokui me abe Dawid ene, be Mawu le adzɔge tso yewo gbɔ eye woado ɣli be: “Yehowa, nukaŋuti nètsi tre ɖe adzɔge boo, eye nèɣla le xaxaɣiwo me?”—Psalmo 10:1.

Tagbɔdɔléleŋutinunyalawo mese “ŋkuɖodzi” siawo ƒe akpa geɖe gɔme keŋkeŋ o. Ke hã la, “ŋkuɖodzi” siawo ate ŋu agblẽ nu le Kristotɔ ɖeadzɔgbewo ƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu. Eyata míetsɔ kakaɖedzi le Mawu ƒe Nya sinu kpɔm be wòafia mɔ mí le wo gbɔ kpɔkpɔ me. Biblia la naa ‘gɔmesese le nuwo katã me.’ (Timoteo II, 2:7; 3:16) Egakpena ɖe amesiwo katã dzi wòdzɔ ɖo ŋu be woaɖo ŋu ɖe Yehowa “si nye dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu la, amesi fa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me” ŋu.—Korintotɔwo II, 1:3, 4.

Ðe Wòdzɔ Nyateƒea?

Nyaʋiʋli geɖe le xexeame le nusi tututu “ŋkuɖodzi” siawo nye kple ne ŋkuɖoɖo nusiwo dzɔ ŋutɔŋutɔ dzie wònye la ŋu. Yehowa Ðasefowo ‘menye xexeame ƒe akpa aɖeke o’ eye womedea nu nyaʋiʋli sia me o. (Yohanes 17:16) Nuŋlɔɖiwo fia be “ŋkuɖodziwo” nɔa eteƒe ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, esi nugblẽfebula Frank Fitzpatrick “ɖo ŋku edzi” be nunɔla aɖe gblẽ ye le ɖevime vɔ la, ame alafa ɖeka kloe va do be nunɔla ma ke gblẽ yewo hã. Wogblɔ be nunɔla la lɔ̃ ɖe edzi be yegblẽ wo.

Gake anyo be míade dzesii be ame gbogbo aɖewo mete ŋu ka ɖe woƒe “ŋkuɖodziwo” dzi o. Amesiwo dzi wòdzɔ ɖo alea dometɔ aɖewo ɖoa ŋku ame aɖe dzi nyuie be edɔ yewo gbɔ alo woɖoa ŋku teƒe aɖe koŋ dzi be afimae nua dzɔ le. Gake kpeɖodzi nyui siwo to vovo kura na ema me va kɔna nyuie be nusiawo siwo dzi ‘woɖo ŋkui’ la mele eme o.

Gbɔdzɔe Nana

Gake aleke woate ŋu afa akɔ na amesiwo ƒe ‘gbɔgbɔ le nu xam’ le “ŋkuɖodzi” siawo ta lae? Ðo ŋku lo si Yesu do le Samariatɔ havilɔ̃la ŋu la dzi. Adzodalawo dze ŋutsu aɖe dzi, woƒoe heda adzo eƒe nuwo. Esi Samariatɔa kpɔ ŋutsu si xɔ abi la, eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu. Nukae wòwɔ? Ðe wòdi kokoko be yease eƒoƒo ŋu nya ɖesiaɖea? Alo ɖe Samariatɔa na wòɖɔ adzodalawo nɛ eye wòtso enumake ti wo yomea? Ao. Ŋutsua xɔ abi! Eyata Samariatɔa bla abiawo nɛ nyuie eye wòkɔe lɔlɔ̃tɔe yi amedzrodzeƒe aɖe si le dedie, afisi wòahaya le.—Luka 10:30-37.

Nyateƒee, vovototo le abi ŋutɔŋutɔ xɔxɔ kple ‘gbɔgbɔ si le nu xam’ le esi wodɔ amea gbɔ le ɖevime ta la dome. Gake evea siaa vea ame vevie. Eyata nusi Samariatɔa wɔ na Yudatɔ si xɔ abi la fia nusi woate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe nɔvi Kristotɔ si dzi nu te ɖo ŋu. Nu vevi gbãtɔe nye be woafa akɔ na amea lɔlɔ̃tɔe ahakpe ɖe eŋu wòahaya.

Abosam wɔ fu nuteƒewɔla Hiob, ɖewohĩ kple kakaɖedzi be seselelãme loo alo ŋutilã me vevesese agblẽ eƒe nuteƒewɔwɔ me. (Hiob 1:11; 2:5) Tso ɣemaɣi ke la, Satana dze agbagba zi geɖe be yeato fukpekpe—si eya ŋutɔ alo ame bubu aɖe he vɛ—dzi agbɔdzɔ Mawu subɔlawo ƒe xɔse me. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 12:7-9.) Ðe míate ŋu ake ɖi be Abosam mele ɖevigbɔdɔdɔ kple ame tsitsi geɖe siwo dzi nusia dzɔ ɖo (alo woƒe “ŋkuɖodziwo” ɖea fu na wo be wodɔ yewo gbɔ) ƒe ‘dzi si te ɖe anyi’ zãm be yeate kpɔ agbɔdzɔ Kristotɔwo ƒe xɔse oa? Abe alesi Yesu wɔ nui esime Satana dze edzi ene la, Kristotɔ si le veve sem gake ɖoe kplikpaa be yemagbe nu le yeƒe nuteƒewɔwɔ gbɔ o le gbɔgblɔm be: “Te ɖa le gbɔnye, Satana!”—Mateo 4:10.

Yi Edzi Nàsẽ Ŋu le Gbɔgbɔ Me

“Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ta nya siwo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ abi si ɖevigbɔdɔdɔ de ame ŋu le gbɔgbɔ kple seselelãme gome la gbɔ. (Mateo 24:45-47) Nuteƒekpɔkpɔ ɖee fia be ne fukpela la te ŋu ɖo ŋu ɖe ‘Aƒetɔ ƒe ŋusẽ kple eƒe ŋutete’ ŋu eye wòkpla “Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã” la, akpe ɖe eŋu. (Efesotɔwo 6:10-17) Aʋawɔnu sia ƒe ɖee nye Biblia me “nyateƒe” si klo nu le Satana dzi be eyae nye futɔ gãtɔ eye wòklẽ ɖe viviti si me eya kple edzidelawo le dɔ wɔm le dzi. (Yohanes 3:19) “Dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu” hã li. Ele be vevesela la nadze agbagba alé dzidzenu dzɔdzɔewo me ɖe asi. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo sena le wo ɖokui me vevie be woawɔ nuvevi wo ɖokui alo anɔ agbe gbegblẽ. Ɣesiaɣi si woɖu dzodzro siawo dzi la, woɖu aʋa aɖe dzi!

“Ŋutifafa nyanyui la” hã le gbɔgbɔmeʋawɔnua me. Yehowa ƒe tameɖoɖowo gbɔgblɔ na ame bubuwo doa ŋusẽ amesi le egblɔm kple amesi le esem siaa. (Timoteo I, 4:16) Ne edzɔ be wò ‘gbɔgbɔ le nu xam’ si na nyanyuia gbɔgblɔ le sesẽm na wò la, ke dze agbagba nàkplɔ Kristotɔ bubu ɖo esime eya le dɔ vevi sia wɔm. Eye mègaŋlɔ “xɔse ƒe akpoxɔnu” la be o. Xɔe se be Yehowa lɔ̃ wò eye be aɖɔ nusiwo katã gblẽ na wò la ɖo. Ka ɖe edzi ɖikekemanɔŋutɔe be Yesu hã lɔ̃ wò, eye eɖo kpe esia dzi esi wòku ɖe tawò. (Yohanes 3:16) Satana kaa aʋatso ɣesiaɣi be Yehowa meléa be na esubɔlawo o. Eƒe alakpa vɔ̃ɖi gã bubu koe nye ma hã.—Yohanes 8:44; tsɔe sɔ kple Hiob 4:1, 15-18; 42:10-15.

Ne edzixɔxɔse be Yehowa tsɔa ɖe le eme na wò le sesẽm na wò le dzi ƒe vevesese ta la, ke anyo be nàde ha kple amesiwo xɔe se vevie be etsɔa ɖe le eme. (Psalmo 119:107, 111; Lododowo 18:1; Hebritɔwo 10:23-25) Mègaɖe mɔ Satana nana agbe mavɔ ƒe fetua nato ŋuwò o. Ðo ŋku edzi be “xɔxɔ ƒe gakuku” le aʋawɔnua me; nenema kee nye “gbɔgbɔ ƒe yi” la hã. Gbɔgbɔ kɔkɔe si dzi Satana mate ŋu aɖu o mee Biblia la tso. (Timoteo II, 3:16; Hebritɔwo 4:12) Gbedanya siwo le eme ate ŋu atsi seselelãme ƒe vevesese nu.—Tsɔe sɔ kple Psalmo 107:20; Korintotɔwo II, 10:4, 5.

Mlɔeba la, do gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe abia ŋusẽ si nàtsɔ ado dzii. (Romatɔwo 12:12; Efesotɔwo 6:18) Gbedodoɖa vevie tso dzime lé Yesu ɖe te le vevesese helĩhelĩ me, eye ate ŋu akpe ɖe wò hã ŋuwò. (Luka 22:41-43) Ðe gbedodoɖa le sesẽm na wòa? Bia ame bubuwo be woado gbe ɖa kpli wò ahadoe ɖa ɖe tawò hã. (Kolosetɔwo 1:3; Yakobo 5:14) Gbɔgbɔ kɔkɔe la anɔ megbe na wò gbedodoɖawo. (Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 8:26, 27.) Abe alesi dɔléle sesẽ aɖewo le ene la, amesiwo le seselelãme ƒe veve sem dometɔ aɖewo mahaya keŋkeŋ le nuɖoanyi sia me o. Gake le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu ado dzi, eye dzidodo hã nye aʋadziɖuɖu, abe alesi wònɔ le Yesu gome ene. (Yohanes 16:33) “Mi dukɔ la, miɖo ŋu ɖe [Yehowa ŋu] ɣeawokatãɣi, mitrɔ miaƒe dzi ƒo ɖe eŋku me; Mawu enye míaƒe sitsoƒe!”—Psalmo 62:9.

Ke Amesi Wosusu be Eyae Wɔ Nu Gbegblẽa Ya Ðe?

Amesi dɔ ɖevi gbɔ la nye amesi dɔ ame gbɔ sesẽe eye nenemae wòle be woabui. Amesiame si wogblẽ alea kpɔ mɔ atso egbɔdɔla nu. Gake mele be woatso ame nu dzitsitsitɔe ne “ŋkuɖodzi madzɔdzinamewo” dzi koe wònɔ te ɖo o. Nu vevitɔ le go sia me enye be fukpela la ƒe seselelãme nagaɖo eƒe nɔnɔ vie. Ne ya ƒo ɖe eme vie la, ate ŋu anɔ te le susu me nyuie wu adzro “ŋkuɖodziawo” me hafi ne nane li wòadi be yeawɔ la, wòawɔe.

Bu nusi Donna wɔ ŋu kpɔ. Wogblɔ be mete ŋu ɖua nu nyuie o eye wòyi aɖaŋuɖola aɖe gbɔ—edze abe aɖaŋuɖola la menya eƒe dɔ tututu o ene. Eteƒe medidi o etso fofoa nu be edɔ ye gbɔ eye wokplɔe yi ʋɔnui. Nyamedzrolawo mekpɔ afisi woalé na nyaa o, eyata fofoa meyi mɔ o gake wodo fe dɔlar 100,000 nɛ. Ke le esiawo katã megbe la, Donna gblɔ na edzilawo be yemegaka ɖe edzi be edɔ ye gbɔ nyateƒe o!

Salomo gblɔe nunyatɔe be: “Megatsi klokloklo dzi ɖe dzrewɔwɔ ŋu o.” (Lododowo 25:8) Ne susu nyui aɖe li si ta nètsɔe be amesi nèbu nuvlowɔlae la gale ɖeviwo gblẽm kokoko la, ke ahiã be woana wòanya. Hamemegãwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le go sia me. Ne mayi nenema o la, ke gbɔ dzi ɖi. Mlɔeba la, ɖewohĩ ava dze ŋuwò be yeaɖe asi le nya la ŋu. Gake ne èdi be yeatsɔ nya ɖe amesi nèbu nuvlowɔlae ŋu (esi nèbu alesi nàse le ɖokuiwò me le alesi wòaxɔ nya lae ŋu nyuie gbã vɔ) la, èkpɔ mɔ awɔe.

Nɔnɔme manyomanyowo ate ŋu ado mo ɖa ne amesi “ŋkuɖodziwo” le fu ɖem na le hayahayam. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu anɔ amesi wòkpɔna gbesiagbe kpɔm le susu me be egblẽ ye le ɖevime. Míate ŋu ade se aɖeke ɖe nya sia gbɔ kpɔkpɔ ŋu o. “Amesiame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.” (Galatiatɔwo 6:5) Ame ate ŋu ase le eɖokui me ɣeaɖewoɣi be ƒometɔ alo ƒomea me tɔ kplikplikpli aɖe hã le eme. Ðo ŋku alesi kakaɖedzi mele “ŋkuɖodzi madzɔdzinamewo” ŋui o le dzesidede amesi ŋu nèbu vɔ̃ ɖo be enye nuvlowɔla ŋu la dzi. Ne edzɔ alea, zi alesi kpeɖodzi aɖeke mele nyaa ŋu o ko la, kadodo me nɔnɔ kple ƒomea—to wo sasrãkpɔ ɣeaɖewoɣi, lɛta ŋɔŋlɔ na wo, alo kaƒoƒo na wo dzi ya teti—afia be èle Ŋɔŋlɔawo ƒe mɔfiame dzi wɔm.—Tsɔe sɔ kple Efesotɔwo 6:1-3.

Nukae Hamemegãwo Ate Ŋu Awɔ?

Ne hamea me tɔ aɖe si gbɔ wodɔ le ɖevime ŋu nya xoxowo alo “ŋkuɖodzi madzɔdzinamewo” le fu ɖem na te ɖe hamemegãwo ŋu la, zi geɖe la, ame evee woɖena be woakpɔ nyaa gbɔ. Ele be hamemegã siawo nade dzi ƒo na vevesela la dɔmenyotɔe be wòatrɔ susu ɖe eƒe seselelãme ƒe vevesesea gbɔ kpɔkpɔ ŋu gbɔ. Ele be ɖevigbɔdɔla siwo dzi “wòɖo ŋkui” yɔ la natsi woawo ɖeɖeko dome.

Hamemegãwo ƒe dɔ vevitɔe nye be woanye alẽkplɔlawo. (Yesaya 32:1, 2; Petro I, 5:2, 3) Ele be woaɖɔ ŋu ɖo nyuie “[ado] dɔmetɔtrɔ, kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu.” (Kolosetɔwo 3:12) Ahiã be woaɖo to tufafatɔe ahazã gbedanya siwo le Ŋɔŋlɔawo me. (Lododowo 12:18) Amesiwo “ŋkuɖodzi” veamewo de veve dzi dzi na dometɔ aɖewo ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe hamemegã siwo srãa wo kpɔ edziedzi alo ƒoa ka na wo biaa woƒe fɔfɔ ta se ŋuti gblɔ. Mehiã be kadodo siawo naxɔ ɣeyiɣi o, gake woɖenɛ fiana be Yehowa ƒe habɔbɔa tsɔa ɖe le eme na ame. Ne vevesela la kpɔe be ye nɔvi Kristotɔwo lɔ̃ ye vavã la, ate ŋu akpe ɖe eŋu be seselelãme ƒe vevesesea nu nafa kabakaba.

Ke ne vevesela la ɖoe be yeatsɔ nya ɖe amea ŋu ya ɖe?b Ke hamemegã eveawo ate ŋu aɖo aɖaŋu nɛ be, bene wòasɔ ɖe gɔmeɖose si le Mateo 18:15 me nu la, ele be eya ŋutɔ natsɔ nya la atu agɔdzela la. Ne amesi di be yeatsɔ nya ɖe amea ŋu mate ŋu ado dzi ayi amea gbɔ o la, ate ŋu aƒo ka nɛ alo aŋlɔ lɛta nɛ. Ne wowɔe alea la, ke wona mɔnukpɔkpɔ amesi ŋu wotsɔ nya ɖo be wòado ɖe Yehowa ŋkume aɖe eɖokui nu le amenutsonya sia me. Ðewohĩ ate ŋu aɖe eɖokui nu be yemewɔe o. Alo amesi ŋu wotsɔ nya ɖo ate ŋu aʋu nuvɔ̃ me eye woadzra wo dome ɖo. Yayra ka gbegbe enye si wòanye! Ne eʋu nuvɔ̃ me la, hamemegãawo ate ŋu atsɔ Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo akpɔ nya la gbɔe.

Ne fɔɖila la gbe nutsotsoa la, hamemegãawo naɖe eme na amenutsola la be nu bubu aɖeke megali yewoawɔ le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o. Eye hamea ayi edzi abu amesi nu wotso fɔmaɖilae. Biblia gblɔ be ele be woakpɔ ɖasefo eve alo etɔ̃ hafi ʋɔnu nahe to na ame. (Korintotɔwo II, 13:1; Timoteo I, 5:19) Ne amesiwo wu ɖeka “ɖo ŋku” ame ma ke “dzi” be edɔ yewo gbɔ gɔ̃ hã la, kakaɖedzi boo aɖeke mele ŋkuɖodzi siawo ŋu be woanɔ te ɖe wo dzi adrɔ̃ nya atso nya me kpeɖodzi bubuwo manɔmee o. Esia mefia be wobu “ŋkuɖodzi” siawo aʋatsoe (alo be wonye nyateƒe o). Gake ele be woazɔ ɖe Biblia me gɔmeɖosewo dzi le ʋɔnudɔdrɔ̃ me.

Ke ne amesi nu wotso—togbɔ be egbe be yemewɔe o hã—ɖi fɔ hafi ɖe? Ðe “wòatsi tomahemahea?” Gbeɖe! Woate ŋu atsɔ kakaɖedzi agblẽ eƒe fɔɖiɖi alo eƒe fɔmaɖimaɖi ɖe Yehowa si me. “Ame aɖewo ƒe nuvɔ̃wo dze ƒã hedze wo ŋgɔ yi ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ me, ke ame aɖewo hã li, siwo ƒe nuvɔ̃wo dze wo yome.” (Timoteo I, 5:24; Romatɔwo 12:19; 14:12) Lododowo ƒe agbalẽa gblɔ be: “Ame dzɔdzɔewo ƒe lala zua dzidzɔ, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔkpɔkpɔ zua ya.” “Ne ame vɔ̃ɖi la ku la, ekema eƒe mɔkpɔkpɔ nu yi.” (Lododowo 10:28; 11:7) Mlɔeke la, Yehowa Mawu kple Kristo Yesu drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe mavɔ.—Korintotɔwo I, 4:5.

Tsitretsitsi Ðe Abosam Ŋu

Ne adzɔgbeɖelawo te ŋu do dzi le ŋutilã kple seselelãme ƒe vevesese helĩhelĩ me la, enyea kpeɖodzi sẽŋu aɖe le woƒe ememe ŋusẽ kple lɔlɔ̃ na Mawu ŋu! Eye ɖaseɖiɖi kae nye si wònye le Yehowa ƒe gbɔgbɔ ƒe ŋusẽ ƒe kpekpe ɖe wo ŋu ŋuti!—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 4:7.

Petro ƒe nyawo wɔ dɔ le amesiawo gome be: “Minɔ tsitre sesĩe ɖe [Satana] ŋuti le xɔse me.” (Petro I, 5:9) Nusia wɔwɔ manɔ bɔbɔe o. Asesẽ ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã be woabu tame nyuie eye susu nanɔ eme. Gake milé dzi ɖe ƒo! Abosam kple eƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu ava yi kpuie. Ẽ, ɣeyiɣi ma dzroa mí vevie esime “Mawu ŋutɔ . . . latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Míetsɔ “ŋkuɖodzi madzɔdzinamewo” kple nya mawo tɔgbe de nyayɔyɔdzesi me be woaɖe vovo tso nu ŋutɔŋutɔ siwo dzi mí katã míeɖoa ŋkui gbɔ.

b Ðewohĩ ahiã hã be woazɔ ɖe afɔɖoƒe siwo míegblɔ ɖe memamã sia me dzi ne nya la kaka ɖe hamea me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe