INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 11/8 axa 10-13
  • Mɔxexe Ðe Enu Le Aƒeme

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mɔxexe Ðe Enu Le Aƒeme
  • Nyɔ!—1993
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Agbenyuinɔnɔsewo
  • Ƒome ƒe Ta Lɔlɔ̃tɔ La
  • Dziɖeɖiteƒe
  • Tsi Ðevigbɔdɔdɔ Nu
  • Ðevigbɔdɔdɔ ƒe Nuwuwu
  • Ale Si Kristo Hamea Ðea Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Kple Eƒe Dzɔdzɔenyenye Fiana Le Hlɔ̃donya Vɔ̃ɖiwo Gbɔ Kpɔkpɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Nukpɔsusu Totro Siwo Bɔ
    Nyɔ!—1993
  • Ale Si Nàkpɔ Viwòwo Tae
    Nyɔ!—2007
  • Kuxia Le Xexeame Katã
    Nyɔ!—1999
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1993
g93 11/8 axa 10-13

Mɔxexe Ðe Enu Le Aƒeme

Monique xɔ ƒe asieke esi wòdze egbɔ dɔdɔ gɔme. Gbã la, ebena nɔ ekpɔm dzaa ne ele awu ɖem; emegbe edze egɔme nɔ eƒe xɔ me yim le zã me henɔ ɣaɣlaƒewo lém nɛ. Ne ɖevia gbe la, edoa dziku vevie. Gbeɖeka etsɔ zu nyãe ɖe nu to atrakpuiwo dzi. Monique gblɔ be: “Ame aɖeke mexɔ dzinye se o”—dadaa ŋutɔ hã mexɔ edzi se o. Monique dada srɔ̃e nye amea.

MENYE bibi si ɖe eɖokui ɖe aga le tsatsam le gbe me, amesi doa vɔvɔ̃ na ɖeviwo vevie ye o. Ƒomea me tɔ aɖee. Aƒemee gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe akpa gãtɔ dzɔna le. Eyata aleke woate ŋu axe mɔ ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu nui le aƒea me?

Ŋutinyaŋlɔla Ðk. Sander J. Breiner dzro ɖaseɖiɖi si fia be wodɔ ɖeviwo gbɔ le blemadukɔ atɔ̃—siwo nye Egipte, China, Hela, Roma, kple Israel, la me le eƒe agbalẽ si nye Slaughter of the Innocents me. Eƒo nya ta be togbɔ be wodɔ ɖeviwo gbɔ le Israel hã la, mebɔ abe alesi wònɔ le dukɔ ene bubuawo me ene o. Nukatae? To vovo na dukɔ siwo le wo gbɔ la, wofia Israel-viwo be woade bubu nyɔnuwo kple ɖeviwo ŋu—enye nukpɔsusu deŋgɔ si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo fia wo. Esi Israel-viwo wɔ ɖe Mawu ƒe sea dzi le ƒomea me ta la, woxe mɔ ɖe ɖeviwo gbɔ dɔdɔ nu. Ƒome siwo li egbea hiã dzidzenu dzadzɛ nyui siawo fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe.

Agbenyuinɔnɔsewo

Ðe Biblia ƒe sedede kpɔ ŋusẽ ɖe wò ƒomea dzia? Le kpɔɖeŋu me, Mose III, 18:6 xlẽ be: “Ame aɖeke megamlɔ eƒe ƒometɔ kekeake gbɔ ade asi eŋu o. Nyee nye Yehowa.” Nenema ke Kristo-hame si li egbea wɔ se sesẽwo tsi tre ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒomeviwo katã ŋu. Woɖea amesiame si adɔ ɖevi aɖe gbɔ la le hamea me.a—Korintotɔwo I, 6:9, 10.

Ele be ƒomewo katã nanya se mawo ahadzro wo me ɖekae. Mose V, 6:6, 7 xlɔ̃ nu mí be: “Nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.” Se siawo kuku ɖe viwòwo ƒe to me bia nu geɖe wu nufiafia wo ɣeaɖewoɣi ko. Efia numedzodzro kpli wo edziedzi. Ele be papa kple dada naka ɖe edzi na wo viwo edziedzi be yewoda asi ɖe Mawu ƒe se siwo tsi tre ɖe ƒometɔwo ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔ ŋu kple susu nyui siwo tae wode se siawo ɖo la dzi.

Ate ŋu awɔ ŋutinyawo, abe Dawid vi Tamar kple Amnon tɔ ene, ŋudɔ atsɔ afia ɖeviwo be le gbɔdɔdɔnyawo me la, seɖoƒe aɖewo li si mele be ame aɖeke—ƒometɔ kplikplikpliwo gɔ̃ hã—nagbɔ wo ŋu gbeɖe o.—Mose I, 9:20-29; Samuel II, 13:10-16.

Woate ŋu ade bubu gɔmeɖose siawo ŋu le gbesiagbegbenɔnɔ gɔ̃ hã me. Numekuku ɖee fia be le Ɣedzeƒedukɔ aɖe me la, ƒometɔwo ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔ dzɔna zi geɖe le ƒome siwo me ɖeviwo mlɔa xɔ ɖeka me kple wo dzilawo le evɔ menye gamanɔamesi gbɔe wòtso hafi o. Nenema ke ne nɔviwo le tsitsim la manyo be ŋutsuvi kple nyɔnuvi namlɔ aba ɖeka dzi alo xɔ ɖeka me ne woate ŋu axe mɔ ɖe esia nu hafi o. Ne ehiã kokoko be mianɔ xɔ ɖeka me hã la, ele be dzilawo natso nya me nyuie le afisi ƒomea me tɔ ɖesiaɖe amlɔ la ŋu.

Biblia de se ɖe ahamumu nu eye wògblɔ be ate ŋu akplɔ ame ayi nugbegblẽwɔwɔ mee. (Lododowo 23:29-33) Numekuku aɖe gblɔ be ame abe 60 vaseɖe 70 le alafa ɖesiaɖe me ene, siwo gbɔ ƒometɔwo dɔ gblɔ be yewo dzila siwo wɔ nu vlo ma ɖe yewo ŋu no aha hafi dze egɔme.

Ƒome ƒe Ta Lɔlɔ̃tɔ La

Numekulawo kpɔe be ɖeviwo gbɔ dɔdɔ bɔ ɖe aƒe siwo me ŋutsua ɖua wo dzi dzizizitɔe le. Ŋɔŋlɔawo meda asi ɖe nukpɔsusu si le amewo si be ɖe wowɔ nyɔnuwo be woakpɔ ŋutsuwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ la dzi o. Ŋutsu aɖewo nɔa te ɖe nukpɔsusu sia si medze Kristotɔwo o la dzi gblɔna be esɔ be woatrɔ ɖe ame ƒe vinyɔnuvi ŋu axɔ nane si màkpɔ le srɔ̃wò gbɔ o la. Ameteteɖeanyi sia tɔgbe ate ŋu agblẽ nu le nyɔnu siwo le nɔnɔme sia me ƒe seselelãme ŋu. Dzɔdzɔmedidi be woakpɔ ɖeviwo ta meganɔa wo dometɔ geɖewo gɔ̃ hã me o. (Tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 7:7.) Numekuku aɖe hã ɖee fia be esi vifofo siwo wɔa dɔ fũ menɔa aƒeme zi geɖe o ta la, ɣeaɖewoɣi la, vidada kple viaŋutsuvi ƒe gbɔdɔdɔ dzina ɖe edzi kabakaba.

Ke wò ƒomea ya ɖe? Ðe nèwɔa wò tanyenye ŋudɔ nyuie abe srɔ̃ŋutsu enea, alo èɖea ta le ete na srɔ̃wò? (Korintotɔwo I 11:3) Ðe nènɔa anyi kple srɔ̃wò le lɔlɔ̃ me hedea bubu eŋua? (Efesotɔwo 5:25; Petro I 3:7) Ðe nèbua eƒe nukpɔsusuwo hã ŋua? (Mose I 21:12; Lododowo 31:26, 28) Ke viwòwo ya ɖe? Ðe nèdea asixɔxɔ wo ŋua? (Psalmo 127:3) Alo èbua wo agbae eye be yeate ŋu atafa wo bɔbɔea? (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II 12:14.) Ðe nukpɔsusu totro siwo mesɔ ɖe ŋɔŋlɔawo nu o le ƒomea me tɔwo ƒe ɖoƒewo ŋu ɖa le wò aƒeme eye ana wòanye aƒe si me nu gbegblẽ mawo manɔ o.

Dziɖeɖiteƒe

Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Sandi gblɔ be: “Nugbegblẽwɔwɔ yɔ nye ƒomea me. Eɖe aga eye ƒomea me tɔ ɖesiaɖe ɖe eɖokui ɖa le nɔvia ŋu.” Ame ɖokui ɖeɖe ɖe aga, ame ƒe nya si sesẽ, kple nya tsɔtsɔ aɣla si gbɔ eme—nɔnɔme gbegblẽ siawo siwo mesɔ ɖe ŋɔŋlɔawo nu o nɔa ƒome si me nugbegblẽwɔwɔ le la me. (Tsɔe sɔ kple Samuel II 12:12; Lododowo 18:1; Filipitɔwo 4:5.) Na aƒea me ƒe nɔnɔme nana ɖeviwo naɖe dzi ɖi. Ele be aƒea me nanye afisi woakpɔ tutuɖo le, afisi woagblɔ woƒe dzimenyawo ahaƒo nu le faa.

Hekpe ɖe eŋu la, ɖeviwo hiã na lɔlɔ̃ ɖeɖefia le nuwɔna me—asi kpakpla kɔ na wo, nugbugbɔ na wo, alɔléle na wo, fefe kpli wo. Wo gbɔ si woate ŋu adɔ megana nàwɔ nu wòagbɔ eme akpa be màɖe lɔlɔ̃ afia wo le mɔ siawo nu o. Fia nu ɖeviawo to lɔlɔ̃ kple wo kafukafu faa me eye nàna woanya be wole vevie. Sandi ɖo ŋku edzi be: “Nukpɔsusu si le danye sie nye be mele be woakafu ame aɖeke le naneke ta o elabena nusianu nye nu gbegblẽ. Ðeko wòana nàdo ɖokuiwò ɖe dzi.” Wodɔ Sandi gbɔ ƒe ewo ya teti gake emiã nu ɖe edzi. Ðevigbɔdɔlawo ƒe kafukafunyawo kple “lɔlɔ̃” alo gbɔgblɔ be yewomagalɔ̃ wo o la awɔ dɔ ɖe ɖevi siwo menya nenye be wolɔ̃ wo eye wonye ame xɔasiwo o la dzi.

Ðevigbɔdɔla aɖe si dɔ ŋutsuvi alafa geɖewo gbɔ le ƒe 40 me lɔ̃ ɖe edzi be ŋutsuvi siwo me seselelãme deto le na wo xɔlɔ̃ abe woawo ke ene nye amesiwo gbɔ nya dɔna “wu.” Mègana viwò nase le eɖokui me nenema o.

Tsi Ðevigbɔdɔdɔ Nu

Hiob gblɔ le dodokpɔ sesẽ aɖe me be: “Nye agbe le ŋu nyɔm na nye luʋɔ, eyata mana konyifafa nado bababa, eye maƒo nu le nye luʋɔ ƒe vevesesewo me.” (Hiob 10:1) Nenema dzila geɖewo hã kpɔe be yewoate ŋu akpe ɖe yewo viwo ŋu ne yewokpe ɖe yewo ɖokui ŋu. Agbalẽ si nye The Harvard Mental Health Letter gblɔ nyitsɔ laa be: “Edze ƒã be hadomese sesẽ si xe mɔ na ŋutsuwo be woagaƒo nu le woƒe vevesesewo ŋu o la na ɖevigbɔdɔdɔ ƒe nuwɔna gakpɔtɔ li.” Edze abe ŋutsu siwo mete ŋu kɔa nu le veve si wo gbɔ dɔdɔ na wose dzi o la te ŋu va zua ɖevigbɔdɔlawo wu ene. The Safe Child Book gblɔ be wodɔ ɖevigbɔdɔla geɖewo gbɔ le woƒe ɖevime gake ame aɖeke mekpe ɖe wo ŋu woɖɔ woƒe nɔnɔmea ɖo o. Woɖea woƒe vevesese kple dziku ɖe ɖevi bubuwo ŋu hedɔa wo gbɔ.b—Kpɔ Hiob 7:11; 32:20 hã.

Ne vidadawo mesrɔ̃ alesi woawɔ anɔ te ɖe alesi wo dɔ ɖeviwo gbɔ va yi nu o la, woƒe afɔkua agadzi ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, numekulawo ka nya ta be zi geɖe la, nyɔnu siwo gbɔ wodɔ le woƒe ɖivime va ɖea ɖivigbɔdɔlawo. Hekpe ɖe eŋu la, ne nyɔnu aɖe menya alesi wòawɔ nu le egbɔ si wodɔ va yi ŋu o la, eme kɔ be asesẽ nɛ be wòaƒo nu tso ɖeviwo gbɔ dɔdɔ ŋu na via. Ne wodɔ via gbɔ la, mate ŋu akpɔe kaba ahawɔ nu ɖe enu o. Ðevia dadaa ƒe naneke mawɔmawɔ ana ɖevia nakpe fu vevie.

Eyata ɖevigbɔdɔdɔ ƒe nuwɔna la ate ŋu anɔ anyi tso dzidzime ɖeka me yi dzidzime bubu me. Ele eme be amesiwo tiae be yewoamiã nu ɖe nusi dzɔ ɖe yewo dzi va yi dzi la dometɔ geɖe te ŋu nɔa te ɖe enu nyuie, eye wodze na kafukafu. Gake vevesesea nu sẽna na wo dometɔ geɖewo, eye ele be woadze agbagba vevie—ne ehiã la, woate ŋu axɔ kpekpeŋu tso eŋutinunyalawo gbɔ—be woaɖɔ nuvevi ma si wowɔ wo le ɖevime la ɖo. Menye woƒe taɖodzinue nye be yewoalé blanui ɖaa o. Wodi be yewoatsi ɖevigbɔdɔdɔ ƒe nuwɔna vlo sia nu le yewoƒe ƒomea me.—Kpɔ October 8, 1991 ƒe Awake! axa 3 vaseɖe 11.

Ðevigbɔdɔdɔ ƒe Nuwuwu

Nya siwo míegblɔ va yi ŋudɔwɔwɔ nyuie ate ŋu aɖe ɖevigbɔdɔdɔ ƒe nuwɔna dzi kpɔtɔ le wò ƒomea me. Gake ɖo ŋku edzi be nuvlowɔlawo wɔa nu le bebeme, wowɔa alesi woka ɖe wo dzii kple ame tsitsi ƒe ayemɔwo ŋudɔ tsɔ blea ɖeviwoe. Gake enye nusi nu womate ŋu axe mɔ ɖo o be edze abe wo dometɔ aɖewo sina le woƒe nuvlowɔwɔ dziŋɔawo ƒe tohehe nu ene.

Gake kakaɖedzi nenɔ asiwò be Mawu kpɔa woƒe nuwɔna. (Hiob 34:22) Ne wometrɔ dzime heɖɔ woƒe agbenɔnɔ ɖo o la, maŋlɔ woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo be o. Aklo nu le woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo dzi le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi. (Tsɔe sɔ kple Mateo 10:26.) Eye ahe to na wo. Yehowa Mawu do ŋugbe be ɣeyiɣi aɖe ava esime ‘woaho ame baɖa mawo ɖa le anyigba dzi’ eye ame fafa siwo lɔ̃ Mawu kple wo haviwo koe asu sɔ. (Lododowo 2:22; Psalmo 37:10, 11, 29; Petro II 2:9-12) Yesu Kristo ƒe tafevɔsa na xexeme yeye ƒe mɔkpɔkpɔ wɔnuku le mía si. (Timoteo I, 2:6) Ɣemaɣi koe ɖevigbɔdɔdɔ nu atsi tegbee.

Ele be míawɔ nusianu si míate ŋui la fifia atsɔ akpɔ mía viwo tae. Woxɔ asi ŋutɔ! Dzila geɖewo dea wo ɖokui afɔku me be yewoakpɔ yewo vi suewo ta. (Tsɔe sɔ kple Yohanes 15:13.) Ne míekpɔ mía viwo ta o la, nusi ado tso eme adzi ŋɔ ŋutɔ. Ne míekpɔ wo ta la, míetsɔ nunana nyui aɖe—ɖevimenɔnɔ si me dedienɔnɔ le eye woavo tso afɔku me la na wo. Woate ŋu ase le wo ɖokui me abe hakpala ene, amesi gblɔ be: “Eya gblɔna na Yehowa be: Nye sitsoƒe kple nye mɔ̃ sesẽ nènye, nye Mawu, si ŋu meɖoa ŋu ɖo.”—Psalmo 91:2.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Ne ame aɖe zã ɖevi tsɔ tsi eya ŋutɔ ƒe gbɔdɔdɔ ƒe nudzodzrowo nui la, enye ɖevigbɔdɔdɔ. Zi geɖe la, enyea nusi Biblia yɔ be agbegbegblẽnɔnɔ alo por·neiʹa si ate ŋu anye fefe kple vidzinu, gbɔdɔdɔ ŋutɔŋutɔ, kple gbɔdɔdɔ to nu me alo to mieƒi me. Nugbegblẽwɔwɔ aɖewo abe no léle, gbegblẽnyawo gbɔgblɔ, amamaɖeɖe ƒe fotowo ɖeɖe fiae, vidzinuwo ɖeɖe fiae, kple gbɔdɔdɔnyawo gbɔgblɔ ene nye nusi Biblia yɔ be “makɔmakɔnyenye.”—Galatiatɔwo 5:19-21; kpɔ March 15, 1983 Watchtower ƒe etenuŋɔŋlɔ axa 30.

b Togbɔ be wodɔ ɖevigbɔdɔla akpa gãtɔ gbɔ le woƒe ɖevime hã la, esia mefia be ɖeviwo gbɔ dɔdɔ ana ɖeviwo nazu ɖevigbɔdɔlawo o. Ne womã ɖevi siwo gbɔ wodɔ ɖe akpa etɔ̃ la, wo dometɔ siwo va zu ɖevigbɔdɔlawo mede woƒe teƒe ɖeka o.

[Aɖaka si le axa 11]

Ame aɖe si gbɔ eƒe ƒometɔ kplikplikpli aɖe dɔ ƒe geɖe la gblɔ be: “Ðeviwo gbɔ dɔdɔ wua wo, etsia woƒe kaka ɖe ame dzi kple woƒe fɔmaɖimaɖi nu. Esia tae wole be woakpɔ ɖeviwo ta ɖo. Elabena ehiã be magbugbɔ aɖɔ nye agbenɔnɔ bliboa katã ɖo fifia. Nukatae nàna ɖevi geɖewo nawɔ nusia?”

Nukatae?

[Aɖaka si le axa 11]

Ðo To Viwòwo!

WOWƆ numekuku aɖe le British Columbia nyitsɔ laa sia tsɔ dzro dɔ si ɖevigbɔdɔla 30 wɔna la me. Nusi wokpɔ ble fu le lãme na ame. Ame 30 siawo dɔ ɖevi 2,099 gbɔ ne wotsɔ wo ƒo ƒu. Wo dometɔ afã nɔ dɔ si ŋu bubu le wɔm—wonye nufialawo, nunɔlawo, dɔnunɔlawo, kple ɖevidzikpɔlawo. Ðevigbɔdɔla aɖe si xɔ ƒe 50 si nye aɖutikewɔla la dɔ ɖevi 500 kloe gbɔ le ƒe 26 me.

Gake Torontotɔwo ƒe The Globe and Mail gblɔ be: “Le nudzɔdzɔawo ƒe memamã 80 le alafa ɖesiaɖe me me la, nutoa me ƒe hatsotso ɖeka alo esi wu ema (nugbegblẽwɔlaa ƒe xɔlɔ̃wo alo dɔwɔhatiwo, amesiwo gbɔ wodɔ ƒe ƒometɔwo, ɖevi bubuwo, amesiwo gbɔ wodɔ dometɔ aɖewo hã le eme) mexɔa nusi dzɔ la dzi sena o eye womebunɛ nu vevi o.” Mewɔ nuku o be “nyatakakaa gblɔ be malɔ̃malɔ̃ ɖe edzi kple edzi maxɔsee na nu vlo sia gale edzi yim.”

Amesiwo gbɔ wodɔ dometɔ aɖewo trɔ amesiwo dɔ wo gbɔ ta na setɔwo. Gake The Globe and Mail yɔ nya tso nyatakakaa me be “ɖevi siwo gbɔ wodɔ dzilawo medi be yewoaxɔ nya si gblɔm yewo viwo le na yewo la dzi ase o.” Nenema ke Germania-dziɖuɖumegã aɖe gblɔ nyitsɔ laa be eva hiã na ɖevi siwo gbɔ wodɔ be woagblɔ woƒe nya na ame tsitsiwo zi gbɔ zi adre hafi woaxɔ wo dzi ase.

[Aɖaka si le axa 12]

“Na Woakpe Ðe Ŋuwò Fifia”

“NE ŊUTSUE nenye eye nèlɔ̃a ɖeviwo gbɔ dɔdɔ la, ɖewohĩ ànɔ gbɔgblɔm na ɖokuiwò be ‘Evivi enu,’ alo ‘Eya ŋutɔe bia,’ alo ‘Gbɔdɔdɔ fiam melee.’ Ðokuiwò blem nèle. Ŋutsu vavãwo medɔa ɖeviwo gbɔ o. Ne seselelãme deto suetɔ kekeake le mewò ɖe ɖevi aɖe ŋu la, tsi enu kaba. Nà woakpe ɖe ŋuwò fifia.”—Dutoƒo gbeƒãɖeɖe si woɖo be woawɔ si woŋlɔ ɖe agbalẽ si nye By Silence Betrayed me.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Ehiã be woaɖe lɔlɔ̃ si me vividoɖeameŋu le afia ɖeviwo geɖe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe