Mexɔ Ƒe 100 Eye Ŋusẽ Gale Ŋunye
ABE ALESI RALPH MITCHELL GBLƆE ENE
Fofonye si menye ame kɔkɔ akpa o la nye Methodisttɔwo ƒe mawunyagblɔla. Le ƒe eve alo etɔ̃ ɖesiaɖe me la, woɖenɛ tsoa sɔleme aɖe me yia bubu me le du sue siwo tsiã ɖe wo nɔewo nu koŋ me, siwo me Asheville, Anyiehe Carolina, U.S.A., afisi wodzim le le February 1895 me hã le. Eyata menya nu geɖe tso Kristodukɔa ŋu esime menɔ tsitsim.
MEÐO ŋkui be esi menye ɖevi la, wokplɔm meva nɔa “nuxalawo ƒe zikpui” dzi le ŋusẽdodo ƒe takpekpewo me be gbɔgbɔ kɔkɔe nayɔ menye—be “mawusubɔsubɔ naɖo menye,” abe alesi wogblɔnɛ ene. Wogblɔ nam be maʋu nye nuvɔ̃wo me, mazɔ ɖe Se Ewoawo dzi, eye mawɔ nu nyui. Ekema mayi dziƒo ne meku. Megblɔ na ɖokuinye be, ‘Mesusu be mayi dzomavɔ me elabena nyemate ŋu awɔ nu nyui adze na dziƒoyiyi o.’ Mebui be ame tsitsiwo—vevietɔ mawunyagblɔlawo—koe ate ŋu anɔ agbe wòasɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu.
Gake hafi maɖo nye ƒewuiwo me kura gɔ̃ hã la, menɔ alakpanuwɔwɔwo kpɔm le subɔsubɔhawo me. Le kpɔɖeŋu me, fofonye tsɔa ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo sa vɔe be yeakpɔ ga home gã aɖe adzɔ de bisiɔp ƒe ga me le nunɔlawo ƒe takpekpe gã me. Enɔ mɔ kpɔm be esia ana woatia ye aɖo sɔleme si lolo wu nu. Meɖo ŋku mía gbɔ mawunyagblɔla aɖe si ganye ɖetifugbledela hã dzi. Edi vevie be nɔƒe kɔkɔ aɖe nasu ye si, eyata edzra eƒe ɖetifu kotoku alafa ɖeka eye wòyi takpekpea kple ga gbogbo aɖe. Esi wòdze abe vavalawo—akpa gãtɔ siwo nye mawunyagblɔlawo dzɔ woƒe gawo katã vɔ—la, ɖetifugbledela la ti kpo hedo ɣli be: “Nusiwo katã miekpɔ ana miaƒe bisiɔp koe nye esia? Dɔlar atɔ̃ ɖesiaɖe si mawunyagblɔla aɖe adzɔ la, madzɔ dɔlar ewo ɖe eteƒe!” Wodzɔ nu wògbɔ dɔlar akpe ɖeka ŋu eye bisiɔp la tia ŋutsu ma be wòanye nunɔlagã anɔ fofonye nu. Nyemate ŋu axɔe se be Mawu gbɔe tiatia ma tso o. Tso ema dzi la, mekea ɖi nusianu si ku ɖe subɔsubɔha ŋuti.
Wodem asrafodɔ me sesẽe esi United States ge ɖe xexemeʋa gbãtɔ me. Meɖo ŋkui nyuie be mesenɛ asrafowo ƒe nunɔlawo ɖea gbeƒãe na mí asrafoawo be míawɔ aʋa aʋli míaƒe dukɔa ta nuteƒewɔwɔtɔe, eye ɖeko nusia dzi nye fuléle subɔsubɔhawo ɖe edzi. Nye taɖodzinuwoe nye be matsi agbe le aʋa la me, mawu nye sukudede nu, eye maɖe srɔ̃. Mawusubɔsubɔ mexɔ nɔƒe aɖeke le nye etsɔme ɖoɖowɔɖiwo me o.
Metrɔ Nye Nukpɔsusu
Le ƒe 1922 me la, ɖetugbi aɖe si woyɔ be Louise ƒe nu lé dzi nam. Katolikotɔ dovevienu wònye, eyata esi míedi be míaɖe mía nɔewo la, edi be míawɔe Katolikotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe. Nyemedi subɔsubɔhawo ƒe nuwɔna aɖeke o, eyata elɔ̃ be míawɔ srɔ̃ɖeɖea le New York Dugã ƒe nutome dziɖuɖu ƒe xɔ aɖe me.
Subɔsubɔ ƒe dzre aɖeke menɔ mía dome le gɔmedzedzea me o. Mena wònya nyuie ko be nyemeka ɖe subɔsubɔhawo dzi o eye zi alesi maƒo nu tso eŋu o ko la, míanɔ anyi nyuie. Emegbe le ƒe 1924 kple ƒe 1937 dome la, míedze vidzidzi gɔme—wotsiã ɖe enu vaseɖe esi wo ɖo ŋutsuvi atɔ̃ kple nyɔnuvi atɔ̃! Louise di be mía viwo nayi Katolikotɔwo ƒe suku. Nyemedi be woaxɔ subɔsubɔha ƒe hehe aɖeke o, eyata míeʋli nya le eŋu.
Nane dzɔ le ƒe 1939 ƒe gɔmedzedze si trɔ nye nukpɔsusu le subɔsubɔha ŋu kura. Yehowa Ðasefo eve siwo nye Henry Webber kple Harry Piatt va nye aƒeme le Roselle, New Jersey. Menya xoxo be wodi be yewoaƒo nu le mawusubɔsubɔ—nusi ƒe dzeɖoɖo medoa dzidzɔ nam o ŋuti. Nusita nye dzimaxɔse gasẽ ɖe edzie nye be asrafonunɔlawo gblɔna be, ‘Miwɔ aʋa ɖe miaƒe dukɔ la ta’ gake nunɔla siwo le aƒe gblɔna be, ‘Mígawu ame o.’ Alakpanuwɔwɔ kae nye ma! Mebui be maka ŋkume na Ðasefo eve siawo. Megblɔ na wo be: “Mina magblɔ nya sia na mi. Ne miaƒe subɔsubɔha nye nyateƒetɔ la, ke mamleawo katã nye aʋatsotɔwo. Eye ne emawo dometɔ aɖe nye nyateƒe la, ekema esiwo susɔ kple mia tɔa siaa nye aʋatsotɔwo. Subɔsubɔha vavã ɖeka koe dze be wòanɔ anyi.” Ewɔ nuku nam ŋutɔ be wolɔ̃ ɖe nye nya la dzi!
Emegbe wobia tso asinye be matsɔ nye Biblia ne maʋu Korintotɔwo I, 1:10. Mexlẽ le afima be: “Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, le mía Aƒetɔ ƒe ŋkɔa dzi bena, mi katã miagblɔ nya ɖeka, eye mamã aɖeke naganɔ mia dome o; ke miazu blibo le tame ɖeka kple susu ɖeka ma me.” Ŋɔŋlɔ sia nyɔ nye ɖetsɔleme. Le ɣeyiɣi ma ke me la, mevɔ̃ be ŋutsu eve siawo di be yewoakplɔm de vivimeha aɖe me. Gake mesrɔ̃ nane—be mele be mamã nanɔ Kristotɔwo dome o. Nyabiase bubu geɖe nɔ susu me nam. Le kpɔɖeŋu me, nukae dzɔna ɖe luʋɔ dzi ne ame ku? Dzeɖoɖo le biabia ma ŋu avivi nunye hafi! Gake mesusu be ava he subɔsubɔ ƒe nyahehe va aƒea me akpa.
Emegbe wo ame evea dometɔ ɖeka gblɔ be: “Míadi be míatrɔ va le kwasiɖa si gbɔna me eye míagaɖo dze kpli mi.” Medze agbagba be mato ayemɔ dzi axe mɔ na wo, gake srɔ̃nye xɔ nya la. Egblɔ be: “Ralph, wodi be yewoanya ɣeyiɣi si yewoate ŋu atrɔ ava.” Esia wɔ nuku nam, elabena Katolikotɔ sesẽ aɖee wònye! Mebui be ‘Ðewohĩ míava lɔ̃ ɖe subɔsubɔ ƒe nya aɖewo dzi mlɔeba.’ Eyata melɔ̃ be Henry Webber kple Harry Piatt nagava Fiɖa si kplɔe ɖo.
Aleae wòwɔ medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo. Le esia megbe kpuie la, wokpem va takpekpe aɖe le Madison Square Garden le New York Dugã me. Megaɖoa ŋku Joseph Rutherford ƒe nuƒo si nye “Dziɖuɖu Kple Ŋutifafa” si wòƒo le June 25, 1939 dzi nyuie. Menɔ vavala siwo nye 18,000 la dome. Le nyateƒe me la, ame 75,000 ye se nuƒoa, ne míexlẽ amesiwo see to xexeame katã ƒe telefonka si ŋu wode radio nuƒomɔ dzi la.
Gake nuwo menɔ bɔbɔe o. Katoliko nunɔla Charles Coughlin yomedzelawo dze agbagba be yewoagblẽ takpekpea me, eye nyateƒee, esi Nɔviŋutsu Rutherford ƒo nuƒoa ƒe afã la, ame alafa geɖe do dziku nɔ eyrum, eye wonɔ ɣli dom be “Heil Hitler!” kple “Viva Franco!” Zitɔtɔ la nu sẽ ale gbegbe be wote ŋu se ɣlidodo le nuƒomɔ̃awo me! Exɔ aɖabaƒoƒo 15 hafi anyinɔƒegbɔkpɔlawo te ŋu tsi amehawo ƒe ɣlia nu. Le ɣeyiɣi ma katã me la, Nɔviŋutsu Rutherford nɔ eƒe nuƒoa dzi vɔvɔ̃manɔmee esi nyaselawo ƒe asikpeƒoƒo edziedzi de dzi ƒo nɛ.
Azɔ medi vevie be manya nusitae. Nukatae Katoliko nunɔla dee amewo me be woalé fu Yehowa Ðasefowo nenema gbegbe ɖo? Mekpɔ be nyateƒenya aɖe anɔ nusi gblɔm Rutherford nɔ la me—nane si subɔsubɔhakplɔlawo medi be ame abe nye ene nanya o. Eyata meyi nye Biblia sɔsrɔ̃ dzi eye mewɔ ŋgɔyiyi. Mlɔeba le October 1939 me la, metsɔ nyɔnyrɔ̃xɔxɔ wɔ nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe kpɔɖeŋui. Vinyewo dometɔ aɖewo hã xɔ nyɔnyrɔ̃ le ƒe si kplɔe ɖo me, eye srɔ̃nye Louise hã xɔe le 1941 me.
Ŋgɔdzedze Dodokpɔwo
Esi mexɔ nyateƒea megbe teti la, danye ku, eye megbɔ va Anyiehe Carolina hena eƒe ɖiɖi. Mese le ɖokuinye me be nye dzitsinya maɖe mɔ nam be makpɔ gome le kukɔnu siwo woawɔ le Methodistɔwo ƒe gbedoxɔ me la me o. Eyata meƒo ka na fofonye do ŋgɔ hafi dze mɔ, eye mebia tso esi be wòana amekukuɖaka la nanɔ aƒe si me wodzraa amekukuwo ɖo la me. Elɔ̃ ɖe edzi, gake esi meva ɖo afima la, wodze mɔ yina gbedoxɔ me hebu be madze yewo yome kokoko ava afima.
Gake nyemeyi o, esia ɖe fu na nye ƒometɔwo vevie. Togbɔ be mí kple ƒenye Edna míevivina ŋutɔ hã la, esi míewɔ Danye ƒe kunu vɔ ko la, megaƒoa nu nam o. Meŋlɔ lɛta geɖe nɛ gake meɖo wo ŋu nam o. Dzomeŋɔli ɖesiaɖe ne Edna va nufialawo ƒe hehesuku le City College le New York la, medzea agbagba be makpɔe. Gake melɔ̃na be yeaxɔm o, eye wògblɔna be vovo mele ye ŋu o. Meva dzudzɔ mlɔeba elabe eva dze abe menɔ fu ɖem nɛ ene. Ƒe geɖe va yi hafi magava se eŋkɔ.
Le ƒe 1941 me la wonyã vinyewo dometɔ ade le suku esi wogbe gbedodo na aflaga ta hekpe ɖe ɖevi bubu geɖe hã ŋu le United States kple Canada. Be woade suku aɖo afisi sea bia la, Ðasefowo ɖo woawo ŋutɔ ƒe suku si woyɔ be Fiaɖuƒe Sukuwo. Vinyewo de suku sia ƒe ɖe si woɖo ɖe amedzrodzeƒe aɖe si nɔ Lakewood tsã le New Jersey. Fiaɖuƒe Akpata kpe ɖe sukuxɔawo, dzodoƒe, kple nuɖuƒe ŋu nɔ dziƒoxɔa te. Nyɔnuviwo ƒe xɔdɔme nɔ tuɖedzi gbãtɔ dzi, eye ŋutsuviwo tɔ nɔ tuɖedzi evelia dzi. Suku nyui aɖee wònye. Ðevi akpa gãtɔ siwo tsia sukua la yia aƒeme le kwasiɖanuwuwuwo ko. Wo dometɔ siwo le didiƒe la yia aƒeme le kwasiɖa eve ɖesiaɖe ƒe nuwuwu.
Le ƒe siwo kplɔ nye nyateƒea xɔxɔ ɖo teti me la, enye nye didi vevie be mazu mɔɖela, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiwo katã ƒe nyanyuigblɔlawoe. Le ƒe 1941 ƒe takpekpe si wowɔ le St. Louis, Missouri me la, nɔviŋutsu aɖe gblɔ alesi wòte ŋu wɔ mɔɖeɖedɔa esime wònɔ vi 12 sɔŋ dzi kpɔm. Mebui be ‘ne ete ŋu wɔ mɔɖeɖedɔa esi vi 12 nɔ esi la, ekema mate ŋu awɔe esi vi 10 le asinye.’ Gake nɔnɔmeawo meɖe mɔ nam be mazu mɔɖela o vaseɖe ƒe 19 megbe hafi. Mlɔeba le October 1, 1960 dzi la, mete ŋu dze Yehowa subɔsubɔ gɔme abe gbesiagbe mɔɖela ene.
Sasrakpɔ Wɔmoya Aɖe
Le ƒe 1975 me la, ƒenye Edna ƒo ka nam. Mexɔ ƒe 80 ɣemaɣi, eye ƒe 20 enye ma nyemegakpɔe alo se eƒe gbe hã kpɔ o. Eƒo ka nam tso yameʋudzeƒe be mava kplɔ ye kple ye srɔ̃. Edzɔ dzi nam be megakpɔ Edna ake, gake nusi gawɔ nuku wu gali. Esi míegbɔna aƒeme la, srɔ̃a gblɔ be, “Dzimetrɔla aɖe dze wò.” Nyemese nusi gblɔm wònɔ la gɔme o. Esi míva ɖo aƒeme la egagblɔe ake be, “Dzimetrɔla aɖee nye esi dze wò.” Srɔ̃nye ya se egɔme enumake. Etrɔ ɖe ƒenyea ŋu biae se be, “Edna, Ðasefoe nènyea?” Edna ɖo eŋu be, “Eya tututue menye.”
Aleke Edna wɔ va xɔ nyateƒea? Le ƒe 1972 me esi menɔ agbagba dzem be maɖɔ mía kplii dome ƒomedodoa ɖo la, mewɔ Gbetakpɔxɔ ƒe nudɔdɔ nɛ tsɔ kee. Abe ƒe ɖeka megbe la, Edna ƒe lãme va gblẽ eye wòtsi aƒeme. Magazineawo ganɔ eƒe kplɔ̃ dzi le kotoku siwo me wode woe me. Didi be yeanya nusi le wo me na Edna ʋu ɖeka dze exexlẽ gɔme. Esi wòwu magazine ɖeka xexlẽ nu vɔ la, esusu le eɖokui me be, ‘Nyateƒeae nye esia!’ Kaka ne Yehowa Ðasefowo nava eƒeme la, exlẽ Gbetakpɔxɔ magazine siwo katã li kɔ ɖi la. Elɔ̃ be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli ye, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la eva zu Yehowa Ðasefo.
Tenɔnɔ ɖe Ku Nu
Srɔ̃nye Louise lé suklidɔ mlɔeba, eye dɔa nyrã ɖe edzi nɛ ale be wòku le ƒe 1979 me le eƒe ƒe 82 xɔxɔ me. Esi Louise ku la, nye hã nye akpa aɖe enye ma ku. Agbenɔnɔ tim. Nyemeganya nusi mawɔ o. Ðoɖo aɖeke menɔ asinye ɖe etsɔme ŋu o, eye menɔ dzideƒo hiãm vevie. Dzikpɔla mɔzɔla aɖe si ŋkɔe nye Richard Smith de dzi ƒo nam be mayi mɔɖeɖedɔa dzi. Meva de dzesii be nye akɔfafa gãtɔ tsoa akɔfafa na ame bubu siwo hã ƒe lɔlɔ̃tɔwo ku la me.
Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa nɔ tsaɖiɖi le Israel ƒe ɖoɖo wɔm le 1979 me, eyata meŋlɔ ŋkɔ be mayi. Mɔzɔzɔ sia do ŋusẽm ale gbegbe, eyata esi megbɔ ko la, megayi mɔɖeɖedɔa dzi enumake. Ƒe sia ƒe tso ɣemaɣi la, meɖoe be mawɔ dɔ le anyigbamamã si le nuvo alo esiwo me womewɔa dɔ le edziedzi o le dukɔa ƒe akpa bubu aɖe. Togbɔ be mezu amegã ɖeɖi hã la, megate ŋu kpɔa gome le mɔnukpɔkpɔ sia me.
Mesusu be mekpe ɖe ame 50 ŋu woke ɖe agbe mɔ la ŋu le ƒe siawo me. Vinye akpa gãtɔ le nyateƒea me. Vinyenyɔnuvi eve nye gbesiagbe mɔɖelawo. Vinye nyɔnuvi bubu Louise Blanton, le subɔsubɔm kple srɔ̃a George le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒe gã le Brooklyn, New York, eye vinyeŋutsu ɖeka nye hamememgã ƒe geɖe nye esia.
Nyateƒee, le blibomademade ƒe dome si míenyi tso mía dzila gbãtɔwo gbɔ ta la, mí katã míedzea dɔ eye míekuna. (Romatɔwo 5:12) Le nyateƒe me la, nyemevo le dɔléle kple vevesese si me le agbe me o. Dɔ si lém mele fifia enye ƒunukpeƒetetedɔ si lé nye miafɔ. Ena mesea veve ŋutɔ ɣeaɖewoɣi gake mena metsi teƒe ɖeka o. Eye medoa gbe ɖa be wòagadzɔ nenema o. Medi be manɔ te anɔ yiyim. Nye didi vevietɔe nye be mayi mɔɖeɖedɔa dzi vaseɖe nuwuwu, ahawɔ nye ŋutete ɖesiaɖe be amewo nanya Yehowa ƒe ŋkɔ kple eƒe tameɖoɖowo.
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Mí kple vinyenyɔnu Rita