“Afikae Ga la Tsona?”
AMESIWO kpɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe video si nye Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name la ƒe nu ku. Wokpɔ ŋutsu kple nyɔnu siwo dzra ɖo nyuie siwo nye ameƒomevi kple du vovovo me tɔwo tsɔ alɔgbɔnukoko le dɔ wɔm ɖekae. Menye dɔwɔla kpɔdzidzɔ akpe geɖeawo koe nya kpɔ na wo o, ke xɔ gã nyadri siwo le Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒea ƒe ta le Brooklyn kple le woƒe agble siwo le Wallkill, New York, dzi hã nya kpɔ na wo. Video la ɖee fia be mɔ̃ɖaŋu yeyewo le xɔ siawo me—agbalẽtamɔ̃ kple agbalẽblamɔ̃ sesẽ siwo taa agbalẽ miliɔn geɖe ɣleti sia ɣleti, kɔmpiuta ƒe dɔwɔnu vovovowo, kple dɔwɔƒe gbogbo siwo kpɔa agbalẽtanyawo gbɔ.
Esia ɖe ga gbogbo si wotsɔ de dɔa mee la fia. Eyata ame aɖewo biana be, “Afikae ga la tsona?”
Amesiwo ɖia tsa dea Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒea ƒe ta hã ƒe nu kuna nenema ke. Wodidia kɔ be yewoakpɔ xɔdɔme yeye tuɖedzi 30 si nye xɔdɔme gbogbo siwo me subɔla lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 3,000 kple vɔ siwo wɔa dɔ le afima dɔna dometɔ ɖeka la ɖa. Tsaɖiɖi yi Gbetakpɔxɔ ƒe Hehenaƒe yeye si anye kilometa 110 le Brooklyn ƒe dzigbe la hã wɔa dɔ ɖe ame geɖe dzi ŋutɔ. Wogale etutu dzi, gake dɔwɔla siwo ade 1,200 ye le eme. Woana hehe dutanyanyuigblɔlawo ƒe klass eve le afima ƒe sia ƒe ahade dɔ wo si ɖe duta. Afisia hãe wokpɔa Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo wu 10,000 le United States la dzi le. Alɔdzedɔwɔƒe siwo le xexeame katã dometɔ geɖe keke woƒe xɔwo ɖe nu nyitsɔ laa, alo wole wo kekem ɖe enu. Dɔ siawo katã wɔwɔ bia ga geɖe. Amewo biana be, “Afikae ga la tsona?”
Ŋuɖoɖoae nye be amesiwo le abe mía dometɔ ɖesiaɖe ene gbɔ koe wòtsona. Wonye amesiwo le xexeame katã, siwo dina be yewoawɔ nusianu si yewoate ŋui atsɔ ado gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔ si nye Kristotɔwo ƒe dɔ vevi la ɖe ŋgɔ. Didigbɔgbɔ sia ƒe kpɔɖeŋu aɖe nɔ anyi do ŋgɔ.
Kpɔɖeŋu si Blema Israel Ðo Ði
Ƒe 3,500 kple vɔ enye sia la, eva hiã be woadzɔ nu faa tso dzime. Yehowa de se na Mose be wòatu agbadɔ, alo ‘takpegbadɔ,’ ne woazã le Esubɔsubɔ me. Alesi Mawu be woatui la bia be woazã nu xɔasi vovovowo. Yehowa de se be: “Midzɔ nusiwo le mia si la na Yehowa. Amesiame, si lɔ̃ tso dzime faa la, nadzɔ nu na Yehowa.” (Mose II, 35:4-9) Aleke ameawo wɔ nui? Nuŋlɔɖia gblɔ na mí be “amesiame, si wòdzɔ dzi na, eye wòlɔ̃ kple dzi faa la, va dzɔ nu na Yehowa, bena woatsɔ awɔ Mawu ƒe agbadɔ la kple eŋu dɔwo katã kpakple awu kɔkɔeawoe.” ‘Nudzɔdzɔ faa tso dzime’ sia va sɔ gbɔ vivivi ale gbegbe be ‘eva sɔ gbɔ wu alesi dɔ si Yehowa gblɔ be woawɔ la bia sã.’ (Mose II, 35:21-29; 36:3-5) Ðokuitɔmadimadi, nunana faa ƒe gbɔgbɔ kae nye si ameawo ɖe fia!
Emegbe mede ƒe 500 o la, wogabia tso Israel-viwo si be woagadzɔ nu faa tso dzime. Esusɔ vie ko Fia Dawid ƒe didi be yeatu xɔ si anɔ anyi ɖaa na Yehowa le Yerusalem la nava eme to via Salomo dzi. Dawid ŋutɔ na nusiwo ahiã ƒe akpa gãtɔ heƒo wo nu ƒu. Ame bubuwo kpe asi ɖe eŋu esi Dawid do kpo be ‘woadzɔ nu na Yehowa.’ Nukae do tso eme? “Dukɔ la kpɔ dzidzɔ le esi wolɔ̃ faa la ta, elabena wona nu Yehowa tso dzi blibo me faa; eye fia Dawid hã kpɔ dzidzɔ eteƒe mekɔ o.” (Kronika I, 22:14; 29:3-9) Klosalo kple sika ɖeɖe dzaa ƒe home ade dɔlar biliɔn 50 le woƒe asi dzi egbea!—Kronika II, 5:1.
Míekpɔe le kpɔɖeŋu siawo me be womezi nudzɔdzɔ ɖe ame aɖeke dzi o. ‘Dzi faa’ mee wòtso eye wodzɔe tso “dzi blibo” me. Madze Yehowa ŋu ne womewɔe alea o. Nenema ke esi mɔnukpɔkpɔa va be woadzɔ ga atsɔ akpe ɖe Kristotɔ siwo hiã tu ŋu la, apostolo Paulo ŋlɔe be mele be woawɔe ‘abe ɖe woda adzo wo ene’ o. Egagblɔ be: “Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na.”—Korintotɔwo II, 9:5, 7.
Hiahiã si Li Egbea
Ðe nudzɔdzɔ hiã egbea? Ẽ, ehiã eye agahiã wu ne ɣeyiɣiawo va le yiyim. Nukatae?
Mɔfiame tɔxɛwoe wona Kristotɔwo le nuwuɣi sia me. Yesu de se na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ̃ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la.”—Mateo 28:19, 20, NW.
Nufiafia kple gbeƒãɖeɖedɔ gã sia wɔwɔ esi míele ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu’ ƒe akpa mamlea gogom wu la bia ɣeyiɣi kple ga geɖe. Nukatae? Le nusiwo katã Mawu ƒe Fiaɖuƒe gbedasia tsɔtsɔ yi “anyigba ƒe seƒe ke” bia la tae. (Dɔwɔwɔwo 1:8) Ame akpa gãtɔ menya Ŋɔŋlɔawo nyuie abe ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo ene o. Le nyateƒe me la, anyigbadzinɔla gbogbo aɖewo menya Biblia gɔ̃ hã o eye womebunɛ Mawu ƒe Nyae o. Ele be woana hehe gbeƒãɖelawo ahaɖo wo ɖe dukɔ didiwo me. (Romatɔwo 10:13-15) Eye kpɔ gbegbɔgblɔ gbogbo siwo li ɖa! Ehiã be Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo nanɔ amesiwo woɖea gbeƒã na si woaxlẽ ahasrɔ̃e le wo degbe me. Amewo katã gbɔ ɖoɖo ɖe ɖoɖo nu vivivi be woakpe ɖe wo ŋu woatsi le gbɔgbɔ me bene woawo hã nakpe ɖe ame bubuwo ŋu la bia ɖoɖowɔwɔ blibo.—Timoteo II, 2:2.
Yesu gblɔ be ele be “woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me,” gbã, “bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:14) Eyata fifiae nye ɣeyiɣi si me wòle be míatsɔ nusianu si míate ŋui la ana be míawɔ dɔ vevi ma. Míate ŋu azã míaƒe nunɔamesiwo nyuie le mɔ bubu aɖeke nu wu esia hafi ŋutilãmekesinɔnuwo nava zu nu vlo o.—Xezekiel 7:19; Luka 16:9.
Nukae Wotsɔa Ga la Wɔnɛ?
Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa taa Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 230 me, eye wotaa Ŋkuagbãtɔwo ƒe agbalẽwo hewɔa asitsɔgblɔnyadzesi ƒe videowo na tokunɔwo. Ema bia be woadi gbegɔmeɖelawo kple nuŋɔŋlɔmetolawo ƒe dɔwɔhawo na gbegbɔgblɔ ɖesiaɖe. Dɔ siawo katã wɔwɔ, vevietɔ Gbetakpɔxɔ magazine si wotana ɖe gbegbɔgblɔ 121 me ɣleti sia ɣleti hetaa wo dometɔ 101 le ɣeyiɣi ɖeka me, ŋu bubu wɔa nuku ŋutɔ. Gake ehiã ale be nya ɖeka ma ke nate ŋu aɖo amewo gbɔ le xexeame katã eye woaxlẽe. Pepa kple dɔwɔnu bubu siwo wotsɔ taa Fiaɖuƒe gbedasia ɖe agbalẽwo me kple ɖe kasɛtwo kple videowo dzi la ƒe asi yia dzi ƒe sia ƒe. Ele be woatsɔ nɔviawo ƒe nudzɔdzɔwo axe gazazã mawoe.
Anyigbamamã siwo me Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo wu 75,000 le le xexeame katã mee wowɔa gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔa le. Be woana woawɔ ɖeka ahade dzi ƒo na wo la, dzikpɔla mɔzɔla siwo wona hehee la srãa hame ɖesiaɖe kpɔ zi eve ƒe sia ƒe. Takpekpewo hã wɔa akpa vevi aɖe le nufiame nana me. Ele be woahaya takpexɔ gãwo ɖe takpekpeawo siwo doa ŋusẽ xɔse ŋutɔ la ŋu. Wozãa miaƒe nudzɔdzɔwo ɖe nusiawo hã ŋu.
Togbɔ be zi etɔ̃ koe wowɔa takpekpewo le ƒea me hã la, hame ɖekaɖekawo kpea ta wɔa kpekpe atɔ̃ kwasiɖa ɖesiaɖe. (Tsɔe sɔ kple Mose II, 34:23, 24.) Alesi ame yeye siwo le nyanyuia xɔm le vavamee la bia be woaɖo hame yeye akpe geɖe ƒe sia ƒe. Gadodo dɔlar miliɔn geɖe siwo tsoa Habɔbɔa gbɔ la wɔe be wotua Fiaɖuƒe Akpata alafa geɖe ƒe sia ƒe, eye wodzraa bubu geɖe ɖo hekekea wo ɖe nu. Togbɔ be woxea ga siawo ame bubuwo gazãna hã la, hiahiãwo le lolom ɖe edzi.
Teƒe siwo ƒe dzidziɖedzi tɔgbe medzɔ kpɔ o ye nye dukɔ siwo le Ɣedzeƒe Europa dukɔ siwo nɔ tsã Soviet Union te. Aleke gbegbe nyatakaka siwo míese va yi be dɔa nu ʋu le teƒe siawo la dzɔ dzi na míi enye si! Fifia wole dutanyanyuigblɔlawo ɖom ɖe dukɔ siawo dometɔ geɖe me. Woɖo alɔdzedɔwɔƒe yeyewo ɖe dukɔawo dometɔ aɖewo me si na lɔlɔ̃nu faa subɔla siwo le xexeame katã ƒe Betel-ƒomea me dzi ɖe edzi wu ame 15,000. Le nyateƒe me la, ele be woaƒle alo atu alɔdzexɔ siwo me woanɔ. Miaƒe nudzɔdzɔwoe wotsɔ kpɔa hiahiã siawo gbɔe.
Dɔ siawo katã mele ɣaɣla ɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo o. Wowɔa nusianu si woate ŋui be woagblẽ Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ƒe agbagbadzedzewo me alo woade wo nya me. (Nyaɖeɖefia 12:17) Esia bia be woahe senya siwo le agbɔ sɔm ɖe edzi la bene woakpɔ gome si le Mawu ƒe amewo si be woaɖe gbeƒã eƒe se dzɔdzɔeawo ahawɔ wo dzi la ta. Hekpe ɖe eŋu la, aʋawɔwɔ ƒe nugbegblẽ le Satana ƒe nuɖoanyia me, kpakple dzɔdzɔmefɔkuwo wɔnɛ be mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kpakple wo ŋu me bubuwo hiãa kpekpeɖeŋununana zi geɖe. Miaƒe nudzɔdzɔwoe wotsɔ naa kpekpeɖeŋu vevi siawo.
Yehowa Aɖo Eteƒe na Mi
Míaƒe ɣeyiɣi kple nunɔamesiwo zazã faa atsɔ ado Aƒetɔ ƒe dɔa ɖe ŋgɔe hea yayra gãwo vɛ. Nukata? Elabena Mawu, si tɔe nye nusianu la, aɖo eteƒe na mí. Lododowo 11:25 gblɔ be: “Woaɖi ƒo na luʋɔ dɔmenyotɔ la taŋ, eye woana tsi amesi na tsi wono.” Edzea Yehowa ŋu ŋutɔ ne míewɔ míaƒe akpa dzi tsɔ do eƒe tadedeagu ɖe ŋgɔ. (Hebritɔwo 13:15, 16) Edo ŋugbe na blema Israel-vi siwo adzɔ nusiwo wohiã le Se ƒe nubabla la te be: “Mitsɔ esia dom kpɔ abe nyemaʋu dziƒo nu, eye nyemadudu yayra aƒo ɖe mia dzi wòagbɔ eme o hã? Yehowa Zebaot ye gblɔe.” (Maleaxi 3:10) Gbɔgbɔmenudzedziname si kpɔm Yehowa subɔlawo le egbea nye kpeɖodzi be Mawu wɔa eƒe ŋugbedodo dzi.
Gbeƒãɖeɖe xɔxɔgbe na amewo katã ƒe dɔ gã sia kple kpekpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu le agbemɔa dzi la mayi edzi tegbee o. (Mateo 7:14; Korintotɔwo II, 6:2) Gake ele be woaƒo amesiwo katã nye Aƒetɔ la ƒe ‘alẽ bubuawo’ me tɔwo la nu ƒu. (Yohanes 10:16) Aleke gbegbe wòhiã be míawɔ dɔ ma egbea enye si! Eye aleke gbegbe wòadzɔ dzi na mía dometɔ ɖesiaɖe enye si ne míetrɔ kpɔ megbe le dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeye ma me, ahagblɔ be, ‘Mekpɔ gome le amewo nu ƒoƒo ƒu dɔ mamle ma me bliboe’!—Petro II, 3:13.
[Aɖaka si le axa 30, 31]
Mɔ Siwo Dzi Ame Aɖewo Tona Dzɔa Nu Hena Fiaɖuƒe Gbeƒãɖeɖedɔa Wɔwɔ
NUDZƆDZƆ HENA XEXEAME KATÃ ƑE DƆA: Ame geɖe ɖoa ga home aɖe ɖi koŋ si wodana ɖe nudzɔɖaka siwo dzi woŋlɔ ɖo be: “Nudzɔdzɔ Hena Habɔbɔa ƒe Xexeame Katã ƒe Dɔa—Mateo 24:14” me. Hameawo ɖoa ga siawo ɖe xexeame katã ƒe dɔwɔƒea ƒe ta le Brooklyn, New York, alo ɖe alɔdzedɔwɔƒe si le wo gbɔ la, ɣleti sia ɣleti.
NUNANAWO: Woate ŋu aɖo lɔlɔ̃nu faa gadzɔdzɔwo ɖe Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania, 25 Columbia Heights, Brooklyn, New York 11201-2483, alo ɖe Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si subɔa miaƒe dukɔa. Woate ŋu adzɔ sikanuwo alo kesinɔnu bubuwo hã. Ele be woaŋlɔ lɛta kpui aɖe si aɖe eme be wotsɔ nunana siawo ke keŋkeŋ akpe ɖe nudzɔdzɔ siawo ŋu.
NUDZƆDZƆ SIWO WOAGATE ŊU AXƆ ƑE ÐOÐO: Woate ŋu atsɔ ga na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa be wòanɔ zazãm gbɔ vaseɖe nunala la ƒe ku megbe hafi wòazu Habɔbɔa tɔ keŋkeŋ, eye ɖoɖo nanɔ eŋu be ne nunala la hiã nɛ la, woagatrɔe nɛ.
NUGBLẼFEWO XEXE: Woate ŋu ayɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe ŋkɔ be eyae woaxe nugblẽfe ƒe ga na ne yeku alo be woaxe yeƒe dzudzɔxɔxɔledɔmega nɛ. Ele be woana Habɔbɔa nanya nu le ɖoɖo siawo tɔgbe ɖesiaɖe ŋu.
GA SI LE GADZRAÐOƑE: Woate ŋu ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa nanɔ ga si woda ɖe gadzraɖoƒe, ga la dada ɖi ƒe ɖaseɖigbalẽwo, alo ga si woaxe na ame ne wodzudzɔ dɔwɔwɔ la zãm gbɔ alo woana woaxe wo nɛ ne nunala la ku, le mia gbɔ gadzraɖoƒea ƒe ɖoɖowo nu. Ele be woana Habɔbɔa nanya nu le ɖoɖo siawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu.
GA SI WODE DƆ AÐE ME KPLE ESI WODO NA DƆWƆƑE AÐE ƑE GOMEWO: Woate ŋu atsɔ ga si wode dɔ aɖe me kple esi wodo na dɔwɔƒe aɖe la ƒe gome ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa abe nusi wotsɔ kee keŋkeŋ ene alo kple ɖoɖo be woanɔ eƒe viɖewo xem na nunala la.
AƑEWO KPLE ANYIGBAWO: Woate ŋu atsɔ aƒe alo anyigba siwo woate ŋu adzra la ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa abe nusi ŋu woɖe asi le keŋkeŋ ene alo woagblẽ xɔawo dometɔ aɖe ɖi na nunala la be wòanɔ eme le eƒe agbe me. Ele be woana Habɔbɔa nanya hafi woawɔ agbalẽ ɖe aƒe alo anyigba siawo dzi na Habɔbɔa.
DOMENYINU KPLE NUNƆAMESI SIWO WOANƆ ZAZÃM GBƆ: Woate ŋu ato domenyinumãgbalẽ si wowɔ le setɔwo gbɔ dzi atsɔ nunɔamesi alo ga si anye domenyinu la ana Watch Tower Society, alo woate ŋu ayɔ Habɔbɔa ŋkɔ be wòanɔ amesiwo anɔ nunɔamesi aɖewo ƒe viɖe zãm gbɔ la dome. Womexɔa adzɔ aɖewo ɖe nunɔamesi siwo wotsɔ na subɔsubɔha aɖe la ta o. Ele be woatsɔ domenyinumãgbalẽa alo nusi woanɔ zazãm gbɔ ƒe ɖaseɖigbalẽ ɖeka ana Habɔbɔa.
NUNANA SI ŊU WOWƆ ÐOÐO ÐO: Habɔbɔa ta agbalẽ gbadza aɖe ɖe Eŋlisigbe me si ƒe tanyae nye “Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo.” Ðewohĩ nyatakaka sia akpe ɖe amesiwo le United States siwo le ɖoɖo wɔm be yewoaɖo nunana tɔxɛ aɖe ɖe Habɔbɔa fifia alo agblẽ domenyinu ɖe megbe le woƒe ku megbe la ŋu. Ema nye nyateƒe vevietɔ ne wodi be yewoaɖo ƒomea ƒe taɖodzinu alo domenyinumãɖoɖo aɖe gbɔ eye woawɔ adzɔxeviɖewo ŋudɔ atsɔ aɖe nunana alo domenyinua ƒe adzɔwo dzi akpɔtɔ.
Hena nya siwo le etame ŋuti numeɖeɖe bubuwo la, ŋlɔ agbalẽ na Treasurer’s Office, Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania, 25 Columbia Heights, Brooklyn, New York 11201-2483, alo ɖo ɖe Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dukɔ si me nèle ƒe dɔa dzi.