INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 12/1 axa 24-27
  • Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒe Ðo Dutanyanyuigblɔlawo Ða

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒe Ðo Dutanyanyuigblɔlawo Ða
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aɖaŋuɖoɖo na Sukunuwulawo
  • Sukuviawo Nyanya Nyuie Wu
  • Gilead Suku ɖo eƒe klass 100 lia ɖa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Sukunuwula Siwo Nye Mawu ƒe Nya la Srɔ̃viwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Mikpɔ Dzidzɔ Ðe Yehowa Ŋu eye Mitso Aseye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Wode Dzo Wo Me Hena Subɔsubɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 12/1 axa 24-27

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒe Ðo Dutanyanyuigblɔlawo Ða

WONA hehe amewo le Gbetakpɔxɔ Gilead Biblia Suku le teƒe vovovowo. Wona hehe tɔxɛ sukuvi siwo tso dukɔ 95 me le klass 35 siwo wowɔ le South Lansing, New York, U.S.A., tso ƒe 1943 vaseɖe ƒe 1960 me. Emegbe woɖe sukua yi dɔwɔƒe gã la le Brooklyn, New York, afisi wòyi edzi le ƒe 28 kloe. Tso ƒe 1988 vaseɖe ƒe 1995 ƒe gɔmedzedze la, Gilead Sukua na hehe le Wallkill, New York.

Sukua keke eƒe ɖoɖowo ɖe enu le ƒe mawo me. Le eƒe mɔfiame te la, wona kwasiɖa ewo ƒe hehe klass etɔ̃ le Mexico; wowɔ ema tɔgbe ƒe klass atɔ̃ le Germania; wowɔ eve hã le India. Tso ƒe 1987 me la, Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku si va kpe ɖe esia ŋu hã yi edzi le dukɔ 34 me hena kwasiɖa enyi ƒe hehe ɖekakpui siwo dze. Gake nufiame si wona Gilead ƒe klass 99 lia le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒe yeye si wotu ɖe Patterson, New York, la nye kwasiɖa 20 ƒe hehe si me Biblia bliboa sɔsrɔ̃ tsitotsito, Yehowa Ðasefowo ƒe egbegbe ŋutinya kple ɖoɖowɔwɔ me dzodzro, kpakple dutanyanyuigbɔgblɔdɔ ŋuti aɖaŋuɖoɖo geɖe le.

Le September 2 dzi la, klass 99 lia wu hehexɔxɔa nu. Wowɔ sukunuwuwu ƒe wɔna si xɔ gaƒoƒo etɔ̃ le akpata gã yeye dzeania me le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒea. Amewo yɔ xɔa taŋtaŋ. Woto kadodomɔnuwo dzi ɖe wɔna la fia nyasela bubu siwo kpe ta ɖe Betel-xɔ siwo le Patterson, Wallkill, kple Brooklyn hã. Menye sukunuwulawo kple woƒe ƒometɔwo kpakple xɔlɔ̃ veviwo ɖeɖe koe esia nye dzidzɔŋkeke aɖe na o, ke na lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla alafa geɖe siwo kpe asi ɖe sukuxɔ yeyea tutu ŋu hã.

Carey Barber si nye Dziɖuha la me tɔ he susu yi gɔmesese si le nusi nɔ edzi yim la dzi le eƒe nuƒo si wòtsɔ ʋu enui me. Egblɔ be: “Esiae ava nye Mawu ƒe hehenanadɔ gãtɔ kekeake si yi edzi le anyigba dzi kpɔ la tsoƒe.” Eɖe eme be míele aʋa si le nyɔnu la ƒe dzidzime kple da la ƒe dzidzime dome la ƒe taƒoƒo gogom. (Mose I, 3:15) Eɖee fia be amesiwo si Mawu ƒe Nya la ŋuti sidzedze vavãtɔ su eye wowɔa edzi la koe anye amesiwo atsi agbe le aʋakpekpe dziŋɔ ma me le xaxa gã si gbɔna me.

Egblɔ be: “Wotrɔ asi le hehexɔxɔ ƒe ɖoɖo si le mía si fifia la ŋu be wòakplɔ Yehowa ƒe ame siwo le afisiafi aɖo tsitsi ƒe nɔnɔme nyui si ŋu woƒo nu le le Lododowo 1:1-4 la gbɔ—si nye be woadze si nunya kple amehehe, be woate ŋu atu gɔmesese ɖo, woaxɔ amehehe si naa gɔmesese, dzɔdzɔenyenye, nuŋububu, nuteƒewɔwɔ, kple tamebubu ƒe ŋutete.” Takpɔkpɔ ka gbegbee nye si wònye be gbɔgbɔmenu siawo nanɔ ame si!

Aɖaŋuɖoɖo na Sukunuwulawo

Nuƒo kpui atɔ̃ siwo yi na sukunuwulawo kplɔ nuƒo ma si wotsɔ ʋu wɔnaa nui la ɖo. Harold Jackson si nye Gilead-nufiala tsã eye wònye dɔwɔƒe gã si le Brooklyn la me tɔ fifia la xlɔ̃ nu sukuviawo be, “Minɔ Mawu ƒe Dzidzɔ si le Mia Me la Me.” Lloyd Barry si wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ ɣeyiɣi didi aɖe eye wònye Dziɖuha la me tɔ fifia la ƒo nu tso “Yehowa Subɔsubɔ Ðokuibɔbɔtɔe” ŋu. Eɖe eme be nɔnɔme sia anɔ vevie na sukunuwulawo le nɔnɔme yeyewo sɔsrɔ̃ kple woƒe ƒomedodo kple wo hati dutanyanyuigblɔlawo, kpakple hame siwo me woasubɔ le, eye kple afimatɔwo me.

Karl Adams si le subɔsubɔm fifia le Gilead-hehexɔƒea dzro biabia si nye “Nukae Xɔse Aʋã Wò be Nàwɔ?” me kple sukuviawo. Ede dzi ƒo na wo be woaganɔ abe Israel-vi siwo lĩ liʋiliʋi le gbeadzi ƒe nɔnɔmewo ŋu eye wodi vevie be yewoagbugbɔ ayi Egipte la ene o, ke woanɔ abe Abraham boŋ, amesi kpɔ mɔ na Mawu ƒe Fiaɖuƒea le esi teƒe be wòatrɔ ayi Ur le Kaldea-nyigba dzi be wòavo tso eƒe kuxiwo me. (Mose II, 16:2, 3; Hebritɔwo 11:10, 15, 16) Ulysses Glass si nye sukuviawo ŋuti nuŋlɔɖiwɔla la he susu yi Asaf ƒe nuteƒekpɔkpɔ si woŋlɔ ɖe Psalmo 73 me dzi tsɔ xlɔ̃ nu sukunuwulawo be, “Mixlẽ Miaƒe Yayrawo.” Eye Albert Schroeder si nye Dziɖuha la ƒe Nufiafia Kɔmiti me tɔ la ƒo nu tso tanya si nye “Yehowa Naa Nu Ame” ŋuti. Eɖee fia be Gilead Sukua ŋutɔ kple akpa si wɔm wòle le gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ ƒe dɔ gã la me la nye nunana sia ƒe kpeɖodzi.

Emegbe nyaselawo nɔ to dzi vevie esime Milton Henschel si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ƒo nu tso “Ŋutinuwo Mienye na Mia Nɔewo” ŋuti. Exlẽ Romatɔwo ta 12 eye wòɖe eme tsitotsito. Egblɔ hã be: “Ele be wòanɔ nyanya na mi be ƒomedodo kplikplikpli aɖe le mía kple hati subɔla siwo le hamea me la dome.” Egblɔ kpee be: “Enyo be míabu mía nɔewo ɣesiaɣi be Yehowa tɔe míenye, eye mina míana kpekpeɖeŋu ɣesiaɣi tsɔ wu be míaƒe nya me nasẽ, alo be míanɔ vodada dim le amewo ŋu. Enye kpekpeɖeŋunana mía ɖokui ne míelé gbɔgbɔ me ɖekawɔwɔ me ɖe asi le Kristo-hamea me.” Efia alesi woate ŋu ana kpekpeɖeŋu le nuɖaɖa me le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒewo me, eye woabu alesi wònye nyateƒe be menye amesiamee nuɖuɖu ma ke doa dzidzɔ na o ŋu. Ede dzi ƒo na wo hã be woado alɔ wo nɔewo tsɔ wu be woanɔ ɖeklemi ɖem nenye be wole gbeƒãɖeɖedɔa wɔm kple hati Kristotɔ siwo da ahe le ŋutilã me. Nɔviŋutsu Henschel ɖee fia be ne míenaa kpekpeɖeŋu, tua ame ɖo, dea dzi ƒo na mía nɔewo la, “esia ana Yehowa nalɔ̃ mí.” Nuxlɔ̃ame nyui ka gbegbee wònye na dutanyanyuigblɔla siwo ava subɔ le anyigba siwo to vovo kura tso afisi wole dzodzom le gbɔ enye si!

Sukuviawo Nyanya Nyuie Wu

Le mama dedie nu la, sukuvi 48 siwo le klass 99 lia me la xɔ ƒe 32, eye wotsɔ ƒe 11 kple edzivɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa xoxo.

Gbebiame siwo nɔ sukunuwuwu ƒe ɖoɖowɔɖia me la na mɔnukpɔkpɔ nyaselawo be woadze si sukuviawo dometɔ ʋee aɖewo nyuie. Nikki Liebl si tso United States, kple Simon Bolton si tso England, gblɔ nudzɔdzɔ siwo do woƒe xɔse kpɔ be Yehowa akpɔ woƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na wo. Wokpɔe be Yehowa lé be na yewo esi woyi edzi tsɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ.

Isabelle Kazan, amesi degbee nye Fransegbe la, gblɔ be yesrɔ̃ Arabiagbe ale be yeate ŋu aɖi ɖase na Arabiagbe dola siwo le wo de. Esime wòdze egɔme le ƒe 1987 la, Arabiagbe dola ene koe nɔ ƒuƒoƒo sue ɖeka si nɔ Paris la me, hekpe ɖe eya ŋutɔ kpakple nɔvinyɔnu bubu si hã nɔ gbea srɔ̃m la ŋuti. (Menɔ bɔbɔe o. Wozãna gaƒoƒo enyi kwasiɖa ɖesiaɖe tsɔ dzrana ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃a ŋu ale be woate ŋu aɖo nya ŋu.) Ðe viɖe do tso woƒe veviedodoa mea? Ẽ, Ðasefo siwo nye Arabiagbe dolawo ƒe ƒuƒoƒoa va zu nutome sue atɔ̃ le France katã egbea. Sukuvi bubu si nye Miko Puro gblɔ alesi Fransegbe si wòsrɔ̃ esime wònɔ suku kpe ɖe eŋui be wòte ŋu ɖi ɖase na Afrikatɔ sitsoƒedila siwo va wo de le Finland, eye aɖe vi nɛ le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me le Benin hã. Bonny Bowes gblɔ alesi wòkpe fu le Fransegbe sɔsrɔ̃ me be wòate ŋu adoe ahasubɔ nyuie le Quebec, Canada. Eye Bjarki Rasmussen si tso Denmark gblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo su eya kple srɔ̃a si xoxo esime wotsɔ ƒe geɖe subɔ le Faeroe Ƒukpowo dzi. Dutanyanyuigblɔla yeye siawo bi ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me vavã.

Woɖo sukunuwulawo ɖe dukɔ 19 me—le Afrika, Titina kple Anyigbe America, Ɣedzeƒe Europa, kple Ɣedzeƒedukɔwo me. Amesiwo do le klass siwo do ŋgɔ me la subɔ le dukɔ siwo wu 200 me xoxo. Sukunuwula mawo dometɔ geɖe kpɔtɔ le woƒe dɔdasiwo wɔm vevie fifia. Dutanyanyuigblɔla yeye siawo ava kpe ɖe wo ŋu be woayi edzi ado ɖaseɖiɖi tso Fiaɖuƒea ŋu ɖe ŋgɔ wòaɖo anyigba ƒe seƒe ke.—Dɔwɔwɔwo 1:8.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

Sukuxɔ me ƒe nɔnɔmewo le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒe

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe Klass 99 Lia

Le amesiwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe ete me la, woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖesiaɖe dzi.

(1) Heffey, S.; Riley, E.; Mortensen, D.; Honable, A.; Bolton, J.; Poole, J.; Siimes, G.; Sousa, L. (2) Pashnitski, B.; Shepherd, D.; Pashnitski, W.; Järvinen, J.; Paulsen, K.; Rasmussen, E.; Schewe, C.; Olsson, L. (3) Paulsen, E.; Samsel, T.; Bowes, B.; Harris, E.; Kazan, I.; Liebl, N.; Sousa, P.; Puro, J. (4) Lager, K.; Lager, V.; Golden, K.; Bolton, S.; Johnson, M.; Johnson, S.; Liebl, A.; Rasmussen, B. (5) Harris, D.; Samsel, W.; Schewe, O.; Heffey, R.; Kazan, L.; Riley, T.; Järvinen, O.; Puro, M. (6) Mortensen, D.; Golden, R.; Honable, L.; Shepherd, M.; Bowes, R.; Siimes, T.; Poole, E.; Olsson, J.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 27]

Wokpɔtɔ le woƒe dɔdasiwo wɔm: (miame) Charles Leathco kple srɔ̃a, Fern, le Brazil, siwo wu Gilead sukuxɔ gbãtɔ kple adelia nu; (ete) Martha Hess, le Japan, si wu Gilead ƒe klass adrelia nu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe