Wokpɔ Ŋutifafa Le Xexe Si Me Ʋunyaʋunyawɔwɔ Le me
NUKPƆKPƆ si dze le magazine sia ƒe akpa dzi nye aʋawɔwɔ bidzo si dzɔ le Bosnia kple Herzegovina. Ðe ŋutifafa ate ŋu anɔ teƒe sia tɔgbea? Nukutɔe la, ŋuɖoɖoae nye ẽ. Esi Roma Katoliko, Ɣedzeƒe Orthodɔks, kple Moslem tɔ siwo le afɔkunyigba ma dzi le avu wɔm ɖe anyigba ta la, ŋutifafa le ame geɖe dzrom vevie, eye wo dometɔ aɖewo kpɔe.
Djorem-ƒomea nɔ Sarajevo, eye wonye Yehowa Ðasefowo. Le ʋunyaʋunyawɔwɔ siwo katã nɔ du ma me dome la, woyia woƒe aƒelikawo gbɔ ɖagblɔa Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia fiaa wo edziedzi. (Mateo 24:14) Nukatae? Elabena Djorem-ƒomea nya be Fiaɖuƒe sia nye nu ŋutɔŋutɔ, be woɖoe anyi le dziƒo xoxo, eye be eya koe nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ nyuitɔ kekeake hena ŋutifafa. Yehowa Ðasefowo ka ɖe nusi apostolo Paulo yɔ be “ŋutifafa ƒe nyanyui la” dzi bliboe. (Efesotɔwo 2:17) Amesiwo le abe Bozo kple Hena Djorem ene ƒe kpekpeɖeŋu na ame geɖe le ŋutifafa kpɔm le Bosnia kple Herzegovina.
Ŋutifafa Ŋutɔŋutɔ aɖe Gbɔna
Nya geɖe li míagblɔ tso Djorem-ƒomea ŋu. Gake gbã la, na míaƒo nu tso srɔ̃tɔ bubu siwo va ka ɖe Mawu Fiaɖuƒea dzi la ŋu. Woƒe ŋkɔwoe nye Artur kple Arina. Wo kple wo viŋutsu suewo nɔ Soviet Union si nɔ anyi tsã la ƒe dukɔ aɖe me. Esi dukɔmeviʋa dzɔ la, Artur wɔ aʋa na akpa ɖeka. Gake eteƒe medidi o, ebia eɖokui se be, ‘Nukatae mele avu wɔm kple amesiawo siwo nye nye aƒelikawo tsã la?’ Eʋu le dukɔa me eye le fukpekpe geɖe megbe la, eya kple eƒe ƒome si me ɖevi suewo le la va ɖo Estonia.
Esi wòɖi tsa yi St. Petersburg la, Artur do go Yehowa Ðasefowo eye nusi wòsrɔ̃ tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu la wɔ dɔ ɖe edzi. Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue wònye be eteƒe madidi o la, Mawu Fiaɖuƒea koe aɖu ameƒomea dzi. (Daniel 2:44) Ɣemaɣi ŋutifafa anɔ anyigba la dzi, dukɔmeviʋawo alo dukɔwo dome ʋawo maganɔ anyi o. Yesaya gblɔ nya ɖi le ɣeyiɣi ma ŋu be: “Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.”—Yesaya 11:9.
Esi wòkpɔ ŋutifafa xexeame si gbɔna ƒe nɔnɔmetata le Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖe si Ðasefo aɖe tsɔ fiae me la, Artur ɖo eŋu be teƒe si le abe ema enee yenɔ tsã. Gake fifia dukɔmeviʋa le egblẽm. Fifia le Estonia la, Artur kple eƒe ƒomea le nu geɖe srɔ̃m tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu kple Yehowa Ðasefowo to Biblia-nusɔsrɔ̃wɔwɔ me.
Ŋutifafa le Ʋunyaʋunyawɔwɔ Titina
Psalmo 37:37 gblɔ be: “Lé ŋku ɖe ame maɖifɔ la ŋu, eye nakpɔ ame dzɔdzɔe la ɖa, [elabena ame ma ƒe etsɔme anye ŋutifafa, NW].” Le nyateƒe me la, menye etsɔ si gbɔna me koe amesi nye ame maɖifɔ kple ame dzɔdzɔe le Mawu ƒe ŋkume la akpɔ ŋutifafa le o. Ekpɔnɛ fifia hã. Aleke wòate ŋu adzɔe? Bu ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Paul ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu kpɔ.
Paul le sitsoƒedilawo ƒe asaɖa si sa ɖe aga le Ethiopia ƒe anyigbeɣetoɖoƒe, togbɔ be dukɔ aɖe si te ɖe wo ŋu mee wòtso hã. Le wo dedukɔ me la, edo go Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka si wɔa dɔ le amikuƒe aɖe, eye ŋutsu sia na Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye Nyateƒe, si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Meea lae. Togbɔ be Paul megakpɔ Ðasefoa ake o hã la, esrɔ̃ agbalẽa nyuie. Dukɔmeviʋae nyãe wòyi sitsoƒedilawo ƒe asaɖa me le Ethiopia, eye eƒo nu na ame bubuwo tso nusi wòxlẽ la ŋu le afima. Ƒuƒoƒo sue aɖe va xɔ eƒe nya la be enye nyateƒe. Eteƒe medidi o, wonɔ te ɖe nusi wosrɔ̃ la dzi nɔ gbeƒã ɖem na ame bubuwo le asaɖa la me.
Paul ŋlɔ agbalẽ na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã tsɔ bia kpekpeɖeŋui. Ewɔ nuku na subɔla si woɖo ɖa tso Addis Ababa, esi wòkpɔ be ame 35 nɔ ye dzɔm henɔ dzadzraɖoɖi be yewoasrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu. Wowɔ ɖoɖo be woanɔ kpekpeɖeŋu nam wo enuenu.
Aleke woate ŋu agblɔe be ame abe Paul ene le ŋutifafa me? Agbenɔnɔ mele bɔbɔe na wo o, gake woxɔ Mawu dzi se. Ne xexe sia ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ ɖe fu na wo la, wotsɔa Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia wɔa dɔe be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo.” Esia naa dziɖeɖi si mebɔ egbea o la wo. Nya siwo apostolo Paulo gblɔ na Filipi hamea wɔa dɔ na wo: “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.” Nyateƒe, wosena le wo ɖokui me be yewo le ƒomedodo kplikplikpli me kple Yehowa, “ŋutifafa Mawu la.”—Filipitɔwo 4:6, 7, 9.
Fifi ƒe Ŋutifafa Aɖe
Fia si woɖo na Mawu ƒe Fiaɖuƒeae nye Yesu Kristo, si woyɔ le Biblia me be “ŋutifafafia.” (Yesaya 9:5) Blema nyagblɔɖila la gblɔ le eŋu be: “[Aɖe] gbe ƒã ŋutifafa le dukɔwo dome; eƒe fiaɖuƒe atso atsiaƒu nu ayi atsiaƒu nu, eye tso tɔsisi la nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.” (Zaxarya 9:10) Nya siawo ƒomevi siwo tso gbɔgbɔ me la kpɔ ŋusẽ ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye José ƒe agbenɔnɔ dzi.
Ɣeaɖeɣi la, José nɔ gaxɔ me. Enye ŋɔdzidonuwɔla eye wolée esi wònɔ dzadzram ɖo be yeada bɔmb akaka kpovitɔwo ƒe nɔƒe. Ebu be ʋunyaʋunyawɔwɔ koe azi dziɖuɖua dzi wòaɖɔ nɔnɔmewo ɖo le yewoƒe dukɔa me. Esi wònɔ gaxɔa me la, Yehowa Ðasefowo va dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple srɔ̃a.
Esi woɖe asi le José ŋu la, eya hã srɔ̃ Biblia la, eye eteƒe medidi o, nya siwo le Psalmo 85:9 va eme nɛ be: “Mase nusi gblɔ ge Mawu Yehowa ala; elabena agblɔ ŋutifafa na eƒe dukɔ kple eƒe mawumemewo.” Gake kpukpui ma wu enu kple nuxlɔ̃ame aɖe be: “Megana woatrɔ ɖe kakaɖeameɖokuidzi ŋu o.” (NW) Eyata amesi di ŋutifafa si tso Yehowa gbɔ la mado eɖokui ɖe dzi awɔ nu le eɖokui si alo atsi tre ɖe Eƒe lɔlɔ̃nu ŋu o.
Egbea, José kple srɔ̃a zu subɔla Kristotɔwo. Wofiaa ame bubuwo be Yehowa ƒe Fiaɖuƒea koe nye kuxi siwo José nɔ agbagba dzem tsã be yeatsɔ bɔmb siwo eya ŋutɔ wɔ la akpɔ egbɔe la gbɔkpɔnu. Wolɔ̃ xɔ Biblia dzi se, esi gblɔ be: “Yehowa ana nu nyui hã.” (Psalmo 85:13) Ẽ, nyitsɔ laa José va yi srã amewo kpɔ le kpovitɔwo ƒe nɔƒe si wòdi tsã be yeagbã la. Nukatae? Be yeaƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu na ƒome siwo le afima.
Ŋutifafamewo
Biblia gblɔ le Psalmo 37:10, 11 be: “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eteƒe la, màgakpɔe o. Ke [ame fafawo, NW] anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” Ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ kae nye si!
Gake de dzesii be, “ame fafawo” koe Yehowa naa ŋutifafae. Ele be amesiwo dia ŋutifafa nasrɔ̃ alesi woanye ŋutifafamewoe. Aleae wònɔ le Keith si le New Zealand la gome. Woɖɔ Keith be enye “ame kako eye nɔnɔme sesẽ aɖe le esi, gedila kple nyahela.” Enɔ adzoha aɖe me eye wònɔ aƒe si nye mɔ̃ sesẽ aɖe si ŋu abɔ le eye aƒeŋudzɔvũ etɔ̃ nɔa dzɔdzɔm, be ame aɖeke nagage ɖe eme madzemadzee o la me. Srɔ̃anyɔnu si dzi vi ade nɛ gbee.
Esi Keith do go Yehowa Ðasefowo la, nyanyuia wɔ dɔ ɖe edzi vevie. Eteƒe medidi o wo kple viawo va nɔa kpekpewo dem kple Ðasefowo. Elũ eƒe taɖa si didi ɖo eƒe alime ke eye wòdze nu ƒoƒo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu gɔme na amesiwo wòdea ha kpli tsã la. Amesiawo dometɔ aɖewo hã dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme.
Abe dzinyuitɔ miliɔn geɖe siwo le anyigba dzi godoo ene la, Keith dze apostolo Petro ƒe nyawo dzi wɔwɔ gɔme: “Amesi le didim be, yealɔ̃ agbe, eye yeakpɔ ŋkeke nyuiwo la, . . . nete ɖa le vɔ̃ ŋu, eye wòawɔ nu nyui; nedi ŋutifafa, eye wòati eyome.” (Petro I, 3:10, 11) Keith srɔ̃ xoxoa lɔ̃ be yeagaɖee, eye ele alesi “[wòadi] ŋutifafa, eye wòati eyome” la srɔ̃m azɔ.
Yehowa ƒe ŋutifafa xɔ ame geɖe ɖe agbe, eye ame aɖe si nye kametefefewɔla tsã si wodzi le U.S.S.R. si nɔ anyi tsã hã le wo me. Ŋutsu sia xɔ dziɖununana geɖe le Olympic hoʋiʋli me, gake dzidzɔkpɔkpɔ bu ɖee eye wòtrɔ ɖe atikevɔ̃ɖiwo kple aha sesẽ zazã ŋu. Ƒe 19 va yi si me nu geɖe dzɔ le, abe gaxɔmenɔnɔ ƒe etɔ̃ le dɔsesẽwɔwɔ ƒe asaɖa me le Siberia, tɔdziʋu fifi ɖo yi Canada, kple kudonuɖoɖo zi eve le eƒe atikevɔ̃ɖiwo zazã ta ene, mlɔeba la, edo gbe ɖa na Mawu be wòana tameɖoɖo vavã nasu ye si le agbe me. Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefo Russiagbe-dolawoe kpe ɖe eŋu be wòkpɔ ŋuɖoɖo na eƒe nyabiabiawo. Abe ame miliɔn geɖe ene la, ŋutsu sia va le ŋutifafa me kple Mawu eye eya ŋutɔ hã ŋuti fa.
Tsitretsitsi Mɔkpɔkpɔ la
Mlɔeba la, na míatrɔ yi Bozo kple Hena Djorem gbɔ le Sarajevo. Vinyɔnuvi si xɔ ƒe atɔ̃, si nye Magdalena, nɔ srɔ̃tɔ siawo si. Le July si va yi me la, wo ame etɔ̃ la nɔ go dom le aƒeme yina ɖe gbeƒãɖeƒe ake esi tukpe aɖe wó hewu wo katã. Ke ŋutifafa si woɖea gbeƒãe na ame bubuwo ya ɖe? Ðe esi tukpe wu wo fia be menye ŋutifafa vavãe oa?
Kura o! Afɔkuwo dzɔna le nuɖoanyi sia me. Bɔmb alo tukpe wua amewo. Amewo kuna le dɔléle alo dzɔgbevɔ̃ewo me. Tsitsi wua ame geɖewo. Amesiwo sea vivi le Mawu ƒe ŋutifafa me la medo le me o, gake alesi nusiawo ate ŋu adzɔ la menaa mɔkpɔkpɔ buna ɖe wo o.
Yesu do ŋugbe na exɔlɔ̃ Marta be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe.” (Yohanes 11:25) Djorem-ƒomea xɔ nya sia dzi se, abe alesi Yehowa Ðasefowo katã xɔe se ene. Eye xɔse le Djorem-ƒomea si be ne yewoku la, woafɔ yewo ɖe tsitre va anyigba si dzi ŋutifafa vavãtɔ anɔ ɣemaɣi la dzi. Yehowa Mawu “latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:4.
Ɣeɣiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, egblɔ na eyomedzelawo be: “Ŋutifafa gblẽm mele ɖi na mi; . . . Miaƒe dzi nagaʋuʋu nyanyanya o.” (Yohanes 14:27) Míekpɔa dzidzɔ kple Djorem-ƒomea si si ŋutifafa ma nɔ eye woagase eƒe vivi godoo bliboe wu le tsitretsitsi la me. Míekpɔa dzidzɔ kple amesiwo katã subɔa Yehowa, ŋutifafa Mawu la. Amesiawo ƒomevi vona le susu me. Ŋutifafa nɔa wo kple Mawu dome. Wonaa ŋutifafa nɔa wo kple ame bubuwo dome. Eye woka ɖe ŋutifafa si ava etsɔme dzi. Ẽ, wokpɔ ŋutifafa, togbɔ be wole xexe si me ʋunyaʋunyawɔwɔ le me hã. Vavãe, amesiwo katã subɔa Mawu le gbɔgbɔ kple nyateƒe me la nɔa ŋutifafa me. Neva eme be wò hã nakpɔ ŋutifafa ma ƒomevi.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Etalawoe nye Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]
Wokpɔ ŋutifafa togbɔ be wole xexe si me ʋunyaʋunyawɔwɔ le me hã