Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo Kpe Ta
WODE se na Yehowa Mawu ƒe blemadukɔ be ne wokpe ta hena tadedeagu la, “[woakpɔ] dzidzɔ wòatso eme.” (Mose V, 16:15) Ƒe 1995/96 “Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo” Nutome Gã Takpekpewo na susu nyui siwo ta Yehowa Ðasefowo akpɔ dzidzɔ ɖo la wo nyateƒe.
Wotu woƒe xɔse ɖo tso esime takpekpe sia si wowɔ le teƒe vovovowo la dze egɔme. Wofia alesi míawɔ akpɔ dzidzɔ le xexe si me dzidzɔ mele o me hã wo. Mina míadzro takpekpea ƒe ŋkekeawo me ɖekaɖeka.
‘Mikafu Yehowa . . . Mitso Aseye!’
Wotu takpekpea ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe tanya si le etame la ɖe Psalmo 149:1, 2 dzi. Nuƒo si ƒe tanyae nye “Nusiwo Ta Míatso Aseye Ðo la Le Mía Si” dzro nusi ŋu nyagblɔɖi si le Yesaya ta 35 ku ɖo me. Eva eme le blema Israel kple vevietɔ le míaƒe ŋkekea me esime wogbugbɔ Yehowa ƒe tadeagulawo ɖo gbɔgbɔmeparadiso aɖe me le nudzedziname kple lãmesẽ me. Eyata susu si ta woatso aseye ɖe tame si Mawu ɖo ɖe eƒe amewo ŋu le gbɔgbɔmeparadiso aɖe me kple le Paradiso ŋutɔŋutɔ si gogo ŋutɔ me ɖo la nɔ takpekpevalaawo si.
Nuƒo tɔxɛ si ƒe tanyae nye “Woɖe Wo Ðe Vovo be Woanye Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo le Xexeame Katã” ɖo biabia si nye: Nukae na míeto vovo le xexe sia me? la ŋu. Míaƒe tadedeagu na Yehowa le ɖekawɔwɔ mee. Afika kee Yehowa Ðasefowo le le anyigba sia dzi o, woƒoa nu hefiaa nu le nusɔsɔ me. Dzi dzɔa wo hã le Yehowa ƒe tameɖoɖo wɔnuku be yeato yeƒe Fiaɖuƒea dzi akɔ yeƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu ahaʋli yeƒe fianyenye ta la me. Gake aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu be míawɔ akpa aɖe le eƒe tameɖoɖo mee? Etsɔ eƒe Nya kɔkɔe la ƒe nyateƒea na mí. Mawu na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe mí. Etsɔ xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ kple ɖoɖo hena tadedeagu dzadzɛ yra mí. Míaƒe dukɔwo dome ƒomea kpena ɖe mía ŋu be míasubɔ Yehowa kple dzi si kpɔa dzidzɔ geɖe.
“Ame Ðokui Ðeɖeɖa Ðimaƒomaƒoe tso Xexeame” te gbe ɖe alesi wòhiã be míatsri nɔnɔme gbegblẽ siwo nye ameŋkumekpɔkpɔ kple vovototodedeameme dzi. (Yakobo 2:5-9) Ame aɖewo ade ha kple amesiwo ƒe nɔnɔme alo ganya sɔ kple wo tɔ, eye woahe ɖa le hati Kristotɔ siwo nye hiãtɔ alo esiwo dzi nu mede o ŋu. Ame bubuwo hã anɔ amesiwo le agbanɔamedzinɔƒewo le hamea me la yome. Woŋlɔna be be mɔnukpɔkpɔ gãtɔ kekeake si ame ate ŋu akpɔe nye Yehowa ƒe Ðasefo nyenye. Eyata mele be míaɖe mɔ xexeame ƒe nɔnɔmewo nagblẽ mí eye wòagblẽ hamea ƒe ŋutifafa me o.—Petro II, 3:14.
Nuƒo si nye “Ðe Mesu Te na Srɔ̃ɖeɖea?” ɖee fia be ame geɖe tsɔa dzitsitsi ɖea srɔ̃e. Ame aɖewo ɖea srɔ̃ be yewoavo tso aƒeme nɔnɔme sesẽwo me alo le esi wo hatiwo le srɔ̃ ɖem ta. Gake susu nyui siwo ta woaɖe srɔ̃ la dometɔ aɖewoe nye didi be yeawɔ ɖeka kple ame bubu ati teokrasi-taɖodzinuwo yome, lɔlɔ̃ vavãtɔ, kpeɖeŋutɔ kple dedienɔnɔ didi, kple didi be yeadzi vi. Gbɔgbɔmehehexɔxɔ le vevie le dzadzraɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu me. Tsɔ kpe ɖe nu bubuwo ŋu la, ehiã be woatu nɔnɔme nyuiwo ɖo to amenyenye yeye dodo me. Ele vevie hã be woalé ŋku ɖe eŋu akpɔ ne amesi ava zu kpeɖeŋutɔ la ɖenɛ fiana be ƒomedodo ŋutɔŋutɔ le woa kple Yehowa dome eye wòwɔa nu kple ame bubuwo le bubu me. Aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ tso Kristotɔ tsitsiwo gbɔ hã nyo.—Lododowo 11:14.
Nuƒo si kplɔ numedzodzro sia si kɔ nu me ɖoe nye esi ƒe tanyae nye “Dzila Siwo Kpɔa Dzidzɔ ɖe Wo Viwo Ŋu.” Ne wodzi vi la, enyea dzidzɔɣeyiɣi zi geɖe. Gake vidzidzi hã hea agbanɔamedzi gã aɖe vɛ. (Psalmo 127:3) Eyata ele vevie be woafia ɖeviwo be woalɔ̃ Yehowa. Dzilawo ate ŋu awɔ esia to nuƒoƒo tso Yehowa ŋu na wo viwo edziedzi kple eƒe Nya la me gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ le ƒomea me me.
Nane dzɔ le takpekpea ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe nuwuwu si womekpɔ mɔ na o—eyae nye agbalẽ gbadza yeye si nye Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede ɖeɖe ɖe go. Egblɔe eme kɔ nyuie be Ðasefowo “dea dzi ƒo na wo viwo be woasrɔ̃ nu vevie ahalé fɔ ɖe dɔ siwo wode asi na wo le suku ŋu.” Agbalẽ sia gaƒo nu tso nu ɖedzesi siwo do tso nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ srɔ̃suku siwo Yehowa Ðasefowo ɖo ɖe Nigeria, Mexico kple dukɔ bubuwo me ƒe geɖe enye sia la ŋu. Agbalẽ gbadza la akpe ɖe nufialawo ŋu woakpɔe be míebua sukudede nu vevii ŋutɔ.
‘Mitsɔ Kafukafuvɔsawo Nɔ Mawu Nam Ɣesiaɣi’
Wotu ŋkeke evelia ƒe tanya ɖe Hebritɔwo 13:15 dzi. Nuƒo kpui siwo ƒe tanyae nye “Wɔwɔ Ðe Amekpekpe be Woakafu Yehowa Dzi” la nɔ ŋdime nuƒoawo me. Ƒe si ame xɔ mexea mɔ ɖe eƒe wɔwɔ ɖe amekpekpe sia dzi nu o. Psalmo 148:12, 13 de dzi ƒo na ɖekakpuiwo, ɖetugbiwo, ame tsitsiwo, kple ŋutsuviwo be woakafu Yehowa. Yehowa subɔla kpɔdzidzɔ geɖe te ŋu dzi woƒe kafukafu ɖe edzi. Le xexeame katã la, amesiwo wu 600,000 le gome kpɔm le ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa, alo mɔɖeɖedɔa me. Amesiwo wu 15,000 le mɔɖela vevi ƒe dɔa wɔm, eye ame 15,000 kple edzivɔ le subɔsubɔm le Betel.
Nuƒo si nye “Subɔsubɔ Nuteƒewɔwɔtɔe Kple Yehowa ƒe Habɔbɔ La” ɖee fia be nuteƒewɔwɔ le vevie na Mawu ƒe amewo. Nuteƒewɔwɔ na Yehowa fia be míaku ɖe eŋu le ɖokuitsɔtsɔna si nu sẽ ale gbegbe be ewɔa dɔ abe nusi lé mí ɖe eŋu kaɖii ene me. Nuteƒewɔwɔ bia be míatsri eɖoɖo koŋ ada le Biblia ƒe sededewo dzi, ame bubuwo ɖale mía kpɔm alo womele mía kpɔm o. Ebia hã be míalé Biblia ƒe nufiafia siwo le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo me kpakple gbɔgbɔmenuɖuɖu bubu siwo katã Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa nana la me ɖe asi. Nyɔnyrɔ̃xɔxɔnuƒoae kplɔ nuƒo sia ɖo. Dzidzɔ kae nye si wònye esime amesiwo axɔ nyɔnyrɔ̃ la ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi!
Nya siwo le Hosea 4:1-3 dzie wotu ŋdɔmenuƒo si nye “Nyuiwɔwɔ alo Vɔ̃wɔwɔ—Ka Yomee Nèle?” la ɖo. Togbɔ be xexeame ƒe nukpɔsusu le nyuiwɔwɔ ŋu gblẽ hã la, ele be Kristotɔwo natsɔ “veviedodo” ati agbenyuinɔnɔ yome. (Petro II, 1:5) Alesi ame bua tame dzie esia dzea egɔme tsona. Ne eƒe tamesusuwo nyo la, agblɔ nya siwo le dzadzɛ, esiwo nyo, hetua ame ɖo eye adze agbagba be yeaɖi anukware le nuwɔwɔ kple ame bubuwo me. Nyuiwɔwɔ yome titi bia hã be woadze agbagba ase nu gɔme eye woakpɔ nublanui na hati Kristotɔ si le nu xam alo amesi dzi nu te ɖo.—Tesalonikatɔwo I, 5:14.
Nuƒo bubu si nye “Nɔ Ŋudzɔ Ðe Abosam ƒe Mɔ̃tetrewo Ŋu” xlɔ̃ nu Kristotɔwo le wo ɖokui tsɔtsɔ de gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te ŋu. Le dɔdada gome la, ele be Kristotɔwo nanɔ ŋudzɔ ɖe mɔ siwo dzi wotona, abe goloɖoɖo si do ƒome kple vivimenuwɔwɔ ene ŋu. Gake nusi amewo awɔ atsɔ akpɔ woƒe ŋutilãmelãmesẽ dzi nye ame ŋutɔ ƒe nya.
Ŋkeke evelia wu enu kple nu dodzidzɔname aɖe si womenɔ mɔ kpɔm na o—eyae nye kotokumegbalẽvi yeye si ŋu wotrɔ asi le be wòakpe ɖe amesiwo si dzi ɖianukware le ŋu be woawɔ ŋgɔyiyi kabakaba aɖo adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔ̃xɔxɔ gbɔ. Axa 192-gbalẽ yeye sia ƒe tanyae nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Sidzedze-gbalẽa gblɔ nyateƒea le mɔ tuameɖo aɖe nu. Meƒo nu tso alakpanufiafiawo ƒe aʋatsonyenye ŋu fũ o. Nya bɔbɔe siwo wozã kple ɖoɖo nyui si nu woɖo wo ɖo la ana wòanɔ bɔbɔe be woazã agbalẽ sia atsɔ awɔ Biblia-nusɔsrɔ̃woe eye woatsɔe akpe ɖe amewo ŋu be woase Mawu ŋuti sidzedze dodzidzɔnamea gɔme.
‘Mikpɔ Dzidzɔ, eye Mitso Aseye Ðaa’
Nya siawo siwo tso Yesaya 65:18 lae nye takpekpea ƒe ŋkeke etɔ̃lia ƒe tanya. Biblia me nyagblɔɖi me vava fia asi ƒe 1914 be enye ƒe si me nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ge ɖe eƒe ŋkeke mamleawo me. Eyata nyaselawo ƒe susu nɔ nuƒo kpui siwo ƒe tanyae nye “Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo le Nuɖoanyi Sia ƒe Nuwuɣi” ŋu ŋutɔ. Nuƒolaawo ɖe alesi xexeame ƒe gbɔgbɔ siwo nye ŋukeklẽ kple ʋunyaʋunyawɔwɔ kpɔ ŋusẽ ɖe ame biliɔn geɖe dzii la fia. Esusɔ vie woadrɔ̃ ʋɔnu wo akpe ɖe xexeme si dzi ɖum Satana le la ŋu. Eyata fifiae wòle be míawɔ tiatia. Akpa ka dzie míedi be míanɔ? Ðe míedi be míade ta agu na Yehowa ahado eƒe fianyenye ɖe dzia, alo ɖe míaɖe mɔ Satana nanye mía dzi ɖula to nusiwo dzea eŋu wɔwɔ mea? Ele be mí katã míanɔ Yehowa ƒe akpa dzi wòadze ƒã.
Takpekpea ƒe dutoƒonuƒo si nye “Kafu Fia Mavɔmavɔtɔ La!” na nyaselawo katã kpɔ nu vevi si ŋu woabu. Togbɔ be edze abe amegbetɔ beliwo mate ŋu ase mavɔmavɔ ƒe susua gɔme o ene hã la, Yehowa ya se egɔme bliboe. Hakpala la dzi ha be: “Yehowa enye fia tegbetegbe.” (Psalmo 10:16) Fia mavɔmavɔtɔ sia ʋu mɔ na ameƒomea be woakpɔ agbe mavɔ to Via, Yesu Kristo dzi. (Yohanes 17:3) Nuƒola la gblɔ be: “Ẽ, to Mawu ƒe hehenana kple Yesu ƒe tafevɔsa la dzixɔxɔse me la, mí amegbetɔ siwo nye nuvɔ̃mewo míate ŋu akpɔ agbe mavɔ.”
Esi takpekpea nɔ enu wum la, nuƒo mamlea si ƒe tanyae nye “Yehowa Kafukafu Dzidzɔtɔe Gbesiagbe” la tu amesiwo nɔ to ɖom la ɖo. Ede dzi ƒo na ame be míaxɔ alesi nusrɔ̃lawɔwɔdɔa le ŋgɔ yim le anyigba dzi katã ŋuti nyatakakawo. Eye eʋã takpekpevalawo be ‘woakafu Yehowa gbesiagbe eye woado eƒe ŋkɔ ɖe dzi tegbee.’—Psalmo 145:2.
Ŋutasẽnuwɔna manyagblɔwo na dzidzɔ mele xexeame o. Gake amesiwo xɔ Yehowa dzi se bliboe ate ŋu akpɔ mawumedzidzɔ. Eyata Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe habɔbɔa ate ŋu agagblɔ Psalmo 35:27, 28 me nya siwo gbɔna la ake be: “Amesiwo ŋu nye dzɔdzɔenyenye dze la, atso aseye, eye woakpɔ dzidzɔ ahanɔ gbɔgblɔm ɖaa be: Yehowa, amesi ŋu eƒe dɔla ƒe ŋutifafa dze la, lolo! Nye aɖe aƒo nu le wò dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòakafu wò gbesiagbe.”
[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]
“Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede” ƒe agbalẽ gbadza la aɖe vi na ƒomewo
[Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]
Agbalẽ yeye si nye “Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me” gblɔ Biblia me nyateƒewo le mɔ tuameɖo aɖe nu
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Ame geɖe xɔ nyɔnyrɔ̃ wònye woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe dzesi
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Drama si ƒe tanyae nye “Bubudede Amesiwo Dze Ŋu le Woƒe Tsitsime” wɔ dɔ ɖe takpekpevalaawo dzi vevie