“Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo” Yehowa Ðasefowo ƒe Nutome Gã Takpekpe
Ŋkeke etɔ̃ ƒe Biblia me nufiafia tuameɖowo le lalawòm. Esi wònye wowɔ ɖoɖo be woawɔ takpekpe le teƒe 21 le Ghana kple Togo ta la, takpekpe aɖe atsɔ gbɔwò godoo. Nɔ anyi hafi woatsɔ hadzidzi adze takpekpea gɔme le Fiɖa ŋdi ga 9:40 me.
Woagblɔ dzaadonamenyawo le Fiɖa ŋdi me ahaƒo nuƒo tɔxɛ si ƒe tanyae nye, “Woɖe Wo Ðe Vovo be Woanye Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo le Xexeame Katã” hã. Le ŋdɔ me la, nuƒoawo aku ɖe sɔhɛwo, dzilawo, kple sukudede ŋu. “Ðe Mesu Te na Srɔ̃ɖeɖea?” anye nuƒo si sɔhɛwo madi be wòato yewo ŋu o. Dzilawo naɖo to ase nuƒo si ƒe tanyae nye “Dzila Siwo Kpɔa Dzidzɔ ɖe Wo Viwo Ŋu” vevie. Woatsɔ nuƒo si nye “Sukudede—Wɔ Eŋudɔ Tsɔ Kafu Yehowae” atsɔ aƒo ŋdɔ me kpekpea tae. Ele be nusiwo me woadzro nakpe ɖe sɔhɛwo ŋu woakpɔ dzidzedze le suku.
Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ anɔ Memleɖa ŋdi ƒe kpekpea me, eye woana mɔnukpɔkpɔ amesiwo dze la be woaxɔ nyɔnyrɔ̃. Le ŋdɔ me la, woadzro nu me tsitotsito le alesi Satana wɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ŋudɔ tso gɔmedzedzea me tsɔ tre mɔ̃ na amewoe la ŋu. Woaƒo nuƒo sẽŋu si ƒe tanyae nye “Ƒo Asa na Abosam ƒe Mɔ̃tetrewo” la hã. Woaƒo nuƒo vevi si nye “Nusita Ameƒomea Hiã Mawu Ŋuti Sidzedze” atsɔ ahe ŋkekea va nuwuwui.
Le Kwasiɖagbe ŋdi la, nuƒo kpuiwo siwo ƒe tanyae nye “Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo le Nuɖoanyi Sia ƒe Nuwuɣi” ahe míaƒe susu ayi xexemenudzɔdzɔ dovoɖiname siwo le mía ŋgɔ tututu la dzii. Ate gbe ɖe alesi wòhiã kpatae be míasi ayi dedienɔƒe hafi “xaxa gã” si ŋu Yesu Kristo ƒo nu tsoe, abe alesi woŋlɔe ɖe Mateo 24:21, nadze egɔme la dzi.
Woawɔ drama vevi si ƒe tanyae nye “Bubudede Amesiwo Dze Ŋu le Woƒe Tsitsime” atsɔ awu Kwasiɖagbe ŋdi kpekpea nui. Ke woaƒo dutoƒonuƒo si nye “Mikafu Fia Mavɔmavɔtɔ La!” le ŋdɔ me. Eyae anye takpekpea me nuƒo vevitɔ.
Wɔ ɖoɖo fifia be nàde. Ne èle teƒe si gogo wò wu dim la, yi ɖabia le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le mia gbɔ me alo nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo. June 8 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! ayɔ teƒe siwo katã woawɔ takpekpewo le le United States, Canada, Britain, kple Ireland.