INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 2/1 axa 15
  • ‘Woklẽna abe Akaɖiwo ene le Xexeame’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Woklẽna abe Akaɖiwo ene le Xexeame’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ele Be Nàkpɔ Video si Nye No Blood—Medicine Meets the Challenge
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Melɔ̃ Ðe Nya Si Mawu Gblɔ Tso Ʋu Ŋu La Dzi
    Nyɔ!: Melɔ̃ Ðe Nya Si Mawu Gblɔ Tso Ʋu Ŋu La Dzi
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 2/1 axa 15

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

‘Woklẽna abe Akaɖiwo ene le Xexeame’

YEHOWA ÐASEFOWO nye amesiwo ɖe dzesi eye zi geɖe la woƒoa nu tsia tre ɖe wo ŋu le esi womedoa ʋu o ta. Gake tenɔnɔ sia nye esi wotu ɖe Biblia dzi goŋgoŋ. Efia be Mawu tsi tre ɖe ʋu zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu ŋu, le esi ʋu nye nu kɔkɔe le eŋkume ta. (Mose I, 9:3, 4; Mose III, 17:14) Le esi Yehowa Ðasefowo dzroa nya sia me le Ŋɔŋlɔawo me ta la, wova ƒo nya ta be edze ƒã be Biblia ƒe sedede be ‘woatsri ʋu’ la ku ɖe egbegbe ʋudodo hã ŋu.—Dɔwɔwɔwo 15:19, 20, 28, 29.

Le ƒe siawo me la, atikenyala geɖe kpakple ʋɔnudrɔ̃ƒe siwo le dukɔ aɖewo me va de Yehowa Ðasefowo dzi le nya sia me. Le kpɔɖeŋu me, vidada ɖetugbi aɖe le Denmark si nya Biblia ƒe nukpɔsusu le ʋudodo ŋu la kpɔ lɔrifɔku eye wòku. Le esi wògbe ʋudodo ta la, eƒe ɖɔktawo zii ɖe nyadzɔdzɔŋlɔlawo dzi woƒo nu tsi tre ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu ɣleti ɖeka sɔŋ.

Ðetugbia dzilawo bia be woaku nya la me, eye le April 1994 me la, Denmark ƒe Dɔwɔƒe si Kpɔa Dɔnɔwo ƒe Nyawo Gbɔ wɔ nyametsotso. Wogblɔ be menye esi dɔnɔa gbe ʋudodo tae wòku o ke atike nyui si womewɔ nɛ o gbɔe wòtso. Wotu nyametsotsoa ɖe numekuku si Habɔbɔ si Kpɔa Atikewɔwɔ me Nyaʋiʋliwo Gbɔ wɔ dzi. Dukɔa ƒe Atikewɔnyawo Dzikpɔha ɖo agbalẽ ɖe atikewɔƒe siwo katã le Denmark be enye agba le ɖɔktawo dzi be woawɔ dɔdamɔnu nyuitɔ bubuwo na Yehowa Ðasefowo, eye woawɔ ɖe woƒe ʋumadomado dzi.

Nya bubu hã fɔ ɖe te le Ðasefo ƒe-15-vi si ŋkɔe nye Dan, si ʋumenugbagbeviɣidɔ wu la ŋuti. Le esia me la, ɖɔktawo de bubu Dan ƒe tenɔnɔ sesĩe be yemado ʋu o la ŋu. Esia wɔe be nyadzɔdzɔŋlɔlawo lé nya la ɖe nu bobobo henɔ fɔ bum ɖɔktawo be woawo gbɔe wòtso be Dan ku. Gake ame geɖe melɔ̃ ɖe ameŋugblẽnya mawo dzi o.

Le kpɔɖeŋu me, Dan ƒe sukutatɔ nɔ kua teƒe le Fiaɖuƒe Akpata me. Egblɔ be nya madzemadze siwo nyadzɔdzɔgbalẽwo ŋlɔ tso Dan ƒe kua ŋu la wɔ nuku na ye ŋutɔ. Esi wòte ɖe eƒe dɔwɔhati aɖe si nye Ðasefo ŋu hebia nya geɖe tso Yehowa Ðasefowo ŋu vɔ la, exɔ video kasɛt si nye Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name. Video la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be ewɔ ɖoɖo be nufiala siwo katã le sukua nakpɔe. Emegbe woɖe video la fia sukuviawo katã hã le klass ɖesiaɖe me.

Denmark ƒe atikewɔnyagbɔkpɔla hã melɔ̃ ɖe nya madzemadze siwo wogblɔ tso Dan ƒe ɖɔktawo ŋu dzi o. Egblɔ be ɖɔktawo wɔ nusi nyo be wode bubu Dan ƒe nyametsotso kple eƒe xɔse ƒe nuŋububu nyui si me kɔ la ŋu.

Fiaɖuƒegbeƒãɖela miliɔn geɖe li siwo wɔna ɖe Mawu ƒe sededewo dzi. Le woƒe toɖoɖo ta la, woɖe dzesi, ‘woklẽna abe akaɖiwo ene le xexeame.’—Filipitɔwo 2:12, 15.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe