Ele Be Nàkpɔ Video si Nye No Blood—Medicine Meets the Challenge
Aleke gbegbee nènya nu tso atikewɔwɔ ƒe mɔnu vovovo siwo me womezãa ʋu le o ŋui? Ðe nèse atikewɔwɔ mɔnu vovovo siwo ŋudɔ woawɔ na ame ɖe ʋudodo teƒe kple alesi wowɔa dɔe gɔmea? Kpɔ video sia, eye nàzã nyabiabia siwo kplɔe ɖo atsɔ ado wò sidzedze kpɔe.—Mide dzesii: Esi wònye be woɖe amekoko ƒe nukpɔkpɔ ʋɛ aɖewo fia le eme ta la, ele be dzilawo naɖɔ ŋu ɖo ne wole video sia kpɔm kple wo vi suewo.
(1) Susu vevi ka tae Yehowa Ðasefowo melɔ̃na be woado ʋu na yewo o, eye afikae gɔmeɖose ma dze le le Biblia me? (2) Nukae nye míaƒe didi le atikewɔnyawo me? (3) Gomenɔamesi vevi kae le dɔnɔwo si? (4) Nukatae wònye nusi me nunya le eye wòsɔ be woagbe be woagado ʋu na ame o? (5) Ne ʋu agbɔsɔsɔ gbogbo aɖe ɖuɖu le dɔnɔ ŋu la, nu vevi eve kawo ŋue ɖɔktawo trɔna ɖo gbã? (6) Afɔku kawoe ʋudodo ate ŋu ahe va wò lãmesẽ dzi? (7) Dɔwɔnu kawoe le amekolawo si si wotsɔ ɖea ʋuɖuɖu le ame ŋu dzi kpɔtɔna ne wole ame kom? (8) Nukae nàdi be yeanya tso atike si woate ŋu awɔ na ame ɖe ʋudodo teƒe ŋu? (9) Ðe woate ŋu ako ame aɖe si le nɔnɔme sesẽ aɖe me ne womedo ʋu nɛ oa? (10) Nuka dzie atikewɔla geɖewo le lɔlɔ̃m ɖo be yewoawɔ na Yehowa Ðasefowo, eye nukae ate ŋu ava nye dzidzenu le atikewɔnyawo me na dɔnɔwo katã mlɔeba?
Ðikeke mele eme o be ahe viɖe geɖe vɛ ne míekpɔ video si nye No Blood (Ʋumadomado) kple míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo, srɔ̃tɔ alo ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o, dɔwɔhatiwo, nufialawo, kple sukuhati siwo ɖewohĩ woabia nya tso nusitae míelɔ̃na wodoa ʋu na mí o ŋu. Lɔlɔ̃ be woawɔ atike na ame le mɔ ƒomevi aɖe nu si woɖe le video dzi nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso si ŋu wòabu nuwo ŋu nyuie hafi awɔ.—Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” le June 15 kple October 15, 2000, Gbetakpɔxɔ ƒe tatawo me.