Ŋutasesẽ Le Afisiafi
ESI ʋukula la nɔ eƒe ʋu me nɔ akaɖi si kpɔa ʋuwo ƒe zɔzɔ dzi lalam be bubu nasi la, tete wòkpɔ ŋutsu dzɔtsu aɖe wògbɔna ɖe egbɔ nɔ nya baɖabaɖawo gblɔm kple ɣli henɔ kɔ dam ɖe yame. Ʋukula la ɖe abla tu eƒe ʋɔtruwo kple fesrewo, gake tetem ɖe eŋu koe ŋutsu dzɔtsua nɔ. Esi ŋutsua va ɖo egbɔ la, eʋuʋu ʋua sesĩe eye wòdze agbagba be yeaʋu ʋua ƒe ʋɔtru. Mlɔeba esi wòdo kpo eʋuʋu la, edo eƒe kɔ gã ɖe dzi hetu ʋua ƒe ŋgɔgbehuhɔ̃e wògbã tsayatsaya.
Sinima si me kɔdada bɔ ɖo me nukpɔkpɔ aɖee nye esia? Ao! Dzre si dzɔ le ʋumɔ dzi le Oahu-ƒukpo si le Hawaii, afisi wonya nyuie le eƒe tomefafa kple dziɖeɖi ƒe nɔnɔme ta la dzie.
Mewɔ nuku o. Ʋɔtru me gametiwo, fesre me gawo, xɔŋudzɔlawo, nu siwo woŋlɔ ɖe bɔswo ŋu be “Ʋukula la metsɔa ga o” gɔ̃ hã—nu ɖeka ko fiam wo katã wole be: Ŋutasesẽ le afisiafi!
Ŋutasesẽ le Aƒeme
Tso gbaɖegbe ke la, wobua aƒeme be enye ame ƒe gbɔɖemeƒe. Gake nukpɔsusu sia le tɔtrɔm kabakaba. Ƒometɔwo ƒe ŋutasesẽ si ƒe ɖewoe nye ŋlɔmiwɔwɔ le ɖeviwo ŋu, ame srɔ̃ ƒoƒo, kple amewuwu la nye nyati vevi siwo ŋu wokaa nya ta le le xexeame godoo.
Le kpɔɖeŋu me, Manchester Guardian Weekly gblɔ be: “Ðevi siwo ne mede ɖeke o aɖo 750,000 le Britania ate ŋu ase veve ɣeyiɣi didi elabena wosẽa ŋuta le wo ŋu le aƒeme.” Wotu nyatakaka sia ɖe numekuku aɖe si wowɔ dzi si ɖee fia be “nyɔnu etɔ̃ le ene ɖesiaɖe dome si wobia gbee la gblɔ be yewo viwo kpɔ ŋutasẽnuwɔnawo teƒe, eye ɖeviawo dometɔ eve le etɔ̃ ɖesiaɖe me kpɔe be woƒo yewo nɔwo kpɔ.” Nenema ke U.S.News & World Report gblɔ be United States ƒe Aɖaŋuɖodɔwɔƒe si Kpɔa Ŋlɔmiwɔwɔ le Ðeviwo Ŋu Kple Wo Gbegblẽ Ði Gbɔ la gblɔ be “ɖevi 2,000 siwo dometɔ geɖe mexɔ ƒe 4 haɖe o la kuna ƒe sia ƒe le dzilawo alo vidzikpɔlawo si me.” Nyatakaka la gblɔ be esia sɔ gbɔ wu ame xexlẽme siwo kuna le ʋufɔkuwo, tsiléame, alo gege dze anyi me.
Ŋlɔmiwɔwɔ le ame srɔ̃ ŋu hã kpe ɖe aƒemeŋutasesẽ ŋu, siwo te ŋu nyea asi ɖoɖo ame, tomeƒoƒo, afɔkpo tutu ame, ve léle na ame, ƒoƒo, hɛ alo tu tsɔtsɔ do ŋɔdzi na ame, alo amewuwu kura gɔ̃ hã. Eye srɔ̃tɔ akpa evea siaa te ŋu wɔa ŋutasẽnu siawo tɔgbe egbea. Numekuku aɖe ɖee fia be le nyatakaka siwo wona tso srɔ̃tɔwo dome ŋutasesẽ ŋu me la, le wo memamã ene ɖesiaɖe me la, akpa ɖeka nye esi tsoa ŋutsua gbɔ, akpa ɖeka bubu tsoa nyɔnua gbɔ, eye akpa mamlea te ŋu nyea avuwɔwɔ si me woabu fɔ ame evea siaa le.
Ŋutasesẽ le Dɔwɔƒe
Ne míedzo le aƒeme la, dɔwɔƒee nyea afisi ame kpɔnɛ be sedziwɔwɔ, amebubu, kple nuɖɔʋuwɔwɔ le tso gbaɖegbe ke. Gake edze abe megale nenema azɔ o ene. Le kpɔɖeŋu me, akɔntabubu si tso United States Ʋɔnunyawo Gbɔkpɔƒea gbɔ la ɖee fia be wowɔa nu vlo ɖe amesiwo wu 970,000 ŋu ŋutasesẽtɔe le dɔwɔƒe ƒe sia ƒe. Ne míagblɔe bubui le Professional Safety—Journal of the American Society of Safety Engineers ƒe nyatakaka nu la, “afɔkua li be woawɔ ŋutasẽnu ƒomevi aɖe ɖe dɔwɔlawo dometɔ ɖeka ŋu le ame ene ɖesiaɖe dome le dɔwɔƒe.”
Nusi le fu ɖem wu kura enye be menye dzrehehe kple amedadaɖeanyinyawo gbɔgblɔ ko dzie ŋutasẽnuwo se ɖo le dɔwɔƒe o. Nyatakaka ma ke gblɔ be: “Dɔwɔla bubuwo ƒe ŋutasẽnu siwo wowɔna ɖe dɔtɔwo kple dɔwɔlawo koŋ ŋu la nye amewuwu ƒomevi si le dzidzim ɖe edzi kabakaba wu fifia le United States.” Le ƒe 1992 me la, afɔku si dzɔ ɖe ame 6 ɖesiaɖe dometɔ 1 dzi le dɔwɔƒe la nye amewuwu; le nyɔnuwo gome la, xexlẽmea nye ame 1 le 2 ɖesiaɖe me. Ðikeke aɖeke mele eme o be ŋutasẽnuwɔnawo le kakam vevie ɖe dɔwɔƒe si nye afisi sedziwɔwɔ nɔ tsã la.
Ŋutasesẽ le Kamedefefewo Kple Modzakaɖeɖewo Me
Kamedefefe kple modzakaɖeɖe nye nusiwo wowɔna be woatsɔ aɖe modzaka alo aɖi ɖe eme be wòagatu ame ɖo hena agbemedɔ siwo le vevie wu wɔwɔ. Egbea la, modzakaɖeɖe zu gakpɔmɔnu gã aɖe. Be woate ŋu akpɔ viɖe gbogbotɔ si woate ŋui tso gakpɔdɔ sia me la, modzakaɖenudzralawo megbea mɔnu ɖesiaɖe si dzi woate ŋu ato la zazã atsɔ adzra woƒe nuawoe o. Eye mɔnu siawo dometɔ ɖekae nye ŋutasesẽ.
Le kpɔɖeŋu me, asitsatsa ŋuti magazine si ŋkɔe nye Forbes ka nya ta be videodzifefe wɔla aɖe wɔ aʋawɔfefe xɔŋkɔ aɖe si me aʋawɔla aɖe tsoa ta le eƒe futɔ nu eye wòlãa eƒe dzimeƒu ɖa eye nukpɔlawo nɔa ɣli dom be, “Wui! Wui!” Gake ʋukɔkɔɖeanyinuwɔna ma mele fefe ma ƒomevi si dɔwɔƒe bubu aɖe si hã wɔa fefe mawo tɔgbe la wɔ ya me o. Nukae do tso eme? Ne woƒle esi me ŋutasesẽ le la ƒe 3 la, ekemɛ ya ƒe 2 ko woƒlena. Eye esia nye ga gbogbo aɖe. Esi wodze fefe siawo tɔgbe siwo wowɔ be woakpɔ le aƒewo me dzadzra gɔme la, dɔwɔƒeawo kpɔ ga dɔlar miliɔn 65 tso dukɔ siwo me wodzrae le le kwasiɖa eve gbãtɔwo me! Ne woakpɔ viɖe ko la, ŋutasesẽe nye nu bubu si wotsɔ hea nuƒlelawoe.
Ŋutasesẽ le kamedefefewo me nye nya bubu kura. Fefewɔlaawo ƒoa adegbe le nuvevi si wote ŋu wɔ amewo la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, agɔdzedze 86 ye nɔ hockey fefewɔwɔ aɖe me le ƒe 1990 me—enye agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si tɔgbe teƒe womekpɔ kpɔ o. Anyrawɔwɔ hena gaƒoƒo etɔ̃ kple afã sɔŋ tɔ te fefewɔwɔa. Wowɔ atike na fefewɔla ɖeka si ƒe ŋkumeƒu aɖe ŋe, eƒe ŋku dzi xɔ abi, eye wòxɔ abi gã aɖe. Nukatae wowɔa ŋutasẽnu mawo? Fefewɔla aɖe ɖe nu me be: “Ne èda kɔ geɖe hafi ɖu fefewɔwɔ si me seselelãme ŋutɔŋutɔ le dzi la, ne èɖo aƒeme la àse le ɖokuiwò me be mia kple yeƒe fefewɔhatiwo miegale kplikplikpli wu. Mesusui be kɔdadaawoe na fefea nye gbɔgbɔmetɔ ŋutɔŋutɔ.” Le egbe kamedefefe geɖe me la, ewɔ abe ŋutasesẽ menye nusi dzi wotona ɖua dzi ko o ke boŋ eyae nye nusi koŋ woɖo be woawɔ.
Ŋutasesẽ le Suku
Ɣeyiɣi didi aɖee nye sia la, wobuna suku be enye bebeƒe, afisi sɔhɛwo ate ŋu agblẽ woƒe kuxi bubuwo katã ɖe megbe le ahatrɔ susu ɖe alesi woatu woƒe susuwo kple ametia ɖoe ŋu. Gake suku meganye afisi dedienɔnɔ ma le egbea o. Gallup ƒe numekuku si wowɔ le 1994 me ɖee fia be ŋutasesẽ kple nuvlowɔhawo nye kuxi si xɔ nɔƒe gbãtɔ le dukɔa ƒe sukuwo me le United States si na be ga si wogblẽ ɖe eŋu sɔ gbɔ wu nusiwo ŋu wogblẽe ɖo le ƒe si do ŋgɔ nɛ me. Aleke gbegbee nɔnɔmea vloe?
Le numekuku si wowɔ me la, sukuvi 1 kloe le 4 ɖesiaɖe dome ɖo nyabiabia si nye “Ðe wowɔ ŋutasẽnu aɖe ɖe ŋuwò le suku alo le suku gbɔ lɔƒoa?” ŋu be ẽ. Nufialawo ƒe memamã si sɔ gbɔ wu ɖeka le memamã ewo me hã ɖo eŋu be ẽ. Numekuku ma ke ɖee fia be sukuviawo dometɔ 13 le alafa me, ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo siaa, lɔ̃ ɖe edzi be yewotsɔa amewunu yia suku ɣeaɖewoɣi. Wo dometɔ geɖe gblɔ be yewotsɔnɛ be amewo nakpɔ alo yewoatsɔ akpɔ yewo ɖokui tae. Gake sukuvi ƒe-17-vi aɖe da tu akɔta na eƒe nufiala esime nufiala la di be yeaxɔ eƒe tua le esi.
Ŋutasẽgbenɔnɔ
Ðikeke aɖeke mele eme o be ŋutasesẽ le afisiafi egbea. Miedzea ŋgɔ ŋutasẽgbenɔnɔ le aƒeme, le dɔwɔƒe, le suku, kple le modzakaɖeɖe me. Esi wokpɔa eteƒe ɖaa ta la, ame geɖe bunɛ be esɔ le dzɔdzɔme nu—vaseɖe esime wòdzɔna ɖe woawo ŋutɔwo dzi. Eya ko hafi wobiana be, Enu ava yi gbaɖegbea? Àdi be yeanya ŋuɖoɖoa? Ke taflatse xlẽ nyati si kplɔe ɖo.