Míewɔ Ðeka Le Mawu Subɔsubɔ Me Le Nɔnɔme Nyuiwo Kple Sesẽawo me
Abe alesi Michel kple Babette Muller gblɔe ene
ÐƆKTA la gblɔ be: “Nya vɔ̃e aɖe le asinye na mi. Miɖe susu ɖa le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ le Afrika dzi.” Etrɔ ɖe srɔ̃nye Babette ŋu eye wògblɔ be, “No me dɔdzẽ le ŋuwò.”
Dzidzi ƒo mí wu gbɔgblɔ. Míaƒe susu yi nu geɖe dzi. Míebui be ɖɔkta gbɔ yiyi siae anye nuwo dodokpɔ zi mamlea ko. Míeƒle tikit xoxo be míatrɔ ayi Benin le Ɣetoɖoƒe Afrika. Míenɔ mɔ kpɔm be míatrɔ ayi afima le kwasiɖa la me. Míedo go nɔnɔme nyuiwo kple sesẽawo le míaƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe 23 la me. Míetɔtɔ eye vɔvɔ̃ lé mí, míebla akpa azɔ̃ be míawɔ aʋa kple dɔdzẽ la.
Mina míadze egɔme tso gɔmedzedzea. Wodzi Michel le September 1947 me, eye Babette le August 1945 me. Míetsi le France eye míeɖe mía nɔewo le ƒe 1967 me. Paris ye míenɔ. Babette tsi megbe na dɔ me yiyi gbeɖeka ŋdi le ƒe 1968 me. Nyɔnu aɖe ƒo ʋɔa eye wòtsɔ subɔsubɔha aɖe ƒe agbalẽvi nɛ; eye wòxɔe. Eye nyɔnua gblɔ be: “Nye kple srɔ̃nye míate ŋu atrɔ va aƒo nu kple mia kple srɔ̃wòa?”
Babette ƒe dɔ me yiyie nɔ susu me nɛ. Edi be nyɔnua nadzo, eyata egblɔ ko be, “Mesee, Mesee.”
Michel ka nya ta be: “Nyemetsɔ ɖeke le subɔsubɔnyawo me o, gake agbalẽvia dze ŋunye, eye mexlẽe. Le ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, nyɔnua, Joceline Lemoine, kple srɔ̃a Claude, trɔ va. Ŋutsua bi ɖe eƒe Biblia zazã me ale gbegbe. Eɖo nye biabiawo katã ŋu. Esia wɔ dɔ ɖe dzinye.
“Katolikotɔ veviedonulae Babette nye gake Biblia menɔ esi o, eye aleae wòle le Katolikotɔ geɖe gome. Edzɔ dzi nɛ ŋutɔ esi wòkpɔ Mawu ƒe Nya la eye wòxlẽe. Míekpɔe le míaƒe nusɔsrɔ̃a me be subɔsubɔhawo ƒe nukpɔsusu geɖe siwo wofia mí tsã la nye aʋatso. Míedze egɔme nɔ nu ƒom tso nusiwo srɔ̃m míele ŋu na míaƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo. Míexɔ nyɔnyrɔ̃ zu Yehowa ƒe Ðasefowo le January 1969 me. Ame asieke siwo nye ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo hã xɔ nyɔnyrɔ̃ le ema megbe kpuie.”
Subɔsubɔ le Afisi Gbeƒãɖelawo Hiã Le
Míebu eŋu le míaƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ megbe teti be: ‘Vi aɖeke mele mía si o. Nukata míawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa o?’ Eyata míeɖe asi le míaƒe dɔwo ŋu le ƒe 1970 me hedze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme, eye míeʋu yi du sue si nye Magny-Lormes me, si te ɖe Nevers ŋu le France titina.
Dɔdasi sesẽ aɖee wònye. Esesẽ be míakpɔ amesiwo di be woasrɔ̃ Biblia kpli yewo. Míete ŋu kpɔ dɔwɔɖui aɖeke hã o, eyata ga sue aɖe koe nɔ mía si. Ɣeaɖewoɣi yevute koe nye nusi li míaɖu. Xexeame fana miamiamia le vuvɔŋɔli wòɖiɖina va ɖoa Celsius -22°. Míeyɔ ɣeyiɣi si míenɔ afima be nyinɔ ɖiku adreawo ƒe ɣeyiɣi.—Mose I, 41:3.
Gake Yehowa lé mí ɖe te. Gbeɖeka esi nuɖuɖu vɔ le mía si kloe la, posudɔwɔla aɖe tsɔ aɖaka gã ɖeka si tso Babette nɔvinyɔnu gbɔ si me nyinotsibabla le vɛ na mí. Ŋkeke bubu míegbɔ tso gbeƒãɖeƒe va aƒeme va do go xɔlɔ̃ aɖewo siwo zɔ mɔ kilometa 500 be yewoava kpɔ mí ɖa. Esi wose alesi nɔnɔmea sesẽe ta la, nɔvi siawo lɔ nuɖuɖu de woƒe ʋu eve vɛ na mí.
Le ƒe ɖeka kple afã megbe la, Habɔbɔa tia mí be míanye mɔɖela veviwo. Le ƒe ene siwo kplɔe ɖo me la, míesubɔ le Nevers, emegbe le Troyes, eye mlɔeba le Montigny-lès-Metz. Wotia Michel le ƒe 1976 me be wòanye nutome sue dzikpɔla le France ƒe anyigbeɣetoɖoƒe.
Le ƒe eve megbe, esime wonɔ nutome sue dzikpɔlawo ƒe suku aɖe wɔm la, míexɔ lɛta tso Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa gbɔ be míayi duta ava zu dutanyanyuigblɔlawo; lɛta la gblɔ be míatiae be míayi Chad alo Burkina Faso (si nye Upper Volta ɣemaɣi). Míetia Chad. Medidi o míegaxɔ lɛta bubu, si nye dɔdasi be míayi Tahiti ava wɔ dɔ le alɔdzea te. Afrika si nye anyigba gã aɖe ye míebia be míayi hafi, gake míawoe nye si va do ɖe ƒukpo sue aɖe dzi!
Subɔsubɔ le Anyigbe Pasifik
Tahiti nye ƒukpo dzeani aɖe si le anyigba xɔdzo dzi le Anyigbe Pasifik. Esi míeɖo la, nɔvi siwo ade alafa ɖeka nɔ yameʋudzeƒea be yewoakpe mí. Wolɔ̃ seƒoƒowo de kɔ na mí tsɔ do dzaa na mí, eye togbɔ be nu ti kɔ na mí le mɔ legbeea zɔzɔ tso France me hã la, dzi dzɔ mí ŋutɔ.
Esi míeɖo Tahiti ɣleti ene megbe la, míeɖo tɔdziʋu sue aɖe si wodo abala na eye wodo yevuneƒuƒuigba nɛ wòyɔ. Míeɖo afisi wode dɔ yeyea asi na mí le la le ŋkeke atɔ̃ megbe—ƒukpo si nye Nuku Hiva si le Marquesas Ƒukpowo dzi. Ame abe 1,500 ene ye le ƒukpoa dzi, gake nɔvi aɖeke menɔ afima o. Míawo koe.
Kɔƒe me ŋutɔŋutɔe wònye ɣemaɣi. Míenɔ aƒe sue si wotsɔ kɔnkrit kple pampro tu la me. Elektrik-kaɖi aɖeke menɔ anyi o. Pɔmpi aɖe nɔ anyi si dona ɣeaɖewoɣi, gake tsia me mekɔna kura o. Zi geɖe la, tsidzadza si kɔ ɖe vudo aɖe mee míezãna. Mɔdodo aɖeke meli o, afɔmɔ si dzi ʋuʋu le koe.
Be míate ŋu aɖo ƒukpoa ƒe didiƒewo la, ele be míahaya sɔwo. Atie wotsɔ wɔ sɔkpa lae—edzi menya nɔna kura o, vevietɔ na Babette, amesi medo sɔ kpɔ o. Míetsɔa yi ɖe asi be míatsɔ alã pampro siwo mu dze mɔa dzi la ɖa. Esia to vovo sã na France ƒe agbenɔnɔ.
Míewɔa kpekpewo le Kwasiɖagbe, togbɔ be mí ame evea koe dena hã. Le gɔmedzedzea me la, míegawɔa kpekpe bubuwo o esi wònye mí ame evea koe ta. Ðe ema teƒe la, míexlẽa nusɔsrɔ̃nyatia ɖekae.
Le ɣleti ʋee aɖewo megbe la, míeva bu eŋu be manyo be míanɔ ewɔm nenema o. Michel ka nya ta be: “Megblɔ na Babette be, ‘Ele be míado awu nyuie. Ànɔ afimɛ, eye nye hã manɔ afii. Madze egɔme kple gbedodoɖa, eye míawɔ Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kple Subɔsubɔ Kpekpea. Mabia biabiawo, eye àɖo eŋu, ne wò ɖeka koe gakpe ɖe ŋunye le xɔa me hã.’ Enyo be míewɔe nenema elabena ele bɔbɔe be woagbɔdzɔ le gbɔgbɔ me nenye be hame aɖeke meli o.”
Exɔ ɣeyiɣi hafi amewo dze míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpeawo vava gɔme. Mí ame evea koe dena le ɣleti enyi gbãtɔawo me. Emegbe ame ɖeka, eve, alo etɔ̃ va kpena ɖe mía ŋu ɣeaɖewoɣi. Le ƒe ɖeka me la, mí ame evea koe ƒo ƒu hena Aƒetɔ la ƒe Fiẽnuɖuɖu ƒe azã si woɖuna ƒe sia ƒe. Le aɖabaƒoƒo ewo megbe la, ame aɖewo va, eyata metɔ nuƒoa eye megadze egɔme ake.
Gbeƒãɖela 42 kple hame 3 ye le Marquesas Ƒukpowo dzi egbea. Togbɔ be amesiwo va ɖe mía yomee wɔ dɔa ƒe akpa gãtɔ hã la, amesiwo míedo go ɣemaɣi la dometɔ aɖewo xɔ nyɔnyrɔ̃ fifia.
Asixɔxɔ Le Mía Nɔviwo Ŋu
Míesrɔ̃ dzigbɔɖi esi míenɔ Nuku Hiva. Ele be míalala hafi nusianu nasu mía si, negbe míaƒe nuhiahiã vevitɔwo ko. Le kpɔɖeŋu me, ne èle agbalẽ aɖe dim la, ele be nàŋlɔ agbalẽ abia, emegbe nàlala ɣleti eve alo etɔ̃ hafi wòava ɖo.
Nu bubu si míesrɔ̃ enye be asixɔxɔ le mía nɔviwo ŋu. Esi míeɖi tsa yi Tahiti hede kpekpe eye míese nɔviawo ƒe hadzidzi la, ewɔ dɔ ɖe mía dzi míefa aɖatsi. Anɔ eme be nuwɔwɔ kple nɔvi aɖewo asesẽ ya, gake ne wò ɖekae li hafi nàkpɔ alesi wònyo be woanɔ nɔviwo ƒe habɔbɔa me adze sii. Habɔbɔa ɖoe le ƒe 1980 me be míagbugbɔ ayi Tahiti na nutome sue dzikpɔdɔa wɔwɔ. Nɔviwo ƒe amedzrowɔwɔ kple lɔlɔ̃ si le wo si na gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ nye nusi de dzi ƒo na mí le afima ŋutɔ. Míewɔ nutome sue dzikpɔdɔa le Tahiti ƒe etɔ̃.
Tso Ƒukpo Dzi Yi Ƒukpo Dzi
Emegbe wode dɔ asi na mí le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒeme le Raïatéa, si nye Pasifik ƒukpo bubu, eye míenɔ afima abe ƒe eve ene. Tso Raïatéa la, wode dɔ asi na mí be míawɔ nutome sue dzikpɔdɔa le Tuamotu ƒukpowo ƒe ƒuƒoƒo dzi. Míenɔ tɔdziʋu me de ƒukpo 80-awo dometɔ 25 dzi. Esia sesẽ na Babette ŋutɔ. Ɣesiaɣi si wòaɖo tɔdziʋu la, edzea dɔ.
Babette gblɔ be: “Menɔ bɔbɔe kura o! Medzea dɔ ɣeyiɣi siwo katã míanɔ tɔdziʋua me. Ne míenɔ atsiaƒua dzi ŋkeke atɔ̃ la, medzea dɔ ŋkeke atɔ̃. Atike aɖeke mexɔm o. Gake togbɔ be medzea dɔ hã la, mekpɔnɛ be atsiaƒua dzeani ŋutɔ. Nusiwo míekpɔna doa dzidzɔ nam. Bosogbloluiwo ƒua tsi kplɔa tɔdziʋua ɖo. Zi geɖe wotia kpo le tsia me ne èƒo asikpe!”
Le nutome sue dzikpɔdɔa wɔwɔ ƒe atɔ̃ megbe la, wogbugbɔ de dɔ asi na mí yi Tahiti eye míegase vivi le gbeƒãɖeɖedɔa me le afima ƒe eve. Míaƒe hamea dzi ɖe edzi teƒe eve tso gbeƒãɖela 35 va ɖo 70 le ƒe ɖeka kple afã me. Amesiwo míesrɔ̃ Biblia kpli la dometɔ 12 xɔ nyɔnyrɔ̃ teti hafi míedzo le afima. Wo dometɔ aɖewo nye hamemegãwo fifia le hamea me.
Le ye katã me la, míenɔ Anyigbe Pasifik ƒe 12. Emegbe míexɔ lɛta tso Habɔbɔa gbɔ be dutanyanyuigblɔlawo megahiã le ƒukpoawo dzi o le esi hameawo like fifia ta. Gbeƒãɖela abe 450 ene ye nɔ Tahiti esi míeɖo afima eye wowu 1,000 esi míedzo.
Míeɖo Afrika Mlɔeba!
Míetrɔ yi France eye le ɣleti ɖeka kple afã megbe la, Habɔbɔa de dɔ yeye asi na mí—le Benin, Ɣetoɖoƒe Afrika. Afrikae míedi be míayi tsã le ƒe 13 siwo va yi me, eyata dzi dzɔ mí ŋutɔ.
Míeɖo Benin le November 3, 1990 dzi eye míenɔ dutanyanyuigblɔla gbãtɔ siwo ɖo afima la dome esi woɖe mɔxexe ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa nu si nɔ anyi ƒe 14 la ɖa vɔ megbe. Enye dzidzɔ ŋutɔ. Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi afima nɔnɔ mã mí o elabena agbenɔnɔa sɔ kple alesi wòle le Pasifik ƒukpoawo dzi. Ameawo wɔ ame eye wowɔa amedzro. Àte ŋu atɔ aƒo nu kple amesiame le ablɔ dzi.
Esi míeɖo Benin kwasiɖa ʋee aɖewo ko megbe la, Babette de dzesi nane le eƒe no me abe nutete ene. Eyata míeyi atikewɔƒe sue aɖe si te ɖe alɔdzedɔwɔƒe yeyea ŋu. Ðɔkta la doe kpɔ eye wògblɔ be ele be woawɔ dɔ nɛ kaba. Le ŋufɔke míegayi atikewɔƒe bubu eye míekpɔ ɖɔkta aɖe si tso Europa, si nye nyɔnuwo ƒe dɔléle ŋuti nunyala aɖe si tso France. Eya hã gblɔ be ele be míayi France kaba ne woawɔ dɔ na Babette. Le ŋkeke eve megbe la, míeɖo yameʋu ɖo ta France.
Eve mí be míedzo le Benin. Esi wona mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe yeye le dukɔa me ta la, edzɔ dzi na nɔviawo be dutanyanyuigblɔla yeyewo va eye enye dzidzɔ na míawo hã be míanɔ afima. Eyata ete ɖe mía dzi be ele be míadzo le dukɔa me nɔnɔ kwasiɖa ʋee aɖewo ko megbe.
Esi míeɖo France la, amekola la do Babette kpɔ eye wòɖo kpe edzi be ehiã be woawɔ dɔ nɛ. Ðɔktawo tso kaba, wowɔ dɔ nɛ vie, eye woɖe asi le Babette ŋu le kɔdzi wògbɔ va aƒeme le ŋkeke eveagbe. Míebui be nya la ƒe seƒee nye ma.
Míegayi amekola la gbɔ le ŋkeke enyi megbe. Ɣemaɣie wògblɔ nya la na mí be no me dɔdzẽ ye le Babette ŋu.
Esi Babette nɔ nu ƒom tso alesi wòse le eɖokui me ɣemaɣi ŋu la, egblɔ be: “Gbã la, nyemetsi dzi abe Michel ene o. Gake esi mese nya vɔ̃e ma ƒe ŋufɔke la, nyemegasea naneke le ɖokuinye me o. Nyemete ŋu faa avi o. Nyemete ŋu koa nu o. Mebu be mele kuku ge. Nye ya mekpɔe be no me dɔdzẽ sɔ kple ku. Nye nukpɔsusu enye be, Ele be míawɔ nusianu si hiã.”
Avuwɔwɔ Kple Dɔdzẽ
Míese nya vɔ̃e ma le Fiɖa, eye wowɔ ɖoɖo be Babette nagava woawɔ dɔ nɛ zi evelia le Braɖa. Babette nɔvinyɔnu gbɔe míenɔ, gake eya hã ƒe lãme gblẽ, eyata míete ŋu ganɔ eƒe aƒe sue la me o.
Míenɔ afisi míayi ŋu bum. Tete míaƒe susu dze Yves kple Brigitte Merda dzi, wonye srɔ̃tɔ siwo gbɔ míenɔ tsã. Srɔ̃tɔ siawo xɔ mí nyuie va yi. Eyata míeƒo ka na Yves eye míegblɔ nɛ be ehiã be woawɔ dɔ na Babette eye be míenya afisi míanɔ o. Míegblɔ nɛ hã be Michel le dɔ dim.
Yves di dɔ na Michel wònɔ wɔwɔm le eƒe aƒea gbɔ. Nɔviawo kpe ɖe mía ŋu eye wode dzi ƒo na mí to dɔmenyo geɖe wɔwɔ na mí me. Wokpe ɖe mía ŋu le ganyawo gome hã. Habɔbɔa xe Babette ƒe atikewɔfewo.
Dɔ gã ŋutɔe wowɔ nɛ. Ele be ɖɔktawo naɖe ka siwo toa notsi la kple noa. Wodze dɔlékuiwutikewo wɔwɔ nɛ gɔme enumake. Babette te ŋu dzo le kɔa dzi le kwasiɖa ɖeka megbe gake ele be wòatrɔ yi le kwasiɖa etɔ̃ ɖesiaɖe megbe hena atikewɔwɔ.
Nɔvi siwo le hamea me na kpekpeɖeŋu ŋutɔ le ɣeyiɣi siwo me wonɔ dɔ dam na Babette. Nɔvinyɔnu ɖeka si hã ŋu no me dɔdzẽ nɔ kpɔ la na dzideƒo ŋutɔ. Ena Babette nya nusi wòle be wòakpɔ mɔ na eye wòfa akɔ nɛ geɖe.
Gake míetsi dzi ɖe míaƒe etsɔme ŋu vevie. Esi Michel kple Jeanette Cellerier kpɔ esia dze sii la, wokplɔ mí yi nuɖuɖudzraƒe aɖe be míaɖu nu kpli yewo.
Míegblɔ na wo be ele be míadzudzɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa eyata míate ŋu agayi Afrika o. Gake Nɔviŋutsu Cellerier gblɔ be: “Nuka? Amekae gblɔ be miadzudzɔ? Dziɖuha la yea? Nɔvi siwo le France yea? Amekae gblɔe?”
Meɖo eŋu be: “Menye ame aɖekee gblɔe o, nyee le egblɔm.”
Nɔviŋutsu Cellerier gblɔ be: “Kura o, kura o! Miatrɔ ayi!”
Le dɔlékuiwutikea megbe wozã keklẽŋusẽ, eye wowu enu le August 1991 ƒe nuwuwu. Ðɔktawo gblɔ be naneke megaxe mɔ ɖe míaƒe Afrika yiyi nu o, zi alesi Babette anɔ France yim hena dodokpɔwo wɔwɔ edziedzi ko.
Míegatrɔ Yi Benin
Eyata míeŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe dɔwɔƒegã le Brooklyn nɔ mɔ biam be woana míagbugbɔ ayi dutanyanyuigbɔgblɔdɔa dzi. Míetsi dzi ŋutɔ na ŋuɖoɖoa xɔxɔ. Ŋkekeawo menɔ tsɔtsɔm o. Mlɔeba la, Michel megate ŋu ne wòalala o eyata eƒo ka ɖo ɖe Brooklyn hebia be woƒe asi su míaƒe lɛta la dzi hã. Wogblɔ be yewolɔ̃ ɖe edzi—míate ŋu atrɔ yi Benin! Míeda akpe na Yehowa ale gbegbe!
Merda-ƒomea ɖo kplɔ̃ gã aɖe na mí tsɔ do dzidzɔ ɖe nya si wose ŋu. Míetrɔ yi Benin le November 1991 me eye nɔviawo tsɔ kplɔ̃ɖoɖo do dzaa na mí!
Ewɔ abe Babette ƒe lãme sẽ fifia ene. Míetrɔ yi France edziedzi na atikewɔwɔ me dodokpɔ gãwo wɔwɔ, eye ɖɔktawo megakpɔ dɔdzẽa ƒe ɖeke o. Enye dzidzɔ na mí be míegatrɔ va míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me. Míesenɛ le mía ɖokui me be míehiã le Benin, eye Yehowa yra ɖe míaƒe dɔa dzi. Tso esime míetrɔ gbɔ la, míekpe ɖe ame 14 ŋu woxɔ nyɔnyrɔ̃. Wo dometɔ atɔ̃ nye gbesiagbe mɔɖelawo fifia, eye wotia ame ɖeka wònye subɔsubɔdɔwɔla. Míekpɔ eteƒe míaƒe hame sue la dzi ɖe edzi eye míemã va zu hame eve.
Míesubɔ Yehowa le ƒe siwo va yi me abe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ene eye míexɔ yayra geɖe eye míeva dze si ame geɖe siwo ŋu míekpɔa ŋudzedze ɖo. Gake Yehowa na hehe mí eye wòdo ŋusẽ mí be míanɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu dzidzedzetɔe. Abe Hiob ene la, menye ɣesiaɣie míesea nusita nane dzɔ ɖe mía dzi gɔme o, gake míenya be Yehowa li ɣesiaɣi ana kpekpeɖeŋu mí. Ele abe alesi Mawu ƒe Nya la gblɔe ene be: “Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe alɔ meto ɖe eme, be maxɔ na ame o, eye eƒe to metsi, be mase nu o.”—Yesaya 59:1.
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Michel kple Babette Muller le dekɔnuwu me le Benin
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ le Polynesiatɔwo dome le Tahiti-nyigba xɔdzo la dzi