Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta
Amesiwo Nye Futɔ Tsã Wɔ Ðeka le Yehowa Subɔsubɔ Me
BRANKOa ɖe eme be: “Zi gbãtɔ si mese Yehowa Ðasefowo ŋkɔe nye esime menye dzɔla asrafo nɔ Bosnia.”
Branko nɔ kɔdzi aɖe si wokpɔa abixɔlawo gbɔ le ŋu dzɔm. Ðɔktaawo dometɔ ɖeka nɔ Biblia srɔ̃m kple Ðasefowo eye esi wògava zãdɔ me la, eɖe nusiwo wòsrɔ̃ tso Biblia ŋu la ƒe geɖe me na Branko.
Nya si Branko se le zã ma me wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be edzudzɔ asrafodɔ enumake. Edi Ðasefowo eye wòdi be yeasrɔ̃ nu geɖe. Ɣeyiɣi aɖe megbe esi Branko ʋu yi Europa-dukɔ bubu me la, edi Fiaɖuƒe Akpata eye wòde kpekpe le Yehowa Ðasefowo ƒe Yugoslavia-hamea me. Afimae Branko do go Slobodan le.
Slobodan hã tso Bosnia eye eya hã tsɔ eɖokui na le aʋawɔwɔ ma ke me abe Branko ene—gake ede akpa keme dzi. Slobodan de Serbiatɔwo dzi ho aʋa ɖe Croattɔwo ŋu. Le ɣeyiɣi si me wo ame evea do go la, Slobodan zu Yehowa ƒe Ðasefo xɔnyɔnyrɔ̃. Elɔ̃ be yeasrɔ̃ Biblia kple Branko si nye eƒe futɔ tsã la. Esi woyi nusɔsrɔ̃a dzi la, Branko srɔ̃ nu geɖe le Yehowa ŋu eye eƒe lɔlɔ̃ na Mawu dzi ɖe edzi. Esia ʋã Branko wòtsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Wɔla la. Exɔ nyɔnyrɔ̃ ɖe tsi me le October 1993 me tsɔ ɖo kpe eƒe adzɔgbeɖeɖe dzi.
Aleke Slobodan wɔ va zu Yehowa Ðasefo? Edzo le aʋagbe dzi le Bosnia ɣeyiɣi aɖe do ŋgɔ. Exlẽ Ðasefowo ƒe agbalẽ aɖewo, gake esi Ðasefo eve va eƒeme le ƒe 1992 ƒe gɔmedzedze hafi eƒe ɖetsɔleme ɖe Mawu ƒe Nya me dzi ɖe edzi. Amekae va Slobodan gbɔ be yeasrɔ̃ Biblia kplii? Mujo ye, amesi hã tso Bosnia gake wonyii Moslemtɔ. Esi Biblia sɔsrɔ̃a nɔ edzi yim la, Mujo kple Slobodan siwo nye futɔwo tsã la nɔa anyi ɖekae ɣeyiɣi aɖe gbesiagbe tua wo nɔewo ƒe xɔse ɖo.
Aʋa si dzɔ le Yugoslavia si nɔ anyi tsã la wu ame akpe alafa geɖe. Gake Branko, Slobodan, kple Mujo wonye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbeƒãɖelawo fifia le Yehowa Ðasefowo ƒe hame ma ke me. Woɖu towo kple ameƒomeviwo dome dzrewɔwɔ dzi, eye fifia wodia ŋutifafa hebɔbɔa wo ɖokui na Wɔla, Yehowa.
Gake nukae he tɔtrɔ siawo vɛ? Woƒe lɔlɔ̃ na Yehowa, woƒe bubudede Biblia ŋu, kple woƒe didi vevie be yewoawɔ Biblia me nyateƒea dzi le yewoƒe agbenɔnɔ mee. Abe alesi Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gblɔe ene la, “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu . . . eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la.”—Hebritɔwo 4:12.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ðe míekpa ŋkɔawo.