INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 4/1 axa 3-5
  • Easter alo Ŋkuɖodzi Kae Wòle Be Nàɖu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Easter alo Ŋkuɖodzi Kae Wòle Be Nàɖu?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Easter Dzɔtsoƒe
  • Mawu ƒe Nukpɔsusu Nyanya
  • Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meɖua Easter (Pâques) O?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Kristotɔwo Ƒe Azãe Easter (Alo Pâques) Nye Ŋutɔŋutɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Easter (Pâques) Ŋu?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Ðe Wòle Be Míaɖu Ŋkekenyuiwoa?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 4/1 axa 3-5

Easter alo Ŋkuɖodzi Kae Wòle Be Nàɖu?

NE ŊU le kekem le anyigba dzi le April 7 dzi la, ame miliɔn geɖe ado dzaa na woƒe ŋkeke kɔkɔetɔ kekeake le ƒea me—eyae nye Easter. Ɣeaɖeɣi la, woyɔ ŋkɔa na ŋkeke 120 ƒe kplɔ̃ɖoɖo kple nutsitsidɔ si dzea egɔme le ŋkeke kɔkɔe si woyɔ be Septuagesima dzi eye wòwua enu ɖe nusi woyɔ be Mawuɖekaetɔ̃ ƒe Ŋkeke dzi. Egbea woyɔa ŋkɔa ɖe ŋkeke ɖeka si wotsɔ ɖoa ŋku Yesu ƒe tsitretsitsi dzii ŋu—Easter Kwasiɖa.

Gake le kwasiɖa ma ke ƒe fiẽ aɖe si ado ŋgɔ me la, ame miliɔn geɖe bubuwo hã akpe ta aɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi, si wogayɔna hã be Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu. Enye azã si Yesu ŋutɔ ɖo anyi le zã mamletɔ si wònɔ anyigba dzi me. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo ɣemaɣi be: “Miwɔ esia hena ŋkuɖoɖo dzinye.”—Luka 22:19.

Kae wòle be nàɖu?

Easter Dzɔtsoƒe

Ŋkɔ Easter si wozãna le dukɔ geɖe me la mele Biblia me o. Agbalẽ si nye Medieval Holidays and Festivals gblɔ na mí be “trɔ̃, si nye Agudzedze kple Adame ƒe Mawunɔ, Eostre, ƒe ŋkɔe wotsɔ na ŋkekenyui la.” Eye amekae mawunɔ sia nye? The American Book of Days ɖo eŋu be: “Blemaxotutu gblɔ be Eostre ye nye amesi ʋu Valhalla ƒe ʋɔtruwo be yeaxɔ Baldur, si woyɔ be Mawu Ɣi, le eƒe dzadzɛnyenye ta eye woyɔe hã be Ɣemawu, elabena eƒe ŋgonu na kekeli ameƒomea.” Egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Ðikeke mele eme o be le Sɔlemea ƒe gɔmedzedze la, eda asi ɖe blematrɔ̃subɔsubɔ ƒe kɔnuwo dzi eye wòtsɔ Kristotɔwo ƒe gɔmesese na wo. Esi woɖua Eostre ƒe azã tsɔa doa vivi ɖe agbegbugbɔwɔ yeyee le adame ŋu la, enɔ bɔbɔe be woawɔe wòanye Yesu, amesi ƒe nyanyui wogblɔna, ƒe tsitretsitsi tso ku me ƒe azã.”

Nusiawo xɔxɔ de eme na alesi Easter-kɔnuwo, abe Easter-kokloziwo, Easter-fɔmizi, kple atitsoga ƒe akpɔnɔ ene, wɔ va dzɔ le dukɔ aɖewo me la me kɔ. Agbalẽ si nye Easter and lts Customes gblɔ be le atitsoga ƒe akpɔnɔ, “si dzi biã henɔa dzo dam eye wota ... atitsoga ɖe etame,” la wɔwɔ ƒe kɔnua ŋu be: “Atitsoga la nye trɔ̃subɔlawo ƒe dzesi xoxoxo hafi wova nɔ ezãm tso Fiɖa Kɔkɔe gbãtɔ ƒe nuwɔnawo dzi, eye wowɔa eƒe dzesi ɖe abolo kple akpɔnɔwo dzi ɣeaɖewoɣi do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia.”

Womeyɔ nusiawo le Ŋɔŋlɔawo ƒe teƒe aɖeke o, eye kpeɖodzi aɖeke hã meli be Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo xɔ wo dzi se o. Le nyateƒe me la, apostolo Petro gblɔ na mí be míana “gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ nadzro [mí] vevie, bene míatsi to me hena xɔxɔ.” (Petro I, 2:2, míawoe te gbeɖe edzi.) Eyata nukata Kristodukɔa ƒe sɔlemewo xɔ nusiawo siwo dze ƒã be wonye trɔ̃subɔsubɔ ƒe dzesiwo de woƒe dzixɔsewo kple nuwɔnawo me?

Agbalẽ si nye Curiosities of Popular Customs ɖo eŋu be: “Enye Sɔlemeha gbãtɔa ƒe ɖoɖo matrɔmatrɔ be yewoana Kristotɔwo ƒe gɔmesese nanɔ trɔ̃subɔlawo ƒe azã siawo siwo gali la ŋu elabena womate ŋu aɖe wo ɖa o. Tɔtrɔwɔwɔ la le bɔbɔe vevietɔ le Easter gome. Dzidzɔkpɔkpɔ ɖe dzɔdzɔmeɣe ƒe dzedze ŋu, kple ɖe dzɔdzɔmenuwo ƒe fɔfɔ tso vuvɔŋɔli ƒe ku me ŋu, va zu dzidzɔkpɔkpɔ ɖe dzɔdzɔenyenye ƒe Ɣe, kple ɖe Kristo ƒe tsitretsitsi tso yɔdo me ŋu. Wotrɔ nanewo siwo trɔ̃subɔlawo wɔna le May ƒe ŋkeke 1 dzi hã wosɔ ɖe Easter ɖuɖu nu.” Esi teƒe be subɔsubɔhakplɔlawo natsri trɔ̃subɔsubɔnuwɔna xɔŋkɔwo kple akunyawɔwɔ ƒe kɔnuwo la, woxɔ wo de eme eye wona “Kristotɔwo ƒe gɔmesese” wo.

Ðewohĩ àbia be, ‘Gake ɖe wògblẽ nanea?’ Ame aɖewo bu be megble naneke o. Alan W. Watts si nye Hamedzikpɔla asrafosɔfo gblɔ le eƒe agbalẽ Easter—lts Story and Meaning me be: “Ne wotsɔ mawusubɔsubɔ, abe Kristotɔnyenye ene, tso teƒe bubu yi amewo gbɔe la, exɔa afimatɔwo ƒe kɔnu siwo dzɔ tso blemasubɔsubɔwo me la dea eme eye ‘wòdaa asi ɖe wo dzi.’ Etia afimatɔwo ƒe azã siwo edze abe wonye gɔmeɖose xoxo mawo ke si Sɔlemea fiana ƒe kpɔɖeŋu ene la hedenɛ mawusubɔsubɔ ƒe nuwɔnawo me.” Le ame geɖe gome la, nyateƒe si wònye be woƒe sɔlemea da asi ɖe kɔnu siawo dzi hebua wo nu kɔkɔe la ɖeɖe nye nusita wòle woaxɔ wo. Gake wole aɖaba ŋem ƒu biabia vevi aɖewo dzi. Aleke Mawu bua kɔnu siawoe? Ðe wòna mɔfiafia si dzi míazɔ ɖo mí le nya sia mea?

Mawu ƒe Nukpɔsusu Nyanya

Christina Hole gblɔ le eƒe agbalẽ Easter and lts Customs me be: “Easter-Ŋkeke Mía Aƒetɔ ƒe Tsitretsitsizã, lae nye Kristo-Sɔlemea ƒe azãwo katã ƒe gãtɔ kekeake.” Nuŋlɔla bubuwo hã gblɔ nya ma ke. Robert J. Myers gblɔ le agbalẽ si nye Celebrations me be: “Kristotɔwo ƒe ƒea ƒe ŋkeke kɔkɔe alo azã aɖeke ƒe vevienyenye mede Easter Kwasiɖa tɔ nu o.” Gake nya ma fɔ biabia aɖewo ɖe te. Ne Easter ɖuɖu le vevie nenema gbegbe la, ke nukata womede se gobii aɖeke le Biblia me be woaɖui o? Ðe nuŋlɔɖi aɖe li be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gbãtɔwo ɖu Easter Kwasiɖaa?

Biblia megbe mɔfiafiawo nana le azã si woaɖu kple esi womaɖu o ŋu o. Mawu gblɔ esia eme kɔ na blema lsrael-dukɔa, eye abe alesi míede dzesii le gɔmedzedzea me ene la, wona mɔfiafia Kristotɔwo eme kɔ ƒã be woayi edzi anɔ Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi ɖum. (Korintotɔwo I, 11:23-26; Kolosetɔwo 2:16, 17) The Encyclopaedia Britannica ƒe tata gbãtɔ aɖe gblɔ na mí be: “Naneke mele Nubabla Yeyea, alo apostolo Nuŋlɔlawo ƒe agbalẽwo me si fia be woɖu Easter o. Ɣeyiɣi tɔxɛwo ƒe kɔkɔenyenye ƒe susu aɖeke menɔ Kristotɔ gbãtɔwo si o. . . . Aƒetɔ la alo eƒe apostolowo mede se be woaɖu azã sia alo bubu aɖeke o.”

Ame aɖewo buna be aseyetsotso si nɔa azã siawo ɖuɖu me kple dzidzɔ si wohena vɛ ɖeɖe na wonyo be woaɖu. Gake míate ŋu asrɔ̃ nu tso ɣeyiɣi si me lsrael-viwo srɔ̃ Egiptetɔwo ƒe subɔsubɔnuwɔna aɖe eye wotrɔ ŋkɔ nɛ be “ŋkekenyui na Yehowa” la me. Woawo hã “bɔbɔ nɔ anyi, ɖu nu, eye wono nu” eye “wotsi tre de asi fefe me.” Gake woƒe nuwɔnawo na Yehowa Mawu do dziku ŋutɔ, eye ehe to na wo vevie.—Mose II, 32:1-10, 25-28, 35.

Mawu ƒe Nya la na eme kɔ nyuie. Kadodo aɖeke mate ŋu anɔ dzixɔse vavãwo ƒe “kekeli” la kple Satana ƒe xexea ƒe “viviti” la dome o; “ɖekawɔwɔ” aɖeke mate ŋu anɔ Kristo kple trɔ̃subɔlawo ƒe tadedeagu dome o. Wogblɔ na mí be: “Eyaŋuti mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, [Yehowa ye, NW] gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi.”—Korintotɔwo II, 6:14-18.

Esi wònye Ŋkuɖodzia ɖeɖeko—menye Easter o—ƒe see wode na Kristotɔwo le Biblia me be woaɖu ta la, ele be míaɖui.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe