Mikafu Fia Mavɔmavɔtɔ La!
“Yehowa enye fia tegbetegbe.”—PSALMO 10:16.
1. Biabia kawoe fɔ ɖe te le mavɔmavɔnyenye ŋu?
MAVƆMAVƆ—nukae nàgblɔ be eyae wònye? Èsusu be ɣeyiɣi ate ŋu anɔ anyi ɖaa tegbeea? Ðikeke aɖeke mele eŋu o be ɣeyiɣi li tso mavɔmavɔ me vaseɖe fifia. Ke nukatae mate ŋu ayi edzi yi ɖe mavɔmavɔ me o? Le nyateƒe me la, New World Translation Biblia-gɔmeɖeɖe gblɔ tso Mawu ŋu be wole ekafum “tso ɣeyiɣi si ƒe didime womenya o vaseɖe ɣeyiɣi si ƒe didime womenya o.” (Psalmo 41:13, NW) Nya sia gɔme ɖe? Nu bubu si do ƒome kplii ŋu bubu akpe ɖe mía ŋu be mía se egɔme—eyae nye yamenutome.
2, 3. (a) Nukawoe ku ɖe yamenutome ŋu siwo akpe ɖe mía ŋu míase mavɔmavɔnyenye gɔme? (b) Nukata wòle be míadi be míasubɔ Fia mavɔmavɔtɔ la?
2 Afikae yamenutoa keke se? Ðe seɖoƒe aɖe li nɛa? Tso gbaɖegbe ke vaseɖe ƒe 400 siwo va yi me la, wobui be míaƒe anyigba lae le xexeame godoo titina. Ke Galileo wɔ didiƒekpɔmɔ̃ si na wote ŋu kpɔ dziƒo ʋĩ wòdze nyuie. Azɔ Galileo te ŋu kpɔ ɣletivi geɖe wu eye wòte ŋu ɖee fia be anyigba kple ɣletinyigba bubuwo ƒoa xlã ɣea. Ɣletivihatsotso si woyɔna be Milky Way megadzena flukpee o. Wova kpɔe be enye ɣletivihatsotso gã si me ɣleti siwo ade biliɔn alafa ɖeka le. Míate ŋu axlẽ ɣletiviwo ŋutɔŋutɔ wòade nenema, le míaƒe agbenɔɣi katã me gɔ̃ hã, gbeɖe o. Emegbe ɣletiviŋutinunyalawo va ke ɖe ɣletivihatsotso biliɔn alafa geɖe ŋu. Wokeke ta seɖoƒemanɔŋui yi ɖe yame ʋĩ, yi afisi didiƒekpɔmɔ̃ sesẽtɔ kekeake ate ŋu akpɔ nu ase asee. Ewɔ abe ɖe yamenutoa me ƒe seɖoƒe meli o ene. Nenemae mavɔmavɔnyenye hã le—seɖoƒe meli nɛ o!
3 Ewɔ abe ɖe mavɔmavɔnyenye ƒe nya la gɔmesese kpe wu mí amegbetɔwo ƒe susu gblɔewo ene. Gake Ame aɖe li si se egɔme bliboe. Ate ŋu axlẽ ɣletivi biliɔn teƒe biliɔn siwo le ɣletivihatsotso biliɔn gbogboawo me, ẽ, ayɔ wo ŋkɔ gɔ̃ hã! Amesiae gblɔ be: “Mifɔ mo dzi, ne miakpɔ nu! Ameka wɔ nusiawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo doa goe dedie? Eyɔa wo katã ŋkɔ, eye wo dometɔ aɖeke mesusɔna o le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la nu. Mènyae, eye mèsee kpɔ be, Mawu mavɔ enye Yehowa, amesi wɔ anyigba ƒe mlɔeanuwo oa? Nu metia kɔ nɛ o, ɖeɖi metea ŋu o, eye eƒe nunya ƒe ta metsɔ o.” (Yesaya 40:26, 28) Mawu wɔnuku kae nye esi! Ðikekemanɔmee la, eyae nye Mawu si wòle be míadi be míasubɔ?
“Enye Fia Tegbetegbe”
4. (a) Aleke Dawid ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe Fia mavɔmavɔtɔ la ŋui? (b) Nya ta kae ŋutinya me dzɔdzɔmeŋutinunyala gãtɔwo dometɔ ɖeka ƒo le xexe bliboa dzɔtsoƒe ŋu?
4 Dawid gblɔ le Wɔla, Mawu, ŋu le Psalmo 10:16 be: “Yehowa enye fia tegbetegbe.” Eye egagblɔe le Psalmo 29:10 be: “Yehowa bɔbɔ nɔ anyi gli abe fia ene tegbee.” Ẽ, Yehowae nye Fia mavɔmavɔtɔ la! Gakpe ɖe eŋu la, Dawid ɖi ɖase be Ŋutikɔkɔefia siae nye nusiwo katã míekpɔna le yame ƒe Aɖaŋuwɔla kple Wɔla esi wògblɔ le Psalmo 19:2 be: “Dziƒowo le Mawu ƒe bubu xlẽm fia, eye dziŋgɔli le gbeƒã ɖem eƒe asinudɔwɔwɔ.” Anye ƒe 2,700 megbe la, dzɔdzɔmeŋutinunyala xɔŋkɔ Sir Isaac Newton da asi ɖe Dawid ƒe nyawo dzi, esi wòŋlɔ be: “Nunyala kple ŋusẽtɔ triakɔ aɖe kokoko gbɔe nuɖoanyi sia si ƒe ɣewo, ɣletinyigbawo kple ɣletivitoasike siwo wɔ nuku ŋutɔ la atso.”
5. Nukae Yesaya kple Paulo ŋlɔ le nunya Dzɔtsoƒe la ŋu?
5 Aleke gbegbe wòle be nyanya be Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa, amesi “dziƒo kple dziƒo ƒe dziƒowo” gã la “melolo na . . . o” li tegbetegbe la nawɔe be míabɔbɔ mía ɖokui enye si! (Fiawo I, 8:27) Yehowa, amesi woyɔ le Yesaya 45:18 be “dziƒowɔla, . . . amesi mè anyigba eye wòwɔe” la nye nunya deto si gɔme amegbetɔ siwo nye nu kukuwo ƒe ahɔhɔ̃ mate ŋu ase o la dzɔtsoƒe. Yehowa gblɔ, abe alesi wòdze le Korintotɔwo I, 1:19 ene, be: “Magblẽ nunyalawo ƒe nunya dome, eye maɖe gɔmeselawo ƒe gɔmesese ɖa.” Apostolo Paulo gblɔ kpe ɖe nya sia ŋu le kpukpui 20 lia be: “Afikae nunyala le? Afikae agbalẽfiala le? Afika xexe sia me ƒe anukutsyɔla le? Alo menye Mawu trɔ xexe sia me ƒe nunya wòzu bometsitsi o ɖe?” Ẽ, abe alesi Paulo yi edzi gblɔ le ta 3, kpukpui 19 ene la, “xexe sia me nunya enye bometsitsi le Mawu gbɔ.”
6. Nukae Nyagblɔla 3:11 de dzesi le “mavɔmavɔ” ŋu?
6 Dziƒonuwo le nuwɔwɔ siwo ŋu Fia Salomo ƒo nu tsoe be: “[Mawu wɔ] nuwo katã nyuie ɖe wo wɔɣi, eye wòde mavɔmavɔ dzi me ma wò, negbe ɖeko amegbetɔ menya mɔnu le nusiwo Mawu wɔ la ƒe agɔmegbɔ kple tagbɔ ŋu o” la dome. (Nyagblɔla 3:11) Nyateƒee, wodee amegbetɔ ƒe dzi me be wòaku nusi ‘mavɔmavɔnyenye’ fia la gɔme. Gake ɖe wòate ŋu ake ɖe sidzedze ma ŋu gbaɖegbea?
Agbenɔnɔ ƒe Mɔkpɔkpɔ Wɔnuku Aɖe
7, 8. (a) Agbenɔnɔ wɔnuku ƒe mɔkpɔkpɔ kae le ŋgɔ na ameƒomea, eye aleke míawɔ akpɔe? (b) Nukata wòle be míakpɔ dzidzɔ be Mawu ƒe hehenana ayi edzi yi ɖe mavɔmavɔ me?
7 Yesu Kristo gblɔ le gbedodoɖa me na Yehowa be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Aleke míawɔ sidzedze ma nasu mía si? Ele be míasrɔ̃ Mawu ƒe Nya Biblia Kɔkɔe la. Ema wɔwɔ ana Mawu ƒe tameɖoɖo wɔnuku, siwo dome mɔnuɖoɖo si wòwɔ to Via dzi be míanɔ agbe mavɔ le paradisonyigba dzi hã le la ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu mía si. Emae anye “agbe vavã la” si woyɔ le Timoteo I, 6:19. Awɔ ɖeka kple nusi Efesotɔwo 3:11 yɔ be enye ‘tame mavɔ si Mawu ɖo to Kristo, Yesu mía Aƒetɔ dzi.’
8 Ẽ, to Mawu ƒe hehenana kple Yesu ƒe tafevɔsa dzixɔxɔse me la, mí amegbetɔ nuvɔ̃mewo míate ŋu akpɔ agbe mavɔ. Ɣeyiɣi didi kae hehenana sia ayi edzi? Ayi edzi yi ɖe mavɔmavɔ me esime woanɔ mía Wɔla ƒe nunya fiam ameƒomea vivivi. Seɖoƒe mele Yehowa ƒe nunya ŋu o. Apostolo Paulo lɔ̃ ɖe esia dzi hegblɔ be: “Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kple sidzedze me goglo loo! Aleke eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro tsitotsito meli o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me gobi o ale!” (Romatɔwo 11:33) Esɔ nyateƒe be Timoteo I, 1:17 yɔ Yehowa “fia mavɔmavɔtɔ”!
Nunya si Yehowa tsɔ Wɔ Nuwoe
9, 10. (a) Dɔ gã kawoe Yehowa wɔ esime wònɔ anyigba si nye eƒe nunana na ameƒomea wɔm? (b) Aleke Yehowa ƒe nunya si ƒo ɖesiaɖe ta dze le eƒe nuwɔwɔwo mee? (Kpɔ aɖaka me.)
9 Bu domenyinu wɔnuku si Fia mavɔmavɔtɔ la na mí amegbetɔwo ŋu kpɔ. Psalmo 115:16 gblɔ na mí be: “Dziƒo enye dziƒo na Yehowa, ke etsɔ anyigba na amegbetɔviwo.” Mèkpɔ be nu wɔnukue wònye wode asi na mí oa? Nenema tututu! Eye aleke míehekpɔa ŋudzedze ɖe nukpɔkpɔdoŋgɔ wɔnuku si le mía Wɔla si esime wònɔ anyigba la dzram ɖo be wòanye míaƒe aƒe ŋu enye si!—Psalmo 107:8.
10 Nu wɔnukuwo dzɔ le anyigba dzi le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta 1 ƒe nuwɔwɔ “ŋkeke” ade siwo dometɔ ɖesiaɖe xɔ ƒe akpe nanewo la me. Mlɔeba Mawu ƒe nuwɔwɔ siwo nye gbe damawo, avetsu dzeaniwo, kple seƒoƒo ɖoatsyɔ̃wo atsyɔ anyigba blibo la dzi. Ƒumelã klitsuwo, xevi dzeaniwo, kple aƒemelã kpakple gbemelã hamehame, siwo dometɔ ɖesiaɖe adzi vi ‘ɖe wo ƒomeviwo nu’ ayɔ edzi fũ. Le nuƒoƒo tso ŋutsu kple nyɔnu wɔwɔ ŋu megbe la, Mose I, 1:31 gblɔ be: “Eye Mawu kpɔ nusiwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.” Teƒe dzeani kae nye si wodzra ɖo na ame gbãtɔ mawo! Ðe Wɔla lɔ̃ame la ƒe nunya, nukpɔkpɔdoŋgɔ, kple ɖetsɔleme medze míekpɔna le nuwɔwɔ siawo me oa?—Yesaya 45:11, 12, 18.
11. Aleke Salomo kafu Yehowa ƒe nunya si wòtsɔ wɔ nuwoe?
11 Amesiwo Fia mavɔmavɔtɔ la ƒe nunya wɔ nuku na dometɔ ɖekae nye Salomo. Ehe susu yi Wɔla la ƒe nunya dzi zi geɖe. (Lododowo 1:1, 2; 2:1, 6; 3:13-18) Salomo na kakaɖedzi mí be “anyigba ya li tegbee.” Ekpɔ ŋudzedze ɖe nuwɔwɔ wɔnuku gbogboawo ŋu, si ƒe ɖee nye dɔ si alilikpowo wɔna be míaƒe anyigba la dzi fana. Eyata eŋlɔe be: “Tɔwo katã sina yia atsiaƒu me, ke atsiaƒu meyɔna gbeɖe o; afisi tɔwo sina yina la, afima woyina ɖaa.” (Nyagblɔla 1:4, 7) Aleae wòdzɔna be ne tsidzadza kple tɔsisiwo de fafa anyigba vɔ la, ɣea galɔa wo me tsiwo tso atsiaƒu me gbugbɔna yia alilikpowo mee. Aleke anyigba sia dzi anɔ, eye afikae míanɔ, ne ɖe tsi meklɔa ɖinuwo ɖa eye tsia gagbugbɔna yia afisi wòtso dza o?
12, 13. Aleke míate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔ ŋui?
12 Ele be míaƒe nuwɔna naɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe alesi nuwo wɔa dɔ aduadui le xexeame ŋu, abe alesi Fia Salomo gblɔe le nya siwo wòtsɔ ƒo Nyagblɔla tae me ene be: “Mina míase nyaawo katã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nàlé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ! Elabena Mawu le nuwɔwɔwo katã, siwo ɣla la, he ge ava ʋɔnui, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.” (Nyagblɔla 12:13, 14) Ele be míavɔ̃ na nusi madze Mawu ŋu o la wɔwɔ. Ele be míadi be míatsɔ mawuvɔvɔ̃ ƒe bubu deto anae boŋ.
13 Nyateƒee, ele be míadi be míakafu Fia mavɔmavɔtɔ la ɖe eƒe asinudɔwɔwɔ wɔnukuwo ta! Psalmo 104:24 gblɔ be: “Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Èwɔ wo katã le nunya me; anyigba yɔ fũ kple wò nuwɔwɔwo.” Mina míawɔ ɖeka kple psalmo sia ƒe kpukpui mamlea agblɔ na mía ɖokui kple ame bubuwo dzidzɔtɔe be: “Luʋɔnye, kafu Yehowa! Mikafu Yehowa!”
Anyigba Dzi Nuwɔwɔ ƒe Taƒoƒo
14. Mɔ kawoe nue Mawu ƒe nuwɔwɔ si nye amegbetɔ de ŋgɔ boo wu lãwo le?
14 Aɖaŋu blibo dze le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo katã me. Gake anyigba dzi nuwɔwɔ si ƒo ɖesiaɖe tae nye míawo—ameƒomea. Yehowa wɔ Adam eye emegbe wòwɔ Xawa wonye eƒe nuwɔwɔŋkeke adelia ƒe taƒoƒo—wonye nuwɔwɔ siwo de ŋgɔ boo wu tɔmelãwo, xeviwo, kple lãwo! Togbɔ be seselelãme ƒe nunya le lã siawo dometɔ geɖe si hã la, wode tamebubuŋutete, dzitsinya si ate ŋu ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome, ɖoɖowɔwɔ ɖe etsɔme ŋu ƒe ŋutete, kple subɔsubɔ ƒe didi amegbetɔ ya me. Aleke nusiawo katã wɔ dzɔ? Le esi teƒe be wòanye be lã nyasãmanɔsiwo mee amegbetɔ dzɔ tso la, ɖe Mawu wɔ ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu boŋ. Eyata amegbetɔ ɖeɖekoe ate ŋu aɖe mía Wɔla si yɔ eɖokui be “Yehowa, Yehowa, nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ” ƒe nɔnɔmewo afia.—Mose II, 34:6.
15. Nukata wòle be míakafu Yehowa ɖokuibɔbɔtɔe?
15 Mina míakafu Yehowa ahada akpe nɛ ɖe alesi wòwɔ míaƒe ŋutilã nukutɔe ta. Míaƒe ʋu ƒe sisi, si hiã vevie hafi míate ŋu anɔ agbe, la toa míaƒe ŋutilã katã me le sekɛnd 60 ɖesiaɖe me. Abe alesi Mose V, 12:23 gblɔe ene la, “ʋu la luʋɔe”—míaƒe agbee—exɔ asi le Mawu ŋkume. Wona ahɔhɔ̃ si de ŋgɔ wu lã ɖesiaɖe tɔ, si ƒe dɔwɔwɔ gbɔ kɔmpiuta si ƒe lolome de dziƒoxɔ kɔkɔwo nu ƒe ŋutete ŋu la mí, enye nusi ƒo míaƒe ƒu sesẽwo kple lãmeka bɔbɔewo kple ahɔhɔ̃meka siwo ʋãna ɖe míaƒe ŋutilã ƒe nuhiahiãwo ŋu la ta. Ðe esia mena nèsena le ɖokuiwò me be ele be yeabɔbɔ ye ɖokui oa? Ele be wòanɔ nenema. (Lododowo 22:4) Eye gabu esia hã ŋu kpɔ: míaƒe dzitodzito, vehlo, aɖe, aɖu, kple nu te ŋu wɔa dɔ ɖekae be míagblɔ gbe akpe geɖe siwo li dometɔ ɖesiaɖe. Dawid dzi ha na Yehowa wòsɔ be: “Meda akpe na wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta, wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ.” (Psalmo 139:14) Mina míawɔ ɖeka kple Dawid atsɔ akpedada akafu Yehowa, mía Wɔla kple Mawu wɔnuku lae!
16. Ha kae hadzila xɔŋkɔ aɖe dzi tsɔ kafu Yehowae, eye amekpekpe ʋãme ka dzie míawɔ ɖo?
16 Ƒe alafa 18 lia me ha aɖe si Joseph Haydn kpa ƒe hagbewo kafu Yehowa be: “Mida akpe Nɛ, mi Eƒe nuwɔwɔ siwo katã wɔ nuku alea gbegbe! Midzi bubuha Nɛ, midzi ŋutikɔkɔeha Nɛ, miyra Eƒe Ŋkɔ eye midoe ɖe dzi! Yehowa ƒe kafukafu li tso mavɔ me yi ɖe mavɔmavɔ me, Amen, Amen!” Nya siwo tso gbɔgbɔ me wogblɔ zi geɖe le Psalmowo me, abe amekpekpe si wogblɔ zi ene le Psalmo 107 lia me ene nya se ŋutɔ be: “[Mida] akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta!” Ðe wò hã èdzia kafukafuha ma? Ele be nàwɔe, elabena Yehowa, Fia mavɔmavɔtɔ, la gbɔe nusiwo katã nyo vavã la tso.
Dɔ Siwo Gatri Akɔ Wu
17. Aleke ‘Mose kple Alẽvi la ƒe ha’ do Yehowa ɖe dzii?
17 Le ƒe akpe ade siwo va yi me la, Fia mavɔmavɔtɔ la gadze dɔ siwo gatri akɔ wu gɔme. Le Biblia ƒe agbalẽ mamlea me, le Nyaɖeɖefia 15:3, 4 la, míexlẽ le dziƒonɔla siwo ɖu woƒe futɔwo siwo nye gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi ŋu be: “Wole Mose, Mawu ƒe dɔla, ƒe ha kple alẽvi la ƒe ha dzim hele gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, gã kple nuku nye wò dɔwɔwɔwo; wò dukɔwo dzi fia la, dzɔdzɔe kple nyateƒe enye wò mɔwo! Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋkɔ la o mahã? Elabena wò ɖeka hɔ̃ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.” Nukata woyɔe be ‘Mose kple Alevi la ƒe ha’? Mina míakpɔe ɖa.
18. Dɔ gã ka dzie woɖo ŋkui le hadzidzi me le Mose II, ta 15?
18 Anye ƒe 3,500 enye esia, esime Farao ƒe aʋakɔ sesẽ la tsrɔ̃ le Ƒudzĩa me la, lsrael-viwo tsɔ akpedada dzi ha kafu Yehowa. Míexlẽ le Mose II, 15:1, 18 be: “Ɣemaɣi Mose kple Israel-viwo dzi ha sia na Yehowa bena: Madzi ha na Yehowa, elabena ewɔ nu tsuwo, ede sɔ kple sɔdola ƒu. Yehowa aɖu fia ɖaa tegbetegbe.” Fia mavɔmavɔtɔ sia ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔewo dze le alesi wòtsrɔ̃ eƒe futɔ siwo tɔ gbe eƒe dziɖulanyenye la me.
19, 20. (a) Nukatae Yehowa ɖo lsrael-dukɔa anyi? (b) Aleke Alẽvi la kple ame bubuwo ɖo Satana ƒe gbetɔamea ŋui?
19 Nukatae nusia va hiã? Eden-bɔa mee Da aɖaŋuvɔ̃tɔ la ble mía dzila gbãtɔwo de nuvɔ̃ me le. Esia kplɔ ameƒomea katã de blibomademade kple nuvɔ̃ me. Gake Fia mavɔmavɔtɔ la tso ɖe nya la ŋu kpla wɔ nu si wɔ ɖeka kple eƒe tameɖoɖo gbãtɔ, eye esia ana wòava ɖe eƒe futɔwo katã ɖa le eƒe dziɖuƒe si nye anyigba dzi eye wòagbugbɔ paradiso ƒe nɔnɔmewo aɖo anyi. Fia mavɔmavɔtɔ la ɖo lsrael-dukɔa anyi hetsɔ eƒe Se na wo be wòanye vɔvɔli na alesi wòawɔ esiae—Galatiatɔwo 3:24.
20 Gake mlɔeba la, lsrael ŋutɔ va trɔ zu nuteƒemawɔla, eye nɔnɔme wɔnublanui sia va ɖo eƒe sesẽƒe kekeake esime eƒe kplɔlawo tsɔ Mawu ƒe Tenuvi la de asi na Romatɔwo wowɔ funyafunyae ŋutasesẽtɔe eye wowui. (Dɔwɔwɔwo 10:39; Filipitɔwo 2:8) Gake Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ vaseɖe ku me abe “Mawu ƒe alẽvi” ene ɖo Mawu ƒe Futɔ xoxo Satana ƒe gbetɔame—be ame aɖeke mate ŋu awɔ nuteƒe na Mawu le anyigba dzi le dodokpɔ siwo nu sẽ me o—la ŋu le mɔ ɖedzesi nu. (Yohanes 1:29, 36; Hiob 1:9-12; 27:5) Togbɔ be mawuvɔ̃la miliɔn bubu geɖe nyi blibomademade ƒe dome tso Adam gbɔ hã la, wodze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome le nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi me le Satana ƒe amedzidzedzewo me.—Petro I, 1:18, 19; 2:19, 21.
21. Nuka mee míagadzro le ɖekawɔwɔ me kple Dɔwɔwɔwo 17:29-31?
21 Ɣeyiɣia de na Yehowa azɔ be wòaɖo eteƒe na nuteƒewɔla mawo eye wòadrɔ̃ ʋɔnu nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye ƒe futɔwo katã. (Dɔwɔwɔwo 17:29-31) Aleke esia adzɔe? Míaƒe nyati si kplɔe ɖo agblɔe.
Numetotoɖaka
◻ Nukata woyɔ Yehowa be “Fia mavɔmavɔtɔ” wòsɔ?
◻ Aleke Yehowa ƒe nunya dze le eƒe nuwɔwɔwo mee?
◻ Mɔ kawo nue ameƒomea nye aɖaŋunuwɔwɔ ɖedzesi le?
◻ Nuwɔwɔ kawoe na wodzi ‘Mose kple Alẽvi la ƒe ha’?
[Aɖaka si le axa 12]
Yehowa Ƒe Nunya Si Ƒo Ðesiaɖe Ta
Fia mavɔmavɔtɔ la ƒe nunya dze le mɔ geɖe nu le eƒe nuwɔwɔwo me le anyigba dzi. Se nya si Agur gblɔ ɖa: “Mawu ƒe nuƒoƒowo katã me dza; akpoxɔnu wònye na amesiwo sii tso la.” (Lododowo 30:5) Emegbe Agur ƒo nu tso Mawu ƒe nuwɔwɔ siwo le agbe dometɔ geɖe ŋu, gãwo kple sueawo. Le kpɔɖeŋu me, le kpukpui 24 vaseɖe 28 la, eƒo nu tso ‘nu ene siwo nye suetɔwo le anyigba dzi, evɔ wodze nunya le seselelãme gome’ ŋu. Woawoe nye anyidi, hotoklolo, ʋetsuvi, xɔmenyatri.
‘Seselelãme ƒe nunya’—ẽ, nenemae, wowɔ lãwoe. Womebua nu ŋu abe amegbetɔwo ene o, gake wonɔa te ɖe nunya si wode wo me dzi. Èbu esia ŋu kpɔa? Aleke gbegbe wowɔ wo ɖe ɖoɖo nu enye esi! Le kpɔɖeŋu me, woɖo anyidiwo ɖe hatsotsowo me, siwo me fianyɔnu, dɔwɔlawo, kple atsuwo le. Wo ƒomevi aɖewo ƒe dɔwɔlawo kplɔa nudzodzoeviwo ƒe ha gã aɖe gɔ̃ dea lãkpɔ si wotɔ me. Woɖea tsi le wo me le afima esime anyidisrafowo nyãa futɔ siwo gbɔna ɖe nu. Woɖo aɖaŋu le Lododowo 6:6 be: “Wò kuviatɔ, yi anyidi gbɔ, kpɔ eƒe nuwɔna ɖa, eye nadze nunya!” Ðe mele be kpɔɖeŋu siawo naʋã mí amegbetɔwo be ‘míawɔ geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me oa’?—Korintotɔwo I, 15:58.
Amegbetɔwo wɔ yameʋu gãwo. Gake aleke gbegbe xeviwo, kple aɖitsi, siwo ƒe kpekpeme mede gram 30 hã o, ƒe ŋutete de ŋgɔ wu enye si! Ele be woade mɔ̃memi lita 180,000 yameʋu si woyɔna be Boeing 747 me, ʋumedɔwɔla siwo wona hehee nakui, eye woazã taɖoƒefianu nyadriwo bene woate ŋu atso atsiaƒua. Gake lãmemi gram ɖeka koe aɖitsi sue ya zãna tsɔ dzona tso Dzigbe Amerika, ɖatoa Mexico Ƒukɔme, heyia Anyigbe Amerika. Metsɔa mɔ̃memi gbogbo aɖeke o, womena hehee le taɖoƒefianu zazã me o, mezãa anyigba ƒe nɔnɔmetata alo kɔmpiuta nyadri aɖeke o! Ðe ŋutete sia dzɔ kpoyi to nɔnɔmetɔtrɔ dzia? Gbeɖe! Xevi sue sia dze nunya to seselelãme me, nenemae Ewɔla, Yehowa Mawu wɔe.
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
“Fia mavɔmavɔtɔ la” ƒe nuwɔwɔ vovovoawo doa eƒe ŋutikɔkɔe ɖe dzi
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Abe alesi Mose kple Israel-viwo katã tso aseye le Yehowa ƒe aʋadziɖuɖu le Ƒudzĩa nu ŋui ene la, aseyetsotso gã aɖe ayi edzi le Harmagedon megbe