INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 4/1 axa 16-21
  • “Mikafu Yehowa!”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Mikafu Yehowa!”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mikpɔ Mesia Fia la Ða!
  • Aleke “Nuwuwu” la Le Vava Gee?
  • Ɣeyiɣi si me Woakafu Yah
  • Mikafu Yah ɖe Eƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃wo Ta!
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Mikafu Fia Mavɔmavɔtɔ La!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye”
    “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye”
  • “Ŋkeke Mamleawo” Kple Fiaɖuƒe La
    “Wò Fiaɖuƒe Nava”
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 4/1 axa 16-21

“Mikafu Yehowa!”

“Nusianu, si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa!”—PSALMO 150:6.

1, 2. (a) Aleke gbegbe Kristotɔnyenye vavãtɔ kpɔ dzidzedze le ƒe alafa gbãtɔ mee? (b) Nuxlɔ̃ame kawoe apostoloawo na do ŋgɔ? (d) Aleke xɔsegbegbe dze egɔmee?

YESU wɔ ɖoɖo na eƒe nusrɔ̃lawo wova zu Kristo-hame, si kpɔ dzidzedze le ƒe alafa gbãtɔ me. Togbɔ be subɔsubɔhawo ƒe tsitretsiɖeŋu sesẽwo nɔ anyi hã la, ‘woɖe gbeƒã nyanyuia na nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoa te’ ɣemaɣi. (Kolosetɔwo 1:23) Gake le Yesu Kristo ƒe apostoloawo ƒe ku megbe la, Satana wɔ dzaa va ƒã xɔsegbegbe ɖe hamea me.

2 Apostoloawo xlɔ̃ nu le esia ŋu do ŋgɔ. Le kpɔɖeŋu me, Paulo gblɔ na hamemegã siwo tso Efeso be: “Mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi la dzi, be mianyi Aƒetɔ ƒe hame, si wòƒle kple ye ŋutɔ [Via] ƒe ʋu la. Menya bena, le nye dzodzo megbe amegãxi nyanyrawo laɖo mia dome, amesiwo makpɔ alẽha la ta o; eye le mia ŋutɔwo dome la ŋutsu, siwo gblɔa nya dadawo la, latsi tre, be woahe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui yome.” (Dɔwɔwɔwo 20:28-30; kpɔ Petro II, 2:1-3; Yohanes I, 2:18, 19 hã.) Ale wɔ le ƒe alafa enelia me la, Kristotɔ xɔsegbelawo va dze ɖekawɔwɔ gɔme kple Roma Fiaɖuƒea. Ƒe alafa aɖewo megbe la, Roma Fiaɖuƒe Kɔkɔe la, si kple Roma papa dome kadodo nɔ, va ɖu ameƒomea ƒe akpa gã aɖe dzi. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Protestanttɔwo ƒe Ðɔɖɔɖoa dze aglã ɖe Katolikoha ƒe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ siwo gbɔ eme ŋu, gake mete ŋu gaɖo Kristotɔnyenye vavãtɔ anyi o.

3. (a) Ɣekaɣie woɖe gbeƒã nyanyui na nuwɔwɔwo katã, eye alekee? (b) Biblia me mɔkpɔkpɔ kawoe va eme le ƒe 1914 me?

3 Gake esi ƒe alafa 19 lia ɖo ta eƒe nuwuwu la, Biblia nusrɔ̃vi ɖianukwarewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ƒe ŋku gabiã ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu eye wonɔ ‘nyanyuia ƒe mɔkpɔkpɔ tsɔm yi na nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoa te.’ Ƒuƒoƒo sia nɔ te ɖe nusi wosrɔ̃ le Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ŋu dzi gblɔe ƒe 30 kple vɔ do ŋgɔ be ƒe 1914 anye ‘dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiwo,’ ɣeyiɣi si nye “aza adre,” alo ƒe 2,520, si dze egɔme tso Yerusalem wɔwɔ aƒedoe le ƒe 607 D.M.Ŋ. me, ƒe nuwuwu. (Luka 21:24; Daniel 4:13) Eva eme abe alesi tututu wokpɔ mɔe ene be ƒe 1914 nye tɔtrɔƒe le amegbetɔ ƒe nyawo me le anyigba dzi. Ŋutinya me nudzɔdzɔ veviwo dzɔ le dziƒo hã. Ɣemaɣie Fia mavɔmavɔtɔ la ɖo eƒe hati Fia, Yesu Kristo, zi dzi le dziƒo wònye dzadzraɖo wɔwɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye katã ɖeɖeɖa le anyigba sia dzi kple Paradiso gbugbɔɖoanyi ɖe edzi ŋu.—Psalmo 2:6, 8, 9; 110:1, 2, 5.

Mikpɔ Mesia Fia la Ða!

4. Aleke Yesu nɔ agbe wòsɔ ɖe eƒe ŋkɔ Mixael ƒe gɔmesese nui?

4 Le ƒe 1914 me la, Yesu, Mesia Fia sia, dze dɔ gɔme. Wogayɔe le Biblia me be Mixael, si gɔmee nye “Amekae Le abe Mawu Ene?,” elabena eɖoe kplikpaa be yeaʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta. Abe alesi woŋlɔe ɖe Nyaɖeɖefia 12:7-12 ene la, apostolo Yohanes gblɔ nusi wòkpɔ le ŋutega me be ava dzɔ la be: “Aʋa dzɔ le dziƒo: Mixael kple eƒe dɔlawo yi aʋa wɔ ge kple ʋɔ driba la. Eye ʋɔ driba kple eƒe dɔwɔlawo wɔ aʋa la, eye womeɖu dzi o, eye womegakpɔ woƒe teƒe hã le dziƒo o. Eye wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela la ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti.” Wodze anyi vevie nyateƒe!

5, 6. (a) Gbeƒã ʋãme kae woɖe tso dziƒo le ƒe 1914 megbe? (b) Aleke Mateo 24:3-13 sɔ kple esiae?

5 Gbe gã aɖe ɖi le dziƒo azɔ be: “Azɔ xɔname kple ŋusẽ kpakple fiaɖuƒe la zu mía Mawu la tɔ, eye ŋusẽ la zu eƒe Kristo la tɔ; elabena wotsɔ mía nɔviwo nutsola, si nɔa wo nu tsom le Mawu ƒe ŋku me zã kple keli la, ƒu gbe. Eye [Kristotɔ nuteƒewɔlawo] woɖu edzi to alẽvi [Kristo Yesu] ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi ƒe nya la me, eye womelɔ̃ woƒe agbe o vaseɖe ku me.” Esia fia ɖeɖekpɔkpɔ na nuteƒewɔla siwo tsɔ Yesu ƒe tafevɔsa xɔasia dzixɔxɔse wɔ dɔe.—Lododowo 10:2; Petro II, 2:9.

6 Gbe gã si ɖi le dziƒo la yi edzi be: “Dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple amesiwo nɔ wo me la! Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” “Baba” si ƒe nya wogblɔ ɖi be woado na anyigba sia la dze le xexemeʋawo, dɔtotowo, dɔvɔ̃wo, anyigbaʋuʋuwo, kple sedzimawɔmawɔ siwo wɔ fu míaƒe anyigba la le ƒe alafa sia me la me. Abe alesi Mateo 24:3-13 gblɔe ene la, Yesu gblɔ ɖi be nusiawo anye ‘nuɖoanyia ƒe nuwuɣi ƒe dzesi.’ Abe alesi wòle nyagblɔɖia mee ene la, ameƒomea kpe fu siwo womekpe le amegbetɔ ƒe ŋutinya me kpɔ o la le anyigba dzi tso ƒe 1914 me.

7. Nukata Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã kple vevienyenye?

7 Le ɣeyiɣi sia si me Satana dudu fukpekpewo kɔ ɖi me la, ɖe etsɔme mɔkpɔkpɔ aɖe ate ŋu anɔ ameƒomea sia? Ẽ, ate ŋui, elabena Mateo 12:21 gblɔ le Yesu ŋu be: “Dukɔwo lakpɔ mɔ na eƒe ŋkɔ”! Menye ‘nuɖoanyia ƒe nuwuɣi ƒe dzesi’ koe nu dziŋɔ siwo le dzɔdzɔm le dukɔwo dome nye o, ke enye dzesi hã na ‘Yesu ƒe anyinɔnɔ,’ amesi nye Mesia Fiaɖuƒea ƒe Dziƒofia. Yesu gagblɔ le Fiaɖuƒea ma ŋu be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:14) Habɔbɔ ɖeka ka koe le gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu ƒe mɔkpɔkpɔ wɔnuku la le anyigba dzi egbea? Yehowa Ðasefowoe! Wotsɔa vevienyenye ɖea gbeƒã le gaglãgbe kple tso aƒeme yi aƒeme be Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa Fiaɖuƒea ava kpɔ anyigba ƒe nyawo gbɔ kpuie. Èle gome kpɔm le subɔsubɔdɔ sia mea? Mɔnukpɔkpɔ aɖeke megalolo wu esia si nàkpɔ o!—Timoteo II, 4:2, 5.

Aleke “Nuwuwu” la Le Vava Gee?

8, 9. (a) Aleke ʋɔnudɔdrɔ̃ adze egɔme tso “Mawu ƒe aƒe” mee? (b) Aleke Kristodukɔa da le Mawu ƒe Nya dzii?

8 Ameƒomea ge ɖe ʋɔnudrɔ̃ɣi aɖe me. Wogblɔe na mí le Petro I, 4:17 be ʋɔnudɔdrɔ̃a dze egɔme “tso Mawu ƒe aƒe me”—enye ʋɔnudɔdrɔ̃ habɔbɔ siwo yɔa wo ɖokui be Kristotɔwo, si le edzi yim tso esime “ŋkeke mamleawo” dze egɔme eye wotsrɔ̃ amewo le Xexemeʋa l me le ƒe 1914-1918 me. Aleke wònɔ na Kristodukɔa le ʋɔnudɔdrɔ̃ sia me? Wò ya bu akpa si wɔm sɔlemehawo le le aʋawo dzidede me tso ƒe 1914 ŋu kpɔ. Ðe osɔfowo meƒo “ame maɖifɔ dahewo,” amesiwo wotsɔ mawunyagbɔgblɔ ble de aʋawɔwɔ me “ƒe ʋu” oa?—Yeremya 2:34.

9 Le Mateo 26:52 nu la, Yesu gblɔ be: “Amesiwo katã dia yi la, yi kee woatsɔ awu woe.” Alea pɛ wòdzɔ le ƒe alafa sia ƒe xexemeʋawo me! Osɔfowo ƒoe ɖe ɖekakpuiwo nu woyi ɖawu ɖekakpui bubuwo, esiwo le ha ɖeka me kpli wo gɔ̃ hã—Katolikotɔwo wu Katolikotɔwo eye Protestanttɔwo wu Prostestanttɔwo. Wobu dukɔmevinyenye wu Mawu kple Kristo. Nyitsɔ laa le Afrika-dukɔ aɖewo me la, wobu teƒeɖekatsotso wu Biblia ƒe gɔmeɖosewo. Le Rwanda, afisi dukɔmevi akpa gãtɔ nye Katolikotɔwo le la, wowu ame miliɔn afã ya teti le gbevovovodolawo dome ŋutasesẽ me. Papa la lɔ̃ ɖe edzi le Vatican nyadzɔdzɔgbalẽ L’Osservatore Romano me be: “Esia nye gbeɖekadolawo tsɔtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ le go sia go me, eye ewɔ nublanui be Katolikotɔwo gɔ̃ hã le eme wowɔ nusia.”—Tsɔe sɔ kple Yesaya 59:2, 3; Mixa 4:3, 5.

10. Ʋɔnu kae Yehowa adrɔ̃ alakpasubɔsubɔ?

10 Aleke Fia mavɔmavɔtɔ la bua subɔsubɔha siwo dea dzi ƒo na amewo be woawu wo nɔewo alo esiwo ɖoa asi glã nɔ nu kpɔm ne woƒe hameviwo le hamevi bubuwo wum lae? Nyaɖeɖefia 18:21, 24 gblɔ na mí le Babilon Gã la, alakpasubɔsubɔ ƒe xexeamefiaɖuƒea ŋu be: “Mawudɔla sesẽ aɖe tsɔ kpe aɖe, si le abe té gã aɖe ene, eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe ƒu me le gbɔgblɔm bena: Ale woatsɔ Babilon, du gã la, axlã ɖe anyi sesĩe enye si, eye womegale ekpɔ ge gbeɖegbeɖe akpɔ o. Eye wokpɔ nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo kpakple amesiwo katã wowu le anyigba dzi la, ƒe ʋu le eme.”

11. Nu dziŋɔ kawoe le dzɔdzɔm le Kristodukɔa me?

11 Nu dziŋɔwo le dzɔdzɔm le Kristodukɔa me le Biblia ƒe nyagblɔɖi me vava me. (Tsɔe sɔ kple Yeremya 5:30, 31; 23:14.) Le osɔfowo ƒe mɔɖeɖe ɖe agbenɔnɔ ɖesiaɖe ŋu ta la, agbegblẽnɔnɔ xɔ woƒe hameviwo me. Le United States si wobuna Kristotɔwo ƒe dukɔe la, srɔ̃ siwo katã woɖena ƒe afã wua enu ɖe srɔ̃gbegbe me. Ƒewuiviwo ƒe fufɔfɔ kple ŋutsu kple ŋutsu, kpakple nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ wu gbɔgblɔ le sɔlemeviwo dome. Nunɔlawo le ɖevi suesuewo gbɔ dɔm—eye menye zi ɖeka hã o. Wogblɔ be kaka wòade ƒe ewo la, fe si woado na Katolikoha la ɖe esia ta le United States ate ŋu ade dɔlar biliɔn ɖeka. Kristodukɔa gbe wɔwɔ ɖe apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃ame si le Korintotɔwo I, 6:9, 10 dzi, be: “Alo mienyae bena, ame madzɔmadzɔwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o: Ahasiwɔlawo kple trɔ̃subɔlawo kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo, kple fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo kple busubɔlawo kple adzodalawo la womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.”

12. (a) Aleke Fia mavɔmavɔtɔ la atso ɖe Babilon Gã la ŋui? (b) Susu ka tae Mawu ƒe amewo adzi “Haleluya” haxewo, si to vovo na susu si ta Kristodukɔa dzinɛ?

12 Esusɔ vie ko Fia mavɔmavɔtɔ, Yehowa nahe xaxa gã la, vɛ to eƒe Dziƒoʋafia Kristo Yesu dzi. Gbã la, Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava Kristodukɔa kple Babilon Gã la ƒe alɔdze bubuawo katã dzi. (Nyaɖeɖefia 17:16, 17) Woɖee fia be yewomedze na agbekpɔkpɔ si ƒe mɔnukpɔkpɔ Yehowa ʋu ɖi to Yesu ƒe tafevɔsa la dzi o. Wodo vlo Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe la. (Tsɔe sɔ kple Xezekiel 39:7.) Alakpanuwɔwɔ kae nye esi wònye be woganɔa “Haleluya” haxewo dzim le woƒe sɔlemexɔ gãgãwo me! Woɖe Yehowa ƒe ŋkɔ xɔasi la le woƒe Biblia-gɔmeɖeɖewo me tso hafi wɔna abe ɖe womenya be “Haleluya” gɔmee nye “Mikafu Yah” o ene—evɔ “Yah” enye “Yehowa” yɔyɔ kpuie. Eyata esɔ be Nyaɖeɖefia 19:1-6 ŋlɔ “Haleluya” haxe siwo dzi ge woala kpuie wòanye dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ Babilon Gã la ŋui.

13, 14. (a) Nu vevi kae adzɔ ɖe eyome? (b) Nu dodzidzɔname kae ado tso eme na amesiwo nye mawuvɔ̃lawo?

13 Nusi akplɔe ɖoe nye Yesu ƒe ‘vava’ be wòahe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava dukɔwo kple amewo dzi. Eya ŋutɔ gblɔe ɖi be: “Ne Amegbetɔvi la [Kristo Yesu] ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔezikpui [ʋɔnudrɔ̃zikpui] la dzi; eye woaƒo dukɔwo [siwo le anyigba dzi] katã nu ƒu ɖe eƒe ŋku me, eye wòama wo me atso wo nɔewo gbɔ, abe alesi alẽkplɔla maa alẽwo kple gbɔ̃wo mee ene; eye wòatsɔ alẽwo aɖo eƒe nuɖusi me, ke atsɔ gbɔ̃wo aɖo eƒe mia me. Tete fia la agblɔ na amesiwo le eƒe nuɖusi me la bena: Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome!” (Mateo 25:31-34) Kpukpui 46 lia gblɔ yi edzi be gbɔ̃awo ƒe hatsotso ‘ayi ɖe fukpekpe mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo la woayi ɖe agbe mavɔ la me.’

14 Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia ɖɔ alesi “fiawo dzi Fia, kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ,” mía Aƒetɔ Yesu Kristo si le dziƒo, aho ayi Harmagedon-ʋa la me ava tsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyi ƒe akpa siwo nye dunyahehe kple asitsatsa. Aleae Kristo akɔ “Mawu ŋusẽkatãtɔ la, ƒe dɔmedzoedziku ƒe weinfiãnu” la ɖe Satana ƒe dziɖuƒe si le anyigba dzi la katã dzii. Ne ‘nu gbãtɔ siawo nu va yi’ vɔ la, woakplɔ mawuvɔ̃lawo ayi ŋutikɔkɔe xexe yeyea me eye Mawu “latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me.”—Nyaɖeɖefia 19:11-16; 21:3-5.

Ɣeyiɣi si me Woakafu Yah

15, 16. (a) Nu ka tae wòle vevie be míawɔ ɖe Yehowa ƒe nyagblɔɖinya dzi? (b) Nukae nyagblɔɖilawo kple apostoloawo gblɔ be ele be míawɔ be míakpɔ ɖeɖe, eye nukae esia ate ŋu afia na ame geɖe egbea?

15 Ŋkeke ma si dzi woahe ʋɔnudɔdrɔ̃a vɛ la tu aƒe! Eyata anyo be míawɔ ɖe Fia mavɔmavɔtɔ la ƒe nyagblɔɖinya dzi. Gbe aɖe ɖi tso dziƒo na amesiwo galé alakpasubɔsubɔ ƒe nufiafiawo kple kɔnuwo me ɖe asi be: “Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o, eye bena miagaxɔ eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o.” Gake afikae woasi ayi? Nyateƒe ɖeka koe ate ŋu anɔ anyi, eyata subɔsubɔha vavãtɔ ɖeka koe ate ŋu anɔ anyi. (Nyaɖeɖefia 18:4; Yohanes 8:31, 32; 14:6; 17:3) Míaƒe agbe mavɔ kpɔkpɔ nɔ te ɖe subɔsubɔha ma kpɔkpɔ kple toɖoɖo eƒe Mawu dzi. Biblia he míaƒe susu yi edzi le Psalmo 83:19, si xlẽ be: “Ne woadze sii be, ŋkɔwòe nye YEHOWA, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!”

16 Gake nu geɖe hiã wu Fia mavɔmavɔtɔ la ƒe ŋkɔ ɖeɖeko nyanya. Ehiã be míasrɔ̃ Biblia anya eƒe nɔnɔme kple tameɖoɖo wɔnukuwo. Emegbe ele be míawɔ nusi nye eƒe lɔlɔ̃nu fifia, abe alesi wòdze le Romatɔwo 10:9-13 ene. Apostolo Paulo yɔ nya si nyagblɔɖila siwo gbɔgbɔ ʋã gblɔ la heƒo nya ta be: “Amesiame, si ayɔ [Yehowa] ƒe ŋkɔa dzi la, woaɖee.” (Yoel 2:32; Zefanya 3:9) Woaɖeea? Ẽ, woaɖe ame gbogbo siwo le agbe egbea eye woxɔ Yehowa ƒe tafevɔsa si wòna to Kristo dzi la dzi se le xaxa gã si gbɔna me, ne wohe ʋɔnudɔdrɔ̃ va Satana ƒe xexe gbegblẽa dzi.—Nyaɖeɖefia 7:9, 10, 14.

17. Mɔkpɔkpɔ gã kae le be wòaʋã mí míakpe asi ɖe Mose kple Alẽvi la ƒe ha dzidzi ŋu fifia?

17 Nukae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na amesiwo kpɔa mɔ be yewoatsi agbe? Eyae nye be míadzi Mose kple Alẽvi la ƒe ha fifia, anɔ Fia mavɔmavɔtɔ la kafum atsɔ anɔ mɔ kpɔm na eƒe aʋadziɖuɖu. Míewɔa esia to eƒe ŋutikɔkɔe tameɖoɖowo gbɔgblɔ na ame bubuwo me. Ne míaƒe Biblia gɔmesese yi ŋgɔ la, míate ŋu atsɔ míaƒe agbe aɖe adzɔgbe na Fia mavɔmavɔtɔ la. Esia ana míanɔ agbe tegbetegbe le mɔnuɖoɖo si Fia triakɔ sia gblɔ le Yesaya 65:17, 18 nu be: “Mawɔ dziƒo yeye [Yesu ƒe Mesia Fiaɖuƒe] kple anyigba yeye, [ameƒomea ƒe habɔbɔ dzɔdzɔe yeye] eye womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o; ke boŋ miakpɔ dzidzɔ, eye miatso aseye ɖaa le nusi mawɔ la ŋuti.”

18, 19. (a) Nukae wòle be Dawid ƒe nya siwo le Psalmo 145 naʋã mí míawɔ? (b) Nukae míate ŋu akpɔ mɔ na kakaɖedzitɔe tso Yehowa gbɔ?

18 Ale hakpala Dawid ɖɔ Fia mavɔmavɔtɔ lae enye si: “Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ, eƒe gãnyenye me dzodzro meli o.” (Psalmo 145:3) Eƒe gãnyenye me dzodzro meli o abe alesi yamenutome kple mavɔmavɔnyenye hã me dzodzro meli o ene! (Romatɔwo 11:33) Esime míeyi edzi le sidzedze mía Wɔla la kple eƒe tafeɖoɖo si to Via, Kristo Yesu, dzi xɔm la, míadi be míakafu míaƒe Fia mavɔmavɔtɔ la geɖe wu. Míadi be míawɔ abe alesi Psalmo 145:11-13 gblɔe ene be: “Woagblɔ nya le wò fiaɖuƒe ƒe bubu ŋu, eye woaƒo nu le wò ŋusẽ ŋu, ne woaɖe eƒe nutsuwɔwɔwo kple eƒe fiaɖuƒe ƒe atsyɔ̃ nyo la fia amegbetɔviwo. Wò fiaɖuƒe enye fiaɖuƒe mavɔ, eye wò fiaɖuɖu anɔ dzidzimewo katã me.”

19 Míate ŋu atsɔ kakaɖedzi akpɔ mɔ be mía Mawu awɔ ɖe eƒe ŋugbedodo dzi be: “Èʋu wò asi me, eye nètsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖi ƒo na woe.” Fia mavɔmavɔtɔ la akplɔ mí ɖɔɖɔɖɔ ato ŋkeke mamle siawo me aɖo eƒe nuwuwui, elabena Dawid ka ɖe edzi na mí be: “Yehowa kpɔa amesiwo katã lɔnɛ la ta, ke etsrɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo katã.”—Psalmo 145:16, 20.

20. Aleke nèwɔna ɖe Fia mavɔmavɔtɔ la ƒe amekpekpe si wogblɔ le psalmowo atɔ̃ mamleawo me la dzi?

20 Biblia me psalmo atɔ̃ susɔeawo dometɔ ɖesiaɖe dze egɔme hewu enu kple “Haleluya” ƒe amekpekpe. Eyata Psalmo 146 kpe mí be: “Mikafu Yehowa! Nye luʋɔ, kafu Yehowa! Makafu Yehowa, ŋkeke alesi mele agbe; madzi kafukafuha na nye Mawu, ŋkeke alesi meli.” Àwɔ ɖe yɔyɔ ma dzia? Ele be nàdi godoo be yeakafui! Neva eme be nànɔ amesiwo ŋu Psalmo 148:12, 13 gblɔ le be: “Ðekakpuiwo kple ɖetugbiwo siaa, amegã ɖeɖiwo kple ɖeviwo! Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eƒe ŋkɔ ɖeɖekoe ɖo kpo, eƒe gãnyenye xɔ anyigba dzi kple dziƒo” la dome. Mina míalɔ̃ ɖe amekpekpea dzi tso míaƒe dzi blibo me be: “Mikafu Yehowa!” Mina míatsɔ nusɔsɔe akafu Fia mavɔmavɔtɔ lae!

Nukae Nàgblɔ?

◻ Nuka ŋue Yesu ƒe apostoloawo xlɔ̃ nu le do ŋgɔ?

◻ Nudzɔdzɔ gã kawoe dze egɔme tso ƒe 1914?

◻ Ʋɔnudɔdrɔ̃ kae esusɔ vie Yehowa ahe vɛ?

◻ Nukata ɣeyiɣi sia nye vevitɔ kekeake si míakafu Fia mavɔmavɔtɔ la?

[Aɖaka si le axa 19]

Afɔku Ƒe Ɣeyiɣi Tɔzi Sia

Ame geɖe kpɔe dze sii be xexeame ge ɖe ɣeyiɣi tɔzi aɖe me le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze. Le kpɔɖeŋu me, United States ƒe Sewɔtakpekpe me nɔla Daniel Patrick Moynihan ŋlɔ nusiwo wòde dzesii le “ƒe 1914 ƒe afɔku la” ŋu ɖe agbalẽ si nye Pandaemonium si wota le ƒe 1993 me ƒe ŋgɔdonya me, si xlẽ be: “Aʋa dzɔ eye xexeame trɔ—keŋkeŋ. Egbea dukɔ enyi pɛ koe le anyigba dzi siwo nɔ anyi le ƒe 1914 me eye wometsɔ ʋunyaʋunyawɔwɔ trɔ woƒe dziɖuɖu tso ɣemaɣi o. . . . Le dukɔ sɔsɔe siwo anye 170 siwo li fifia me la, ɖewo ɖoɖo anyi mede ŋkeke aɖeke ne woato nyitsɔ laa ƒe zitɔtɔ siawo gbegbe me o.” Nyateƒee, afɔku koe kplɔ wo nɔewo ɖo tso ƒe 1914 me ke!

Agbalẽ bubu si hã wota le ƒe 1993 mee nye Out of control—Global Turmoil on the Eve of the Twenty First Century. Eŋlɔlae nye Zbigniew Brzezinski si nye United States Dukɔa ƒe Dedienɔnɔɖaŋudetakpekpe ƒe ŋgɔnɔla tsã. Eŋlɔ be: “Numeɖegbalẽ geɖe kafu ƒe alafa blaevelia ƒe gɔmedzedze be enye Susuŋudɔwɔɣi ƒe gɔmedzedze ŋutɔŋutɔ. . . . Gake le ŋugbedodo ma teƒe la, ƒe alafa blaevelia va zu ƒe alafa si me ʋukɔkɔɖi kple fuléle bɔ ɖo wu, enye dunyahehe ameflutɔ kple amewuwu dziŋɔwo ƒe ƒe alafa. Wowɔ ɖoɖo ɖe ŋutasẽnuwɔwɔwo ŋu wu esiwo katã teƒe wokpɔ kpɔ, eye wowɔ ɖoɖo siwo ana woawu amewo le agbɔsɔsɔ gã me. Vovototo si le dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe ŋutete be wòahe nu nyuiwo vɛ kple nugbegblẽwɔwɔ siwo dunyahehe he vɛ dome la dzi ŋɔ ŋutɔ. Amewuwu meɖo xexeame ƒe afisiafi le ŋutinya me alea gbegbe kpɔ o, wometsrɔ̃ ame geɖe alea gbegbe kpɔ o, womekpe asi ɖe alesi wobiã ŋku ɖe ameƒomea tsɔtsrɔ̃ ŋui ɖe susumanɔmenuwo ta alea gbegbe kpɔ o.” Aleke wònye nyateƒee nye si!

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Mixael nyã Satana kple eƒe dɔlawo ɖo ɖe anyigba dzi le Fiaɖuƒea ɖoɖo le ƒe 1914 me megbe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe