INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 5/1 axa 3-4
  • Mawu, Dziɖuɖua, Kple Wò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu, Dziɖuɖua, Kple Wò
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kristotɔnyenye Gbãtɔ Kple Dziɖuɖua
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Mawu Kple Kaisaro
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Sɔlemeha La—Tɔtrɔwo Kple Tɔtɔ
    Nyɔ!—1993
  • ‘Subɔsubɔha Vavã’ Ðeka Koe Lia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 5/1 axa 3-4

Mawu, Dziɖuɖua, Kple Wò

“Sɔlemeha la Kple Dziɖuɖua Kpe Ŋgo le Srɔ̃gbegbe Ŋuti Akɔdada me le Ireland”

NYATI sia si dze le The New York Times me fia alesi amesiwo li egbea ate ŋu adze ŋgɔ tiatiawɔwɔ le nusi Dziɖuɖua bia kple nusi woƒe sɔlemeha la fiana domee.

Nyatia gblɔ be: “Esi megade dzinu ɖeka o ne woada akɔ akpɔ be ɖe dukɔa ate fli ɖe eƒe dukplɔse si xe mɔ ɖe srɔ̃gbegbe nu me hã la, Ireland, dukɔ si me tɔ akpa gãtɔ nye Roma Katolikotɔwo la le nyaʋiʋli si tɔgbe mebɔ o teƒe kpɔm le woƒe Dukplɔlawo kple sɔlemehaŋgɔnɔlawo dome.” Dziɖuɖua do susua ɖa be woaɖe srɔ̃gbegbe ŋuti mɔxeɖenua ɖa, gake Katoliko Sɔlemeha la tsi tre sesĩe ɖe srɔ̃gbegbe ahaɖe bubu ŋu. Ehiã be Ireland Katolikotɔwo natia Sɔlemeha la alo Dziɖuɖua tɔ. Mlɔeba la, Dziɖuɖua ɖu dzi kple nu sue aɖe.

Nusi wɔ dɔ ɖe ame dzi wu enye be ƒe geɖe la, Dzigbe Irelandtɔwo dze ŋgɔ nyaʋiʋli sesẽ si ku ɖe dukɔa ƒe eɖokui dzi ɖuɖu ŋu. Wowu ame geɖe. Nukpɔsusu vovovo nɔ Roma Katoliko kple Protestanttɔwo si ku ɖe

Dziɖuɖu si te woanɔ ŋu: be Britaniatɔwo nayi edzi aɖu Dzigbe Ireland dzi loo alo dziɖuɖu ɖeka naɖu Irelandtɔwo katã dzi.

Nenema ke le Yugoslavia si nɔ anyi tsã la, dziɖulawo bia tso subɔsubɔha vovovo me tɔ siwo dome Katoliko kple Orthodɔks hawo le si be woawɔ aʋa atsɔ aʋli anyigba tae. Akpa kae wòle be dumevi dzrowo nawɔ nuteƒe na? Ðe wòle be woadze amesiwo be yewoe le Dziɖuɖua teƒe yomea, alo ɖe wòle be woaɖo to Mawu, amesi gblɔ be: “Mègawu ame o; . . . Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene” la?—Romatɔwo 13:9.

Ðewohĩ àsusui be nya sia tɔgbe madzɔ ɖe ye dzi akpɔ o. Gake ate ŋu adzɔ. Le nyateƒe me la, ate ŋu aka wò fifia gɔ̃ hã. Mawunyaŋununyala Oscar Cullmann ƒo nu tso “ku kple agbe ŋuti nyametsotso siwo wòahiã alo woabia tso egbegbe Kristotɔ si be wòawɔ le nɔnɔme sesẽwo me ne ŋutasẽdziɖuɖuwo do ŋɔdzi na wo” la ŋu le eƒe agbalẽ si nye The State in the New Testament me. Gake egaƒo nu tso “Kristotɔ ɖesiaɖe ƒe agbanɔamedzi ŋutɔŋutɔ si le vevie nenema ke—si ku ɖe Kristotɔ si le nɔnɔme si wogblɔna be ‘megblẽ o,’ enye ‘gbesiagbetɔ’ me—be wòadze ŋgɔ kuxi sesẽ aɖe si wòado goe ahakpɔ egbɔ le esi wònye Kristotɔ ko ta” hã ŋu.

Eyata ɖe wòle be ƒomedodo si le mawusubɔsubɔ kple Dziɖuɖua dome la naka Kristotɔwo egbea? Ele be wòaka wo kokoko. Tso gɔmedzedzea ke la, Kristotɔwo dze agbagba be nukpɔsusu si da sɔ nanɔ yewo si ku ɖe xexemeŋusẽwo ŋu. Roma Dziɖuɖuae drɔ̃ ʋɔnu woƒe Ŋgɔnɔla, Yesu Kristo, tso ku fia nɛ, hewui. Ele be eƒe nusrɔ̃lawo natsɔ woƒe Kristotɔwo ƒe agbanɔamedziwo kple dɔdasi siwo yi na Roma Fiaɖuƒea siaa pɛpɛpɛ. Eyata ƒomedodo si nɔ wo kple dziɖuɖua dome me dzodzro afia mɔ Kristotɔwo egbea.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Tom Haley/Sipa Press

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe