Ɣeyiɣi si me Nazãbubu Maganɔ Anyi O!
WOKA nya ta be dzɔdzɔmeŋutinunyala Albert Einstein gblɔ kpɔ be le xexe wɔnublanui sia me la, nazãbubu ɖeɖeɖa sesẽ wu atɔm alo nu suetɔ kekeake si manya kpɔ kple ŋku o la me mamã ɖe eve. Nenema ke Edward R. Murrow si nye nyadzɔdzɔŋlɔla xɔŋkɔ aɖe le Xexemeʋa II me eye emegbe wòva zu U.S. Nyatakakadɔwɔƒe ƒe amegã la gblɔ be, “ame aɖeke mate ŋu aɖe nazãbubu ɖa o—ɖeko wòle be míalɔ̃ ɖe eƒe anyinɔnɔ dzi.”
Ðe nya siawo ɖi nyateƒenyawo na wòa? Ðe manya wɔ be woaɖe mamãdedeameme kple ŋutigbalẽ ƒe vovototodedeameme ɖa oa? Aleke Mawu bua nazãbubui?
Mawu Mekpɔa Ame Ŋkume O
Biblia tsi tre ɖe ameŋkumekpɔkpɔ ŋu. (Lododowo 24:23; 28:21) Egblɔ be “nunya, si tso dziƒo la, gbã la eŋuti kɔna, emegbe la eƒe dɔme fana, efaa tu, elɔ̃na wogbea nya nɛ, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũ, medea vovo amewo
dome o, alakpa mele eme o.” (Yakobo 3:17) Wote gbe ɖe nunya sia dzi na ʋɔnudrɔ̃la siwo nɔ blema Israel. Wogblɔ na wo be: “Migawɔ apasa le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o. Migade ame dahe dzi o, eye migakpɔ amegãwo ŋku me o.”—Mose III, 19:15.
Yesu Kristo kple eƒe apostolo Petro kpakple Paulo te gbe ɖe alesi Biblia tsi tre ɖe ameŋkumekpɔkpɔ kple nazãbubu ŋu vevie dzi. Yesu mede vovototo amesiwo ƒe ‘lãme gbɔdzɔ eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o’ la me o. (Mateo 9:36) Efia nu be: “Migadrɔ̃ ʋɔnu le dzedze nu o; ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.”—Yohanes 7:24.
Petro kple Paulo ka ɖe edzi na mí be Yehowa Mawu ŋutɔ mekpɔa ame ŋkume o. Petro gblɔ be: “Medze sii le nyateƒe me be, Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Apostolo Paulo gblɔ na mí be: “Ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke mele Mawu gbɔ o.”—Romatɔwo 2:11.
Biblia ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi
Ŋusẽ le Biblia si be wòatrɔ amesiwo wòfiaa mɔe la ƒe amenyenye. Hebritɔwo 4:12 gblɔ be: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu.” Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, nazãbula ate ŋu atrɔ eƒe tamesusu gɔ̃ hã eye magakpɔ ame ŋkume le nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu me o.
Bu Saul si tso Tarso ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be eti Kristo-hamea yome vevie ɣeaɖeɣi elabena enɔ subɔsubɔhawo ƒe kɔnyinyi kpaɖiawo dzi wɔm. (Dɔwɔwɔwo 8:1-3) Exɔ Yudatɔwo ƒe kɔnyinyia dzi se kplikpaa be Kristotɔwo katã nye xɔsegbelawo kple tadedeagu vavãtɔ ƒe futɔwo. Eƒe nazãbubua na wòde Kristotɔwo wuwu dzi. Biblia gblɔ be ‘elé ŋɔdzidodo kple hlɔ̃dodo ƒe gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo ŋuti.’ (Dɔwɔwɔwo 9:1) Esi wònɔ esiawo wɔm la, esusu be subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔm yele na Mawu.—Tsɔe sɔ kple Yohanes 16:2.
Gake Saul si tso Tarso te ŋu ɖe asi le eƒe nazãbubu sẽŋua ŋu. Eya ŋutɔ gɔ̃ hã va zu Kristotɔ! Emegbe esi woyɔe be Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo la, eŋlɔ bena: “Nye amesi nye busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola tsã; ke wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le manyamanya me, le dzimaxɔse me.”—Timoteo I, 1:13.
Menye Paulo ɖeka koe wɔ tɔtrɔ gã siawo le eƒe tamebubu me o. Le Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe eƒe hati nyanyuigblɔla Tito me la, exlɔ̃ nu Kristotɔwo be “woagagblɔ busunya ɖe ame aɖeke ŋuti o, woaganye dzrehelawo o; woanye ame [fatuwo], woatsɔ dɔmefafa katã afia amewo katã. Elabena tsã la míawo hã míenye ame manyanuwo, tosẽlawo, mɔtrelawo, nu dzodzro kple dzidzɔkpɔkpɔ bubu ƒomevi geɖe ƒe subɔlawo, vɔ̃ɖiwɔwɔ kple ŋuʋaʋã me nɔlawo, ame nyɔŋuwo kple amesiwo léa fu wo nɔewo.”—Tito 3:2, 3.
Nusiwo Hea Nazãbubu Vɛ Ðeɖe Ða
Egbea Kristotɔ vavãwo ʋlina be yewoawɔ ɖe nuxlɔ̃ame ma dzi. Womedina be yewoatsɔ amewo ƒe dzedzeme ko adrɔ̃ ʋɔnu woe o. Esia wɔnɛ be ‘womegblɔa nya vɔ̃’ ɖe ame bubuwo ŋu o. Wole xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ si kpe dukɔwo katã, towo kple gbegbɔgblɔ siwo katã le xexe sia me ɖo la me.
Bu Henrique si nye Braziltɔ ameyibɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔa ŋu kpɔ. Eya ŋutɔ nye amesi ŋu wobua nazã ɖo eye fuléle ɖikaɖika aɖe ƒo ke ɖe to ɖe eƒe dzime ɖe yevuwo ŋu. Eɖe nu me be: “Ðasefo eve siwo nye yevuwo va nye aƒeme be yewoaƒo nu tso Mawu ƒe ŋkɔ ŋu nam. Gbã nyemedi be maɖo to wo hafi o elabena nyemeka ɖe yevuwo dzi o. Gake medidi o mekpɔ be nyateƒe anɔ woƒe nya la me. Melɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kplim. Nya gbãtɔ si mebia enye be, ‘Ameyibɔwo sɔ gbɔ le miaƒe hamea mea?’ Woɖo eŋu be, ‘Ẽ.’ Eye wotsɔ nɔnɔmetata si me ɖevi siwo nye ameƒomevi vovovo me tɔwo le si wota ɖe Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawoa me la fiam. Mekpɔ ameyibɔvi ŋutsuvi aɖe le eme, eye esia de dzi ƒo nam. Emegbe meyi Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me eye mekpɔ ameƒomevi vovovo siwo katã dea bubu wo nɔewo ŋu le afima. Esia nɔ vevie nam ŋutɔ.”
Fifia Henrique zu Yehowa Ðasefo eye edzɔa dzi nɛ ŋutɔ be yele Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ vavãtɔ me. Ekpɔe dze sii be menye amegbetɔ aɖeke gbɔe wòtso o. Egblɔ be: “Egbea medaa akpe na Yehowa kple Yesu ɖe nusianu si wowɔ nam la ta. Mele dɔ wɔm kple Yehowa ƒe subɔla miliɔn geɖe siwo tso towo, ameƒomeviwo, kple nɔnɔme vovovowo me, siwo katã wɔ ɖeka le tameɖoɖo ɖeka me.”
Dario hã nye amesi ŋu wobua nazã ɖo vevie esi wònɔ tsitsim. Esi wòxɔ ƒe 16 la, edze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo. Egblɔ be: “Mekpɔe be ameƒomevi aɖewo dodo ɖe dzi ƒe nuwɔna aɖeke mele Ðasefoawo dome o.” Alesi woɖea lɔlɔ̃ vavã fiana la wɔ nuku nɛ ŋutɔ. Vevietɔ ede dzesii be amesiwo nye ameƒomevi vovovowo xɔ subɔsubɔ ƒe agbanɔamedziwo le hamea me. Ɣesiaɣi si amesiwo le hamea godo awɔ nazãbubunu alo vovototodedeamemenu ɖe Dario ŋu la, eɖoa ŋkui be Yehowa lɔ̃a amesiwo tso dukɔ sia dukɔ, to sia to, kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.
Alesi Míawɔ Anɔ Te Ðe Enu
Mí katã míedi be woaka fu mí eye woade bubu mía ŋu. Esia tae ne wobua nazã ɖe mía ŋu la, enyea dodokpɔ si menɔa bɔbɔe o. Kristo-hamea me nɔnɔ mewɔe be míevo tso nazãbubu ƒe nuwɔna ɖesiaɖe si le xexe vɔ̃ɖi sia me la me o. Zi alesi Satana Abosam gale ŋusẽ kpɔm ɖe xexe sia ƒe nuwɔnawo dzi la, numadzɔmadzɔwɔwɔ akpɔtɔ anɔ anyi. (Yohanes I, 5:19) Nyaɖeɖefia 12:12 na míenya be: “Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” Menye fukpekpewo koe wòɖo be yeahe vɛ o. Wotsɔ eyama sɔ kple lã lénu. Apostolo Petro gblɔ na mí be: “Miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim be yeavuvu ami ene.”—Petro I, 5:8.
Biblia gblɔ na mí hã be: “Eyaŋuti mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; ke mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ.” (Yakobo 4:7) Mɔ nyui aɖe si dzi míato akpe akɔ kple nazãbubue nye Mawu ƒe asinu kpɔkpɔ be wòakpɔ mía ta, abe alesi Fia Dawid wɔe ene: “Nye Mawu, ɖem tso ame vɔ̃ɖi la si me, eye naɖem tso ame vlo la kple ŋutasẽla ƒe fego me!” (Psalmo 71:4) Míate ŋu ado gbe ɖa gɔ̃ hã abe hakpala la ene be: “Mawu, ve nunye, elabena amegbetɔwo lɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe ŋunye, eye woxaxam ɖo le aʋa wɔm kplim ɣeawokatãɣi!”—Psalmo 56:2.
Aleke Mawu aɖo gbedodoɖa siawo ŋui? Biblia ɖo eŋu be: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ.” (Psalmo 72:12, 13) Aleke gbegbe wònyo enye si be míanya be Yehowa ahe gbɔdzɔe vɛ na amesiwo katã ŋu wowɔa nu madzɔmadzɔ ɖo le eƒe ɣeyiɣi si dze dzi!
“Womawɔ Vɔ̃ Aɖeke O”
Xexe sia me dziɖuɖuwo ate ŋu ayi edzi atsɔ woƒe sewo kple ɖoɖowo anɔ aʋa hom ɖe nazãbubu ŋu. Woate ŋu ayi edzi anɔ ŋugbe dom be yewoawɔ nu ɖe amewo katã ŋu sɔsɔe kple le nyateƒe me. Gake womate ŋu akpɔ dzidzedze o. (Psalmo 146:3) Mawu ɖeka koe ate ŋu aɖe nazãbubunu ɖesiaɖe si wowɔna ɖe amewo ŋu ɖa. Atrɔ ameƒomea wòazu ƒome ɖeka si wɔ ɖeka. “Ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me,” atsi agbe le xexe vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu eye woanɔ anyi le ŋutifafa me.—Nyaɖeɖefia 7:9, 10.
Yehowa aɖe nu gbegblẽ ɖesiaɖe si ameƒomevinyenye kple hadome ƒe nazãbubu he vɛ la ɖa. Bu eŋu kpɔ, womagawɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ame aɖeke ŋu o! “Wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple gboti te bɔkɔɔ eye ame aɖeke mado voɖi na wo o.” (Mixa 4:4, NW) Eye Yesaya 11:9 gblɔ be: “Womawɔ vɔ̃ aɖeke o.”
Ne ènye amesi ŋu wobua nazã ɖo fifia la, etsɔme mɔkpɔkpɔ wɔnuku sia ado ŋusẽ ƒomedodo si le mia kple Yehowa dome. Akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe numadzɔmadzɔwɔwɔ siwo le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia me la nu. Esi nèle akɔ kpem kple nazãbubu hele ŋgɔ kpɔm tẽ la, wɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Misẽ ŋu, eye milé dzi ɖe ƒo, mi amesiwo katã kpɔa mɔ na Yehowa la!”—Psalmo 31:25.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 4]
U.S. National Archives photo